Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

De Bubu Ame Siwo Dze Na Bubu La Ŋu

De Bubu Ame Siwo Dze Na Bubu La Ŋu

“Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi kple Alẽvi la tɔ nanye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me.”—NYAÐ. 5:13.

HADZIDZI: 9, 108

1. Nu ka tae ame aɖewo dze na bubu ɖo, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

BE WOADE bubu ame aɖe ŋu fia be woawɔ nu ɖe eŋu etɔxɛe eye woabui. Eme kɔ ƒãa be ne woawɔ nu ɖe ame ŋu etɔxɛe ahabui alea la, ke efia be ewɔ nane si tae wòdze na bubu ɖo, alo ele ɖoƒe tɔxɛ aɖe. Eya ta míate ŋu abia be, Ame kawo ŋue wòle be míade bubui, eye nu ka tae wodze nɛ?

2, 3. (a) Nu ka tae Yehowa dze na bubu tɔxɛ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Ame kae nye Alẽvi si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 5:13, eye nu ka tae wòdze na bubu?

2 Nyaɖeɖefia 5:13 gblɔ be, “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi kple Alẽvi la” dze na bubu. Biblia-gbalẽ ma ke ƒe ta 4 lia gblɔ susu aɖe si tae Yehowa dze na bubu ɖo. Mawudɔla siwo le ɖoƒe kɔkɔ le dziƒo kɔa gbe dzi kafua Yehowa, “Ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la.” Wogblɔna be: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”—Nyaɖ. 4:9-11.

3 Alẽvi lae nye Yesu Kristo; eyae nye “Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa.” (Yoh. 1:29) Biblia na míenya be ekɔ boo wu amegbetɔ siwo le fia ɖum fifia kple esiwo ɖu fia va yi. Biblia gblɔ be: ‘Eyae nye fiawo katã ƒe Fia kple aƒetɔ katã ƒe Aƒetɔ, ame si ko si makumakunyenye le, ame si le kekeli si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, ame si amegbetɔ aɖeke mekpɔ kpɔ alo ate ŋu akpɔ o.’ (1 Tim. 6:14-16) Bu eŋu kpɔ ko, fia kae gali si lɔ̃ faa ku be wòanye fexexe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta? Ðe esia meʋã wò be nàwɔ ɖeka kple mawudɔla akpe ewo teƒe akpe ewoawo le Alẽvi la kafukafu me oa? Wole gbɔgblɔm be: “Alẽvi si wowu la dze, be wòaxɔ ŋusẽ kple kesinɔnu, nunya, ŋutete, bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu.”—Nyaɖ. 5:12.

4. Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míade bubu Yehowa kple Yesu ŋu?

4 Bubudede Yehowa kple Kristo siaa ŋu le vevie ale gbegbe. Míaƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ nɔ te ɖe esia dzi. Nya si Yesu gblɔ le Yohanes 5:22, 23 la na nya ma me kɔ ƒãa. Egblɔ be: “Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Vi la, ne amewo katã nade bubu Vi la ŋu abe ale si ko wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si medea bubu Vi la ŋu o la, medea bubu Fofo si dɔe ɖa la hã ŋu o.”—Xlẽ Psalmo 2:11, 12.

5. Nu ka tae wòle be míade bubu si sɔ ame sia ame ŋu?

5 Mawu wɔ amegbetɔwo “ɖe eƒe nɔnɔme nu.” (1 Mose 1:27) Eya ta, amegbetɔ akpa gãtɔ ɖea Mawu ƒe nɔnɔme nyuiawo fiana va se ɖe afi aɖe. Ŋutete le amegbetɔwo si be woalɔ̃ wo nɔewo, woanyo dɔme ahase veve ɖe ame nu. Esi Mawu na dzitsinya amegbetɔwo ta la, dzɔdzɔmeŋutetea le wo ŋu be woade vovo nyui kple vɔ̃, anukwareɖiɖi kple anukwaremaɖimaɖi, nu si sɔ kple nu si mesɔ o dome—ke hã, ɣeaɖewoɣi la, dzitsinyaa mewɔa dɔ nyuie o le blibomademade ta. (Rom. 2:14, 15) Le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo lɔ̃a nu siwo le dzadzɛ kple nu siwo nya kpɔ. Mí katã míedina be míanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me. Eya ta, amegbetɔwo nya alo womeɖanyae o, woɖea Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe fiana va se ɖe afi aɖe, eye le susu sia ta, wodze be woade bubu si sɔ wo ŋu.—Ps. 8:5.

DA SƆ LE BUBUDEDE AMEWO ŊU ME

6, 7. Le bubudede amewo ŋu me la, aleke Yehowa Ðasefowo to vovo na ame geɖewo?

6 Dadasɔ hiã hafi míanya bubu si tɔgbi míade amegbetɔwo ŋu kple afi si míade bubu wo ŋu ase ɖo. Satana ƒe xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ madeblibo akpa gãtɔ dzi ale gbegbe. Esia tae ame aɖewo dea bubu ŋutsu kple nyɔnu aɖewo ŋu abe mawuwoe wonye ene le esi teƒe be woade bubu si amegbetɔwo dze na la ko woamawo ŋu. Amewo dea bubu tɔxɛ subɔsubɔhakplɔlawo, kamedefefewɔla xɔŋkɔwo, hadzila bibiwo, fefewɔlawo kple ame xɔŋkɔ bubuwo ŋu, eye zi geɖe la, wobua wo be wokɔ boo wu amegbetɔ bubuwo. Esia ta, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa dina be yewoanɔ abe woamawo ene; wosrɔ̃a woƒe nɔnɔme, awudodo kple agbenɔnɔ.

7 Kristotɔ vavãwo ƒoa asa na bubudede amegbetɔwo ŋu ƒe susu totro ma. Le amegbetɔ siwo katã nɔ anyigba dzi kpɔ dome la, Kristo ɖeka koe ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi si wòle be míasrɔ̃. (1 Pet. 2:21) Ne míedea bubu amegbetɔwo ŋu wu ale si dze la, esia mado dzidzɔ na Mawu o. Ele be nyateƒenya sia nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye wometea ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” (Rom. 3:23) Eya ta, amegbetɔ aɖeke medze na bubu si ana wòadze abe mawue wònye ene o. Esia anye trɔ̃subɔsubɔ.

8, 9. (a) Aleke Yehowa Ðasefowo bua dziɖuɖumegãwoe? (b) Afi kae wòle be míaɖo to dziɖuɖumegãwo ase ɖo?

8 Edze be míade bubu ame aɖewo ŋu le ɖoƒe si wole ta. Dziɖuɖumegãwo ƒe dɔe wònye be woakpɔ egbɔ be dumeviwo wɔ se dzi eye nuwo zɔ ɖe ɖoɖo nu le dukɔa me, eye woakpɔ dukɔmeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Esia ɖea vi na ame sia ame. Esia ta, apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woabu dziɖuɖumegã siawo tɔgbi be wonye ‘ŋusẽtɔ’ siwo wòle be Kristotɔwo nabɔbɔ wo ɖokui na. Eɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be: “Mitsɔ nu si ame sia ame dze na la nɛ: ame si dze na adzɔ la, mixe adzɔ nɛ; . . . ame si dze na bubu la, mibui.”—Rom. 13:1, 7.

9 Eya ta, Yehowa Ðasefowo dea bubu dziɖuɖumegãwo ŋu, abe ale si ko wòle be dukɔmevi ɖe sia ɖe nade bubu wo ŋu ene. Míewɔa nu aduadu kpli wo ale be woawɔ woƒe dɔwo nyuie. Ke hã, Ŋɔŋlɔawo ɖo seɖoƒe na bubu si míade wo ŋu kple kpekpeɖeŋu si míana wo, eye esia sɔ. Eya ta, ne wobia tso mía si be míawɔ nane si nye dada le Mawu ƒe se dzi la, mímate ŋu aɖo to wo o. Le go siawo tɔgbi me la, míeɖoa to Yehowa, ke menye amegbetɔ o.—Xlẽ 1 Petro 2:13-17.

10. Aleke Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema la ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí le bubudede dziɖuɖuwo kple dziɖuɖumegãwo ŋu me?

10 Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema la ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí le bubudede dziɖuɖuwo kple dziɖuɖumegãwo ŋu me. Esi wobia tso amewo si le Roma Fiaɖuƒea me be woade woƒe ŋkɔ agbalẽ me la, Yosef kple Maria wɔ ɖe edzi. Wozɔ mɔ yi Betlehem, togbɔ be fu tsi ɖe Maria ƒo eye wòsusɔ vie wòadzi eƒe ŋgɔgbevi la hã. (Luka 2:1-5) Emegbe, esi wotso Paulo nu be eda le se dzi la, eʋli eɖokui ta bubutɔe, eye wòde bubu si sɔ Fia Herodes Agripa ŋu. Ede bubu Festo, si nye Roma nuto si nye Yudea la ƒe nutodziɖula hã ŋu.—Dɔw. 25:1-12; 26:1-3.

11, 12. (a) Nu ka tae bubu si míedea dziɖuɖumegãwo ŋu to vovo na bubu si míedea subɔsubɔhakplɔlawo ŋu? (b) Nu nyui kae do tso eme esi Ðasefo Austriatɔ aɖe de bubu dunyahela aɖe ŋu?

11 Ke hã, Yehowa Ðasefowo mewɔa nu ɖe subɔsubɔhakplɔlawo ŋu abe ame siwo dze na bubu tɔxɛ ene o togbɔ be ame siawo kpɔa mɔ nɛ hã. Alakpasubɔsubɔhawo gblɔa alakpanyawo ɖe Mawu ŋu eye wotroa gbo eƒe Nya la. Eya ta, míedea bubu subɔsubɔhakplɔlawo ŋu abe mía havi amegbetɔwo ene, gake mímedea bubu tɔxɛ wo ŋu o. Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, eka mo na ame siawo tɔgbi eye wògblɔ be wonye alakpanuwɔlawo kple mɔfiala ŋkuagbãtɔwo. (Mat. 23:23, 24) Ke hã, ne míedea bubu si sɔ dziɖuɖumegãwo ŋu la, nu nyui siwo míesusu o gɔ̃ hã tea ŋu dona tsoa eme.

12 Nɔviŋutsu Leopold Engleitner nye Ðasefo dovevienu si nɔ Austria. Gbe ɖeka Nazitɔwo va lée de keteke me hekplɔe yi Buchenwald fuwɔamesaɖa me. Aƒetɔ aɖe si ŋkɔe nye Heinrich Gleissner hã nɔ ame siwo wolé de ketekea me la dome. Aƒetɔ sia nye dunyahela le Austria. Ke hã, eƒe nu meva dze Nazitɔwo ŋu o. Esime wonɔ ketekea me la, Nɔviŋutsu Engleitner ƒo nu tso eƒe dzixɔsewo ŋu na Gleissner bubutɔe, eye eya hã ɖo to nyuie. Esi xexemeʋa evelia ke la, Gleissner zã eƒe ɖoƒea tsɔ kpe ɖe Ðasefowo ŋu le Austria zi geɖe. Ðewohĩ àɖo ŋku nu nyui siwo tea ŋu dona tso eme ne Ðasefowo de bubu si sɔ dziɖuɖumegãwo ŋu abe ale si Biblia bia tso Kristotɔwo si be woawɔe ene la ƒe kpɔɖeŋu bubuwo dzi.

AME BUBU SIWO ŊU WÒLE BE MÍADE BUBUI

13. Ame kawo ŋue wòle vevie be míade bubui, eye nu ka tae?

13 Edze be míade bubu míaƒe haxɔsetɔwo hã ŋu, vevietɔ hamemetsitsi siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me. (Xlẽ 1 Timoteo 5:17.) Dukɔ ka mee nɔviŋutsu siawo ɖatso o, afi ka kee woɖade suku se ɖo o, ɖoƒe kae ɖale wo si o, eye aleke kee woƒe ganyawo le o, míedea bubu wo ŋu. Biblia gblɔ be wonye “nunana siwo nye amewo,” eye wowɔa akpa vevi aɖe le Mawu ƒe ɖoɖowo me be woakpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Ef. 4:8) Bu hamemetsitsiwo, nutome sue dzikpɔlawo, Alɔdzekɔmiti me tɔwo kple Dɔdzikpɔhaa me tɔwo ŋu kpɔ. Mía nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la de bubu ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm la ŋu, eye míawo hã míesrɔ̃a woƒe kpɔɖeŋua egbea. Mímedea bubu Kristo hamea teƒenɔlawo ŋu abe mawuwoe wonye ene o, eye ne wole mía dome la, míewɔa nu abe mawudɔlawoe wonye le mía gbɔ ene o. Ke hã, míedea bubu nɔviŋutsu mawo ŋu le woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ kple ɖokuibɔbɔ ta.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:24; Nyaɖeɖefia 19:10.

14, 15. Aleke Kristotɔ hamemetsitsiwo to vovo na subɔsubɔhakplɔla geɖewo?

14 Hamea me tɔwo kpɔnɛ be hamemetsitsi siawo nye alẽkplɔla siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo. Le woƒe ɖokuibɔbɔ ta la, womelɔ̃na be woawɔ nu ɖe yewo ŋu abe xexe sia me ame xɔŋkɔwo ene o. Esia na woto vovo na egbegbe subɔsubɔhakplɔlawo kple esiwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, siwo ŋu Yesu gblɔ le be: “Wolɔ̃a bubunɔƒewo nɔnɔ le fiẽnuɖuƒewo kple ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo, eye wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le ablɔwo me.”—Mat. 23:6, 7.

15 Kristotɔ hamemetsitsiwo bɔbɔa wo ɖokuiwo wɔna ɖe nya siwo Yesu gblɔ dzi be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala, ke mi katã la, nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi hã o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo, Ame si le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la. Ke ame si nye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla. Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.” (Mat. 23:8-12) Eya ta, àte ŋu ase nu si tae Ðasefo siwo le xexea me godoo la lɔ̃a hamemetsitsiwo hedea bubu wo ŋu la gɔme.

Esi hamemetsitsiwo subɔa mí ɖokuibɔbɔ- tɔe ta la, míelɔ̃a wo hedea bubu wo ŋu (Kpɔ memama 13-15)

16. Nu ka tae wòle be nàyi edzi anɔ agbagba dzem be yease ale si Biblia gblɔ be míade bubu amewo ŋu la gɔme ahawɔ ɖe edzi?

16 Le nyateƒe me la, ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi míada asɔ ahanya afi si míade bubu amewo ŋu ase ɖo kple ame siwo ŋu wòle be míade bubui. Aleae wònɔ le Kristotɔ gbãtɔwo hã gome. (Dɔw. 10:22-26; 3 Yoh. 9, 10) Ke hã, ne míedze agbagba wɔ ɖe nya si Biblia gblɔ ku ɖe bubudede amewo ŋu dzi la, nu nyui geɖe dona tso eme. Ɛ̃, ne míeda sɔ le bubudede amewo ŋu me la, eɖea vi geɖe.

VIÐE SIWO DONA TSO BUBU SI SƆ DEDE AMEWO ŊU ME

17. Viɖe siwo dona tso bubudede dziɖuɖumegãwo ŋu me la dometɔ aɖewo ɖe?

17 Ne míedea bubu dziɖuɖumegãwo ŋu la, esia ate ŋu awɔe be woaʋli míaƒe gomenɔamesiwo ta ale be míate ŋu aɖe gbeƒã mɔxeɖenuwo manɔmee. Esia wɔnɛ be zi geɖe la, wodea bubu míaƒe dɔa ŋu. Ƒe geɖe ye nye esi va yi la, Birgit, si nye mɔɖela le Germany la yi vianyɔnu ƒe gododo le suku ƒe wɔna teƒe. Le afi ma la, nufialawo gblɔ na Birgit be dzidzɔe wònye na yewo be Ðasefowo ƒe viwo dea yewoƒe sukua ƒe aɖewoe nye esia. Wogblɔ be ate ɖe yewo dzi ŋutɔ ne Ðasefowo ƒe vi aɖeke mele yewoƒe sukua o. Birgit gblɔ na wo be: “Míefiaa mía viwo be woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu, eye esia bia be woade bubu nufialawo ŋu.” Nufialaawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ne ɖe ɖeviwo katã le abe mia viwo ene la, míase vivi na nufiafia ale gbegbe.” Kwasiɖa aɖewo megbe la, nufialaawo dometɔ ɖeka de nutome gã takpekpe le Leipzig.

18, 19. Nu ka tae wòle be míalé ŋku ɖe ale si míedea bubu hamemetsitsiwo ŋui ŋu?

18 Ele be míaɖe mɔ Mawu ƒe Nyaa me mɔfiame deblibo siwo me nunya le la nafia mɔ mí be míade bubu si sɔ hamemetsitsiwo ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 13:7, 17.) Míate ŋu akafu wo ɖe woƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ta, eye ele be míawɔe hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be míadze agbagba awɔ ɖe mɔfiame siwo wonana mí la dzi. Ne míewɔnɛ alea la, akpe ɖe wo ŋu woawɔ dɔ siwo wode asi na wo la kple dzidzɔ. Gake esia mefia be míadze agbagba asrɔ̃ ale si tututu hamemetsitsi “xɔŋkɔ” aɖe doa awui, ale si wòƒoa dutoƒonuƒoe alo ale si wòɖoa dzee gɔ̃ hã o. Masɔ be míawɔe alea o. Mele be míaŋlɔ be o be ame madeblibowoe hamemetsitsiwo hã nye. Kristoe nye míaƒe kpɔɖeŋuɖola si wòle be míasrɔ̃.

19 Ne míedea bubu si sɔ hamemetsitsiwo ŋu evɔ le ɣeyiɣi ma ke me mímewɔa nu ɖe wo ŋu abe ale si amewo wɔa nu ɖe ame xɔŋkɔwo ŋu le xexea me ene o la, eɖea vi na wo. Enana wònɔa bɔbɔe na wo be woaƒo asa na dada. Azɔ hã, awɔe be womase le wo ɖokui me be yewonyo wu ame bubuwo o.

20. Aleke bubudede amewo ŋu ɖea vi na mí?

20 Bubudede amewo ŋu ɖea vi na míawo ŋutɔwo hã. Ekpena ɖe mía ŋu be míaganye ɖokuiŋudzelawo o. Ewɔnɛ hã be ne wode bubu mía ŋu alo wokafu mí la, mímebua mía ɖokui ŋu wu ale si dze o. Egakpena ɖe mía ŋu hã be míeyia edzi zɔna kple Yehowa ƒe habɔbɔa, si ƒoa asa na bubu tɔxɛ si medze o dede amegbetɔwo ŋu, woɖanye haxɔsetɔwo alo dzimaxɔsetɔwo o. Gawu la, enye nuwɔwɔ le nunya me, elabe ekpena ɖe mía ŋu be ne ame aɖe si ŋu míedea bubui va wɔ nane si míenɔ mɔ kpɔm na o la, mazu nukikli nu mí o.

21. Nu kae nye viɖe gãtɔ si dona tso bubu si sɔ dede ame siwo dze nɛ ŋu me?

21 Viɖe gãtɔ si dona tso bubu si sɔ dede ame siwo dze nɛ ŋu me ye nye be esia wɔwɔ dzea Mawu ŋu. Nuwɔwɔ alea sɔ kple nu si Mawu di tso mía si eye wòɖenɛ fiana be míewɔa nuteƒe nɛ. Ewɔnɛ hã be eɖoa nya ŋu na ame sia ame si adi be yeaɖe alɔme le eŋu. (Lod. 27:11) Susu totrowo le xexea me tɔ akpa gãtɔ si ku ɖe bubu si wòdze be woade amewo ŋu ƒe nyaa ŋu. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míenya ale si Yehowa di be míade bubu amewo ŋu!