Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Azã Ga Nyuie?

Aleke Mawɔ Azã Ga Nyuie?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Aleke Mawɔ Azã Ga Nyuie?

“Nye fetu dzi ɖe kpɔtɔ, gake ɖeko zazãwo ya le dzidzim ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi menɔa ŋu le aba dzi nɔa ɖokuinye biam be aleke mele wɔwɔ ge akpɔ nye ƒomea dzi hã.”—James.

“Ewɔna nam abe glie le mumum dze dzinye, gake sisiƒe aɖeke meli o ene.”—Sheri.

ÀSE nya siawo tɔgbi le amewo nu zi geɖe ne ganyawo le sesẽm. Juan Somavia, si nye Xexea Me Dɔwɔnyawo Gbɔkpɔƒe ƒe amegã gblɔ le ale si ganyawo va le sesẽm le xexea me godoo ŋu be: “Menye Wall Street koe ganyawo le sesẽm le o,” eye wògblɔ kpee be: “Ganyawo le sesẽm le afi sia afi.”

Ne dɔ ge le asiwò kpata, alo ga meli nàkpɔ wò ƒomea ƒe nu hiahiã veviwo gbɔ o la, ɖewohĩ àtsi dzimaɖi ale gbegbe, eye mɔkpɔkpɔ gɔ̃ hã nabú ɖe wò. Biblia ŋlɔla David se le eɖokui me nenema kpɔ le agbe me. Edo gbe ɖa be: “Nye dzimexaxawo do gã ɖe dzi, ɖem tso nye hiãwo me!” (Psalmo 25:17) Nya kae Biblia gblɔ tso míaƒe ŋkekeawo ŋu, eye ɖe Mawu ƒe nya siwo le eme la ate ŋu ana míaɖe dzi ɖi, eye míaƒe susu me nafaa?

Nu Si Míawɔ Ne Nɔnɔmeawo Sesẽ

Biblia gblɔe ɖi be, nu siwo ade dzesi xexe sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ye nye nɔnɔme sesẽ siwo sɔ kple “fuɖuame” kpakple “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ.” (2 Timoteo 3:1; Mateo 24:8) Ðe nuwo mele dzɔdzɔm nenema tututu egbea oa? Gake mɔkpɔkpɔ le mía si, elabena Mawu to Biblia Kɔkɔe la dzi na míenya nu si míawɔ anɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ nu.

Le kpɔɖeŋu me, Biblia kpena ɖe mía ŋu be míagabu ga ŋu fũu akpa o. Nyagblɔla 7:12, NW gblɔ be: “Nunya kpɔa ame ta, abe ale si ko ga hã kpɔa ame ta ene; ke sidzedze ƒe viɖee nye be, nunya kpɔa ame siwo si wòle la ƒe agbe ta.” Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

Nu Si Míawɔ Ne Míeɖo Gakuxi Me

Do vevie dɔ. “Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.” (Lododowo 13:4) Nusɔsrɔ̃ kae le nya sia me? Ði anukware, eye nàdo vevie dɔ. Ame siwo doa vevie dɔ la ƒe nue nyoa dɔtɔwo ŋu, eye zi geɖe la, woawoe nye ame siwo woxɔna ɖe dɔ me gbã kple ame siwo ŋu woɖea asi le mamlɛa.—Efesotɔwo 4:28.

Bu nu si nèbe yeaƒle la ŋuti akɔnta gbã. Yesu gblɔ be: “Mia dometɔ kae li, eye ne ele didim be yeatu xɔ kɔkɔ aɖe la, manɔ anyi ahabu eŋu kɔnta gbã, akpɔ ɖa ne nu sɔ gbɔ ɖe esi be wòawu enu oa?” (Luka 14:28) Togbɔ be ale si ame awɔ ava zu Yesu yome dzela ƒe nya gblɔmee wòle hã, nenema ke koe wòle le nuwɔna ŋutɔŋutɔ hã me. Eya ta nya ga si le asiwò, eye nàŋlɔ nu siwo hiã wò ŋutɔŋutɔ kple ho neni si woaxɔ la ɖi.

Mègana numame gbegblẽwo nagblẽ ga dome na wò o. Numame aɖewo, abe tsatsadada, atama alo siga nono, atikezazã ɖe mɔ gbegblẽ nu kple aha tsu nono siaa nye nu gbegblẽ le Mawu ŋkume.—Lododowo 23:20, 21; Yesaya 65:11; 2 Korintotɔwo 7:1.

Tsri “galɔlɔ̃.” (Hebritɔwo 13:5) Dzi medzɔa galɔ̃lawo o, eye mɔkpɔkpɔ búna ɖe wo; le nyateƒe me la, ‘wotsɔa vevesese geɖe ŋɔa wo ɖokuiwo flofloflo.’ (1 Timoteo 6:9, 10) Gawu la, wova zua kluvi na woƒe didiwo, eye womevaa eme na wo hã gbeɖe o, elabena ne nu gabɔ ɖe wo si hã la, mesɔa gbɔ na wo o.—Nyagblɔla 5:10.

Srɔ̃ ale si nàna nu nadze ŋuwò. “Míetsɔ naneke va xexea me o, eye míate ŋu atsɔ naneke adzoe hã o. Eya ta esi nunyiame kple nudodo le mía si la, nu siawo adze mía ŋu.” (1 Timoteo 6:7, 8) Ne nu vi aɖe le ame si, eye wòdzea eŋu la, ekema ne ganyawo va sesẽ hã la, matsi dzimaɖi kakaka o. Eya ta srɔ̃ ale si nàwɔ nu vi si le asiwò la nadze ŋuwò.—Kpɔ aɖaka si le ɖusime.

Mía dometɔ aɖeke menya etsɔ me o. Nyagblɔla 9:11 gblɔ be “azãgbe kple nuɖiɖeame” vana ame sia ame dzi. Eya ta nunyalawo ‘metsɔa woƒe mɔkpɔkpɔ ziɔna ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o la ŋu o, ke boŋ ɖe Mawu ŋu,’ ame si do ŋugbe na nuteƒewɔlawo be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”—1 Timoteo 6:17; Hebritɔwo 13:5.—g10-E 05.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Nya kae Biblia gblɔ tso míaƒe ɣeyiɣiawo ŋu?—2 Timoteo 3:1-5.

● Afi kae míakpɔ mɔfiafia si dzi míaka ɖo egbea la le?—Psalmo 19:8.

● Aleke mawɔ aka ɖe edzi be nuwo ava nyo na nye ƒomea le etsɔ me?—Nyagblɔla 7:12.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 27]

ÐE ZAZÃWO DZI KPƆTƆ

Nuƒeƒle: Ŋlɔ nu siwo nàƒle la ɖi. Mègakpɔ nu sia nu ko nàbe yeaƒlee o. Di afi si woadzra nua le wòaɖi wu. Nu si hiã wò la ƒe asi neɖiɖi hafi nàƒlee. Ne anya wɔ la, ƒle nua wòasɔ gbɔ zi ɖeka.

Aƒemezazãwo: Xe tsife, dzofe kple bubuawo ɖe game dzi, ne woagado fe bubuwo kpee na wò o. Wò ŋutɔ ɖa nu nàɖu, eye mègaɖu nu alo ano aha muame fũu akpa o. Ne mèle dzo alo mɔ aɖe zãm o la, tsii. Ne anya wɔ la, zã mɔ siwo mezãa elɛktrikŋusẽ sɔgbɔ o. Fa aŋe ɖe elɛktrikkawo ŋu le aƒewò me. Kpɔe ɖa be ahiã be nàʋu aɖahaya xɔ si le sue wu hã.

Ʋuɖoɖo: Ne ehiã be nàƒle ʋu la, ekema ƒle esi ŋu ŋusẽ le, eye mezãa ami sɔgbɔ o. Mehiã be wòanye ʋu yeye kokoko o. Ne anya wɔ la, ɖo ame bubuwo ƒe ʋu ɣeaɖewoɣi. Àte ŋu azɔ afɔ alo ado gasɔ hã. Ne èɖoe be yeaɖu mɔkeke le amedzrodzeƒe la, yi esime asia bɔbɔ, eye ɖewohĩ le teƒe si medidi akpa o.

Fon kple modzakaɖeɖe: Ne asitelefon le asiwò xoxo la, ɖe telefon bubu gahiã le aƒea mea? Ne asitelefon le viwòwo si la, ɖe wòle be woatrɔ asi le ezazã ŋu alo adzudzɔ ezazã kuraa? Ne television le asiwò, eye nèxea fe ɖe televisiondɔwɔƒe aɖewo léle ta la, ɖe nàte ŋu adzudzɔ dɔwɔƒe aɖewo léle, ale be gazazãwo dzi naɖe akpɔtɔa? Àte ŋu aɣe agbalẽwo axlẽ alo aɣe video akpɔ wu be wò ŋutɔ nàƒlee. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 26 Woɖo aɖaŋu bubuwo ɖe nyati siwo gbɔna me: “Zã Wò Ga Nunyatɔe,” si dze le April 2009 ƒe Nyɔ! me (yevugbe me tɔ, March 2009) kple “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Mawɔ Be Maganɔ Nu Sia Nu Ko Ƒlem O?” si dze le June 2006 ƒe yevugbe me Nyɔ! me.