Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutasẽnuwɔwɔ Dziŋɔwo—Nuka Teƒee Nye Esi Kpɔm Míele?

Ŋutasẽnuwɔwɔ Dziŋɔwo—Nuka Teƒee Nye Esi Kpɔm Míele?

 Ŋutasẽnuwɔwɔ Dziŋɔwo​—Nuka Teƒee Nye Esi Kpɔm Míele?

FRANK kple Gabriella nɔ tsa ɖim le Oregon, U.S.A., ƒuta ŋdi kanya henɔ agudzedze kpɔm. Womenya kura be nya aɖe le yewo ŋgɔ gbɔna o. Le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ame aɖe si tsɔ ɖe wo gbɔ tututu da tu ta na woa kple evea siaa ŋɔdzitɔe woku. Hlɔ̃ biamee tua dala nɔa? Alo ŋuʋaʋãea? Menye wo dometɔ aɖeke tae o. Tua dala, si medze si wo kura o la ɖi kɔ na eƒe dzodzro aɖe—be yeakpɔe ɖa be aleke wòanɔ ne yewu ame hã.

“Le Kwasiɖa, April 28, 1996 dzi la, Martin Bryant na Ɣetoɖoƒedukɔwo katã se eŋkɔ to dzidzɔdodo na eɖokui me. Enɔ tsatsam le Arthur Melidzeƒe, le Tasmania, henɔ tu dam amesiame si ko wòdo goe, heto ema me kpɔe be ŋusẽ su ye si wònye dzidzɔ gã aɖe nɛ.” (Agbalẽ si nye A Study of Our Decline, si Philip Atkinson ŋlɔ) Eya hã wu ame 35 sɔŋ!

Ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 65, si xɔ dzudzɔ le dɔme le Canada do go ŋdi kanya aɖe be yeado gasɔ vie. Esi wònɔ gasɔa dom la, ʋukula aɖe tsɔ eƒe ʋu lɔe hedzo le egbɔ kple susu be aku. Ʋua he eƒe gasɔa le lɔrimɔa dzi yi ŋgɔe meta 700 kple edzivɔ. Gbã la, wosusu be ʋu aɖee ƒoe hesi le egbɔ, gake numekuku bubu si wowɔ va ɖee fia be ʋukula aɖe si fi ʋu tsɔ nɔ modzaka tsa ɖimee lae ƒoe. Edze abe gasɔdolaa ƒoƒo hã kpe ɖe eƒe “dzidzɔkpɔkpɔa” ŋu ene.

Nuvlowɔwɔ Ƒomevi Bubuwoea?

Ƒe alafa geɖewoe nye sia si míele nuvlowɔwɔ teƒe kpɔm, gake esiwo ƒomevi ŋu míeƒo nu tsoe la wɔnɛ amewo doa ɣli be: “Nukae le dzɔdzɔm? Aleke nusia tɔgbe ava ame ƒe susu me wòabe yeawɔ gɔ̃ hã?” Togbɔ be nuvlowɔwɔ nyanyɛwo, abe fififi alo nufitifitiwɔwɔ ene, mahe ame geɖe ƒe susu o hã la, nuwɔna siwo tɔgbe hea nyadzɔdzɔŋlɔlawo ƒe susu le dzidzim ɖe edzi vevie, eye wònaa amewo gblɔna be, ‘Susu mele esia me o! Nukae le dzɔdzɔm ɖe xexe sia dzi?’

Nuvlowɔwɔ siawo ya gato vovo. Wonyea nuwɔna dziŋɔ siwo tsoa dzika ƒo zi geɖe. Abe alesi wòdze le esiwo ƒe kpɔɖeŋu míena mee ene la, ame maɖifɔ siwo menya hlɔ̃dolaawo gɔ̃ hã o ŋue wowɔnɛ ɖo zi geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, edzena zi geɖe be menye susu gobi aɖeke tae wowɔa ŋutasẽnu dziŋɔ siawo ɖo o. Nu manyatalenu siwo le dzɔdzɔm la mele xexlẽ me o.

Le April 1999 me le Colorado, U.S.A. la, sukuvi 2 da tu wo hati 12 kple nufiala ɖeka woku eye emegbe wowu wo ɖokui le sukua me. Ŋutsu aɖe ku le California le ƒe 1982 me le atike  aɖe si wòƒle no si menya be wode aɖi eme o ta. Le ƒe 1993 me la, ŋutsuvi ƒe ewo vi eve ble James Bulger, si nye ƒe eve vi aɖe nu kplɔe do goe le lãdzraƒe aɖe si dadaa le, le Bootle, Merseyside, England. Wokplɔe yi ketekemɔ aɖe dzi heƒoe kple kpo wòku.

Woate ŋu ayɔ nuwɔna aɖewo ade ŋɔdzidonamelawo ƒe ŋɔdzidonuwɔna me, abe aɖitu si woda ɖe Tokyo tomeketekemɔ dzi le ƒe 1995 me ene. Dzidzi ƒo Japantɔwo esime vivimeha aɖe me nɔlawo da aɖiya ɖe Tokyo tomeketekemɔ aɖe dzi, hewu ame 12 eye ame akpe geɖe xɔ abi. Ame ʋɛ aɖewo koe aŋlɔ Xexeame Katã ƒe Asitsaƒegã si le New York ƒe gbagbã, kple Pentagon dzi dzedze le Washington, D.C., si me amesiwo ade 3,000 tsrɔ̃ le, kpakple bɔmb si woda le Bali, Indonesia, le ƒe si va yi me, si me ame 200 kloe ku le, la be.

Eɖe dzesi ƒã be ŋutasẽnu dziŋɔ siawo tɔgbe bɔ ɖe afisiafi kloe. Kuxia le xexeame katã hele nu gblẽm le dukɔ geɖe kple ameƒomevi geɖewo ŋu.

Le nudzɔdzɔawo dometɔ aɖewo me la, ɖeko nàsusu be ho ʋlimee nuvlowɔlaawo le hele agbagba dzem be yewoakpɔ be amekae awɔ nuvlo si dzi ŋɔ wu hã. Gakpe ɖe eŋu la, nuvlowɔwɔ siwo tso fuléle gbɔ le dzidzim ɖe edzi vevie. Wowɔa ŋutasẽnu vloe siawo tɔgbe ɖe amesiwo ƒe “agɔdzedze” koe nye be woƒe ŋutigbalẽ, subɔsubɔ, alo gbegbɔgblɔ to vovo la ŋu​—abe alesi wòdzɔ le ƒe 1994 me le Rwanda esime wowu Tutsitɔ siwo ade 800,000 la ene.

Esiawo katã naa amewo biana be: ‘Nukae le dzɔdzɔm? Alea koe nuwo nɔ xoxoxoa? Nuka gbɔe nu dziŋɔ manyatalenu siawo tso? Mɔkpɔkpɔ kae li be woaɖe nu vɔ̃ɖi siawo ƒe dzɔdzɔ dzi akpɔtɔ alo aɖe wo ɖa kura?’ Nyati siwo kplɔe ɖo aɖo biabia siawo kple bubuwo ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Zi geɖe ame maɖifɔwo ŋue wowɔa ŋutasẽnu dziŋɔwo ɖo, eye menye le susu gobii aɖeke ta hã o