Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie

Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie

Dzimaɖitsitsi Ate Ŋu Agblẽ Nu Le Ame Ŋu Vevie

“Menɔa dɔ dzi ʋuu zã kple keli. Zi geɖe la, ne meko ame le kɔ ɖeka dzi vɔ la, ke megadze ʋu me, eye le miniti ʋɛ aɖewo megbe, ne mete ŋu to ʋu gbogbo siwo le mɔa dzi dome dedie la, ke megadzea ame bubu koko le kɔ bubu dzi.”—Ðɔkta Peter Stuart, si le South Africa.

NE NU bubuwo kura ye na wò ya nètsi dzimaɖi hã la, ɖewohĩ ènya ale si Ðɔkta Stuart sena le eɖokui me. Eɖanye ale si mètea ŋu ɖoa afi si yim nèle kaba o le esi ʋuwo sɔa gbɔ ɖe mɔa dzi ta, alo ale si wò aƒe me alo dɔ me mefa o, alo nu bubu aɖe, gbɔe wòtsona be nètsia dzimaɖi o, nyae be menye egbee dzimaɖitsitsi ƒe kuxi sia dze egɔme o.

Ƒe 3,000 kple edzivɔe nye esia la, ŋutsu aɖe si aʋawɔwɔ ma la ʋu eme be: “Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye nye lãme ble fu.” (Psalmo 55:6) Ŋutsu sia nya nu si dzimaɖitsitsi nye. Esi wònye alẽkplɔla le eƒe ɖevime la, edo go dzata kple sisiblisi, eye aʋame aɖe do ŋɔdzi nɛ heɖoe be yeawui.—1 Samuel 17:4-10, 23, 24, 34-36, 41-51.

Dzimaɖitsitsi menye nu gbegblẽ le eɖokui si o. Ate ŋu ana ame nadi be yeadze agbagba ate nu sesẽ aɖe wɔwɔ kpɔ. Ne amewo ƒe agbe ɖo afɔku me la, ale si wotɔtɔna le wo ɖokui me hetsia dzimaɖi la nana wotea ŋu wɔa avu dona le nɔnɔme sesẽ aɖewo me wòwɔa nuku na woawo ŋutɔwo. Ne ètsi dzi ɖe dɔ vevi aɖe wɔwɔ ŋu la, ekema lãmetsi aɖe si woyɔna be adrenaline la adzi asɔ gbɔ ɖe lã me na wò, si akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ dɔa ɖe game dzi. *

Gake ne ame tsi dzimaɖi eteƒe didi ale gbegbe be eƒe ŋutilã de vovo ge do kpoe la, ate ŋu agblẽ nu. Numekula aɖe gblɔ be: “Dzimaɖitsitsie nye nu vevitɔ si nana míenɔa lãmesẽ me hekpɔa dzidzɔ o.” Ne ewɔ na wò be dzimaɖitsitsia wu tsɔtsɔ na ye, alo mèdi be wòaɖo afi ma o la, ke àbia be: “Ðe nane li mate ŋu awɔ, si ana nyematsi dzimaɖi fũu akpa oa?”

Dzidzɔnyae nye be, nane li nàte ŋu awɔ! Ɛ̃, nane li, si ame geɖe wɔ hekpɔ gbɔdzɔe, eye ame sia me ate ŋu awɔe. Nu si mànya nɔ mɔ kpɔm na o lae kpe ɖe wo ŋu—eyae nye Mawu ƒe Nya, Biblia. Togbɔ be menye atikewɔgbalẽe Biblia nye o hã la, aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le eme, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Eɖe nu si tae ame geɖe tsi dzimaɖi egbea ɖo la me, eye wòyɔ nu siwo nana amewo tsia dzimaɖi hã dometɔ aɖewo. Efia mɔ nyui aɖewo hã, siwo akpe ɖe mía ŋu be míagatsi dzimaɖi fũu o, alo aɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ.—g10-E 06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Lãmetsi sia kpena ɖe ame ŋu wòtea ŋu trɔna ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne ehiã be wòawɔ nu kpata.