2 Kronika 22:1-12

  • Yuda-fia Ahaziya (1-9)

  • Ataliya xɔ zia sesẽe (10-12)

22  Eye Yerusalem nɔlawo tsɔ viaŋutsu ɖevitɔ Ahaziya* ɖo fiae ɖe eteƒe, elabena adzoha siwo kpe ɖe Arabiatɔwo ŋu va asaɖa la me la wu xoxoetɔwo katã.+ Eya ta Ahaziya, Yehoram vi, zu Yuda-fia.+ 2  Ahaziya xɔ ƒe blaeve vɔ eve esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe ɖeka le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Ataliya,+ si nye Omri+ tɔgbuiyɔvi.* 3  Eya hã to Ahab+ ƒe aƒe la ƒe ʋe me, elabena dadae ɖoa nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe aɖaŋu nɛ. 4  Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe Ahab ƒe aƒe la ene, elabena woawoe zu eƒe aɖaŋuɖolawo le fofoa ƒe ku megbe hena eƒe gbegblẽ. 5  Woƒe aɖaŋuɖoɖo nue wòzɔ le, eye wòkplɔ Ahab vi Yehoram, si nye Israel-fia la ɖo yi aʋa wɔ ge kple Siria-fia Hazael+ le Ramot-Gilead,+ afi si aŋutrɔdalawo de abi Yehoram ŋu le. 6  Eya ta etrɔ yi Yezreel+ be woakpɔ abi si wode eŋu le Rama esime wònɔ aʋa wɔm kple Siria-fia Hazael la gbɔ nɛ.+ Ke Yuda-fia Ahaziya,* Yehoram+ vi, yi be yeakpɔ Ahab vi Yehoram+ ɖa le Yezreel, elabena exɔ abi.*+ 7  Ke Mawu gbɔe Ahaziya ƒe anyidzedze tso esi wòyi Yehoram gbɔ; esi wòyi la, eya kple Yehoram woyi ɖakpe Yehu,+ Nimsi tɔgbuiyɔvi,* ame si Yehowa si ami na be wòatsrɔ̃ Ahab ƒe aƒe la.+ 8  Esi Yehu ho ɖe Ahab ƒe aƒe la ŋu be yeatsrɔ̃e la, ekpɔ Yuda-megãwo kple Ahaziya nɔviŋutsuwo ƒe vi siwo nye Ahaziya ŋumewo, eye wòwu wo.+ 9  Azɔ edi Ahaziya; wolée le afi si wòbe ɖo le Samaria, eye wokplɔe vɛ na Yehu. Wowui, eye woɖii,+ elabena wogblɔ be: “Yehosafat, ame si di Yehowa kple eƒe dzi blibo+ la, ƒe tɔgbuiyɔvie.” Ame aɖeke meganɔ Ahaziya ƒe aƒe la me si ate ŋu aɖu fia o. 10  Esi Ataliya,+ si nye Ahaziya dada kpɔ be ye vi la ku la, etso hetsrɔ̃ Yuda ƒe aƒe ƒe fiaƒome* blibo la.+ 11  Gake Yehosabat si nye fia la ƒe vinyɔnu fi Yehoas,+ Ahaziya vi, le fiaviŋutsu siwo wu ge wole la dome, eye wòkplɔ eya kple eƒe nonala yi ɖaɣla ɖe xɔ ememetɔ aɖe me. Eye Fia Yehoram+ vinyɔnu Yehosabat (si nye nunɔla Yehoyada+ srɔ̃, ame si nye Ahaziya nɔvinyɔnu) tsɔe ɣla ɖe Ataliya ale be mewui o.+ 12  Enɔ ɣaɣla le wo gbɔ le Mawu vavã ƒe aƒe la me ƒe ade, esime Ataliya nɔ fia ɖum ɖe anyigba la dzi.

Etenuŋɔŋlɔ

Ame sia kee woyɔ le 2Kr 21:17 be “Yehoahaz.”
Egmeɖeɖe tẽe, “vinyɔnu.”
Hebri asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo yɔe be, “Azariya.”
Alo, “ele dɔ lém.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “viŋutsu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “fiaɖuƒe ƒe dzidzime.”