Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi Ade Siwo Nana Ame Kpɔa Dzidzedze

Nu Vevi Ade Siwo Nana Ame Kpɔa Dzidzedze

 Nu Vevi Ade Siwo Nana Ame Kpɔa Dzidzedze

DZIDZEDZEKPƆKPƆ vavãtɔ nye keke ɖe agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake, si tso Mawu ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ me, si wɔa ɖeka kple tameɖoɖo si le Mawu si na mí la ŋu. Biblia gblɔ be ame si nɔa agbe ɖe mɔ sia nu la ‘aɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nu sia nu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wòdzea edzi nyuie!’—Psalmo 1:3.

Ɛ̃, togbɔ be míede blibo o eye míewɔa vodada hã la, míaƒe agbe bliboa ate ŋu adze edzi na mí nyuie! Ðe nàdi be nuwo nadze edzi na ye le agbe mea? Ne nenemae la, ekema Biblia me gɔmeɖose ade siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinu ma gbɔ, eye wòanye kpeɖodzi si me kɔ ƒãa be nufiafia siwo le Biblia me la nye nunya si tso Mawu gbɔ vavã.—Yakobo 3:17.

1 Ga Ŋuti Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò

“Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃, eye esi ame aɖewo ti lɔlɔ̃ sia ƒomevi yome la, . . . wotsɔ vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.” (1 Timoteo 6:10) De dzesii be menye ga, si mí katã míehiã atsɔ akpɔ mía kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ la ŋutɔe nye kuxia o, ke boŋ galɔlɔ̃ ye. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ ma naa ga va ɖua aƒetɔ ɖe ame dzi, alo zua ame ƒe mawu.

Abe ale si míekpɔe le nyati siawo siwo kplɔ wo nɔewo ɖo ƒe gbãtɔ me ene la, le nyateƒe me la, ame siwo tiaa kesinɔnuwo yome ŋukeklẽtɔe kple susu be ana yewoakpɔ dzidzedze ŋutɔŋutɔ la le dagbadagbam ɖe ya me. Menye ɖeko mɔkpɔkpɔ va buna ɖe wo ko o, ke ame siawo hea vevesese geɖe vaa wo ɖokuiwo dzi hã. Le kpɔɖeŋu me, ne amewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe kesinɔnudidi me kutɔkutɔe la, zi geɖe la, wotsɔa woa kple woƒe ƒomea kpakple wo xɔlɔ̃wo dome ƒomedodo saa vɔe. Ame aɖewo hã medɔa alɔ̃ ale si dze o—ne menye le dɔwɔɖui ta o la, ke anye le dzimaɖitsitsi ta. Nyagblɔla 5:11 gblɔ be: “Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋee o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.”

Menye ɖeko ga ɖua aƒetɔ ɖe ame dzi vɔ̃ɖitɔe o, ke eblea ame hã. Yesu Kristo ƒo nu tso “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ŋu. (Marko 4:19) Ne míagblɔe bubui la, kesinɔnuwo dzena abe ɖe woana amewo nakpɔ dzidzɔ ene, gake mevaa eme nenema o. Ðeko woganana ame dina be kesinɔnu geɖe wu nasu ye si. Nyagblɔla 5:9 gblɔ be: ‘Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o.’

Kpuie ko la, galɔlɔ̃ nye nugbegblẽ le ame ɖokui ŋu eye mlɔeba la, enaa mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame, nu tena ɖe ame dzi, alo kplɔa ame dea nu vlo wɔwɔ me gɔ̃ hã. (Lododowo 28:20) Nu siwo do ƒome kplikplikpli kple dzidzɔ kple dzidzedzekpɔkpɔe nye dɔmenyonyo, tsɔtsɔke, agbe ɖɔʋu nɔnɔ, lɔlɔ̃, kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu.

2 Tu Dɔmenyonyo Ƒe Gbɔgbɔ Ðo

“Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Togbɔ be nunana ame ɣeaɖewoɣi ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ hã la, ne nunana ame zu numame na mí la, ate ŋu ana míazu dzidzɔme. Le nyateƒe me la, woate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia le mɔ vovovowo nu. Mɔ nyuitɔ siwo dzi míato aɖee afia le dometɔ ɖeka si dzea ame ŋu ŋutɔ lae nye míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ zazã ɖe ame bubuwo ŋu.

Esi numekula Stephen G. Post to numekuku geɖe me tso ɖokuitsɔtsɔna, dzidzɔkpɔkpɔ, kple lãmesẽmenɔnɔ ŋu megbe la, eƒo nya ta be ɖokuitsɔtsɔna kple kpekpeɖeŋunana amewo do ƒome kple agbe didi nɔnɔ, dzidzemekpɔkpɔ, kple ŋutilã kple susu me lãmesẽ me nɔnɔ, eye wòɖea blanuiléle dzi kpɔtɔ.

Gakpe ɖe eŋu la, hiã metua ame siwo naa nu ame dɔmenyotɔe le woƒe ŋutetewo nu la le esi wonaa nu amewo ta o. Lododowo 11:25 gblɔ be: ‘Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi ame si na tsi wono.’ Le ɖekawɔwɔ me kple  nya mawo la, amewo kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo nyoa dɔme tso dzi blibo me—siwo menaa nu kple susu be woaɖo eteƒe na yewo o—la ŋu vevie eye wolɔ̃a woƒe nya, vevietɔ wu la, Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Hebritɔwo 13:16.

3 Tsɔ Ke Tso Dzi Me Faa

“Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Kolosetɔwo 3:13) Le egbeŋkekeawo me la, amewo megadina be yewoatsɔ ake ame o; wodina be yewoawɔ wɔɖenui tsɔ wu be yewoakpɔ nublanui. Nu kae nyea emetsonu? Amewo tsɔa dzudzu ɖoa dzudzu teƒe, eye ŋutasesẽ ɖe ŋutasesẽ teƒe.

Ðewohĩ emetsonu vɔ̃awo mase ɖe afi ma o. Numekulawo ka nya ta le Canada ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Gazette me be: “Wokpɔe le numekuku si wowɔ tso ame 4,600 siwo xɔ tso ƒe 18 va ɖo ƒe 30 la ŋu be zi ale si ame nye amemalɔ̃la, ŋutasẽla, kple ame si dzi nu tena ɖo la,” zi nenemae nu gblẽna le eƒe dzitodzitowo ŋui. Le nyateƒe me la, nu siwo wògblẽna le ame ŋu dometɔ aɖewo nu sẽna wua nu si atamanono gblẽna le ame ŋu gɔ̃ hã! Nyateƒee, menye ɖeko tsɔtsɔke nana wonɔa ƒomedodo nyui me kple amewo o, ke atike nyui aɖe hãe wònye!

Alekee nàte ŋu atsɔ anɔ amewo kem geɖe wu? Dze egɔme kple ɖokuiwò me dzodzro anukwaretɔe. Ðe mèwɔa nu wòkua dzi na ame bubuwo ɣeaɖewoɣi oa? Eye ɖe medzɔa dzi na wò ne wotsɔe ke wò oa? Eya ta ɖe manyo be nàtsɔ anɔ amewo kem dɔmenyotɔe oa? (Mateo 18:21-35) Ele vevie be woatu ɖokuidziɖuɖu hã ɖo le go sia me. Be nàte ŋu aɖu ɖokuiwò dzi le nɔnɔme aɖe me la, “xlẽ ɖeka, eve, va se ɖe ewo,” alo le go bubu me la, na ɣeyiɣi ɖokuiwò be wò dziku nu nafa. Eye bu ɖokuidziɖuɖu be enye ŋusẽ ƒe dzesi. Lododowo 16:32 gblɔ be: “Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ.” ‘Nyonyo wu kalẽtɔ’—ɖe esia menye dzidzedzekpɔkpɔ ƒe dzesi oa?

4 Nɔ Agbe Ðe Mawu Ƒe Dzidzenuwo Nu

“Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.” (Psalmo 19:9) Kpuie ko la, Mawu ƒe dzidzenuwo nyo na mí—le ŋutilã, susu, kple seselelãme gome. Wokpɔa mía ta tso nu gbegblẽ geɖe siwo dometɔ aɖewo nye atike vɔ̃ɖi zazã, ahamumu, gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ, me. (2 Korintotɔwo 7:1; Kolosetɔwo 3:5)  Nu gbegblẽ siwo dona tso nu siawo me ate ŋu anye, nu vlo wɔwɔ, ahedada, makamakaɖeamedzi, ƒome ƒe gbagbã, susu me kple seselelãme kuxiwo, dɔléle, kple kukpokuku gɔ̃ hã.

Gake ame siwo wɔna ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi ya tea ŋu nɔa ƒomedodo nyui me kple amewo, si naa wonɔa dedie, bubu nɔa wo ŋu eye woƒe dzi dzea eme. Mawu gblɔ le Yesaya 48:17, 18 be yee nye ‘ame si afia nu si nyo na wò la wò, yee akplɔ wò to mɔ, si dzi nàto la.’ Eye wògblɔ kpee be: “Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” Ɛ̃, nu nyuitɔ kekeakee mía Wɔla la dina na mí. Edi be ‘yeakplɔ mí ato mɔ’ si ana míakpɔ dzidzedze vavãtɔ la dzi.

5 Ðe Ðokuitɔmadimadi Ƒe Lɔlɔ̃ Fia Amewo

“Lɔlɔ̃ tua ame ɖo.” (1 Korintotɔwo 8:1) Àte ŋu asusu ale si agbea anɔ ne lɔlɔ̃ meli oa? Dzidzɔ kple gɔmesese aɖeke kura manɔ agbe ŋu o! Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne . . . lɔlɔ̃ mele asinye [na ame bubuwo] o la, nyemenye naneke o . . . meɖe vi aɖeke kura nam o.”—1 Korintotɔwo 13:2, 3.

Menye gbɔdɔdɔ ƒe lɔlɔ̃, si hã ƒe wɔƒe li, ye nye lɔlɔ̃ si ƒomevi ŋu míele nu ƒom tso le afi sia o. Ke boŋ enye lɔlɔ̃ si de to wu; lɔlɔ̃ si nɔa anyi ɖaa, si mawumegɔmeɖosewo fiaa mɔe. * (Mateo 22:37-39) Gawu la, ame si si lɔlɔ̃ sia le la menɔa anyi ɖi be woaɖe lɔlɔ̃ afia ye o, ke eya ŋutɔ dzea agbagba ɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo. Paulo yi edzi gblɔ be lɔlɔ̃ sia gbɔa dzi blewu eye wònyoa dɔme. Meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o. Edia ame bubuwo ƒe nyonyo ɖokuitɔmadimaditɔe, eye mebia dzi kabakaba o, ke boŋ etsɔna kena faa. Lɔlɔ̃ sia ƒomevi tua ame ɖo. Gawu la, ekpena ɖe mía ŋu be míanɔ ƒomedodo nyui me kple amewo, vevietɔ kple míaƒe ƒometɔwo.—1 Korintotɔwo 13:4-8.

Le dzilawo gome la, lɔlɔ̃ sia nyea numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ ƒe seselelãme si nu sẽ ɖeɖe fia wo viwo, kpakple nyuiwɔwɔ kple agbe nyui nɔnɔ ŋuti se siwo me kɔ, siwo wotu ɖe Biblia dzi, dede na wo. Ðevi siwo wonyi le ƒome siawo tɔgbi me la ɖea dzi ɖi heɖoa ŋu ɖe woƒe ƒomea me tɔwo ŋu, eye wosena le wo ɖokuiwo me be wolɔ̃ yewo vevi hekpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu.—Efesotɔwo 5:33–6:4; Kolosetɔwo 3:20.

Wonyi Jack, si nye ɖekakpui si le United States (États-Unis), la le ƒome si me wonɔa agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu me. Esi wòtsi va ʋu le aƒea me megbe la, eŋlɔ lɛta na edzilawo. Lɛtaa ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Nane si medzea agbagba be mawɔ ɣesiaɣie nye be mawɔ ɖe [Biblia ƒe] se sia dzi be: ‘Bu fofowò kple dawò, . . . eye wòanyo na wò.’ (5 Mose 5:16) Eme nyo nam le agbe me. Fifia la, mekpɔe kɔtɛ be esia nye agbagba vevi si miedze heɖe dzilanyenye ƒe lɔlɔ̃ fiam la me tsonu. Akpe na mi ɖe agbagba siwo katã miedze ɖe tanye kple ale si miekpe ɖe ŋunye le hehenanam me la ta.” Ne dzilae nènye la, alekee nàse le ɖokuiwò me ne viwò aɖe ŋlɔ lɛta sia tɔgbi na wò? Ðe mana dzi nadzɔ wò ŋutɔ oa?

Lɔlɔ̃ si wotu ɖe gɔmeɖose dzi la ‘kpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe ŋu’—ɛ̃, ɖe nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu, si le Biblia me la ŋu. (1 Korintotɔwo 13:6; Yohanes 17:17) Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Atsu kple asi aɖe siwo srɔ̃ɖeɖemekuxiwo le fu ɖem na la tiae be yewoaxlẽ  Yesu ƒe nya siwo dze le Marko 10:9 la ɖekae, afi si gblɔ be: “Nu si Mawu bla ɖekae [le srɔ̃ɖeɖe me] la, ame aɖeke negama eme o.” Azɔ ele be woadzro woƒe dziwo me kpɔ. Ðe ‘wokpɔa dzidzɔ ɖe Biblia me nyateƒea ŋu’ ŋutɔŋutɔa? Ðe woaɖee afia to nuwɔna me be yewobua srɔ̃ɖeɖe nu kɔkɔe abe ale si Mawu bunɛ enea? Ðe woadze agbagba ŋutɔŋutɔ be yewoakpɔ yewoƒe kuxiawo gbɔ le lɔlɔ̃ mea? Ne nenemae la, woate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze, eye emetsonuawo ado dzidzɔ na wo.

6 Nyae Be Gbɔgbɔmenuwo Hiã Ye

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) To vovo na lãwo la, ŋutete le amegbetɔwo si be woase gbɔgbɔmenuwo gɔme, eye esia le vevie na wo. Esia tae míebiaa nya siawo tɔgbi be, Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Ðe Wɔla aɖe lia? Nu kae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku? Nu kae adzɔ le etsɔme?

Le xexea me godoo la, anukwaretɔ miliɔn geɖe kpɔe be Biblia ɖo biabia mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, biabia mamlɛtɔa do ƒome kple tameɖoɖo si le Mawu si na ameƒomea. Nu kae nye tameɖoɖo ma? Eyae nye be anyigba la nazu paradiso si me ame siwo lɔ̃ Mawu hewɔa eƒe dzidzenuwo dzi la anɔ tegbee. Psalmo 37:29 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”

Eme kɔ ƒãa be mía Wɔla la di be eme nanyo na mí geɖe wu dzidzedzekpɔkpɔ hena ƒe 70 alo ƒe 80 aɖewo ko. Edi be míakpɔ dzidzedze tegbee! Eya ta fifiae nye ɣeyiɣi si me nàsrɔ̃ nu tso Wɔwòla ŋu. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yohanes 17:3) Ne sidzedze ma va le asiwò sum eye nèle agbe nɔm ɖe enu la, wò ŋutɔ àva kpɔe kɔtɛ be “Yehowa ƒe yayra . . . wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.”—Lododowo 10:22, NW.g08 11-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 22 Afi sia afi kloe si wozã nya “lɔlɔ̃” le le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, alo “Nubabla Yeyea” me la, enyea Helagbe me nya a·gaʹpe ƒe gɔmeɖeɖe. A·gaʹpe nye nyuiwɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si ame tsona le eɖokui si ɖena fiaa ame bubuwo le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose nyuiwo, nu si wòle na ame be wòawɔ, kpakple agbe ɖɔʋu nɔnɔ. Gake a·gaʹpe nye lɔlɔ̃ si me agbe le eye wòtea ŋu nyea numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ si nu sẽna ŋutɔ.—1 Petro 1:22.

[Aɖaka si le axa 7]

GƆMEÐOSE BUBU SIWO NAA AME KPƆA DZIDZEDZE

Na mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ nenɔ mewò. ‘Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto.’—Lododowo 9:10.

Tia xɔ̃wòwo nunyatɔe. “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.

Tsri nu gbɔme wɔwɔ. ‘Ahamula kple nu tsu ɖula ɖe wodaa ahe.’—Lododowo 23:21.

Mègabia hlɔ̃ na ɖokuiwò o. “Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.”—Romatɔwo 12:17.

Do vevie dɔwɔwɔ. “Ne ame aɖe medi be yeawɔ dɔ o la, negaɖu nu hã o.”—2 Tesalonikatɔwo 3:10.

Wɔ ɖe Sikasedede la dzi. “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

Kpɔ wò aɖe dzi. “Ame si di be yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu.”—1 Petro 3:10.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

ATIKE NYUI AÐEE LƆLƆ̃ NYE

Ðɔkta Dean Ornish si ganye agbalẽŋlɔla la ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ kpɔa ŋusẽ ɖe nu si naa míedzea dɔ alo nɔa lãmesẽ me, nu si naa míeléa blanui alo kpɔa dzidzɔ, nu si naa míesea veve alo hayana la dzi. Ne atike aɖe li si tea ŋu wɔa nu siawo katã la, ɖɔkta ɖe sia ɖe kloe si le dukɔa me akafui na eƒe dɔnɔwo. Anye dɔ gbegblẽ wɔwɔ ne ɖɔkta aɖe mekafui na ame o.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

TSO MƆKPƆKPƆBUÐEAME ME YI ÐE DZIDZEDZEKPƆKPƆ ME

Esime aʋa dzɔ le Balkan nutowo me la, Milanko ge ɖe asrafodɔ me. Le eƒe kalẽwɔwɔ ta la, wona ŋkɔe be Rambo, si nye sinima me srafo xɔŋkɔ sẽŋuta aɖe ƒe ŋkɔ. Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nu fitifiti kple alakpanu wɔwɔ siwo yia edzi le asrafowo dome na mɔkpɔkpɔ va bu ɖe Milanko. Eŋlɔ bena: “Esia na meva ƒo ɖokuinye ɖe agbe maɖɔʋu nɔnɔ, abe aha sesẽ nono, atamanono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, tsatsadada, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ene me. Nye agbenɔnɔ ɖo ta gbegblẽ me keŋkeŋ eye nyemenya ale si mawɔ ado le eme o.”

Milanko va te Biblia xexlẽ le eƒe agbemeɣeyiɣi sesẽ mawo me. Emegbe esi wòyi ɖasrã eƒe ƒometɔ aɖe kpɔ gbe ɖeka la, ekpɔ Gbetakpɔxɔ magazine si Yehowa Ðasefowo tana la ƒe tata aɖe le egbɔ. Nu si wòxlẽ le magazinea me do dzidzɔ nɛ eye eteƒe medidi o ena Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ na wòva te dzidzɔ kple dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ ƒe mɔa dzi zɔzɔ. Egblɔ be: “Ena ŋusẽ yeye ɖo ŋunye. Meɖe asi le nye numame gbegblẽwo katã ŋu hezu ame yeye, eye mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka. Ame siwo nyam tsã la megayɔam be Rambo o, ke boŋ woyɔam be Bunny—si nye megbeŋkɔ si woyɔna nam le ɖevime—le ale si meva zu ame fafa fifia ta.”