Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afi Kae Míatrɔ Ðo Hena Mɔfiafia?

Afi Kae Míatrɔ Ðo Hena Mɔfiafia?

Afi Kae Míatrɔ Ðo Hena Mɔfiafia?

AME kae ate ŋu afia mɔ si dzi míato akpɔ dzidzedze vavãtɔ—dzidzeme ŋutɔŋutɔ, ke menye dzidzedzekpɔkpɔ abe ale si xexea bunɛ ene ola mí? Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, ne mede ɖeke o la, ele be dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ nado ƒome kple agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖose nyuiwo kple agbemetaɖodzinu vavã siwo nye nu siwo menɔa te ɖe ŋkɔxɔxɔ, kesinɔnu, alo ŋusẽ ƒe amesisusu dzi o.

Afi kae míate ŋu akpɔ gɔmeɖose ɖɔʋu siwo dzi míate ŋu aka ɖo kpakple biabia siwo ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu ŋuti la ƒe ŋuɖoɖowo le? Ðe míake ɖe wo ŋu to mía ɖokui me dzodzro mea? Ele be míalɔ̃ ɖe nyateƒenya sia dzi be, esi míenye ame madeblibowo ta la, dzodzro vɔ̃wo nyɔna ɖe mía me, siwo ate ŋu ana míawɔ nyametsotso gbegblẽwo. (1 Mose 8:21) Eya tae ame miliɔn geɖe gakpɔtɔ le nu siwo nye tofloko, siwo ŋu Biblia ƒo nu tso be wonye “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro kple ame ƒe nunɔamesiwo fiafia adegbeƒoƒotɔe be woakpɔ,” yome tim ɖo. (1 Yohanes 2:16) Menye mɔ si dzi woato akpɔ dzidzedze vavãtɔe nye ema o, ke boŋ beble si kplɔa ame dea mɔkpɔkpɔbuɖeame kple dzidzɔmakpɔmakpɔ mee wònye. Ekema susu nyuiwo tae ame geɖe trɔna ɖe mía Wɔla la ŋu be wòafia mɔ yewo le ŋuɖoɖowo didi na agbe me biabia veviwo me ɖo. *

Ðe Wòle Be Míatrɔ Ðe Mawu Ŋua?

Nu ka tae nunya le eme be míadi mɔfiafia tso mía Wɔla gbɔ? Enya nu si ta wòwɔ mí ɖo, eye le esia ta, enya tameɖoɖo si wòle be wòanɔ míaƒe agbe ŋu. Enya ale si wòwɔ míi—le ŋutilã, tamesusu, kple seselelãme gome—hã. Eya ta Mawue nya gɔmeɖose siwo nye nyuitɔ kekeake siwo nu wòle be amegbetɔwo nanɔ agbe ɖo. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu nye lɔlɔ̃, eya ta edi be dzidzɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ nasu mía si. (1 Yohanes 4:8) Afi kae míate ŋu akpɔ eƒe mɔfiame siwo me lɔlɔ̃ le la le? Biblia Kɔkɔe la, si Mawu to ame vovovo 40 siwo wòzã abe agbalẽŋlɔlawo ene dzi ŋlɔ la mee. * (2 Timoteo 3:16, 17) Gake aleke míawɔ ate ŋu aka ɖe mɔfiame siwo míakpɔ le eme la dzi?

Yesu Kristo si nye Mawu teƒenɔla gãtɔ kekeake la gblɔ be: “Nunya ƒe dɔwɔwɔwo mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le.” (Mateo 11:19; Yohanes 7:29) Mawumenunya kplɔa ame toa dzidzedzekpɔkpɔ kple dzidzɔ mavɔ ƒe mɔ—“mɔ nyuiwo katã”—dzi, gake amegbetɔ ƒe nunya si me Mawu ƒe mɔfiafia mele o ya kplɔa ame yia dzidzedzemakpɔmakpɔ kple dzidzɔmakpɔmakpɔ me.—Lododowo 2:8, 9; Yeremiya 8:9.

Bu ƒe 1960 ƒeawo ƒe sɔhɛ dzego siwo do ablɔɖe gbadzaa ɖe ŋgɔ le ƒe mawo me ŋu kpɔ. Sɔhɛ mawo tsi tsitre ɖe dzidzime siwo do ŋgɔ ƒe dzidzenuwo kple ɖoɖowo ŋu hedo nu bubuwo abe atike vɔ̃ɖiwo zazã, agbenɔnɔ na egbea ɖeɖe ko ƒe nukpɔsusuwo, kple gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔnawo me faa ene ɖe ŋgɔ. Gake ɖe agbenɔnɔ le mɔ sia nu ɖe nunya vavãtɔ fia? Ðe wòna tameɖoɖo vavã va nɔ woƒe agbe ŋu eye agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu siwo naa ame kpɔa dzidzeme kple dzidzɔ vavã la su wo sia? Ŋutinyamenudzɔdzɔwo ɖee fia be agbenɔnɔ le mɔ ma nu mena amewo ƒe agbenɔnɔ va ɖɔ ʋu wu o, ke boŋ ɖe wòna amegbetɔwo ƒe agbe nyui manɔmanɔ gale to yim ɖe edzi.—2 Timoteo 3:1-5.

To vovo na amegbetɔwo ƒe xexemenunya si nu va yina kaba la, Biblia me nunya ya sɔna na ɣiyiɣi ɖe sia ɖe. (Yesaya 40:8) Ne èxlẽ nyati si kplɔe ɖo la, àse nu si tae la gɔme, elabena edzro Biblia me gɔmeɖose ade siwo kpe ɖe ame miliɔn geɖe, siwo tso dukɔ ɖe sia ɖe kloe me ŋu wokpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ hele dzidzɔ vavãtɔ kpɔm, ɖoƒe kae ɖale wo si le agbe me o, woɖanye kesinɔtɔwo alo ame dahewo o, la me.—g08 11-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ aɖaka si nye “Nukpɔsusu Siwo Na Dzidzedzekpɔkpɔdidi Zu Yaka.”

^ mm. 5 Kpɔ magazine sia ƒe tata tɔxɛ si do le November 2007 me le yevugbe me, si dzro tanya si nye “Àte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?” (“Can You Trust the Bible?” alo “ Pouvez-vous avoir confiance en la Bible ? ”) me. Nyati siwo le tata ma me ƒo nu tso tomenukuku, blemaŋutinya, dzɔdzɔmeŋutinunya, kple nu bubuwo ŋuti kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso vavã la ŋu.

[Aɖaka si le axa 5]

NUKPƆSUSU SIWO NA DZIDZEDZEKPƆKPƆDIDI ZU YAKA

Ame geɖe gblɔna be Mawu aɖeke meli o eye be ɖeko agbe dzɔ le eɖokui si to nɔnɔmetɔtrɔ dzi. Ne nya sia nye nyateƒe la, ekema afia be nudogoɖenunu aɖe si na nuwo va nɔa tɔtrɔm tso wo nɔewo me gbɔ koe agbe dzɔ tso, eye gɔmesese sia ana míakpɔe be viɖe aɖeke manɔ agbagba siwo míadze be míanya tameɖoɖo si le agbe ŋu kple gɔmeɖose matrɔmatrɔ siwo kplɔa xexea la me ŋu o.

Ame bubuwo hã xɔ edzi se be ɖeko Mawu wɔ mí ko hegblẽ mí ɖi. Le nyateƒe me la, nukpɔsusu sia fia be míenye tsyɔ̃eviwo le gbɔgbɔmegɔmesese nu, si fia be tameɖoɖo kple dzidzenu aɖeke mele míaƒe agbe ŋu o. Bu eŋu kpɔ: Mawu na dzɔdzɔmenunya lãwo be woƒe nuwɔna nasɔ ɖe tameɖoɖo si ta wòwɔ wo ɖe xexea me la nu. Esia wɔe be eƒe nunya si me goglo ŋutɔ la dzena míekpɔna le xexe si ƒo xlã mí me. Ðe Wɔla ma ke awɔ mí ko ahagblẽ mí ɖi be míanɔ dagbadagbam mɔfiafia aɖeke manamana mía? Mate ŋu anɔ alea gbeɖe o!—Romatɔwo 1:19, 20.

Esi Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi maxɔselawo ƒe nukpɔsusuwo na viɖe aɖeke megale tameɖoɖo si le agbe ŋu kpakple gɔmeɖose matrɔmatrɔ siwo kplɔa xexea didi ŋu o ta la, dzidzedzekpɔkpɔdidi zu yakanu na amewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nunya si dze le Biblia me ƒe dɔwɔwɔwo me tsonu nyuiwo na wòdze ƒãa be esɔ