Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Nàwɔ Ne Èkukɔna

Nu Si Nàwɔ Ne Èkukɔna

Nu Si Nàwɔ Ne Èkukɔna

“Ne mekukɔ la, ekema metsia dzi, eye esia wɔnɛ be megakukɔna ɖe edzi. Ðeko wòle abe ʋe globo aɖe mee mege ɖo, eye dodo zu dɔ ene. Gbe ɖeka meyi susuŋutinunyala aɖe gbɔ be wòakpe ɖe ŋunye. Egblɔ nam be ehiã be madze ahiã—be madɔ kple ame aɖe ale be maka ɖe ɖokuinye dzi geɖe wu! Nyemegatrɔ yi egbɔ o. Medi be amewo nalɔ̃m ale si menya le ko.” —Rafael, si xɔ ƒe 32.

TSƆE be èɖo ʋu, eye nèdi be yeabia be nenie nye ʋuɖofea hã, gake egbɔgblɔ le sesẽm na wò ale gbegbe be fifia koe te wò. Alo tsɔe be ne èbe yeaƒo nu la, nya aɖewo yɔyɔ sesẽna na wò, eye wòahiã be nàgbugbɔ nya gbãtɔa anɔ yɔyɔm. Aleae ame 1 le 100 me—ame miliɔn 60 sɔŋ—siwo kukɔna la, kpea fui. Zi geɖe la, woɖua fewu le wo ŋu, eye womewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie o. Wobua wo gɔ̃ hã be woƒe tagbɔ meɖa o, elabena wozãa nya siwo yɔyɔ le bɔbɔe la tsɔna ɖɔa li esiwo yɔyɔ ɖea fu na wo.

Nu kae nana ame kukɔna? Ðe woate ŋu adaea? Ðe nane li ame siwo kukɔna la ate ŋu awɔ ale be woate ŋu aƒo nu wòazɔ tẽe wua? * Eye nu kae ame bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu?

Ðe Míenya Nu Si Gbɔ Wòtsonaa?

Blematɔ aɖewo xɔe se be gbɔgbɔ vɔ̃woe nana amewo kukɔna, eya ta ele be woanya wo ɖa le amea me. Ƒe 500 aɖewoe nye esi va yi la, wosusu be amewo ƒe aɖe ŋue kuxia le. Eya ta nu kae wowɔna be woatsɔ akpɔ kuxia gbɔ? Wozãa ga dzodzoe kple nu ʋeʋĩwo ɖe aɖea ŋu! Le ƒe alafa siwo va kplɔe ɖo me la, amekolawo tsoa ahɔhɔ̃meka kple aɖemeka aɖewo, eye woɖea vehlomeka aɖewo hã ɖa be amea nagakukɔ azɔ o. Togbɔ be mɔnu mawo na amewo se veve hã la, womete ŋu kpɔ kuxia gbɔ o.

Numekulawo le gbɔgblɔm egbea be ɖewohĩ nu vovovowo gbɔe wòtsona be amewo kukɔna, ke menye nu ɖeka aɖe koŋ ko gbɔ o. Nu siawo dometɔ ɖeka ate ŋu anye ale si ame wɔa nui ne nu te ɖe edzi. Woate ŋu axɔe tso ame dzilawo gbɔ hã, elabena ame siwo kukɔna la dometɔ 60 le alafa me la ƒe ƒometɔ aɖewo hã kukɔna. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ahɔhɔ̃meka siwo woɖe fotoe la ɖee fia be ame siwo kukɔna la ƒe ahɔhɔ̃ trɔa nya siwo woagblɔ la bubui. Ðɔkta Nathan Lavid gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be, ame aɖewo “dzea nyaawo yɔyɔ gɔme hafi ahɔhɔ̃a va fiaa ale si wòle be woagblɔe la wo.”—Understanding Stuttering. *

Eya ta ɖewohĩ menye susu me dɔlélee wònye be ame nakukɔ abe ale si amewo susui tsã ene o. Agbalẽ aɖe (No Miracle Cures) gblɔ be: “Ne míagblɔe bubui la, menye esi amewo meka ɖe wo ɖokui dzi o tae wokukɔna o, eye gbɔgblɔ na amea be ate ŋu adzudzɔ ɖeɖe hã mana wòadzudzɔ o.” Gake ame siwo kukɔna la dometɔ aɖewo megava kana ɖe wo ɖokuiwo dzi o le woƒe nɔnɔmea ta. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu anɔ vɔvɔ̃m le nɔnɔme aɖewo me, abe ale si woaƒo nu le ame dome alo le fon dzi ene.

Nu Si Akpe Ðe Ame Siwo Kukɔna Ŋu

Ewɔ nuku be ame siwo kukɔna la tea ŋu dzia ha, doa dalĩ, ƒoa nu na wo ɖokui alo lã siwo le wo gbɔ, gblɔa nya ɖe du kple amewo alo srɔ̃a ame, evɔ ne wole ewɔm la, womekukɔna sɔgbɔ o, alo womekukɔna kura o. Gawu la, ɖevi siwo kukɔna la dometɔ 80 le alafa me va dzudzɔna le wo ɖokui si. Ke ame 20 le alafa me susɔea ya ɖe?

Mɔ geɖe li egbea, siwo dzi wotona kpena ɖe ame siwo kukɔna ŋu be woaƒo nu wòazɔ tẽe. Mɔnuawo dometɔ aɖewoe nye ale si woana amea ƒe glã, nuyiwo kple aɖekawo me navo, eye woakpe ɖe eŋu wòanɔ gbɔgbɔm tso akɔgoloe me. Woate ŋu afia wo hã be ne wole nu ƒo ge la, woalɔ ya vi aɖe tso akɔgoloe me ahagbɔ ya vi aɖe ko adoe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woate ŋu ade dzi ƒo na wo be woahe ablɔɖegbeɖiɖiwo kple xaxagbeɖiɖi aɖewo me. Ne wote ŋu va le nyawo yɔm tẽe la, woate ŋu aƒo nu hã wòatsɔ.

Ðewohĩ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo koe nu siawo sɔsrɔ̃ abia. Gake ne ame tɔtɔna le eɖokui me edziedzi la, ɖewohĩ ahiã be wòasrɔ̃ nu siawo gaƒoƒo akpe geɖe hafi wòava mae.

Ɣekaɣie wòle be woadze egɔme anɔ agbagba dzem be yewoaƒo nu wòazɔ tẽe? Ðe wòanyo be woalala akpɔ ɖevia sinu be eya ŋutɔ ava dzudzɔ hãa? Numekukuwo ɖee fia be ɖevi siwo kukɔ ƒe atɔ̃ la dometɔ siwo tea ŋu dzudzɔna le wo ɖokui si la mede 20 le alafa me o. Agbalẽ si míeyɔ va yi (No Miracle Cures) gblɔ be: “Ne ɖevia xɔ ƒe ade la, ekema asesẽ be wòadzudzɔ kukɔkukɔ le eɖokui si negbe ɖe wokpe ɖe eŋu hafi.” Eya tae agbalẽa gblɔ kpee be: “Ele be woakplɔ ɖevi siwo kukɔna la ayi nuƒoƒo kple gbegbɔgblɔ me kuxi ŋuti nunyala gbɔ kaba.” Wosusui be ɖevi 20 le alafa me, siwo kukɔna va se ɖe esime wotsi la, dometɔ 60 va ɖo 80 le alafa me tea ŋu ƒoa nu wòzɔna tẽe ne wofia nuƒoƒo wo. *

Da Sɔ

Nuƒoƒo me kuxi ŋuti nunyala Robert Quesal, si ŋutɔ hã kukɔna la, gblɔ be mele be woanɔ mɔ kpɔm be ame siwo kukɔna la dometɔ akpa gãtɔ nava ƒo nu wòazɔ tẽe le nɔnɔme ɖe sia ɖe me o. Rafael, si ƒe nya míegblɔ va yi la, mete ŋu ɖu eƒe kuxia dzi keŋkeŋ o, togbɔ be edze agbagba va ƒoa nu wòzɔna tẽe vie wu hã. Egblɔ be: “Nye kuxia dzena wu ne mebe maxlẽ nu alo aƒo nu le ame dome, alo ne mele nyɔnuvi dzetugbe aɖe gbɔ. Esi amewo ɖua fewu le ŋunye ta la, metsia dzi ɖe ɖokuinye ŋu ŋutɔ. Gake emegbe meva gblɔ na ɖokuinye be ele be malɔ̃ ɖe nye nɔnɔmea dzi, eye magatsi dzi ɖe ale si amewo buamee la ŋu akpa o. Eya ta fifia ne nya aɖe yɔyɔ na mele kukɔkukɔm la, mekoa nu ɣeaɖewoɣi, gake meɖea dzi ɖi heyia nyaa dzi.”

Rafael ƒe nyawo sɔ kple Kukɔlawo Ƒe Habɔbɔ Si Le Amerika tɔ. Habɔbɔ sia gblɔ be, “zi geɖe la, menye agbagbadzedze vevie be yemakukɔ o ye kpena ɖe ame ŋu wòdzudzɔna o, ke boŋ vɔvɔ̃ si le amea me be yeava kukɔ la dzi ɖuɖu boŋ ye.”

Ame siwo kuxi sia ɖea fu na la dometɔ geɖe meɖe mɔ wòxɔ dzidzɔ si woakpɔ le agbe me la le wo si o. Wo dometɔ aɖewo kura gɔ̃ hã va zu ame xɔŋkɔwo; wo dometɔ aɖewoe nye dzɔdzɔmeŋusẽŋununyala Aƒetɔ Isaac Newton, Britain dziɖuɖumegã Winston Churchill, kple Amerikatɔ fefewɔla James Stewart. Wo dometɔ aɖewo hã srɔ̃ nu siwo wɔwɔ mebia nuƒoƒo o, abe haƒoƒo, nutata, alo tokunɔgbesɔsrɔ̃ ene. Ele be mí ame siwo mekukɔna o la míanyae be avu kple kɔe nuƒoƒo nye na ame siwo kukɔna. Eya ta mina míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ ade dzi ƒo na wo ahado ŋusẽ wo.—g10-E 05.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Ame siwo kukɔna la dometɔ 80 le alafa me nye ŋutsuwo.

^ mm. 7 Togbɔ be nya siwo wogblɔ tso nu si ta amewo kukɔna ŋu kple dɔdamɔnu siwo wodo ɖa la wɔ ɖeka le nanewo me hã la, womewɔa ɖeka ɣesiaɣi o. Eye Nyɔ! medea dɔdamɔnu aɖeke ƒe dzi ƒo na ame hã o.

^ mm. 13 Dɔyɔla aɖewo ate ŋu adoe ɖa be ame si kukɔna la nazã mɔ siwo ana wòase ale si wòle nyaawo yɔmee alo be wòazã atike siwo ana matsi dzi akpa ne edi be yeaƒo nu o.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 23]

ALEKE NÀWƆ AKPE ÐE AME SI KUKƆNA ŊU?

● Na wòavo le eɖokui me; mègatsi dzi nɛ kura o. Ale si nu sia nu va le du dzi, eye ame sia ame le kplakplakpla dzi la, na ame siwo kukɔna la ƒe kuxia gasẽ ɖe edzi wu.

● Le esi teƒe be nàgblɔ na ame si le kukɔkukɔm la be wòagbɔ dzi ɖi ɖe nyaawo gbɔgblɔ ŋu la, wò ŋutɔ hã gbɔ dzi ɖi ɖe wò nyaawo gbɔgblɔ ŋu wòanye kpɔɖeŋu nɛ. Ðo toe dzigbɔɖitɔe. Mègaxɔ nya le enu o. Mègawu nya si gɔme wòdze la nu nɛ o. Ne ebia nya wò la, tɔ sẽe hafi nàɖo eŋu.

● Mègahe nya ɖe eŋu alo anɔ eɖɔm ɖo enuenu o. Na wòakpɔe le wò ŋku dzi, le wò mo, le wò nuwɔna me kple wò nuƒoƒo me be nya si yegblɔna ŋue nètsia dzi ɖo, ke menye ale si yegblɔnɛ o.

● Mele be wòanye ŋukpe be woaƒo nu tso kukɔkukɔ ŋu o. Ne míekoa alɔgbɔnu na ame si kukɔna, eye míena wòse egɔme be míenya be kuxi sia le eŋu la, ana wòavo le eɖokui me. Ðewohĩ àte ŋu agblɔ nɛ be: “Ɣeaɖewoɣi àdi be yeagblɔ nya aɖe, gake nyaa agbe vava!”

● Vevietɔ na wòakpɔe be, togbɔ be kuxi sia le ye ŋu hã la, èlɔ̃ ye.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]

“VIVIVI LA, NYEMEGAVA KUKƆNA SƆGBƆ O”

Víctor, si kukɔ ƒe geɖe esime woƒe ƒomea to nɔnɔme sesẽ aɖe me la, te ŋu va kpɔ ta na eƒe kuxia, evɔ meyi dɔyɔƒe aɖeke o. Esi Yehowa Ðasefo wònye ta la, eŋlɔ ŋkɔ ɖe suku aɖe si wowɔna le woƒe hamewo me kwasiɖa sia kwasiɖa, si woyɔna be Teokrasi Subɔsubɔ Suku, la me. Togbɔ be menye dɔyɔyɔ na ame siwo metea ŋu ƒoa nu o tae woɖo sukua ɖo o hã la, ekpena ɖe sukuviawo ŋu wobina ɖe nuƒoƒo me hekana ɖe wo ɖokuiwo dzi geɖe wu.

Agbalẽ si wozãna le sukuae nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò. Agbalẽa gblɔ le tanya si nye “Nu Siwo Nàwɔ Ne Èkukɔna” te be: “Ele vevie be nànɔ tɔwò sinua wɔm. . . . Dzra ɖo nyuie ne èyina nu ƒo ge. Wò susu katã nenɔ nu si ƒom nèle dzi. . . . Ne èdze egɔme le [kukɔkukɔm] la, mègatsi dzodzodzoe o, eye ƒo nu kple gbe si le bɔkɔɔ. Mègahe wò glãkawo me o. Wò nyagbewo nenɔ kpuikpuikpui. Ðe nu suesue aɖewo abe ‘um’ kple ‘ah’ ene gbɔgblɔ dzi kpɔtɔ kura.”

Ðe suku sia kpe ɖe Víctor ŋua? Egblɔ be: “Nye susu menɔa ale si meyina nyaa gblɔ gee ŋu o, ke boŋ enɔa nya si gblɔ ge meyina ŋu ale gbegbe be, nyemegaɖoa ŋkui gɔ̃ hã be kuxi aɖeke le ŋunye o. Metoa nye nuƒoa me hã zi geɖe. Vivivi la, nyemegava kukɔna sɔgbɔ o.”