Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyɔ! Ŋudɔwɔwɔ Nyuie

Nyɔ! Ŋudɔwɔwɔ Nyuie

Nyɔ! Ŋudɔwɔwɔ Nyuie

ESI Vanessa, si nye Yehowa Ðasefo le United States xɔ ƒe 16 la, wobia tso esi be wòaŋlɔ nu tso anorexia, si nye nuɖuɖumadzroame dɔléle, ŋu ava sukui. Egblɔ be: “Mewɔ numekuku aɖewo gake nyatakaka sue aɖewo ŋu ko meke ɖo. Megblɔ eŋu nya na dzinyelawo eye woɖo aɖaŋu nam be madi eŋu nyatakakawo le míaƒe agbalẽwo me.”

Esi Vanessa wɔ numekukua le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me la, eke ɖe nyatakaka gbogbo aɖewo si ŋudɔ wòawɔ ŋu. Egblɔ be: “Gake dɔdasia ƒe akpa aɖe koe nye esia. Ele nam be magaƒo nu tso nyatia ŋu le nufiala kple sukuvi 20 ŋkume!” Aleke Vanessa akpɔ dɔ sesẽ sia gbɔe?

Vanessa xɔa hehe le Teokrasi Subɔsubɔ Suku, si wowɔna le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me, abe alesi Yehowa Ðasefo siwo le xexeame ƒe akpa bubuwo wɔnɛ ene. Vanessa gblɔ be: “Suku sia dzraa mí ɖo nyuie be míayi gbeadzi aƒo nu na ame bubuwo eme nakɔ na wo. Míexɔa aɖaŋuɖoɖo le afisi wòhiã le be míawɔ asitɔtrɔ be míaƒe nyawo me nakɔ na amewo wu.” Nukae do tso agbagba si Vanessa dze le eƒe numekukua me la me? Egblɔ be, “Mexɔ dzesi gãtɔ kekeake.”

Vanessa nye sɔhɛ siwo wɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple gbɔgbɔ me hehenana bubu siwo woxɔna la ŋudɔ nyuie dometɔ ɖeka. Sɔhɛ siawo tɔgbe dze na kafukafu, elabena wole nuxlɔ̃ame si le Nyagblɔla 12:1, si gblɔ be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me” dzi wɔm.