Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣekaɣie Wodzi Yesu?

Ɣekaɣie Wodzi Yesu?

 Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ɣekaɣie Wodzi Yesu?

NUMEKUGBALẼ aɖe gblɔ be: “Ŋkeke si tututu dzi wodzi Kristo la mele nyanya o.” (Encyclopedia of Early Christianity) Ke hã, ame miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la ɖua Yesu ƒe dzigbezã le December 25 lia dzi. Gake ŋkeke sia medze le Biblia ƒe akpa aɖeke o. Nyateƒee wònye be December mee wodzi Yesua?

Togbɔ be Biblia meyɔ ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o hã la, ena kpeɖodzi siwo ɖee fia be menye December mee wodzii o. Azɔ hã, míate ŋu akpɔ nu si tae wotia December 25 lia be wòanye Yesu ƒe dzigbezã la le xexemegbalẽwo me.

Nu Ka Ta Manye December Mee Wodzii O?

Yudatɔwo ƒe du si nye Betlexem mee wodzi Yesu le. Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa ka nya ta be: “Alẽkplɔlawo hã nɔ nuto ma ke me le [gbedzi], nɔ woƒe lãhawo ŋu dzɔm le zã me.” (Luka 2:4-8) Esia mewɔ nuku o. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso ale si nuwo nɔ le Yesu ƒe ɣeyiɣiawo me ŋu gblɔ be: “Wokplɔa lãhawo yia gbedzi le ƒea ƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ me.” Gake ɖee alẽkplɔlawo akplɔ woƒe alẽwo ayi gbedzi le zã me le December me, si nye vuvɔŋɔlia? Agbalẽa gblɔ be: “Alẽwo nɔa kpo me le vuvɔŋɔli, eye esia ɖeɖe nye kpeɖodzi be ŋkeke si dzi woɖua Kristmas, si nye vuvɔŋɔli la, mate ŋu anye ŋkeke si dzi wodzi Yesu o, le esi Nya Nyui Gbalẽa gblɔ be alẽkplɔlawo nɔ gbedzi ta.”—Daily Life in the Time of Jesus.

Nyataƒoƒo sia wɔ ɖeka kple numeɖeɖe bubu si le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa me be: “Le ŋkeke mawo me la, sedede tso Kaisaro Augusto gbɔ be woaŋlɔ anyigba dzi nɔlawo katã ƒe ŋkɔ; (ŋkɔŋɔŋlɔ gbãtɔ sia va eme esime Kirenio nye nutomefia le Siria;) eye amewo katã zɔ mɔ yi be woaŋlɔ yewo ŋkɔ, ame sia ame le wo dedu me.”—Luka 2:1-3.

Augusto anya de se be woaxlẽ amewo ahade woƒe ŋkɔ agbalẽ me ale be nyatakaka siwo ŋu dɔ wòate ŋu awɔ le adzɔxɔxɔ me eye wòanya ame siwo ate ŋu awɔ asrãfodɔ la nasu esi. Esi Maria di be yeawɔ sededea dzi ta la, togbɔ be fu tsi le eƒo ŋutɔ hã la, ekplɔ srɔ̃a Yosef ɖo, wozɔ mɔ kilomita 150 tso Nazaret yi Betlexem. Azɔ bu eŋu kpɔ. Ðe nèsusu be nunya anɔ eme be Augusto —fia gã si melɔ̃a nudede nuto vovovoawo ƒe ɖoɖowo me fũu o—la abia tso dukɔ si me tɔwo nɔ didim be yewoadze aglã xoxo la si be woazɔ mɔ legbee ma le vuvɔŋɔlia?

Eɖe dzesi ŋutɔ be ŋutinyaŋlɔla kple Biblia ŋuti nunyala akpa gãtɔ melɔ̃ ɖe edzi be December 25 lia dzie wodzi Yesu o. Ðikeke mele eme o be àke ɖe nyatakaka siawo ƒomevi ŋu le encyclopedia ɖe sia ɖe si dzi wò asi ate ŋu asu me. Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe edzi be menye December 25 lia dzie wodzi Yesu o.”—Our Sunday Visitor’s Catholic Encyclopedia.

Nu Si Ta Wotia December 25 Lia

Ƒe alafa geɖewo le Yesu ƒe ku megbe hafi wova tia December 25 lia be wòanye eƒe dzigbe. Nu ka tae? Ŋutinyanyalawo xɔ edzi se be le nyateƒe me la, ƒea ƒe ɣeyiɣi si me trɔ̃subɔlawo ɖua woƒe azã vovovowoe wotia hena Kristmasɖuɖu.

Le kpɔɖeŋu me, numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ale si woɖea afi si azã sia dzɔ tso me, si le nyanya na ame geɖe ye nye be December 25 lia nye ŋkeke si dzi woɖua azã aɖe si woyɔna be dies solis invicti nati (‘ɣe si dzi womate ŋu aɖu o ƒe dzigbezã’) le Roma Fiaɖuƒea me, le ƒea ƒe ɣeyiɣi ma si me ŋkeke nɔa kpuie wu zã le la wònyea dzesi na ɣea ƒe tɔtrɔgbɔ kple vuvɔŋɔli ƒe nuwuwu tsɔ naa amewo nyana be ada kple dzomeŋɔli le ɖoɖom, si wotrɔ wòva zu Kristotɔwo ƒe azã.”—Encyclopædia Britannica.

Numekugbalẽ bubu aɖe hã na míenya be: “Susu si ta wotia December 25 lia be wòanye Kristmas la me mekɔ tututu o, gake zi geɖe la, wogblɔna be ɖe wotia ŋkeke ma be wòawɔ ɖeka kple trɔ̃subɔlawo ƒe azã siwo woɖuna le vuvɔŋɔli ƒe ɣeyiɣi si me ŋkeke va tea didi wu zã le, be woatsɔ aɖu azã na ‘ɣe ƒe tɔtrɔgbɔ.’ . . . Woɖua Romatɔwo ƒe Saturnalia (si nye azã si woɖuna na Saturn, si nye agbledede ƒe mawu, kple hena ɣe ƒe ŋusẽ yeye si gado) la, hã le ɣemaɣi.” (The Encyclopedia Americana) Zi geɖe la, azã siawo ɖulawo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ me, eye wowɔa dzidzɔdonamenuwɔna gbɔmewo henɔa ɣli dom bobobo. Eɖe dzesi ŋutɔ be nuwɔna siawo tututu kee yia edzi le Kristmaszãɖuɖu geɖe me egbea.

Ale Si Wòle Be Míade Bubu Kristo Ŋu

Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be ŋkeke ka kee ɖanye Yesu ƒe dzigbe ŋutɔŋutɔ o, ele kokoko be Kristotɔwo naɖu eƒe dzigbezã. Wosusuna be azã sia ɖuɖu le bubumɔ nu nye mɔ nyui aɖe si dzi woato ade bubu Kristo ŋu.

Le nyateƒe me la, nudzɔdzɔ vevi aɖee Yesu dzidzi nye le Biblia me ŋutinyawo me. Biblia gblɔ be esime wodzi Yesu la, mawudɔla gbogbo aɖewo va do enumake hetsɔ dzidzɔ nɔ Mawu kafum nɔ gbɔgblɔm be: “Ŋutikɔkɔe na Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa nanɔ ame siwo ŋu wòkpɔa ŋudzedze ɖo la dome le anyigba dzi.” (Luka 2:13, 14) Gake enyo be míade dzesii be womegblɔ le Biblia ƒe akpa aɖeke alo ka fee gɔ̃ hã be ele be woaɖu Yesu ƒe dzigbezã o. Gake wode se le Biblia me tẽe be woawɔ eƒe ku ƒe ŋkuɖodzi, eye esiae Yehowa Ðasefowo wɔna zi ɖeka le ƒe me. (Luka 22:19) Mɔ aɖe si dzi woato ade bubu Yesu ŋue nye esia.

Le zã mamlɛtɔ si Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi me la, egblɔ be: “Ne miewɔa nu siwo ƒe se dem mele na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.” (Yohanes 15:14) Egblɔ hã be: “Ne mielɔ̃am la, ekema miawɔ nye sewo dzi.” (Yohanes 14:15) Eme kɔ ƒãa be mɔ nyuitɔ aɖeke megali si dzi woato ade bubu Yesu Kristo ŋu wu nusɔsrɔ̃ tso nu siwo wòfia ŋu kple wɔwɔ ɖe wo dzi me o.—g08 12-E.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

▪ Nu ka tae mate ŋu anye December mee wodzi Yesu o?Luka 2:1-8.

▪ Nu kae le vevie wu ame ƒe dzigbe?Nyagblɔla 7:1.

▪ Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi woato ade bubu Yesu ŋu?Yohanes 14:15.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

Kpeɖodziwo le Biblia me siwo ɖee fia be menye December mee wodzi Yesu o

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ðe alẽkplɔlawo anɔ zã me le gbedzi kple woƒe alẽwo le vuvɔ mea?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Todd Bolen/Bible Places.com