Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke mawɔ aka ɖe ɖokuinye dzi wu?

Aleke mawɔ aka ɖe ɖokuinye dzi wu?

 Sɔhɛwo Biana Be

Aleke mawɔ aka ɖe ɖokuinye dzi wu?

Ɛ̃ AO

Ne èkpɔ ahuhɔ̃e me la, ɖe wò ◯ ◯

dzedzeme dzɔa dzi na wòa?

Ðe nèsena le ɖokuiwò me be ◯ ◯

nɔnɔme nyoameŋuwo le ye sia?

Ðe nètea ŋu nɔa te ɖe hawòtiwo ◯ ◯

ƒe nyaƒoɖeamenu nua?

Ne èwɔ nu gbegblẽ, eye wohe ◯ ◯

nya ɖe ŋuwò ɖe, èlɔ̃na xɔnɛa?

Ðe nètea ŋu ɖua ɖokuiwò dzi ne ◯ ◯

wogblɔ nya gbegblẽ tso ŋuwòa?

Ðe nèsena le ɖokuiwò me be ◯ ◯

amewo lɔ̃ yea?

Ðe nèléa be na ɖokuiwò be ◯ ◯

nànɔ lãmesẽ mea?

Ðe nèkpɔa dzidzɔ kple amewo ◯ ◯

ne nu dze edzi na woa?

Ðe nèsena le ɖokuiwò me be ◯ ◯

nu dze edzi na ye le agbe mea?

Ne èɖo nyabiaseawo dometɔ geɖe ŋu be ao la, ke ɖewohĩ mèbua ɖokuiwò ɖe ɖeke me o ale gbegbe be mègakpɔa ŋutete siwo le asiwò la o! Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàva kpɔ wo!

ESESẼNA na sɔhɛ geɖewo be woaka ɖe woƒe dzedzeme kple ŋutete kpakple ale si amewo bua woe la dzi. Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me nenemaa? Ne nenemae la, ekema nyae be menye wò ɖeka koe o, sea!

“Nu siwo nyemete ŋu wɔ o la nana be dzi ɖena le ƒonye. Zi geɖe la, nye ŋutɔ koŋue bua fɔ ɖokuinye wu.”—Fafali. *

“Ne èdze tugbe alo dze ɖeka abe adɔ ene hã la, àva do go ame aɖe si nya kpɔ wu wò godoo.”—Enyonam.

“Nyemevona le ɖokuinye me le ame dome kura o. Mevɔ̃na be woabum be nyemele ɖeke me o.”—Rachel.

Ne wò nɔnɔmewo sɔ kple ame siawo tɔ la, ekema dzi megaɖe le ƒowò o. Ka ɖe edzi be kpekpeɖeŋu li. Bu nu etɔ̃ siwo nana ame kana ɖe eɖokui dzi ŋu kpɔ; woakpe ɖe ŋuwò nàka ɖe ɖokuiwò dzi geɖe wu.

 1. Dze Xɔ̃

Mawunyakpukpui vevi aɖee nye esi. “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—Lododowo 17:17.

Egɔme ɖe? Xɔlɔ̃ vavã kpena ɖe ame ŋu le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me. (1 Samuel 18:1; 19:2) Enyanya be ame aɖe tsɔ ɖe le eme na wò ɖeɖe hã ana wò dzi nadze eme. (1 Korintotɔwo 16:17, 18) Eya ta de ha kple ame siwo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo wɔa dɔ ɖe dziwò.

“Xɔlɔ̃ vavã magblẽ wò ɖi ne dzi ɖe le ƒowò o.”—Dodzi.

“Ne ènya be ame aɖe tsɔ ɖe le eme na ye vavã la, ema ɖeɖe ana wò dzi nadze eme ɣeaɖewoɣi. Ana nàse le ɖokuiwò me be asixɔxɔ le ye ŋu.”—Emefa.

Ðɔ ŋu ɖo: Na xɔ̃wòwo nagblɔ ale si tututu nèle la na wò—mègana woaɖɔ kesekuku na wò o. (Lododowo 13:20; 18:24; 1 Korintotɔwo 15:33) Ne èƒoa ɖokuiwò ɖe nuwɔna siwo mesɔ o me kple susu be yeadze amewo ŋu la, ɖeko nàva ɖi gbɔ, eye woazã wò dzodzro.—Romatɔwo 6:21.

Nu si wò ŋutɔ hã nàte ŋu awɔ. Ŋlɔ xɔ̃wò si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe ɖokuiwò dzi wu la ƒe ŋkɔ ɖe afi sia.

․․․․․

Ðe manyo be nàwɔ ɖoɖo be mia kple ame si ƒe ŋkɔ nèŋlɔ la miawɔ nuwo ɖekae ɣeaɖewoɣi oa? De dzesii: Mehiã be amea nanye hawòti kokoko o.

2. Kpe Ðe Amewo Ŋu

Mawunyakpukpui vevi aɖee nye esi. “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Egɔme ɖe? Ne èkpe ɖe ame bubuwo ŋu la, ekema wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋue nèle kpekpem ɖo. Le mɔ ka nu? Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ne èna nu ame la, woaɖo eteƒe na wò. Ne èna tsi kplu ɖeka ame la, woana tsi kplu ɖeka wò hã ɖe eteƒe.” (Lododowo 11:25, Contemporary English Version) Nyateƒee wònye: ne èwɔa nyui na amewo la, ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe wu! *

“Mebua nu si mate ŋu awɔ na ame bubuwoe ŋu, eye medzea agbagba be mawɔ nu si hiã míaƒe hamea me tɔ aɖe la nɛ. Ne melɔ̃ amewo hetsɔ ɖe le eme na wo la, enana nye dzi dzea eme.”—Esenam.

“Subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖea vi, elabena ana nàdzudzɔ ɖokuiwò ŋu bubu ahabu ame bubuwo ŋu.”—Mawuli.

Ðɔ ŋu ɖo: Mègakpe ɖe amewo ŋu kple susu be yeakpɔ nane tso wo gbɔ kokoko o. (Mateo 6:2-4) Ne menye susu nyui ye nètsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu o la, màkpɔ dzidzɔ aɖeke o. Adze na amewo enumake be ameŋkumenu ko wònye wɔm nèle!—1 Tesalonikatɔwo 2:5, 6.

 Nu si wò ŋutɔ hã nàte ŋu awɔ. Ðo ŋku ame aɖe si ŋu nèkpe ɖo kpɔ la dzi. Ame kae, eye kpekpeɖeŋu kae nènae?

․․․․․

Aleke nèse le ɖokuiwò me esi nèkpe ɖe eŋu?

․․․․․

Gàbu ame aɖe si hã ŋu nàte ŋu akpe ɖo la ŋu, eye ŋlɔ kpekpeɖeŋu si nàte ŋu anae la ɖi.

․․․․․

3. Mègatsɔ Anyidzeƒe Wɔ Anyimlɔƒe o

Mawunyakpukpui vevi aɖee nye esi. “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.”—Romatɔwo 3:23.

Egɔme ɖe? Èlɔ̃ o, ègbe o, nyae be mède blibo o. Esia fia be ɣeaɖewoɣi la, vodada ate ŋu aɖi ɖe wò le nyagbɔgblɔ alo nuwɔna me. (Romatɔwo 7:21-23; Yakobo 3:2) Togbɔ be vodada aɖi ɖe wò godoo hã la, àte ŋu alé ɖokuiwò. Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adre, eye wògafɔna.”—Lododowo 24:16.

“Ne míetsɔa mía ɖokui sɔna kple ame bubuwo le nu siwo wotea ŋu wɔna, si míawo ya míetea ŋu wɔna o me la, ana míabu mía ɖokui ɣeaɖewoɣi be míele ɖeke me o.”—Kekeli.

“Nyuiƒe kple gbegblẽƒe le ame sia ame ŋu. Ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe nyuiƒewo ŋu ahatrɔ asi le míaƒe gbegblẽƒeawo ŋu.”—Lauren.

Ðɔ ŋu ɖo: Mègatsɔ blibomademade ɖo ŋgo anɔ nu vɔ̃ wɔm o. (Galatiatɔwo 5:13) Ne èɖoe koŋ wɔa nu vɔ̃ la, awɔe be ame vevitɔ si nàdi be wòakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò, si nye Yehowa Mawu, magakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò o!—Romatɔwo 1:24, 28.

Nu si wò ŋutɔ hã nàte ŋu awɔ. Ŋlɔ nɔnɔme si nàdi be yeatu ɖo geɖe wu la ɖe afi sia.

․․․․․

Ŋlɔ egbe ƒe ɣletiŋkekea ɖe nɔnɔme si nèŋlɔ ɖi la gbɔ. Ku nu me le ale si nàwɔ atu nɔnɔme sia ɖo geɖe wu la ŋu, eye le ɣleti ɖeka megbe la, kpɔe ɖa be ète ŋu ɖo egbɔ hã.

Asixɔxɔ Si Ŋutɔŋutɔ Le Ŋuwò

Biblia gblɔ be: “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo.” (1 Yohanes 3:20) Esia fia be Mawu ate ŋu akpɔ asixɔxɔ si le ŋuwò, ne wò ŋutɔ màte ŋu akpɔe le ɖokuiwò ŋu o hã. Gake ɖe ale si mètea ŋu wɔa nanewo nyuie o la na be asixɔxɔ ma ɖiɖia? Enyo, tsɔe be GH₵ 50 (alo 10,000 CFA) ɖeka le asiwò, gake eƒe akpa vi aɖe vuvu. Ðe nàtsɔe aƒu gbe alo abui be maɖe vi aɖeke na ye o le esi wòvuvu taa? Gbeɖe! Evuvu o, mevuvu o, asixɔxɔ ma koe gakpɔtɔ le eŋu.

Nenema ke Mawu bua wòe. Ekpɔa agbagba siwo nèdzena be yeadze eŋu, eye wòdea asixɔxɔ wo ŋu, aleke kee woɖadze nu sue na wò ŋutɔe o! Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be, “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ, be wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta” be o.—Hebritɔwo 6:10.—g10-E 05

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 30 Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, dzi adzɔ wò ŋutɔ ne ègblɔa Fiaɖuƒe gbedeasia na amewo.—Yesaya 52:7.

BU NYA SIAWO ŊU

Nu kae nàwɔ ne èva le sesem le ɖokuiwò me be yemeɖi naneke o elabena

● Hawòtiwo ɖia gbɔ wò?

● Ewɔna na wò be yemenyo abe ame bubuwo ene o?

● Wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu koe wò susu nɔna?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Ame aɖe ate ŋu adze tugbe alo adze ɖeka ŋutɔ, gake anɔ bubum be yemenya kpɔ o. Ame aɖe hã madze tugbe alo adze ɖeka o, gake anɔ bubum be yenya kpɔ wu ame sia ame. Ale si wò ŋutɔ nèbua ɖokuiwòe nye nyaa.”—Adzovi

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Ehiã be nane nalé xɔ sesẽwo gɔ̃ hã ɖe te, eye eva hiãna ɣeaɖewoɣi hã be woadzra wo ɖo. Zi geɖe la, nu si léam ɖe tee nye dzideƒonamenya siwo xɔ̃nyewo gblɔ, alo asikplakɔname ɖeɖe dzaa.”

“Le esi teƒe be wòate ɖe mía dzi be nɔnɔme nyuiwo le amewo si evɔ mele míawo ya si o la, míate ŋu ana woƒe nɔnɔme nyuiawo naɖe vi na mí boŋ—abe ale si ko mía tɔwo hã ate ŋu aɖe vi na wo ene.”

[Nɔnɔmetatawo]

Aubrey

Lauren

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Asixɔxɔ si le ga ŋu dzi meɖena kpɔtɔ le esi wòvuvu ta o. Nenema kee asixɔxɔ si le ŋuwò le Mawu gbɔ hã dzi maɖe akpɔtɔ le esi mètea ŋu wɔa nanewo nyuie o ta o