Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU VEVI SIWO NANA ƑOMEWO KPƆA DZIDZƆ

Nu Si Nàwɔ Be Wò Srɔ̃ɖeɖe Evelia Nakpɔ Dzidzedze

Nu Si Nàwɔ Be Wò Srɔ̃ɖeɖe Evelia Nakpɔ Dzidzedze

HERMAN: * “Kansa wu srɔ̃nye gbãtɔ esi míeɖe mía nɔewo ƒe 34 megbe. Esi megaɖe srɔ̃ la, srɔ̃nye yeyea, si ŋkɔe nye Linda, sena le eɖokui me be metsɔa ye nɔ sɔsɔm kple srɔ̃nye gbãtɔa ɣesiaɣi. Nu si gagblẽa nyaa ɖe edzie nye be xɔ̃nyewo ƒoa nu tso srɔ̃nye gbãtɔa ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu zi geɖe, eye esia tena ɖe Linda dzi.”

LINDA: “Esi mía kple Herman míeɖe mía nɔewo la, mesena le ɖokuinye me be medea asixɔxɔ ŋunye abe srɔ̃a xoxoa ene o. Elɔ̃ eƒe nya gbɔ, eƒoa nu nɛ kple gbe blewu, eye wòwɔa nu ɖe eŋu nyuie wu ale si wòle le nye kplii dome fifia. Esia na mebiaa ɖokuinye be ɣekaɣie nye kplii dome hã ava nɔ kplikplikpli nenema hã?”

Herman kple Linda wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi woɖe wo nɔewo. Linda, si ƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me gblẽ la yɔa Herman lɔlɔ̃tɔe be “nye dzi.” Gake, abe ale si woƒe nya siwo le etame ɖee fia ene la, kuxi aɖewo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe evelia me, si menɔa srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me o. *

Ne zi eveliae nye esia nèɖe srɔ̃ la, aleke nèsena le ɖokuiwò me tso srɔ̃ɖeɖe evelia ŋu? Tamara si gbugbɔ ɖe srɔ̃ le ƒe etɔ̃ megbe esi woa kple srɔ̃aŋutsu gbãtɔ wogbe wo nɔewo la gblɔ be: “Ne èɖe srɔ̃ zi gbãtɔ la, àse le ɖokuiwò me be yeƒe srɔ̃ɖeɖea anɔ anyi ɖaa. Gake ne ègava ɖe srɔ̃ zi evelia la, asesẽ be nàgase le ɖokuiwò me nenema le esi nèɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi be yeƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa mete ŋu nɔ anyi ɖaa o ta.”

Ke hã, ame siwo ɖe srɔ̃ zi evelia la dometɔ geɖe kpɔa dzidzɔ vavãtɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe evelia me.  Wona woƒe srɔ̃ɖeɖe evelia kpɔ dzidzedze—wò hã àte ŋui! Aleke nàwɔe? Na míadzro kuxi nyanyɛ etɔ̃ aɖewo kple aɖaŋu si Biblia ɖo tso kuxi siawo gbɔ kpɔkpɔ ŋui la me. *

KUXI GBÃTƆ: SRƆ̃ÐEÐE GBÃTƆ TSƆTSƆ SƆ KPLE EVELIA

Ellen, si nye nyɔnu aɖe le South Africa la gblɔ be: “Esesẽna nam be maɖe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa ɖa le susu me, vevietɔ ne nye kple srɔ̃nye yeyea míeɖi tsa yi afi aɖe si nye kple srɔ̃nye xoxoa míeyi mɔkeke le kpɔ. Ɣeaɖewoɣia, metsɔa srɔ̃nye yeyea nɔa sɔsɔm kple srɔ̃nye xoxoa le manyamanya me.” Le go bubu me la, ne srɔ̃wò ɖe srɔ̃ kpɔ hafi míeva ɖe mia nɔewo, eye ɣesiaɣi ko wòƒoa nu tso srɔ̃a gbãtɔ ŋu la, ate ŋu ate ɖe dziwò.

Mikpɔ gome le nu siwo ana ɖekawɔwɔ nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe evelia me la me ɖekae

AÐAŊUÐOÐO: Ele be mia kple srɔ̃wò miase egɔme be mele bɔbɔe be ame naɖe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ ɖa le susu me keŋkeŋ o, vevietɔ ne srɔ̃ɖeɖe ma nɔ anyi eteƒe didi. Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be yewoyɔa yewo srɔ̃ xoxoa ŋkɔ na yewo srɔ̃ yeyea ɣeaɖewoɣi hafi va nyɔna le yewo ɖokui me. Nu kae nàwɔ atsɔ akpɔ kuxi siawo ƒomevi gbɔ? Biblia ɖo aɖaŋu be: “Mise veve ɖe ame nu.”—1 Petro 3:8.

Ŋuʋaʋã megana nàde se be ye srɔ̃ nagaƒo nu tso eƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa ŋu kura o. Ne srɔ̃wò di be yeaƒo nu tso yeƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ ŋu la, ɖo to nàse eƒe nyawo veveseɖeamenutɔe. Azɔ hã, mègatsɔ dzitsitsi ƒo nya ta be etsɔ ye le sɔsɔm kple srɔ̃a xoxoa o. Ian, si ɖe srɔ̃ zi evelia anɔ abe ƒe ewoe nye esia la gblɔ be: “Srɔ̃nye Kaitlyn medoa dziku ne mele nu ƒom tso srɔ̃nye si ku la ŋu o. Ke boŋ ekpɔe be enye mɔnukpɔkpɔ na ye be yeanya nu siwo me meto va yi.” Ne wò hã èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, àva kpɔe be dzeɖoɖo mawo ana mia kple srɔ̃wò yeyea dome nava nɔ kplikplikpli wu.

Wò susu nenɔ srɔ̃wò yeyea ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Enye nyateƒe be nɔnɔme alo ŋutete nyui aɖewo nɔ srɔ̃wò xoxoa si si mele srɔ̃wo yeyea si o. Gake nɔnɔme nyui aɖewo le srɔ̃wò yeyea hã si si menɔ xoxoa si o. Eya ta dze agbagba nàdo ŋusẽ wò srɔ̃ɖeɖe yeyea to ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nɔnɔme nyui siwo le srɔ̃wò yeyea si ŋu dzi, ke “menye le [etsɔtsɔ] asɔ kple ame [kemɛa] me o.” (Galatiatɔwo 6:4) Edmond, si ɖe srɔ̃ zi evelia la gblɔ be: “Ale si ko xɔ̃wò aɖe ƒe nɔnɔme to vovo na xɔ̃wò bubu tɔe la, nenema kee srɔ̃wò xoxoa hã ƒe nɔnɔme to vovo na srɔ̃wò yeyea tɔ.”

Aleke nàwɔ ada asɔ le nuƒoƒo tso nu siwo doa dzidzɔ na wò le srɔ̃wò gbãtɔ ŋu kple ale si nàwɔ nu ɖe srɔ̃wò yeyea ŋui me? Jared gblɔ be: “Meɖe nu me na srɔ̃nye yeyea be nye srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa le abe ŋutinyagbalẽ nyui aɖe si mía kple srɔ̃nye gbãtɔ míeŋlɔ ene. Tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, ava hiã be maʋu agbalẽ ma ahaɖo ŋku nu siwo me mía kple srɔ̃nye xoxoa míeto dzi. Gake menye kple susu be manɔ agbe ɖe nu mawo nu o. Eyae nye srɔ̃nye fifia, eye mía kplii míele kpɔɖeŋu ŋutinyagbalẽ bubu ŋlɔm ɖekae le dzidzɔ me.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Bia srɔ̃wò be ɖe wòtena ɖe edzi ne yele nu ƒom tso ye srɔ̃ xoxoa ŋu hã? Dze agbagba nànya ɣeyiɣi siwo me masɔ be nàƒo nu tso srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa ŋu o.

KUXI EVELIA: ALE SI NÀWƆ NUI NE ÈLE XƆ̃WÒ SIWO MENYA SRƆ̃WÒ YEYEA O, ALO SRƆ̃WÒA XƆLƆ̃ SIWO MENYA WÒ O LA DOME

Javier, si ɖe srɔ̃ bubu esi woa kple srɔ̃a gbãtɔ wogbe wo nɔewo ƒe ade megbe la gblɔ be: “Esi meɖe srɔ̃ bubu ɣeyiɣi aɖe megbe la, srɔ̃nye yeyea va kpɔe be xɔ̃nye aɖewo doa ye kpɔ be yewoakpɔe ɖa be ye hã yele abe srɔ̃nye gbãtɔ ene hã. Srɔ̃ŋutsu bubu si ŋkɔe nye Leo, hã do go kuxi sia tɔgbi. Egblɔ be: “Ame aɖewo gblɔna na srɔ̃nye le ŋkunyeme pɛɛ be yewolɔ̃ srɔ̃a gbãtɔ ƒe nya gbɔ ŋutɔ eye be yewole esusum ale gbegbe!”

AÐAŊUÐOÐO: Tsɔ ɖokuiwò ɖo xɔ̃wòawo teƒe. Ian si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Esi xɔ̃wòwo menya srɔ̃wò yeyea nyuie abe ale si wonya gbãtɔa ene o ta la, asesẽ na wo be woadze xɔlɔ̃e enumake.” Eya ta ‘nye nugɔmesela, eye nàɖe tufafa afia amewo katã bliboe.’ (Tito 3:2) Gbɔ dzi ɖi na xɔwòwo kple ƒowòmetɔwo, elabena axɔ ɣeyiɣi hafi woava nya srɔ̃wò yeyea nyuie. Esi nèɖe srɔ̃ yeye taa, ele be nàdze xɔlɔ̃ yeyewo hã. Javier si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ la gblɔ be esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, yewo xɔlɔ̃ xoxoawo gava tena ɖe ye kple ye srɔ̃ yeyea ŋu. Egblɔ kpee be: “Gake mía kple srɔ̃nye míedze xɔlɔ̃ yeyewo hã, eye esia kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ.”

 Bu srɔ̃wò yeyea ƒe seselelãmewo ŋu ne mia kple xɔ̃wò xoxoawo miele dze ɖom. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wò xoxoa ƒe nyawo va ge ɖe dzeɖoɖoa me la, wɔ ŋuɖɔɖo kple nuŋububu nyuie ŋu dɔ be srɔ̃wò yeyea magase le eɖokui me be yemele ɖeke me o. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.”—Lododowo 12:18, NW.

TE MƆNU SIA KPƆ: Minɔ ŋudzɔ ɖe hadomewɔna siwo teƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa ŋu nyawo ate ŋu ado mo ɖa le ŋu. Mido ŋgɔ miadzro ale si miaɖo nya ŋui ne mia xɔlɔ̃wo bia nya aɖe mi tso srɔ̃ɖeɖe gbãtɔa ŋu la me.

KUXI ETƆ̃LIA: SRƆ̃WÒ GBÃTƆ ƑE NUTEƑEMAWƆMAWƆ NA WÒLE SESẼM NA WÒ BE NÀKA ÐE SRƆ̃WÒ YEYEA DZI.

Andrew, si srɔ̃ gbãtɔ gbee la gblɔ be: “Mevɔ̃na be ne megaɖe srɔ̃ bubu la, eya hã ava gblẽm ɖi abe gbãtɔ ke ene.” Emegbe la, eva ɖe srɔ̃ bubu, si ŋkɔe nye Riley. Egblɔ be: “Mebiaa ɖokuinye be ɖe mate ŋu asɔ na Riley abe srɔ̃a gbãtɔ ene hã. Mevɔ̃na gɔ̃ hã be ne ekpɔe be nyemesɔ na ye o la, ava gbem ayi aɖaɖe ame bubu.”

AÐAŊUÐOÐO: Dzro nu siwo ŋu nètsi dzi ɖo la me kple srɔ̃wò. Biblia gblɔ be: “Afi si adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” (Lododowo 15:22) Adaŋudede, alo nyawo lelé kpɔ siae kpe ɖe Andrew kple Riley ŋu wova ka ɖe wo nɔewo dzi. Andrew gblɔ be: “Mena Riley nya be nyemagbee ne kuxiwo do mo ɖa le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me o, eye Riley hã ka ɖe edzi nam nenema. Ʋɛʋɛʋɛ la, meva ka ɖe Riley dzi bliboe.”

Ne ame si nèɖe fifia la ƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me gblẽ le esi srɔ̃a gbãtɔa mewɔ nuteƒe nɛ o ta la, ekema dze agbagba nàwɔ nu siwo ana wòaka ɖe dziwò. Le kpɔɖeŋu me, Michel kple Sabine, siwo srɔ̃gbegbe na be wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me gblẽ la, ɖoe be ne dzeɖoɖo aɖe yi edzi le yewo dometɔ aɖe kple srɔ̃a xoxoa dome la, ele be yewoagblɔe na yewo nɔewo. Sabine gblɔ be: “Ðoɖo sia na be míekana ɖe mía nɔewo dzi bliboe.”—Efesotɔwo 4:25.

TE MƆNU SIA KPƆ: Mègana dzeɖoɖo ƒe kadodo tɔxɛ nanɔ mia kple ame aɖe si ƒe vidzinu to vovo na tɔwò la dome o, eɖanye ŋkume kple ŋkume loo alo to telefon alo Internet dzi.

Ame geɖe siwo gaɖe srɔ̃ zi evelia la kpɔ dzidzedze, wò hã àte ŋui. Nya lae nye be, èva nya ɖokuiwò nyuie fifia wu ale si wònɔ esi nèɖe srɔ̃ zi gbãtɔ. Andrew si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Mele dzidzeme geɖe kpɔm le mía kple Riley ƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ƒe 13 sɔŋ ye nye esia míeɖe mía nɔewo, eye mía dome le kplikplikpli ŋutɔ—míayi edzi alé eme ɖe asi alea.”

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 5 Ne ame aɖe srɔ̃ ku wògaɖe bubu la, ŋusẽ si esia akpɔ ɖe edzi le srɔ̃ɖeɖe evelia me la to vovo na ame si srɔ̃ gbee wògaɖe bubu la tɔ. Gake wotrɔ asi le nyati sia ŋu be wòakpe ɖe ame siwo le nɔnɔme evea siaa me la ŋu woakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe evelia me.

^ mm. 7 Be nàkpɔ nyatakakawo ku ɖe ale si atikɔmeƒomewo awɔ akpɔ dzidzedze ŋu la, kpɔ April 2012 ƒe yevugbe me Nyɔ! Yehowa Ðasefowoe tae.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Srɔ̃nye ƒe nɔnɔme nyui kawoe doa dzidzɔ nam?

  • Ne srɔ̃nye gbãtɔ ƒe nya aɖe do mo ɖa la, mɔ ka dzie mato akpɔ egbɔ be wòagate ɖe srɔ̃nye yeyea dzi o, eye wòakpɔe be medea asixɔxɔ ye ŋu?