Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Asa, Yehosafat, Hizkiya, Yosiya

Subɔ Yehowa Kple Dzi Blibo!

Subɔ Yehowa Kple Dzi Blibo!

“Oo Yehowa, meɖe kuku, ɖo ŋku ale si mezɔ le ŋkuwòme le nyateƒe kple dzi blibo me, . . . la dzi.”—2 FIA. 20:3.

HADZIDZI: 52, 65

1-3. Nu kae wòfia be woasubɔ Yehowa kple “dzi blibo”? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

ESI míede blibo o ta la, míedaa vo zi geɖe. Gake dzidzɔtɔe la, ne míetrɔ dzi me heɖe kuku na Yehowa le xɔse me be wòatsɔ míaƒe vodadawo ake mí la, mewɔa nu ɖe mía ŋu “ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu o.” Ewɔa Yesu ƒe tafevɔsaa ŋu dɔ tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. (Ps. 103:10) Ke hã, abe ale si David gblɔe na Salomo ene la, hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ si míetsɔ nanɛ gbe sia gbe ŋu la, ele be ‘míasubɔe kple dzi blibo.’ (1 Kron. 28:9) Aleke mí amegbetɔ madeblibowo míate ŋu awɔ esiae?

2 Nu si ate ŋu akpe ɖe mía ŋue nye be míatsɔ Fia Asa ƒe agbenɔnɔ asɔ kple Fia Amaziya tɔ. Yuda fia evea siaa wɔ nu si le dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, ke Asa ya wɔe kple dzi blibo. (2 Kron. 15:16, 17; 25:1, 2; Lod. 17:3) Fia evea siaa mede blibo o, eye woda vo ɣeaɖewoɣi. Ke hã, Asa mete ɖe aga le Mawu ƒe mɔwo dzi o, elabena esubɔ Mawu kple “dzi blibo.” (1 Kron. 28:9) Gake Amaziya ya ƒe dzi meku ɖe Yehowa ŋu bliboe o. Esi wòɖu Mawu ƒe futɔwo dzi vɔ la, elɔ woƒe mawuwo gbɔ va aƒee, eye wòva nɔ wo subɔm.—2 Kron. 25:11-16.

3 Mawu subɔsubɔ kple “dzi blibo” fia be míaku ɖe eyama ŋu ɖaa. Le Biblia me la, nya “dzi” kuna ɖe ame si ame nye le ememe ŋu zi geɖe. Elɔ ame ƒe didiwo, tamesusuwo, nɔnɔme, ŋutetewo, nu si ʋãnɛ wòwɔa nu kple eƒe taɖodzinuwo ɖe eme. Eya ta, ame si subɔa Yehowa kple dzi blibo la ƒe mawusubɔsubɔ menyea alakpanuwɔwɔ o. Menyea ame si subɔa Yehowa le esi wobiae tso esi ta ko o, ke boŋ esubɔnɛ le esi eya ŋutɔ di be yeasubɔe ta. Ke míawo ya ɖe? Ele eme be míede blibo o, gake ne míeyi edzi ku ɖe Mawu ŋu alakpanuwɔwɔ manɔmee la, ekema míele esubɔm kple dzi blibo.—2 Kron. 19:9.

4. Nu ka mee míadzro azɔ?

4 Be míase nu si wòfia be míasubɔ Mawu kple dzi blibo gɔme la, na míalé ŋku ɖe ale si Asa nɔ agbee ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Yuda fia bubu siwo subɔ Mawu kple dzi blibo la gbɔ. Woawoe nye Yehosafat, Hizkiya kple Yosiya. Wo ame eneawo katã da vo ɣeaɖewoɣi, gake woƒe nu dze Yehowa ŋu. Nu ka tae Mawu gblɔ tso wo ŋu be wosubɔ ye kple dzi blibo, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua?

ASA ƑE DZI “KU ÐE YEHOWA ŊU BLIBOE”

5. Afɔ vevi kawoe Asa ɖe?

5 Esi Israel ƒe dzieheto ewo fiaɖuƒea ma ɖa le to mamlɛawo gbɔ la, Asa ye va nye Yuda fia etɔ̃lia. Eɖe trɔ̃subɔsubɔ ɖa keŋkeŋ eye wònya ŋutsu siwo gbɔ ŋutsuwo dɔna le gbedoxɔ me la ɖa le anyigba la dzi. Eɖe mamaa Maaka gɔ̃ hã ɖa be ‘wòaganye nyɔnufia azɔ o, le esi wòwɔ legba nyɔŋu aɖe ta.’ (1 Fia. 15:11-13) Gakpe ɖe eŋu la, Asa de dzi ƒo na dukɔa be “woadi Yehowa . . . eye woawɔ Se la kple mɔfiamewo dzi.” Ɛ̃, edo subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ.—2 Kron. 14:4.

6. Aleke Asa wɔ nui esi Etiopiatɔwo ho aʋa ɖe dukɔa ŋu?

6 Yehowa yra Yuda ale be dukɔa nɔ ŋutifafa me le Asa ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe ewo gbãtɔawo me. Emegbe Zera, Etiopiatɔ la tsɔ aʋawɔla miliɔn ɖeka kple tasiaɖam alafa etɔ̃ ho aʋa ɖe Yuda ŋu. (2 Kron. 14:1, 6, 9, 10) Aleke Asa wɔ nu le nɔnɔme sia me? Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. (Xlẽ 2 Kronika 14:11.) Mawu ɖo Asa ƒe gbedodoɖaa ŋu esi wòkpe ɖe Asa ŋu wòɖu Etiopiatɔwo dzi eye wòtsrɔ̃ woƒe aʋakɔa gbidigbidi. (2 Kron. 14:12, 13) Esime fia aɖewo mewɔ nuteƒe na Yehowa o gɔ̃ hã la, Yehowa na woɖu woƒe futɔwo dzi le eƒe ŋkɔ la ta. (1 Fia. 20:13, 26-30) Gake, Asa ya ɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ŋu, eye Eɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ. Ke hã, Asa va wɔ vodada gã aɖewo emegbe. Le kpɔɖeŋu me, eyi ɖabia Siria fia ƒe kpekpeɖeŋu le esi teƒe be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (1 Fia. 15:16-22) Gake, le wo katã me la, Yehowa Mawu kpɔe be Asa ƒe dzi “ku ɖe [ye] ŋu bliboe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” Aleke míate ŋu asrɔ̃ Asa le nu nyui wɔwɔ me?—1 Fia. 15:14.

7, 8. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Asa ƒe kpɔɖeŋu le Yehowa subɔsubɔ me?

7 Mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu adzro eɖokui me akpɔ be yeƒe dzi ku ɖe Mawu ŋu bliboe hã. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe meɖoe kplikpaa be madze Yehowa ŋu, maʋli subɔsubɔ vavãtɔ ta ahakpɔ eƒe amewo ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖe sia ɖe mea?’ Bu dzinɔameƒo si gbegbe wòle be wòanɔ Asa si hafi wòate ŋu atsi tsitre ɖe Maaka, si nye “nyɔnufia” le dukɔa me ŋu kpɔ! Ðewohĩ mènya ame aɖeke si wɔa nu abe Maaka ene pɛpɛpɛ ya o, ke hã, nɔnɔme aɖewo ate ŋu ado mo ɖa si abia be nàwɔ nu dzonɔamemetɔe abe Asa ene. Le kpɔɖeŋu me, ne edzɔ be wò ƒomea me tɔ alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe wɔ nu vɔ̃ eye metrɔ dzi me o, eye wòva hiã be woaɖee le haa me ɖe? Ðe nàwɔ nu dzinɔameƒotɔe ahadzudzɔ hadede kpliia? Nu kae wò dzi aʋã wò be nàwɔ?

8 Abe ale si wòdzɔ le Asa gome ene la, yometiti ate ŋu ava dziwò, esiwo adze abe ɖe wowu tsɔtsɔ na wò ene gɔ̃ hã. Ne edzɔ alea la, àte ŋu aɖee afia be wò dzi ku ɖe Mawu ŋu bliboe ne èɖo ŋu ɖe eŋu. Ate ŋu adzɔ be wò sukuhatiwo nako wò alo aɖu fewu le ŋuwò le esi nènye Yehowa Ðasefo ta. Alo ɖewohĩ wò dɔwɔhatiwo aɖe alɔme le ŋuwò le esi nèbiaa mɔ le dɔme be yeakpɔ gɔme le mawusubɔsubɔdɔwo me alo esi mèwɔa dɔ le kpakpã vɔ megbe alo kwasiɖanuwuwuwo o ta. Ne èle nɔnɔme siawo tɔgbi me la, do gbe ɖa na Mawu, abe ale si Asa wɔe ene. Dzi nenɔ ƒowò nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye nàtɔ afɔ to sesĩe awɔ nu si nènya be ele eteƒe si me nunya le. Ðo ŋku edzi be Mawu do ŋusẽ Asa hekpe ɖe eŋu, eye ado ŋusẽ wò hã.

9. Aleke míate ŋu aɖee afia le gbeƒãɖeɖedɔa me be míaƒe dzi ku ɖe Mawu ŋu bliboe?

9 Mawu subɔlawo mebua wo ɖokuiwo ɖeɖe ko ŋu o. Asa do subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ. Nenema kee míawo hã míekpena ɖe amewo ŋu be “woadi Yehowa.” Aleke gbegbee wòdzea Yehowa ŋue nye esi ne ekpɔe be lɔlɔ̃ vavã si le mía si na ye kpakple ale si míedi vevie be amewo nakpɔ agbe mavɔ la ʋãa mí míeƒoa nu na míaƒe aƒelikawo kple ame bubuwo tso ye ŋu!

YEHOSAFAT DI YEHOWA

10, 11. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yehosafat ƒe kpɔɖeŋua?

10 Asa viŋutsu Yehosafat ‘to fofoa Asa ƒe ʋe me.’ (2 Kron. 20:31, 32) Le mɔ ka nu? Abe fofoa ke ene la, Yehosafat de dzi ƒo na dukɔa be woadi Yehowa. Ewɔ esia esi wòwɔ ɖoɖo be woatsɔ “Yehowa ƒe Segbalẽ” afia nu dukɔa. (2 Kron. 17:7-10) Eyi Israel ƒe dziehefiaɖuƒea me, yi keke Efrayim tonutowo me ke ‘ne yeagatrɔ wo ɖe Yehowa ŋu.’ (2 Kron. 19:4) Yehosafat nye fia si “di Yehowa kple eƒe dzi blibo.”—2 Kron. 22:9.

11 Mí katã míate ŋu akpɔ gome le nufiafiadɔ gã si Yehowa na eƒe amewo le wɔwɔm egbea la me. Ðe wònye wò taɖodzinu be yeafia Mawu ƒe Nya la amewo ɣleti sia ɣleti ahadze agbagba atrɔ woƒe dzi ɖe Mawu ŋu be woasubɔea? Ne èkua kutri le esia wɔwɔ me la, Mawu ayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi be nàte ŋu adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Ðe esia nye taɖodzinu si ŋu nèdoa gbe ɖa lea? Ðe nàlɔ̃ faa atsɔ wò vovoɣiwo gɔ̃ hã asa vɔe ɖe esia ta? Abe ale si ko Yehosafat yi keke Efrayim tonutowo me ke be yeakpe ɖe ameawo ŋu woatrɔ ava mawusubɔsubɔ vavãtɔ me la, míawo hã míate ŋu adze agbagba akpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hamemetsitsiwo wɔa ɖoɖo ɖasrãa ame siwo woɖe le haa me, siwo le hamea ƒe anyigbamamaa me, siwo anya dzudzɔ woƒe nu vɔ̃ gbenɔnɔ la kpɔna be yewoakpe ɖe wo ŋu.

12, 13. (a) Aleke Yehosafat wɔ nui esi nɔnɔme dziŋɔ aɖe wɔe be vɔvɔ̃ ɖoe? (b) Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ Yehosafat ƒe kpɔɖeŋua?

12 Abe fofoa Asa ene la, Yehosafat yi edzi ku ɖe Mawu ŋu esime aʋakɔ gã nyadri aɖe ho ɖe eŋu. (Xlẽ 2 Kronika 20:2-4.) Vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe! Ke hã, “[eɖo] tame be yeadi Yehowa.” Edo gbe ɖa na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe eye wòlɔ̃ ɖe edzi be ‘ŋusẽ aɖeke mele yeƒe dukɔa ŋu woanɔ te ɖe ameha gã ma nu o,’ eye ye kple dukɔa yewomenya nu si yewoawɔ o. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe hegblɔ nɛ be: “Ŋuwòe míaƒe ŋkuwo le.”—2 Kron. 20:12.

13 Ɣeaɖewoɣi la, abe Yehosafat ene la, míawo hã míanya nu si míawɔ o, eye vɔvɔ̃ aɖo mí gɔ̃ hã. (2 Kor. 4:8, 9) Gake ɖo ŋku edzi be Yehosafat lɔ̃ ɖe edzi le gbe si wòdo ɖa le dukɔa ŋkume la me be ŋusẽ aɖeke mele ye kple yeƒe dukɔa ŋu o. (2 Kron. 20:5) Ne ƒome ƒe tae nènye la, àte ŋu asrɔ̃ Yehosafat ƒe kpɔɖeŋua. Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòafia mɔ mi ahado ŋusẽ mi miado dzi le nɔnɔme sesẽ si me tom miele me. Megakpe ŋu na wò be nàɖe kuku na Yehowa abia eƒe kpekpeɖeŋu le wò ƒomea ŋkume o. Esia ana woakpɔe be èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Mawu kpe ɖe Yehosafat ŋu, eye akpe ɖe wò hã ŋuwò.

HIZKIYA YI EDZI WƆ NU SI NYO LE YEHOWA ŊKUME

14, 15. Aleke Hizkiya ɖee fia be yeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe?

14 Hizkiya nye fia si ‘ku ɖe Yehowa ŋu.’ Eye esia ɖe dzesi, elabena to vovo na Yehosafat la, Hizkiya fofo ya nye trɔ̃subɔla si meɖo kpɔɖeŋu nyui aɖeke ɖi nɛ o. Hizkiya “ɖe nuxeƒewo ɖa, egbã trɔ̃sɔtiwo gudugudu, eye wòlã Asera-ti la. Egbã akɔblida si Mose wɔ,” si dukɔa va bu legbae henɔ ta dem agu na la hã. Eku ɖe Yehowa ŋu bliboe, “eyi edzi lé Yehowa ƒe se siwo wòde na Mose la me ɖe asi.”—2 Fia. 18:1-6.

15 Esime Asiria dukɔa, si nye xexemeŋusẽ ɣemaɣi la va xɔ Yuda duwo hetrɔ ɖe Yerusalem ŋu be yeatsrɔ̃e la, Hizkiya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo. Asiria Fia Senakerib ɖe alɔme le Yehowa ŋu eye edze agbagba be yeado ŋɔdzi na Hizkiya ne wòana ta. Ke hã, Hizkiya do gbe ɖa na Yehowa hegblɔ ale si gbegbe wòka ɖe Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ dzii. (Xlẽ Yesaya 37:15-20.) Mawu ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu esi wòdɔ mawudɔla ɖeka ɖa wòva wu Asiria srafo 185,000 sɔŋ.—Yes. 37:36, 37.

16, 17. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Hizkiya le wò mawusubɔsubɔ me?

16 Hizkiya va dze dɔ emegbe eye wòde kuku ge kloe. Eɖe kuku na Yehowa be wòaɖo ŋku ale si yezɔ le eŋkume la dzi. (Xlẽ 2 Fiawo 20:1-3.) Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míenyae be mímate ŋu akpɔ mɔ be Mawu nato nukumɔwo dzi ada gbe le mía ŋu alo adzi míaƒe agbenɔƒe ɖe edzi egbea o. Ke hã, abe Hizkiya ene la, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu agblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: “Mezɔ le ŋkuwòme le nyateƒe kple dzi blibo me.” Ðe nèka ɖe edzi be ŋutetea le Yehowa si be wòalé wò ɖe te le dɔléɣiwo kple nɔnɔme ɖe sia ɖe me eye wònye eƒe didi hã be yeawɔea?—Ps. 41:3.

17 Ne míede ŋugble le Hizkiya ƒe kpɔɖeŋua ŋu la, ɖewohĩ míakpɔe be ehiã be míaɖe asi le nane si le nu gblẽm le ƒomedodo si le mía kple Mawu dome ŋu alo le míaƒe susu hem ɖa le subɔsubɔ vavãtɔ ŋu la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mímadi be míasrɔ̃ ame siwo le xexea me, siwo toa Internet dzi hahoo kadodomɔnuwo dzi wɔa nu ɖe ame xɔŋkɔwo ŋu abe mawuwoe wonye ene la o. Ele eme be edzɔa dzi na Kristotɔ aɖewo be yewoato mɔnu siawo dzi ado ka kple woƒe ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo ya. Ke hã, ame siwo le xexea me la dometɔ geɖe wɔa Internet dzi hahoo kadodomɔnuwo ŋu dɔ atraɖii henɔa ka dom kple ame siwo womenya o gɔ̃ hã. Alo wozãa ɣeyiɣi geɖe henɔa ame mawo ƒe fotowo kpɔm alo nɔa nu siwo woŋlɔ ɖi la xlẽm. Esia ate ŋu ana míaƒo mía ɖokui ɖe nu siwo mele vevie o la me vĩi. Ate ŋu adzɔ be Kristotɔ nava nɔ eɖokui dom ɖe dzi le ame agbɔsɔsɔme si doa ka kplii la ta, alo ado dziku gɔ̃ hã ne wo dometɔ aɖewo dzudzɔ kadodo kplii. Gake ɖe míate ŋu akpɔe le susu me be apostolo Paulo alo Priskila kple Akwila ye nye ema vu ɖe fotowo dada ɖe Internet dzi ŋu alo woto kadodomɔnu mawo dzi le ka dom kple ame siwo menye Kristotɔwo o la gbe sia gbea? Biblia gblɔ na mí be Paulo “tsɔ nya la gbɔgblɔ ɖo dɔ koŋ.” Eye Priskila kple Akwila hã zã woƒe ɣeyiɣi tsɔ ɖe “Mawu ƒe mɔ la me [na amewo] nyuie wu.” (Dɔw. 18:4, 5, 26) Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe meƒoa asa na nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu abe mawuwoe wonye enea? Eye ɖe meƒoa asa na nye ɣeyiɣi xɔasiawo gbegblẽ ɖe nu maɖinuwo ŋua?’—Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.

YOSIYA LÉ YEHOWA ƑE SEDEDEWO ME ÐE ASI

18, 19. Mɔ kawo nue nàdi be yeasrɔ̃ Yosiya le?

18 Fia Yosiya, si nye Hizkiya ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi, la hã wɔ ɖe Yehowa ƒe sededewo dzi kple “dzi blibo.” (2 Kron. 34:31) Esime wònye ŋutsuvi dzaa gɔ̃ hã la, ‘ede asi David ƒe Mawu la didi me,’ eye kaka wòaxɔ ƒe 20 la, ede asi Yuda dukɔa ŋu kɔkɔ me. (Xlẽ 2 Kronika 34:1-3.) Dzo nɔ Yosiya me ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu wu Yuda fiawo dometɔ geɖe. Ke hã, esi woke ɖe Mose ƒe Segbalẽ, si anɔ eme be enye esi Mose ŋutɔ ŋlɔ kple asi ŋu hexlẽ emenyawo na Yosiya la, ekpɔe be ehiã be yeagawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu geɖe wu. Ede dzi ƒo na ame bubuwo be woasubɔ Yehowa. Esia wɔe be le Yosiya ƒe agbenɔɣi katã la, dukɔa ‘mete ɖa le Yehowa ŋu o.’—2 Kron. 34:27, 33.

19 Abe Yosiya ene la, ele be sɔhɛwo nadze Yehowa didi gɔme esime wogakpɔtɔ nye sɔhɛwo. Anɔ eme be Fia Manase si trɔ dzi me la fia nu Yosiya tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu. Sɔhɛwo, mite ɖe mawusubɔla tsitsi siwo le miaƒe ƒomea me kple hamea me siaa ŋu ne woagblɔ nu nyui siwo gbegbe Yehowa wɔ na wo la na mi. Azɔ hã, miɖo ŋku edzi be Ŋɔŋlɔawo xexlẽ wɔ dɔ ɖe Yosiya dzi eye wòʋãe wòɖe afɔ si sɔ. Nenema kee Mawu ƒe Nya la xexlẽ aʋã wò hã be nàwɔ nu siwo ana nàgakpɔ dzidzɔ geɖe wu eye mia kple Mawu dome naganɔ kplikplikpli wu tsã, eye ade dzo yeye mewò be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woadi Mawu. (Xlẽ 2 Kronika 34:18, 19.) Biblia-sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nànya mɔ siwo dzi nàto be subɔsubɔdɔ si nèwɔna na Mawu la naganyo ɖe edzi. Ne ède dzesi nu si wòle be nàwɔ la, ekema wɔe, abe ale si Yosiya wɔe ene.

SUBƆ YEHOWA KPLE DZI BLIBO!

20, 21. (a) Nu kae ɖe dzesi le fia ene siwo ƒe ŋutinya me míedzro la ŋu? (b) Nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Ðe mèkpɔe be Yuda fia ene siwo subɔ Yehowa kple dzi blibo la ƒe ŋutinyaa me dzodzro ɖe vi geɖe na mí oa? Dzo nɔ wo me ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu eye woɖoe kplikpaa be yewoadze eyama ŋu. Woyi edzi nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Esi futɔ sẽŋuwo tsi tsitre ɖe wo ŋu gɔ̃ hã la, womena ta o. Ƒo wo katã ta la, wosubɔ Yehowa kple dzi blibo.

21 Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔ esia ɖo me ene la, fia ene siwo ŋu míesrɔ̃ nu tsoe la da vo ɣeaɖewoɣi. Ke hã, Yehowa, ame si dzroa dziwo me kpɔna la kpɔe be woƒe dzi ku ɖe ye ŋu bliboe. Míawo hã míede blibo o. Eya ta, ne Yehowa dzro mía me kpɔ la, ɖe wòakpɔe be míawo hã míele ye subɔm kple dzi bliboa? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.