Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbenɔnɔ Le Xexe si me Wotsɔa Nuwo Ƒua Gbe Yakatsyɔ

Agbenɔnɔ Le Xexe si me Wotsɔa Nuwo Ƒua Gbe Yakatsyɔ

Agbenɔnɔ Le Xexe si me Wotsɔa Nuwo Ƒua Gbe Yakatsyɔ

DUKƆ deŋgɔ me nɔlawo ƒua gbeɖuɖɔ gbogbo aɖewo gbe. Le kpɔɖeŋu me, bu gbeɖuɖɔ si wolia kɔ ƒe sia ƒe le United States ŋu kpɔ. Wogblɔ be “tsi si ƒe kpekpeme sɔ kplii ate ŋu ayɔ Olimpik-tsiƒuƒe 68,000.” Wobu akɔnta le ƒe aɖewo siwo va yi me be gbeɖuɖɔ si amesiwo le New York City ɖeɖe wɔna le ƒe ɖeka me ate ŋu axɔ dugã la ƒe Modzakaɖebɔ Gã dzi wòakɔ ade meta 4! *

Mewɔ nuku o be woyɔ United States be enye “nuxlɔ̃ame kpɔɖeŋu na xexeame ƒe akpa susɔeawo” le “woƒe nuzazã kple gbeɖuɖɔ siwo wowɔna” ta. Gake menye dukɔ ma ɖeɖeko ŋue nyaa ku ɖo o. Wobu akɔnta be gbeɖuɖɔ si Germanytɔwo wɔna ƒe sia ƒe ate ŋu axɔ agbatsɔketeke si didi tso woƒe fiadu Berlin me va ɖo Afrika ƒuta, si ƒe didime anɔ kilometa 1,800 me. Eye wobu akɔnta ɣeyiɣi aɖe kpɔ va yi le Britain be ƒome si me ame ene le le mama dedie nu gblẽa pepa si ƒe agbɔsɔsɔme ade ati ade nu ƒe sia ƒe.

Dukɔ madeŋgɔwo meto le gbeɖuɖɔ ƒe agbogbododonya la me o. Nyadzɔdzɔgbalẽ nyanyɛ aɖe ka nya ta be: “Nusi menyo o enye be ame biliɔn 6 siwo le anyigba dzi ƒe akpa gãtɔ va te United States kple dukɔ deŋgɔ bubuwo ƒe kɔlili gbeɖuɖɔ ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃.” Míelɔ̃ alo míeɖalɔ̃ o, mía dometɔ akpa gãtɔ le amesiwo wɔa gbeɖuɖɔ ale gbegbe dome egbea.

Ele eme baa be nuwo nɔa amewo si woatsɔ aƒu gbe ɣesiaɣi ya. Gake ganugoe me nuɖuɖu kple nuɖuɖu kpakple nuzazã siwo woblana ɖe aɖakagowo me bɔ ɖe afisiafi wu alesi wònɔ tsã ale gbegbe be go siwo me wodea nui siwo wotsɔ ƒua gbe bɔ ɖe afisiafi. Nyadzɔdzɔgbalẽwo, magazinewo, boblodogbalẽviwo, kple agbalẽ bubuwo hã dzi ɖe edzi nukutɔe.

Míaƒe xexe si me adzɔnuwo wɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya me nuwo bɔ ɖo hã he gbeɖuɖɔ ƒomevi yeye aɖe vɛ. Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Welt gblɔ be “woɖea asi le ʋu siwo anɔ miliɔn asieke ŋu le Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha me ƒe sia ƒe.” Teƒe didi na wo mele bɔbɔe kura o. Gake nusi gaɖua ta na wo wue nye, Afikae woakɔ nuklia alo aɖitike gbegblẽawo ɖo eye magblẽ nu o? Le ƒe 1991 me la, woka nya ta le United States ŋu be “woli kɔ aɖiɖuɖɔ gbogbo aɖewo ɖe afima eye womekpɔ teƒe si woadzra wo ɖo wòanye wo daɖoƒe koŋ o.” Wogblɔ hã be wodzra gago miliɔn ɖeka si me aɖi wuame le la ɖo ɖe afi aɖe gbɔ eye ɣesiaɣi la “wovɔ̃na be woate ŋu abu, alo woafi wo, eye ne womelé be na wo o la woagblẽ nu le nutoa me.” Le ƒe 1999 ɖeɖeko me la, dɔwɔƒe 20,000 lɔƒo siwo le United States wɔ aɖiɖuɖɔ si wu tɔn miliɔn 40.

Kuxi bubu enye amewo ƒe dzidziɖedzi nukutɔe le ƒe alafa siwo va yi me. Ne amewo dzi ɖe edzi la gbeɖuɖɔ hã dzina ɖe edzi! Ame akpa gãtɔ tsia dzi ɖe nuzazãwo ŋu. Habɔbɔ si Léa Ŋku ɖe Xexeame Ŋu ƒo nya ta nyitsɔ laa be: “Míewɔa nuwo ŋudɔ eye wokpɔa míaƒe nuhiahiã gbogbo aɖewo gbɔ na mí tso ƒe 1950 me wu ɣeyiɣi siwo katã do ŋgɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me.”

Nyateƒee, ame ʋɛ aɖewo siwo le dukɔ deŋgɔ mawo me koe di be yewoaɖe asi le “nuwo kple nusiwo gbɔ wokpɔna na wo ŋu.” Le kpɔɖeŋu me, wò ya bu alesi wònɔa bɔbɔe be nàyi fiase aɖe me aƒle nu kpotokpotoe siwo le nugowo me xoxo eye nàtsɔ wo ade pepa alo aŋe kotoku me ava aƒemee ŋu kpɔ. Ne woɖe alesi woblaa nuwoe egbegbe ɖa zi ɖeka la, madidi hafi amewo ava dze si alesi gbegbe wohiã wo vevie o. Eye tsɔ kpe ɖe eƒe dzadzɛnɔnɔ ŋu la, alesi nuawo le go me nana míenɔa lãmesẽ me nyuie le mɔ aɖe nu teti.

Togbɔ be viɖe siawo li hã la, ɖe wògahiã be woatsi dzi be amesiwo le xexea me egbea wɔa gbeɖuɖɔwo akpaa? Ðikekemanɔmee la ele be woatsi dzi ɖe eŋu elabena ɖoɖo vovovo siwo wowɔ be woatsɔ akpɔ gbeɖuɖɔ ƒe agbogbododonya gbɔ la mete ŋu ɖe gbeɖuɖɔ siwo wɔm amegbetɔwo le la dzi kpɔtɔ o. Nusi gavɔ̃ɖi wue enye be nɔnɔme si le amewo si egbea ɖe gbeɖuɖɔ wɔwɔ ŋuti la ɖe fu ŋutɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Abɔa lolo agbleka (acre) 843, alo axɔ Manhattan dugã la ƒe alafa memama 6 lɔƒo.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Afisi woakɔ aɖiɖuɖɔ ɖo si magblẽ nu o la nye taɖui