Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enyo Be Kristotɔwo Naɖe Mɔ Woaɖo Golo Woa?

Enyo Be Kristotɔwo Naɖe Mɔ Woaɖo Golo Woa?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Enyo Be Kristotɔwo Naɖe Mɔ Woaɖo Golo Woa?

“Ame aɖeke meganɔ dowòme, si . . . saa gbe dea ame o.”​—MOSE V, 18:10, 11, NW.

GOLOÐOÐO nye nyati aɖe si ŋu woʋlia nya le vevie. * Goloɖola bibiwo gɔ̃ hã mete ŋu ɖea nusi wònye la gɔme tututu o. Nusi ame geɖe bu be goloɖoɖo ame nye enye be woato mɔ aɖe dzi akpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖe ƒe ŋutenɔnɔ dzi alo ana be amea naganɔ eɖokui me o. Gake nusi me ame akpa gãtɔ tsɔ ɖe le enye nusi goloɖoɖo ate ŋu awɔ ke menye nusi wònye o.

Le ɣeyiɣi siawo me la, eva bɔ le dukɔ aɖewo me be atikewɔlawo nakafu goloɖodɔyɔmɔnu na amewo. Le kpɔɖeŋu me, magazine si nye Psychology Today gblɔ be: “Goloɖodɔyɔmɔnu ate ŋu ada taɖui, aɖe kuléle me vevesese dzi akpɔtɔ, akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ atamanono, exɔna ɖe amedede alɔ̃me teƒe, eye edzia nusɔsrɔ̃ŋutete ɖe edzi—eye esiawo katã megblẽa naneke le ame ŋu o.” Ke hã ame geɖe kpɔe be goloɖoɖo do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ kple vivimenuwɔwɔ.

Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu? Ele eme be Biblia menye atikewɔgbalẽ o, eye meƒo nu tso goloɖodɔyɔmɔnu ƒe nyatia ŋu tẽ o ya. Gake gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya Mawu ƒe nukpɔsusu le eŋu.

Goloɖoɖo Kple Vivimenuwɔwɔ​—Kadodo aɖe Le Wo Domea?

Ðe nya si nye be goloɖoɖo do ƒome kple vivimenuwɔwɔ la nye ame aɖe ƒe nususugblɔ si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele oa? Alakpagli siwo dzena le sinimawo me kple ŋutinya kpakpawo ate ŋu ana amewo nabui nenema, gake kpeɖodzi ŋutɔŋutɔ li be kadodo le goloɖoɖo kple gbɔgbɔyɔyɔ dome. Encyclopedia of Occultism and Parapsychology ɖe nu me tso goloɖoɖo ŋu be: “Ƒomedodo kplikplikpli le nya siwo ku ɖe eŋu kpakple gbɔgbɔyɔyɔ dome.” Zi geɖe la, wobua alesi nu dzea amewo dzi ne wole Subɔsubɔ kɔnu aɖewo wɔm, si nye dzosasa kple akunyawɔwɔ ƒe akpa aɖe le ŋutinya katã me la be enye goloɖoɖo ame ƒe nuwɔna tɔgbe aɖe. Azɔ hã nunɔla siwo nɔ blema Egipte kple Hela ɖoa golo amewo womeganɔa ŋute tututu o ne wole agbagba dzem be woada dɔ aɖewo le woƒe alakpa mawuwo ƒe ŋkɔ me.

Numekugbalẽ si míeyɔ va yi la gblɔ be: “Egbea gɔ̃ hã la, wobua goloɖoɖo ƒe nuwɔna geɖe be enye ‘Gbɔgbɔyɔyɔ.’” Togbɔ be mele bɔbɔe be woanya afisi goloɖonuwɔna vovovowo ƒe vivimenunyenye se ɖo o hã la, nyateƒenya lae nye be Mawu tsi tre ɖe gbɔgbɔyɔnuwɔna ƒomeviwo katã ŋu wòdze kɔte. (Mose V, 18:9-12; Nyaɖeɖefia 21:8) Eyata Kristotɔwo mate ŋu aŋe aɖaba aƒu alesi wodze ƒã be goloɖoɖo menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o la dzi o.

Ŋusẽ si Wòkpɔna Ðe Nuwɔna Dzi

Ke ŋusẽ si goloɖoɖo ame kpɔna ɖe amea ƒe susu kple nuwɔna dzi ya ɖe? Afɔku aɖewo anɔ emea? Nu ɖeka si ŋu míetsi dzi ɖo wòsɔ enye be amesi woɖo goloe mete ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔna dzi boo o. Goloɖofefewɔlawo wɔa mɔnu sia ŋudɔ, henaa amesiwo lɔ̃ woɖo golo wo wɔa nusiwo womawɔ ne wole ŋute o, eye wodzena abe amesiwo mu aha ene gɔ̃ hã.

The Encyclopedia Americana gblɔ le dutoƒo goloɖofefe siawo ŋu be: “Amesi woɖo goloe la te ŋu ɖea mɔ le eɖokui ŋu bɔbɔe hewɔa goloɖolaa ƒe adzamenudidiwo gɔ̃ hã dzi, ate ŋu aɖe mɔ le eɖokui ŋu bɔbɔe nudzodzro sẽŋu ɣaɣla siwo le eme la naɖu edzi, eye esime wòle goloɖoamea me la, ase le eɖokui me be hadomenuwɔna ŋuti sewo kple gɔmeɖose siwo dzi ye ŋutɔ yezɔna ɖo dometɔ aɖeke megakpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o.” Collier’s Encyclopedia gblɔ be: “Amesi woɖo goloe la ƒe tamebubuŋutete katã trɔna ɖe nu gobii aɖe ŋu tẽ megbemakpɔmakpɔe, si wɔnɛ be wòwɔa nusianu si ŋu goloɖolaa trɔ eƒe susu ɖo be wòawɔ la.”

Ðe nusia dze nusi me afɔku mele oa? Ðe nunya le eme be nyateƒe Kristotɔ nana ame bubuwo nato goloɖonuwɔnawo me akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe susu dzia? Esia atsi tre ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia ŋu be: ‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo wɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu, esi anye subɔsubɔ kɔkɔe si miawɔ kple miaƒe tamebubu ƒe ŋutete. Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi nuɖoanyi siawo tɔ o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.’—Romatɔwo 12:1, 2.

Ðe “dzitsinya nyui” ate ŋu anɔ Kristotɔ si ne wòɖe mɔ wokplɔe de nɔnɔme aɖe si me mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe tamesusu alo dzodzro alo eƒe nuwɔnawo gɔ̃ hã dzi o mea? (Petro I, 3:16) Biblia xlɔ̃ nu be: “Mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me.” (Tesalonikatɔwo I, 4:4) Edze ƒã be goloɖoɖo ame axe mɔ na amea be mate ŋu awɔ eƒe ŋutete ŋudɔ le nuxlɔ̃ame sia dzi wɔwɔ me o.

Lãmesẽ Deblibo ƒe Mɔkpɔkpɔ

Le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ŋu míeƒo nu tsoe ta la, Yehowa Ðasefowo ƒoa asa na dɔyɔmɔnu siwo lɔ mɔɖeɖe le ame ɖokui ŋu be woaɖo goloe alo ame ŋutɔ naɖo golo eɖokui la. Wowɔa sedede si le Mose V, 18:10, 11 be: ‘Dzotɔ aɖeke meganɔ dowòme o’ la dzi. Le amesiwo dze ŋgɔ lãmesẽkuxiwo gome la, dɔyɔmɔnu bubu geɖewo li, siwo meku ɖe ameɖokui ƒoƒo ɖe vivimenuwɔwɔ ƒe afɔkuwo me alo ana be woaɖe mɔ le woƒe susu ŋu ame bubuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi ŋu o.

Ne Kristotɔwo ɖe wo ɖokui ɖa tso nuwɔna siwo ŋu Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsi tre ɖo ŋu la, agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me ƒe mɔkpɔkpɔ ate ŋu asu wo si. Le ɣemaɣi la ŋutilã kple susu me lãmesẽ deblibo asu ameƒomea si goloɖodɔyɔmɔnu mazãmazãe.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Woɖe nɔnɔme si me amesi woɖo goloe nɔna me be: “Mɔnu aɖe dzi toto ana ame bubu maganɔ ŋute tututu o, si me amesi woɖo goloe megaɖoa ŋku nu dzi o alo nɔa nuwo ƒe nɔnɔme kpɔm le susu me afãafã, kpɔa nusiwo medzɔ o eye wòwɔa amesi ɖo goloe la ƒe didiwo dzi.”​—The American Heritage Dictionary.