Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Enu Ne Afɔku aɖe Dzɔ?

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Enu Ne Afɔku aɖe Dzɔ?

 Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Enu Ne Afɔku aɖe Dzɔ?

“Nukatae wòle be ŋɔdzinuwɔlawo nawu danye?”​—Kevin. *

“[Do ŋgɔ na September 11] la, mekpɔa dzidzɔ ɖe tomemɔwo ŋu. Fifia la mebua alesi wòate ŋu adzɔe be maku atsi eme ŋu le esi woate ŋu ada tu ɖe eme ta.”—Peter.

WOWU Kevin dada le September 11, 2001, esi wodze Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã dzi le New York City. Togbɔ be womewu Peter ƒe ame aɖeke ŋɔdzitɔe nenema o hã la, nudzɔdzɔawo gakpɔtɔ kpɔa ŋusẽ ɖe edzi kokoko.

Woka nya ta le nyadzɔdzɔ aɖe me be: “September 11 ƒe [amedzidzedzea] ŋuti kuxiwo gakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe ɖevi akpe nanewo ƒe susu dzi kokoko le New York, eye le wo dometɔ geɖe gome la, woate ŋu atsi kplii.” Nublanuitɔe la, “seselelãmekuxi siwo le fu ɖem na ɖevi siwo menɔ afɔkuteƒea ŋutɔŋutɔ o la sɔ kple esiwo kpɔ eteƒe tẽ la tɔ.” *

Nusiawo tɔgbe kee dzɔna le afɔku bubuwo hã gome, abe bɔmb si edala ɖonɛ be yeaku faa si wodana le Israel kple tu siwo wodana yakatsyɔ le teƒe bubuwo ene. Eŋununyala aɖe gblɔ le nusi tudada alea gblẽna le ame ƒe seselelãme ŋu la ŋu be: “Ne [ɖeviawo] ɖale afisi didi agbadroƒe 2,000 hã la, nudzɔdzɔ siawo ate ŋu adzi [woƒe] dzimaɖitsitsi ɖe edzi kokoko.”

Nuka gbɔe wòtsona? Ne afɔku dzɔ la, woɖea nudzɔdzɔa ŋuti nɔnɔmetata wɔdɔɖeamedzi gbogbowo fiana ɖeviwo kpɔna le nyadzɔdzɔwo me. Woɖea ŋɔdzinuwɔlawo ƒe bɔmb dada tsodzikaƒonamewo, tudada le sukuwo, kple dzɔdzɔmefɔkuwo fiana zi gbɔ zi geɖe, si nana wòsesẽna na ɖevi geɖewo be woaŋlɔ nudzɔdzɔawo be. Mewɔ nuku o be, numekuku aɖe si wowɔ na New York City ƒe Agbalẽsrɔ̃nya Dzikpɔlawo ɖee fia be: “Esi Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegãa gbã ɣleti ade megbe la, sukuvi 8,266 dometɔ 76 le alafa me gakpɔtɔ bua ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedzea ŋu edziedzi.”

 Míele ɣeyiɣi si Biblia yɔ be “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1-5) Aleke nàwɔ ado dzi ne afɔkuwo dzɔ? *

Nusita Nya Vɔ̃wo Dzɔna

Mɔ ɖeka si dzi nàte ŋu ato anɔ te ɖe seselelãme siwo wu tsɔtsɔ na wò nue nye alesi nàwɔ wo ‘tamebubuŋutete si me kɔ’ ŋudɔ. (Petro II, 3:1) Dze agbagba nàbu nuwo ŋu alesi dze eye wòasɔ kple Mawu ƒe nukpɔsusu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ahiã be nàɖo ŋku edzi be afɔku geɖewo dzɔna esi wònye be “azãgbewo kple nuɖiɖeame li” ta. (Nyagblɔla 9:11) Yesu Kristo wɔ esia ƒe kpɔɖeŋu esi wòƒo nu tso Siloa-mɔ̃ ƒe mumu ŋu. Ame 18 ye ku le afɔku ma si dzɔ le nutoa me la me. Gake Yesu na eme kɔ be menye Mawue he to na amesiwo tsi eme la o. Afɔkuteƒe nɔnɔ le ɣeyiɣi vɔ̃ dzie na woku. (Luka 13:1-5) Nyateƒenya sia ŋububu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu afɔkuwo ŋu le mɔ si sɔ nu.

Tamebubu nyuie hã ate ŋu ana nàƒo asa na ‘dzikudodo ɖe Yehowa’ ŋu kple fɔbubu eyama ɖe afɔku siwo dzɔ ɖe dziwò ta. (Lododowo 19:3) Yehowae nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu” ke menye míaƒe nɔnɔme wɔnublanuiwo tsoƒe o. (Korintotɔwo II, 1:3) Ne nya vɔ̃wo dzɔ ɖe mía dzi la, ele be míate ɖe eyama ŋu—ke mele be míado dziku ahate ɖa tso eŋu o. De ŋugble le Biblia me nya siwo le Yakobo 1:13 ŋu: “Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” *

Afɔku aɖe si dzɔ ƒe alafa nanewo enye esia le Titina Ɣedzeƒe ate ŋu ana nya sia me nakɔ. Biblia gblɔ na mí be ame ɖeka pɛ si tsi agbe le afɔku ma me ka nya ta be: “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo dze alẽawo kple dɔlaawo dzi hefiã wo.” (Hiob 1:16) Afɔku dziŋɔ ka gbegbee nye ema! Edze ƒã be ŋutsu sia si vɔvɔ̃ ɖo la susui be Mawu gbɔe wòtso. Ke hã menye Mawu gbɔe wòtso o. Hiob 1:7-12 ɖee fia be menye Mawue dɔ dzoa ɖa o, ke boŋ Mawu ƒe Futɔ—Satana Abosam ye!

Nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖee wònye: Yehowa na mɔɖeɖe tɔxɛ Satana be wòado Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi kpɔ. Eyata mègatso nya me enumake be Satana gbɔe dzɔdzɔmefɔkuwo abe ahom sesẽwo kple tsiɖɔɖɔ ene tso tẽ o. * Togbɔ be ele nenema hã la, Biblia gblɔ be ‘xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la si me.’ (Yohanes I, 5:19) Eyata ate ŋu azã amegbetɔwo atsɔ ahe afɔkuwo kple gbegblẽ vɛ.

Gake mele be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí o. Gade ŋugble le nudzɔdzɔ bubu aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me le Samuel I, 22:12-23 me ŋu kpɔ. Woƒo nu tso nunɔla wɔnuteƒe aɖewo ƒe ƒuƒoƒo kple woƒe ƒome siwo wowu ŋutasesẽtɔe ŋu le afima. Ðikeke mele eme o be Satana wɔ akpa aɖe le ŋusẽdodo Fia Saul sẽŋuta la be wòawɔ nuvlo sia me. Gake nuteƒewɔla Dawid, amesi hã va zu fia emegbe, ŋlɔ Psalmo 52 lia, afisi wògblɔ kakaɖedzi si le esi be Mawu aɖe ŋutsu vɔ̃ɖi siwo kpɔ gome le afɔku ma hehe vɛ me la ɖa ŋu nya.—Psalmo 52:7.

Nenema ke egbea la, àte ŋu aka ɖe edzi be Mawu maɖe mɔ tegbee ɖe amewuwu kple ŋutasẽnu siwo Abosam ʋãa amewo wowɔna ŋu o. Susu si tae nye be Biblia do ŋugbe be eteƒe madidi o Mawu azã Via, Yesu ‘wòagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.’ (Yohanes I, 3:8) Mlɔeba la, nusiwo Satana gblẽ dometɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã maganɔ anyi o. Mawu ato tsitretsitsi dzi agbɔ agbe amesiwo ku nublanuitɔe le ŋutasẽnu dziŋɔwo me alo le ŋɔdzinuwɔlawo si me.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Mɔ Nyui Siwo Dzi Nàto Anɔ Te Ðe Enu

Mɔkpɔkpɔ sia si Biblia nana la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be vɔvɔ̃ nagaɖu dziwò o. Gake afɔɖeɖe nyui bubu aɖewo hã li siwo nàte ŋu aɖe. Le kpɔɖeŋu me, de dzesi Biblia me gɔmeɖose si le Lododowo 12:25. Wò dzimenyawo gbɔgblɔ na ame bubuwo koe ate ŋu ana “xɔlɔ̃nya” si dea dzi ƒo na ame nasu asiwò. Esia wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàde dzesii hã be menye wò ɖekae le  nɔnɔme sesẽ sia me tom o. Eyata ne nuxaxa wu tsɔtsɔ na wò la, ke dze agbagba nàgblɔ wò dzimenyawo na dziwòlawo alo Kristo-hamea me tɔ tsitsi aɖe. *

Aɖaŋuɖoɖo bubu enye si: Mèganɔ nudzɔdzɔ wɔnublanui siwo woɖena le television dzi kpɔm fũ o. Ðeko esia ana wòasesẽ na wò ŋutɔ be nàŋlɔ nusiwo ɖea fu na wò be.—Psalmo 119:37.

Kristotɔe nènyea? Ekema do vevie wò Kristotɔ ƒe dɔwɔnawo. (Filipitɔwo 3:16) Dɔwɔna mawo dometɔ ɖekae nye kpekpewo dede ɖekae kple hati Kristotɔwo kpakple wò dzixɔsewo gbɔgblɔ na ame bubuwo. (Hebritɔwo 10:23-25) Esia akpe ɖe ŋuwò be màganɔ nusiwo ana nàlé blanui ŋu bum o. Ðeko ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga ana nu nagblẽ le ŋuwò—le seselelãme kple gbɔgbɔ me siaa.—Lododowo 18:1.

Biblia xexlẽ gbesiagbe ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe le nɔnɔme sesẽ ɖesiaɖe me. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Loraine dada nɔ kansa lém vevie eye eƒe agbe ɖo kudonu. De dzesi alesi Loraine nɔ te ɖe nɔnɔme wɔnublanui ma nui: “Meɖo ŋku edzi be mexlẽ Hiob ƒe agbalẽa zi gbɔ zi geɖe le nɔnɔme sesẽa me. Psalmowo hã nye akɔfafatsoƒe gã aɖe nam. Ne mexlẽ akɔfanya siwo le Ŋɔŋlɔawo me la, mesenɛ le ɖokuinye me abe Yehowae le asikplam kɔ nam ene.” Nɔvianyɔnu Mishael hã gblɔ be: “Ne ŋkeke ɖeka to ŋunye nyemexlẽ Biblia o la, ewɔa dɔ ɖe dzinye. Nye susu gatrɔna ɖe nu gbegblẽwo ŋububu ŋu. Biblia xexlẽ na ŋusẽdodo si mehiã la su asinye be matsɔ to ŋkeke ɖesiaɖe me.”

Ne nu bu na wò—vevietɔ ne wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la—agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku * xexlẽ ate ŋu afa akɔ na wò ale gbegbe. Gbɔ dzi ɖi nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo katã woyɔ eye nàde ŋugble le wo ŋu. De ŋugble hã tso tsitretsitsimɔkpɔkpɔa ŋu. Loraine gblɔ be: “Mekpɔnɛ le susu me abe ɖe wofɔ danye tso ku me ɖe tsitre wògbɔna ŋutɔŋutɔ ene. Mekpɔnɛ le susu me be ele gbɔgblɔm be: ‘Megbɔ. Nukae nèɖa be míaɖu fiẽ sia?’ Esia nana mekoa alɔgbɔnu.”

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hã ate ŋu ado ŋusẽ wò alesi dze be nàdo dzi le afɔku sesẽtɔwo me. Loraine gblɔ be: “Menɔ xɔa me hafi danye ku. Mebia Yehowa enumake be wòado ŋusẽm be mado dzi ato eme. Mekpɔe be Mawu ƒe ŋutifafa su asinye enumake.” Wò gbedodoɖawo na Yehowa nanɔ tẽ. Na wòanya alesi tututu nèsena le ɖokuiwò me. Hakpala gblɔ be: “Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me.”— Psalmo 62:9.

Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nuxaxa adzi ɖe edzi le anyigba dzi godoo. (Timoteo II, 3:13) Ke hã Biblia la do ŋugbe be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:9-11, 29) Mɔkpɔkpɔ sia me léle ɖe asi akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe afɔkuwo nu dzidzedzetɔe.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 6 Tagbɔdɔdala bibiwo gblɔe be, dzesi mawo ate ŋu anye tɔtɔ le susu me, drɔ̃e dziŋɔwo kuku, ameɖokui ɖeɖe ɖe aga, gbesiagbenuwɔna si megadzroa ame o, fɔbuameɖokui ƒe seselelãme kpakple dzikudodo.

^ mm. 9 Togbɔ be afɔku gãwo koŋ ŋutie nyati sia le nu ƒom tsoe hã la, aɖaŋuɖoɖoawo ate ŋu asɔ ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe ame dzi tẽ, abe ame ƒe ame vevi aɖe ƒe ku ene.

^ mm. 12 Ne èle nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋuti numeɖeɖewo dim la, ke kpɔ agbalẽ si nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La ƒe ta 7 lia si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 14 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ December 1, 1974 tɔ me.

^ mm. 18 Le nɔnɔme siwo me nuxaxa fũ alo blanuiléle ge ɖe nyaa me le la, ahiã godoo be woadi atikewɔwɔ ƒe mɔ.

^ mm. 22 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nunya anɔ eme be naɖe nɔnɔmetata wɔnublanui siwo woɖena le television dzi kpɔkpɔ fũ dzi akpɔtɔ