Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Wò Ƒomea Ta Tso Dzamezã Si Me

Kpɔ Wò Ƒomea Ta Tso Dzamezã Si Me

 Kpɔ Wò Ƒomea Ta Tso Dzamezã Si Me

Nya siwo Yesu gblɔ ɖi ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu la dometɔ aɖee nye be “dɔvɔ̃wo . . . ava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Esiawo dometɔ ɖekae dzamezã nye.

DƆLÉKUI aɖe si womate ŋu akpɔ kple ŋku o, si gena ɖe lãmenugbagbeviwo me hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi be woadzi dɔlékuia ɖe edzi lae nana dzamezã. Dzamezã dɔlékuia dzea lãmenu siwo kpena ɖe mía ŋu míegbɔna la dzi, si wɔnɛ be, ne ame si ŋu wòle la nyè, kpe kpe, alo ƒo nu teti hã la, ate ŋu aba dɔa na ame siwo le egbɔ. Ne ame geɖe xɔ dɔa le teƒe aɖe koŋ la, ke ezu dɔvɔ̃.

Menye amegbetɔwo koe xɔa dɔ sia o, ke boŋ lãwo hã xɔnɛ. Woma dzamezã dɔlékuiawo ɖe hatsotso etɔ̃ me: A, B, C. Dɔlékui hatsotso A koŋ ye nana dzamezã. Dɔlékuiawo ƒe ŋusẽ nɔ te ɖe nu siwo nye hemagglutinin (H) kple neuraminidase (N) ƒe agbɔsɔsɔ si le dɔlékuia ŋu la dzi.

Nu siwo ŋu koŋ wotsi dzi ɖo le dzamezã dɔlékuiawo ŋue nye be woate ŋu adzi ɖe edzi kabakaba ahatrɔ nɔnɔme edziedzi, eye azɔ hã, dɔlékuia ƒomevi vovovowo ate ŋu aƒo ƒu awɔ dɔlékui ƒomevi bubu. Ne dɔlékuia le etɔxɛ la, ɖewohĩ ŋutilã la mate ŋu awɔ avu kplii o.

Ɣleti siwo me ya me fa la koŋ mee amewo xɔa dɔa wu. Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be, ne ya me fa la, lã falɛfalɛ si le dɔlékuia ŋu la zua abe aŋe ene ɖe eŋu hekpɔa eta be mekuna o, gake ne ege ɖe lãmenu siwo nana míegbɔna me la, ekema dzoxɔxɔ si le afi ma nana aŋe ma srena, eye dɔlékuia gena ɖe lã me na amea. Menye ya me ƒe fafa ye nana woxɔa dɔa o, gake ekpena ɖe dɔlékuiawo ŋu be wokakana.

Ale Si Nàkpɔ Ðokuiwò Tae

Esi dziɖuɖu geɖe kpɔe be ehiã be yewoadzra ɖo ɖe dɔ sia ŋu ta la, wowɔ ɖoɖo geɖe ɖe eŋu xoxo. Gake nu kae wò ŋutɔ hã nàte ŋu awɔ? Na míadzro mɔ vevi etɔ̃ si dzi míato akpɔ mía ɖokuiwo ta la me:

 Do ŋusẽ wò ŋutilã: Kpɔ egbɔ be wò ƒomea dɔa alɔ̃ wòsua wo, eye woɖua nu siwo akpe ɖe ŋutilã la ŋu be wòanɔ te ɖe dɔlékuiwo nu. Ele be miaɖu atikutsetse siwo wogbe yeyee, kple amagbewo, nuku siwo ŋu womeɖe tsro le o, kple nu siwo me ami mesɔ gbɔ ɖo o, siwo ana nunyiame siwo akpe ɖe ŋutilã la ŋu wòanɔ te ɖe dɔléle nu.

Wɔ nu siwo axe mɔ ɖe dɔlékuiwo ƒe kaka nu: Ne anya wɔ la, kpɔ egbɔ be nuwo tame kple kplɔ̃wo dzi le dzadzɛ gbe sia gbe. Ne miezã nuɖanuwo alo nuɖugbawo vɔ ko la, miklɔ wo enumake, eye minya abadzivɔwo edziedzi. Mide nu adzalẽtsi me miatsɔ atutu nu siwo ŋu wokaa asii edziedzi: gameti, fon, mɔ siwo míetsɔna sia television kple nu bubuwo. Ne anya wɔ la, ya neƒo ɖe xɔa me alo aƒea me nyuie.

Lé be na ɖokuiwò: Tsɔ adzalẽ kple tsi alo asiklɔnu bubu siwo me alcohol le nàtsɔ aklɔ asii nyuie. (Ne anya wɔ la, asiklɔmi siwo nɔa nugoe suewo me la nenɔ ŋuwò.) Mègazã takuvi si ame bubu tsɔ tutu asi alo mo o, neganye wò ƒomea me tɔ ye hã.

 Mègatsɔ asi ƒoɖi tugu ŋku, alé ŋɔti alo aɖo nu gbɔ o. Ne anya wɔ la, zã pepa takuvi natsɔ atsyɔ nu kple ŋɔti ne èbe yeakpe kpe alo anyè, eye nàtsɔe aƒu gbe enumake. Mègazã nu siwo dzi dɔlékuiwo ate ŋu ato akaka kabakaba, abe fon ene, kple ame aɖeke o. Ehiã be woana hehe ɖeviwo ɖe nu siawo wɔwɔ ŋu nyuie. Nu siawo wɔwɔ ɖea vi ɣeawokatãɣi, gake woɖea vi koŋ ne dzamezã kaka ɖe nuto aɖe me.

Bu Ame Bubuwo Ŋu

Ele bɔbɔe be nàba dɔa na ame bubuwo ŋkeke ɖeka do ŋgɔ hafi eƒe dzesiwo nate dzedze le wò ŋutɔ ŋuwò, eye àte ŋu abae na amewo le ŋkeke atɔ̃ siwo kplɔe ɖo hã me. Dzesiawo le ko abe ale si kpe dina be yeaƒo ame ene, gake wo nu sẽna wu. Wo dometɔ aɖewoe nye: àxɔ dzo (zi geɖe la, dzoxɔxɔa nu asẽ), ta anɔ ɖuwòm, ɖeɖi ate ŋuwò vevie, ànɔ kpe sesẽ kpem, eye lã me anɔ vewòm. Dzesi siwo nye ale si ŋɔti me anɔ tsi kplɔm kple nu bubuwo—abe dzigbɔtsɔame, nuɖeɖe kple afɔdzidede sɔgbɔ ene—dzena le ɖeviwo ŋu wu ame tsitsiwo. Ne dzesi siawo dze le ŋuwò la, ekema ne anya wɔ la, mègado go ayi afi aɖeke o, eye kpɔ egbɔ be nàgaba dɔa na ame aɖeke o.

Ði ɖe eme nyuie, eye nàno tsi kple atikutsetse me tsi sɔgbɔ. Dzamezãtikewo ate ŋu awɔ dɔ, gake ele be woazã wo ne dzesiawo nya te dzedze ko. Mele be woana aspirin ɖevi siwo dzamezã lé o. Ne axamedɔ ŋu dzesi aɖe le dzedzem le ŋuwò, abe mète ŋu le gbɔgbɔm nyuie o, akɔta le vewòm alo ta le ɖuwòm vevie madzudzɔmadzudzɔe la, yi kɔ dzi enumake.

Ne dzamezã le ame ŋu la, ate ŋu ana wòatsi dzodzodzoe. Gake ne èdzra ɖo ɖe eŋu la, àte ŋu ato eme ado. Vevietɔ wu la, àte ŋu anɔ mɔ kpɔm be gbe ɖeka la, “duametɔ aɖeke [magagblɔ] be, yele dɔ lém o,” abe ale si Biblia do ŋugbe ene.—Yesaya 33:24.—g10-E 06

[Aɖaka si le axa 13]

DZAMEZÃ VƆ̃ÐI AÐE

Dzamezã si wode dzesi gbã le Mexico le ƒe 2009 me la nye esi woyɔna be H1N1, eye esɔ kple esi va Spain le ƒe 1918 me hewu ame miliɔn geɖe. Gake esɔ kple esiwo ƒomevi wokpɔ le ha kple xe aɖewo ŋu hã.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 14]

NU 6 SI NÀWƆ AKPƆ ÐOKUIWÒ KPLE AME BUBUWO TA

1. Tsɔ asi tsyɔ nu hafi nàkpe kpe

2. Klɔ asi

3. Na ya naƒo ɖe wò aƒe alo xɔ me nyuie

4. Na gbɔwò nanɔ dzadzɛ

5. Ne dɔa le ŋuwò la, mègado yi afi aɖeke o

6. Mègana asi ame ne èxɔ dɔa o

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

NE DƆA KAKA LE MIA GBƆ

Gbã la, wɔ ɖe aɖaŋu siwo ɖɔktawo ɖo dzi. Mègatɔtɔ alo atsi dzi akpa o. Wɔ aɖaŋu nyui siwo woɖo le nyati sia me la dzi. Ne anya wɔ la, tsri amehawo dome nɔnɔ. Ne dɔa le ŋuwò la, asɔ be nàdi nane atsyɔ mo. Nɔ asi klɔm edziedzi. Ne màte ŋu ayi asi me o la, ekema na woaƒle nuɖuɖu agbɔsɔsɔme siwo ahiã kple nu siwo nàtsɔ alé be na ɖokuiwò la ava da ɖe gbɔwò wòade kwasiɖa eve ya teti nu na wò.

Ne èle dɔ me, le mawusubɔsubɔƒe, alo teƒe si amewo sɔ gbɔ ɖo la, wɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖo la dzi. Na ya naƒo ɖe afi si nèle la nyuie.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

H1N1 dɔlékui si woɖe fotoe wòlolo ɖe edzi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

CDC/Cynthia Goldsmith