Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Dzidzedzekpɔkpɔ Zu Nu Sesẽ

Ne Dzidzedzekpɔkpɔ Zu Nu Sesẽ

 Ne Dzidzedzekpɔkpɔ Zu Nu Sesẽ

Ðetugbui aɖe zu hadzila xɔŋkɔ le eƒe ƒe 20-awo me eye wòkpɔ hotsui ŋutɔ. Ame ʋɛ aɖewo koe xɔ ŋkɔ eye ga nɔ wo si abe ɖetugbui sia ene esime woxɔ ƒe sia tɔgbi. Gake nuwo va te gbegblẽ le eƒe agbe me. Esi eƒe srɔ̃ɖeɖe eve me gblẽ vɔ megbe la, eva hiã be wòaɖanɔ ahanomunɔwo kple atike vɔ̃ɖi zãlawo dzi kpɔƒewo. Megava nya ta le eƒe agbe ŋu kura o.

NUBLANUITƆE la, menye ɖetugbui sia ɖeɖe ko dzie nu sia dzɔ ɖo o; nu wɔnublanui sia dzɔna ɖe ame xɔŋkɔwo dzi eye nyadzɔdzɔgbalẽwo kaa nya ta tso wo ŋu edziedzi. Le dukɔ deŋgɔwo kura gɔ̃ hã me la, ame siwo dze abe ɖe nu dze edzi na wo ene la tɔtɔna le agbe me zi geɖe. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ tso ame siwo kpɔ dzidzedze wu le ganyawo gome le New York City ŋu be: “Hloloetsotso be woakpɔ viɖe si gbegbe ame aɖeke mekpɔ kpɔ o la le ƒomewo gbãm eye wòna atike muame dzralawo le dɔ dzi. . . . Togbɔ be viɖekpɔkpɔ alea ƒe nunana tɔxɛwo xɔxɔ naa Amerika Gasitsaƒe Gã (Wall Street) ƒe gasitsala aɖewo sena le wo ɖokui me be ame aɖeke mate ŋu awɔ wu yewo o hã la, nyaƒoɖeamenu si li be woaʋli ayi ŋgɔ la naa nu tena ɖe wo dometɔ aɖewo dzi ale gbegbe be ɖeɖi tea wo ŋu belibeli.”

Ðe kuxi siawo ƒomevi doa mo ɖa le esi amewo dzea agbagba be yewoakpɔ dzidzɔ kple dzidzedze to mɔ si mesɔ o dzi ta? Enye nyateƒe be míehiã ga aɖe si nu le agbe me. Gake ɖe kɔlili kesinɔnuwo nana ame kpɔa dzidzedze ŋutɔŋutɔa? Numekukuwo ɖee fia be menye nenemae o. Le kpɔɖeŋu me, numekuku aɖe si wowɔ le China nyitsɔ laa ɖee fia be togbɔ be dɔwɔlawo ƒe fetu va dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple afã hã la, nu siwo va su wo si mena woƒe dzi dze eme o.

Ekema, edze ƒãa be nu bubu aɖe, si le vevie wu ame ƒe dɔwɔɖui, kple eƒe aƒe, ʋu, alo gaƒoɖokui ƒe asixɔxɔ, ye wòle be wòaɖee afia be ame kpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ. Ðe mele be nu si naa wokpɔa dzidzedze la nanye nu si aɖe nu si tututu ame nye ŋutɔŋutɔ, si ado ƒome kple tameɖoɖo si le ame ƒe agbe ŋu kple gɔmeɖose siwo nu wònɔa agbe ɖo la, boŋ afia oa? Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ame aɖe dze aɖaŋu ŋutɔ eye wòkpɔ ŋusẽ ale gbegbe, evɔ wòhenye ame ƒuƒlu le amelɔlɔ̃ kple agbe nyui nɔnɔ gome, eye xɔlɔ̃ vavã aɖeke mele esi o. Ame aɖe hã ƒe ŋkɔ ate ŋu anyɔ eye kesinɔnu geɖe anɔ esi, evɔ ne etrɔ kpɔ megbe la wòabia eɖokui be, ‘Viɖe kae le nu siawo katã ŋu? Gɔmesese kae le nye agbe ŋu?’

Azɔ míate ŋu aƒo nya ta be ele be gɔmesese deto aɖe nanɔ ame siwo kpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ la ƒe agbe ŋu, eye gɔmeɖose nyuiwo nanɔ mɔ fiam woƒe agbenɔnɔ. Ema ko hafi dzidzeme asu wo si, woase le wo ɖokui me be bubu le yewo ŋu, eye amewo ade bubu wo ŋu. Woanye ame siwo ƒe agbe ŋu tameɖoɖo vavã aɖe anɔ, si le vevie wu woawo ŋutɔwo ƒe viɖe ko didi, si ana gɔmesese nanɔ woƒe agbe ŋu eye wòana woakpɔ dzidzɔ. Ame aɖewo abia be, ‘Gɔmeɖose kawoe?’ ‘Eye tameɖoɖo kae?’ Ðe míate ŋu ake ɖe biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu le mía ɖokuiwo sia? Alo ɖe wòle be míadi ŋuɖoɖoawo le afi bubu aɖea? Nyati eve siwo kplɔ esia ɖo aɖe nya siawo me.—g08 11-E.

[Aɖaka si le axa 3]

DZIDZEDZEKPƆKPƆ ŊUTI NUKPƆSUSU TOTRO

Lãmesẽmenɔnɔ ŋuti numekulawo gblɔ be sɔhɛ kamedefefewɔla geɖe wu va le lɔlɔ̃m fifia be yewoazã atike vɔ̃ɖi gblẽnuleameŋuwo bene yewoate ŋu aɖu dzi le kamedede me. Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe ka nya ta be: “Esi wobia gbe kɔledzidela aɖewo le numekuku aɖe me nyitsɔ laa be, ‘Ne ènya be yeaɖu dzi alo woatia ye de hoʋlila bibiwo dome ne yezã atike vɔ̃ɖi, evɔ le ƒe atɔ̃ megbe àdze dɔ ɖe, àlɔ̃ azãea?’ hã la, wo katã kloe ɖo eŋu be ɛ̃. Esi wotrɔ nyaa bia be ‘ne ènya be yeaku le ƒe atɔ̃ megbe ɖe?’ hã la, wo dometɔ 65 le alafa me galɔ̃ ɖe edzi be yewoazãe.”—Education Update.