Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbedodoɖa Siwo Mawu Sena

Gbedodoɖa Siwo Mawu Sena

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Gbedodoɖa Siwo Mawu Sena

“Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi. Elabena amesiame, si le nu biabia dzi la, exɔnɛ; eye amesiame si le nu didi dzi la ekpɔnɛ; eye amesiame si le ʋɔƒoƒo dzi la, woaʋui nɛ.”—LUKA 11:9, 10, NW.

ESI Kristotɔ geɖewo ka ɖe Yesu Kristo ƒe nya siwo míeyɔ le etame dzi bliboe ta la, wotsɔa woƒe kuxiwo kple dzimaɖitsitsiwo ɖoa Mawu ŋkume le gbedodoɖa me, esi woka ɖe edzi be elɔ̃a yewo eye wòtsɔa ɖe le eme na yewo ta. Gake dzi ɖena le ame aɖewo ƒo esi wonɔ woƒe gbedodoɖawo me vava lalam. Ðe nèsena le ɖokuiwò me be wò gbedodoɖa meɖea vi oa? Ðe Mawu ɖoa to wò ne èdo gbe ɖaa?

Ne edze abe womeɖo míaƒe gbedodoɖa ŋu o hã la, esia mefia be Mawu mese míaƒe gbedodoɖawo o. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.” (Petro I, 3:12) Eyata Yehowa Mawu sea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖawo, woɖadoe ɖa sesĩe alo doe ɖa le susu me o. (Yeremya 17:10) Yehowa gadzroa susuwo kple seselelãme siwo wotsɔ le gbea dom ɖa me kpɔna si gɔme amesi le gbea dom ɖa ŋutɔ mase bliboe o alo anya gɔ̃ hã o.—Romatɔwo 8:26, 27.

Gake ne Mawu aɖo to míaƒe gbedodoɖawo la, ele be míaɖo nudidi aɖewo gbɔ. Gbã la, ele be míadoe ɖa na Mawu ɖeɖeko—menye na Yesu alo, “ame kɔkɔe,” alo legba aɖeke o. (Mose II, 20:4, 5) Ele be woado gbe ɖa hã to Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. (Yohanes 14:6) Ðe esia le fiafiam be Yesue sea míaƒe gbedodoɖa gbã emegbe wogblɔnɛ na Mawua? Ao. Ke boŋ ne míedo gbe ɖa na Yehowa le Yesu ƒe ŋkɔ me la, míeɖenɛ fiana be Kristo ƒe nusrɔ̃lawo míenye eye míelɔ̃ ɖe edzi be eƒe vɔsa ɖeka kolia ko dzie míate ŋu ato ate ɖe Mawu ŋu.—Hebritɔwo 4:14-16.

Ele be woado gbe ɖa le xɔse me. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Aleke ame aɖe awɔ anya ne xɔse ma tɔgbe le esi? Biblia ŋlɔla Yakobo ɖo eŋu be: “Mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.” (Yakobo 2:18) Nyateƒee, xɔsee ʋãa amewo wowɔa nu, eye dɔwɔwɔawo hã ɖenɛ fiana be míelɔ̃a Mawu eye míele agbagba dzem be míadze eŋu.

Azɔ hã ele be Mawu subɔlawo nanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa. Yesu na esia me kɔ le Luka 11:9, 10, si míeyɔ le gɔmedzedzea. Ne woagblɔe tututu la, ne ame aɖe do gbe ɖa zi ɖeka ku ɖe nya aɖe ŋu la, ɖe esia fia be eƒe ŋku biã ɖe nusi biam wòle la ŋua?

Nusi ƒe Ŋugbe Mawu Do

Aleke kee míeɖado gbe ɖa enuenu veviedodotɔe o, míegakpɔtɔ le “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1) Togbɔ be Yesu gblɔe tututu be ye yomedzelawo akpɔ dzidzɔ hã la, menɔ gbɔgblɔm be womado go kuxiwo le agbe me o. (Mateo 5:3-11) Enya gblɔe be yeƒe nusrɔ̃lawo akpɔ dzidzɔ togbɔ be konyifafa, dɔwuame, tsikɔwuame, alo yometiti li hã.

Dzidzɔ si Yesu wɔnɛ menye esi tsoa nudzedziname me o. Ke boŋ enye dzidzeme ememetɔ si míekpɔna ne míele Mawu subɔm. Eyata míate ŋu anɔ dzidzɔ aɖe sinu kpɔm ne míele nɔnɔme siwo tɔtɔa ame gɔ̃ hã me tom.—Korintotɔwo II, 12:7-10.

Ame Ŋutɔ ƒe Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Ekema dzodzroe wònye be woado gbe ɖa na Mawu ku ɖe ame ŋutɔ ƒe nyawo abe kpeɖeŋutɔ nyui didi alo ƒomenyawo, lãmesẽnyawo, alo dɔ ŋuti kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ene ŋua? Ao, elabena togbɔ be Mawu medo ŋugbe be yeatrɔ míaƒe nɔnɔmewo nukutɔe o hã la, ana nunya si míatsɔ akpɔ wo gbɔ dzidzedzetɔe la mí. Yakobo ŋlɔ ku ɖe dodokpɔwo ŋu be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.” (Yakobo 1:5) Eyata Yehowa ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi akplɔ mí. Esia akpe ɖe mía ŋu be míase Biblia ƒe gɔmeɖosewo gɔme ahawɔ wo ŋudɔ le míaƒe nyametsotsowo wɔwɔ me.

Mefia be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsoa nya me na mí ya o. Ke boŋ ahiã be mía ŋutɔwo míawɔ nane le eŋu. Le kpɔɖeŋu me ne míele kuxi aɖe me la, ɖe míewɔa numekuku le eŋu eye míedaa nɔnɔmea ƒe akpa vovovoawo kpɔna? Esia wɔwɔ afia be míexɔ Mawu dzi se. (Yakobo 2:18) Ðe míeyia edzi nɔa gbe dom ɖa na Mawu ne míele agbagba dzem be míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔa? (Mateo 7:7, 8) Ðe míedzro Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe nɔnɔmea ŋu me nyuiea? Mawu ƒe Nya la ate ŋu ana míanɔ “dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.”—Timoteo II, 3:16, 17.

Togbɔ be Mawu te ŋu xɔna na amegbetɔwo eye wòɖea míaƒe kuxiwo ɖa hã la, eɖe mɔ na mí be míawɔ míaƒe tiatiawɔblɔɖe ŋudɔ. Nublanuitɔe la, ame geɖe wɔa woƒe tiatiawɔblɔɖea ŋudɔ tsɔ gblẽa nu le ame bubuwo ŋu. Eyata kuxi aɖewo siwo ŋu míedoa gbe ɖa le la agakpɔtɔ anɔ anyi vaseɖe esime Mawu ƒe xexeme yeyea nava. (Dɔwɔwɔwo 17:30, 31) Ate ŋu anye nɔnɔme aɖe si le edzi yim le afisi míele, le kpɔɖeŋu me abe nuvlowɔwɔ alo aʋawɔwɔ si lɔ mí ɖe eme tẽ ene; alo ate ŋu alɔ dzidodo le nɔnɔme sesẽ aɖe si tsitretsiɖeŋulawo he va mía dzi ɖe eme. (Petro I, 4:4) Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be le xexe mavɔ̃mawu sia me la, nenema koe nɔnɔme aɖewo anɔ.

Ke hã Mawu lɔ̃a amesiwo subɔnɛ eye wòle klalo be yeakpe ɖe wo ŋu. Ne eƒe Fiaɖuƒea va le anyigba katã dzi ɖum la aɖe kuxi dziŋɔwo katã ɖa keŋkeŋ le xexe sia me. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Esi míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi ma la, mina míayi edzi anɔ Mawu ƒe mɔfiafia biam le míaƒe agbemekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aɖo dzi ɖe Yehowa ŋu be awɔ ɖe eƒe ŋugbedodo si woŋlɔ ɖi le Biblia me si le Yesaya 41:10 dzi, be: “Megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”