Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nàɖo Ŋu Ðe Xexlẽdzesiwo Ŋu Hena Mɔfiafia?

Ðe Wòle Be Nàɖo Ŋu Ðe Xexlẽdzesiwo Ŋu Hena Mɔfiafia?

Ðe Wòle Be Nàɖo Ŋu Ðe Xexlẽdzesiwo Ŋu Hena Mɔfiafia?

ÐE ŊUGBLEDEDE le xexlẽdzesifakaka ŋu kple eme dzodzro tsitotsito le dzɔdzɔmeŋutinunya me fia be viɖe le eŋua? Ðe xexlẽdzesiwo nye mɔ siwo dzi míato anya míaƒe etsɔmea? Ðe wòle be nàda wò mɔkpɔkpɔ ɖe nusi xexlẽdzesifakaka fia alo gblɔ ɖi dzia?

Nusi nye gbetɔame na xexlẽdzesifakalawo si womete ŋu kpɔa ta na o dometɔ ɖeka enye be amewo zãa ɣletigbalẽ vovovowo le teƒe vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, aleke nuwo anɔ le afisi wozãa Chinatɔwo ƒe ɣletigbalẽ le? Bu ɣletiŋkeke si míeyɔ va yi le nyati gbãtɔ me ŋu kpɔ—si nye September 11, 2001. Le Chinatɔwo ƒe ɣletigbalẽ xexlẽ nu la, ŋkekea nye ɣleti 7 ƒe ŋkeke 24 lia le ƒe 18 lia le tododo 78 lia me. Julian ɣletigbalẽa hã ɖee fia be ɣletiŋkeke sia nye August 29, 2001. Le Moslemtɔwo ƒe ɣletigbalẽ nu la, ɣletiŋkekea nye 22 Jumada II 1422, eye Hebritɔwo ƒe ɣletigbalẽ tɔ enye 23 Elul 5761. Aleke xexlẽdzesi tɔxɛ anɔ ɣletiŋkeke si woyɔ ɖe mɔ vovovowo nu ŋu? Nu vevi bubu aɖe enye esia: Zi geɖe la woŋlɔa ŋkɔwo le mɔ vovovowo nu le gbegbɔgblɔwo me. Le kpɔɖeŋu me, xexlẽdzesifakaka ƒe xexlẽdzesi si wona ŋɔŋlɔdzesi siwo le Eŋlisi ŋkɔ John mee nye 2, gake ŋɔŋlɔdzesi si Spaintɔwo zãna le ŋkɔ sia ke ŋɔŋlɔ me—si nye Juan ƒe xexlẽdzesie nye 1.

Ele eme baa be wote ŋu nɔa te ɖe akɔntabubumɔnuwo dzi ɖea nu geɖewo gɔme le xexeame. Woate ŋu ado mɔnu siawo akpɔ aɖo kpe wo dzi. Gake gbɔgblɔ be woɖoe ɖi be wò ŋkɔ nado go kple wò dzigbe eye be ne wona wòdo ka kple xexlẽdzesi aɖewo ko la afia nusi adzɔ ɖe dziwò le etsɔme la nye nya bubu kuraa.

Eme akɔ ƒã ne míeƒo nya ta be: Esi nuwo abe ɣletigbalẽ kple gbegbɔgblɔ siwo to vovo sasasã tso wo nɔewo gbɔ dzie wotu xexlẽdzesifakaka ƒe numeɖeɖewo ɖo ta la, mesɔ kura be woaxɔe ase be eƒe numeɖeɖewo le eteƒe o.

“Azãgbe Kple Nuɖiɖeame”

Ame aɖewo lɔ̃a xexlẽdzesifakaka esi wodina be yewoanya nusi adzɔ ɖe yewo dzi le etsɔme ta. Gake Biblia na eme kɔ be womate ŋu anya nu le amegbetɔ ƒe agbemenuwɔnawo ŋu pɛpɛpɛ do ŋgɔ o. Exlẽ be: ‘Duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.’ (Nyagblɔla 9:11) Nyateƒee, nu geɖewo dzɔna le vo me. Nuɖiɖeame siawo wɔnɛ be womate ŋu anɔ te ɖe dzigbe alo ŋkɔ ƒe xexlẽdzesi aɖe dzi anya nusi adzɔ le etsɔme o.

Na míagade ŋugble le kpɔɖeŋu bubu ŋu kpɔ: Esi Biblia nɔ dzi dem ƒo na amewo be woawɔ dɔmenyo la, egblɔ be: ‘Na wò abolo nato tɔ dzi yii, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖewo megbe. Mã nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena mènya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.’ (Nyagblɔla 11:1, 2) Le go geɖe me la, afɔkuwo nye nusiwo ŋu amewo menyaa nu le doa ŋgɔ o—le nyateƒe me la womate ŋu anya hã o. Esia tae akɔntafialagã Underwood Dudley ŋlɔ ku ɖe xexlẽdzesifakaka ŋu be: “Womete ŋu kpɔe dze sii be ɖe nuwo dzɔna le vo me o. Nu wɔnukuwo te ŋu dzɔna siwo menye ɖe woɖo wo ɖi o.”

Ele eme baa be xexlẽdzesifakalawo ƒe nya aɖewo te ŋu vaa eme. Nuka gbɔe esia tso? Le go aɖewo me la, emetsonuwo ate ŋu anye nudogoɖenunu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, xexlẽdzesifakalawo ƒe nyawo me mekɔna tututu o si wɔnɛ be emevava te ŋu kuna ɖe nu vovovowo ŋu. Gake nu vevi bubu aɖe li si ŋu wòle be míade ŋugble le.

Afakaka Ƒomevi aɖe Wònyea?

Biblia meƒo nu tso xexlẽdzesifakaka ŋu tẽ o. Gake eƒo nu tso Amalekitɔ aɖe si ŋkɔe nye Haman si ɖo nugbe be yeatsrɔ̃ Yudatɔ siwo nɔ Persia le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ŋu. Ŋutinya gblɔ be: “Haman na wodaa nudzidzenu (si woyɔna be ‘purim’) le eŋkume be wòanya ŋkeke si dzi kple dzinu si me tututu wòawɔ eƒe nugbeɖoɖoa dzi. Wokpɔe be dzinu wuievelia ƒe ŋkeke wuietɔ̃lia sɔ.”—Ester 3:7, Today’s English Version.

Le blema la, nudzidze nye masɔmasɔ gbɔ kpɔnu si le se nu. * (Lododowo 18:18) Gake ɖe Haman da dzidzenua be yeaka afa—nusi ŋu Biblia tsitre ɖo vevie. Mose V, 18:10-12 gblɔ be Mawu léa fu “bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala . . . Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”

Biblia la bua afakaka kple vivimeŋusẽ be wonye gbɔgbɔyɔyɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃wo te ŋu trɔa asi le nudzɔdzɔwo ŋu be woade woƒe tameɖoɖo dzi. Aleke kee nya la le le go aɖe me o, nu ɖeka ya metrɔna o: Mawu lé fu gbɔgbɔyɔyɔ eye gbɔgbɔyɔyɔ te ŋu nana gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi.—Samuel I, 15:23; Efesotɔwo 6:12.

Menye dzɔdzɔmeŋutinunya dzie wotu xexlẽdzesifakaka ɖo o eye ne wotsɔ nuŋububu nyuie dzro eme tsitotsito kpɔ la viɖe menɔa eŋu o. Esi gavloe wu enye be esi xexlẽdzesifakaka nye afakaka ƒomevi aɖe ta la etsi tre ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu. Eyata xexlẽdzesifakaka menye mɔ nyuitɔ si dzi nàto akplɔ ɖokuiwò alo awɔ wò etsɔme ɖoɖowo o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Ne woada dzidzenuwo la, wotsɔa nu suesuewo—abe kpe kuiwo alo ati fefeewo—kɔna ɖe kotoku me alo nugoe me. Emegbe la woʋuʋunɛ. Amesi ƒe nudzidze woɖe do goe lae nye amesi wotia.

[Aɖaka si le axa 22]

ƔLETIGBALẼ VOVOVOAWO NYE KUXI GÃ AÐE LE XEXLẼDZESIFAKAKA ME

GREGORY TƆ September 11, 2001

CHINA TƆ ɣleti 7 lia ƒe ŋkeke 24 lia le ƒe 18 lia le tododo 78 lia me

JULIAN TƆ August 29, 2001

MOSLEM TƆ 22 Jumada II 1422

HEBRI TƆ 23 Elul 5761

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

ÐE WOATE ŊU AKA ÐE DZIGBEƔLETIVIMEFAKAKA DZIA?

“Ɣeaɖewoɣi la èdoa vivi ɖe ame ŋu, gake ɣebubuɣiwo la mètena ɖe ame ŋu o. Èkpɔnɛ be masɔ be yeana amedzrowo nanya nu geɖe tso ye ŋu o. Ènye amesi dea ŋugble le nu ŋu vevie hekpɔa egbɔ be kakaɖedzi le eŋu hafi lɔ̃na ɖe dzi. Èlɔ̃a nuwɔwɔ le mɔ vovovowo nu, eye dzi medzɔa wò ne se geɖe wɔe be nèxaxa o. Ŋutete geɖe le asiwò si ƒe ɖewo mèkpɔ zã o. Ètsia dzi ɖe wò nuwɔnawo kple wò ŋutetewo ŋu vevie.”

Ðe wòdze na wò abe ŋuwòe wole nu ƒom lea? Ne nenemae la, ke anɔ gɔmesese geɖe bum ɖe nyaa ŋu wu alesi dze. Gake ne míagblɔe tututu la, nya sia ƒe akpa gãtɔ ku ɖe ame akpa gãtɔ ŋu. Eyata nuxlẽlawo axɔ nyaa ƒe akpa si lɔ wo ɖe eme dzi ase eye woaŋe aɖaba aƒu esiwo meka wo o dzi. Agbalẽ si nye Why Do Buses Come in Threes—The Hidden Mathematics of Everyday Life gblɔ be: “Numekulawo va de dzesii be ne woɖe ɣletividzesiawo ɖa le dzigbeɣletivimefakaka me la, amewo mete ŋu kpɔa memama si ƒo nu tso woƒe dzesiawo ŋu dzea sii o, gake ne wotsɔ dzesiawo kpee la, woxɔa edzi sena be nusi yewoƒe ɣletivia gblɔ nye nyateƒea tututu.”

[Aɖaka si le axa 24]

KPƆÐEŊUXEXLẼDZESI SIWO LE BIBLIA ME

Wozã xexlẽdzesiwo le kpɔɖeŋugɔmesese nu le Biblia me, gake esia kuna ɖe nya siwo le Ŋɔŋlɔawo ƒe afisi wozãe le la ɖeɖeko ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wozã xexlẽdzesi ene tsɔ fia nusi lɔ nuwo katã alo amesiame ɖe eme. Wozã nya sia le nyagbɔgblɔ siwo nye “anyigba ƒe go eneawo” kple “dziƒo ƒe ya eneawo” me. (Yesaya 11:12; Daniel 8:8) Ɣeaɖewoɣi la, xexlẽdzesi ade fiaa blibomademade. Nukutɔe la, xexlẽdzesi si wona Satana ƒe anyigba dzi dunyahehabɔbɔa le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nye ‘ame ƒe xexlẽdzesi’—666. (Nyaɖeɖefia 13:18) Le afisia la ade si woyɔ zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ, nye gbetete ɖe habɔbɔ si le abe lã ene ƒe blibomademade dzi. Ne wòzã adre le kpɔɖeŋumɔ nu la, efiaa blibodede. (Mose III, 4:6; Hebritɔwo 9:24-26) Gɔmesese si va nɔa xexlẽdzesi siawo kple kpɔɖeŋuxexlẽdzesi bubuawo siwo wozã le Ŋɔŋlɔawo me ŋu la nɔ te ɖe nyagblɔɖinya siwo me wodze le la dzi.

Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo tsɔ vevienyenye aɖe ɖo xexlẽdzesi aɖewo ŋu hã la, Biblia meɖe mɔ na mí be míanɔ wo kpem ɖe nya aɖewo ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo ŋu be míake ɖe nya ɣaɣlawo ŋu o.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Haman ka afa tsɔ tia ŋkeke si dzi woatsrɔ̃ dukɔ aɖe me tɔwo