2 Kronika 17:1-19

  • Yuda-fia Yehosafat (1-6)

  • Wofia nu le Yuda (7-9)

  • Yehosafat ƒe aʋawɔla kalẽtɔwo (10-19)

17  Eye via Yehosafat+ zu fia ɖe eteƒe, eye wòli ke eƒe ɖoƒe ɖe Israel dzi.  Eɖe aʋakɔwo ɖo Yuda ƒe du sesẽwo katã me, eye wòɖe asrafohawo ɖo Yuda-nyigba dzi kple Efrayim du siwo fofoa Asa xɔ la me.+  Eye Yehowa nɔ kple Yehosafat, elabena eto tɔgbuia David ƒe ʋe me,+ eye medi Baalwo yome mɔ o.  Elabena fofoa ƒe Mawu yome mɔe wòdi,+ eye eƒe sedede la nue wòzɔ le, ke menye le Israel ƒe nuwɔnawo nu o.+  Yehowa li ke fiaɖuƒe la ɖe esi me;+ eye Yuda blibo la tsɔa nunanawo vanɛ na Yehosafat, ale be kesinɔnu kple bubu geɖe va su esi.+  Dzi ɖo eƒo le Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye wòɖe nuxeƒewo+ kple Aserawo*+ gɔ̃ hã ɖa le Yuda.  Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, edɔ woɖayɔ eƒe amegãwo vɛ, woawoe nye: Ben-Hail, Obadiya, Zakariya, Netanel kple Mikaya, ne woafia nu le Yuda duwo me.  Lewi viwo nɔ wo ŋu. Woawoe nye Semaya, Netaniya, Zebadiya, Asahel, Semiramot, Yehonatan, Adoniya, Tobiya kple Tob-Adoniya hekpe ɖe Elisama kple Yehoram, siwo nye nunɔlawo,+ la ŋu.  Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ+ la ɖe asi hefia nu le Yuda, eye wonɔ tsatsam le Yuda duwo katã me nɔ nu fiam le dukɔa me. 10  Eye Yehowa ƒe ŋɔdzi lé anyigba la dzi fiaɖuƒe siwo katã ƒo xlã Yuda, ale be womewɔ aʋa kple Yehosafat o. 11  Filistitɔwo tsɔ nunanawo kple adzɔga vɛ na Yehosafat. Eye Arabiatɔwo tsɔ agbo akpe adre alafa adre kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre vɛ. 12  Yehosafat nɔ gã zum ɖe edzi,+ eye wòtu mɔ́ sesẽwo+ kple nudzraɖoƒeduwo+ ɖe Yuda. 13  Ewɔ dɔ gãwo le Yuda duwo me, eye aʋawɔla kalẽtɔ sesẽwo nɔ esi le Yerusalem. 14  Wonɔ hatsotsowo me le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu ale: le Yuda ƒe ame akpe ƒe tatɔwo dome la, Adnak nye tatɔ, eye aʋakalẽtɔ akpe alafa etɔ̃ kpe ɖe eŋu.+ 15  Tatɔ Yehohanan le eƒe kpɔkplɔ te, eye ame akpe alafa eve blaenyi kpe ɖe eŋu. 16  Amasiya, Zikri vi, ame si tsɔ eɖokui na faa ɖe Yehowa ƒe dɔwo ŋu la, hã le eƒe kpɔkplɔ te, eye aʋakalẽtɔ akpe alafa eve kpe ɖe eŋu. 17  Aʋakalẽtɔ Eliyada nye tatɔ tso Benyamin,+ eye ŋutsu akpe alafa eve, siwo kplaa dati kple akpoxɔnu la, kpe ɖe eŋu.+ 18  Yehozabad le eƒe kpɔkplɔ te, eye ŋutsu akpe alafa ɖeka blaenyi, siwo bla akpa ɖe aʋawɔwɔ ŋu la, kpe ɖe eŋu. 19  Ame siawoe subɔa fia la hekpe ɖe ame siwo fia la tsɔ ɖo du sesẽwo me le Yuda blibo la katã ŋu.+

Etenuŋɔŋlɔ