Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tutu Wò Aɖatsiwo Ne Nàkpɔ Ŋgɔgbe

Tutu Wò Aɖatsiwo Ne Nàkpɔ Ŋgɔgbe

“Ðeko wòwɔ nam abe ɖe xexea me wu enu ɖem ene. Bu eŋu kpɔ be nu sia nu le edzi yim na wò nyuie ko kasia, nu sia nu dome gblẽ na wò.”—MARK, * si ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ ƒe ɖekae nye esia.

“Srɔ̃nye wɔ ahasi kple ɖetugbui aɖe si anɔ ƒe me kple mía vinyɔnu. Esi míegbe mía nɔewo la, mevo tso eƒe dɔmedzoedodowo me, gake mese le ɖokuinye me be ede ŋukpe mo nam eye wòklo bubu le ŋunye.”—EMMELINE, si ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ ƒe 17 ye nye esia.

Ame aɖewo gbea srɔ̃ le esi wosusu be ade yewo dzi wu ta, gake ame bubuwo ya medi be yewoƒe srɔ̃ɖeɖe me nagblẽ hafi o, ke hã womate ŋu axe mɔ na wo srɔ̃ be wòagagbe yewo o. Aleke kee wòɖale o, ame siwo gbe wo nɔewo la katã kloe va kpɔnɛ be agbea sesẽ na yewo wu ale si yewokpɔ mɔ nɛ. Le nyateƒe me la, ne wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ eteƒe medidi o la, ɖewohĩ àkpɔe be esia nye ɣeyiɣi siwo me nu te ɖe dziwò wu le agbe me la dometɔ ɖeka. Eya ta aɖe vi ŋutɔ be nàdzro aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu kuxi siwo srɔ̃gbegbe hena vanɛ dzi la me.

KUXI 1: NUTEÐEAMEDZI.

Dzimaɖitsitsi si gakuxiwo, vihehe kple akogotsitsi hena vanɛ la nu tea ŋu sẽna ŋutɔ, eye zi geɖe la, exɔa ɣeyiɣi geɖe hafi wòkana ɖe eme. Susuŋutinunyala Judith Wallerstein si megali o la de dzesii be, ƒe geɖe le srɔ̃gbegbe megbe gɔ̃ hã la, ame aɖewo gakpɔtɔ sena le wo ɖokui me be yewo srɔ̃ gblẽ yewo ɖi, womewɔ nuteƒe na yewo o, eye be “agbea mede yewo dzi o, mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo, eye wotsia akogo.”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

  • Àte ŋu afa avi faa le nu si dzɔ ɖe dziwò ta. Ðewohĩ ègale wò kpeɖeŋutɔ si nèlɔ̃ la susum kokoko. Ne  kuxi sesẽwo nɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me gɔ̃ hã la, ale si mèkpɔ dzidzɔ si nènɔ mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me o la ate ŋu anye nuxaxa na wò. (Lododowo 5:18) Megakpe ŋu na wò be nàfa avi o, elabena “avifaɣi li.”Nyagblɔla 3:1, 4.

  • Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga o. Togbɔ be àdi be ye ɖeɖe yeanɔ anyi afa avi ɣeaɖewoɣi hã la, ɖokuiwò ɖeɖe ɖe aga ɣesiaɣi menyo o. (Lododowo 18:1) Gblɔ nya tuameɖowo ne mia kple xɔ̃wòwo miele dze ɖom, elabena nyatoƒoetoto le srɔ̃wò xoxoa ŋu enuenu ate ŋu ana amewo naka le ŋuwò, ne tɔwòe dzɔ gɔ̃ hã. Ne ehiã be nàwɔ nyametsotso veviwo le srɔ̃gbegbea megbe teti la, di kpekpeɖeŋu tso ame si dzi nèka ɖo gbɔ.

  • Lé be na ɖokuiwò. Nuteɖeamedzi si srɔ̃gbegbe hena vanɛ la hea lãmesẽkuxiwo, abe ʋusɔgbɔdɔ alo taɖui sesẽwo ene vanɛ zi geɖe. Ðu nu nyuie, dɔ alɔ̃ nyuie, eye nànɔ ka me dem.Efesotɔwo 5:29.

  • Ðe nu siwo nana dzi kua wò ɖe srɔ̃wò xoxoa ŋu la ɖa le ŋkukpɔƒe kpakple esiwo mègahiã o la siaa, gake dzra agbalẽ veviwo ya ɖo. Ne nu bubuwo, abe foto siwo mieɖe le miaƒe srɔ̃kpegbe ene la doa dzive na wò la, ɖe wo ɖa eye nàdzra wo ɖo ɖi na viwòwo.

  • Wò susu meganɔ dzivenyawo ŋu o. Olga, si gbe srɔ̃a le esi srɔ̃aŋutsua wɔ ahasi ta la gblɔ be: “Menɔa ɖokuinye biam enuenu be, ‘Nu ka gɔ̃e le nyɔnu ma si si mele asinye o?’” Gake Olga va kpɔe dze sii be ne yeyi edzi le dzivenyawo ŋu bum la, ate ŋu ana ‘wɔna navɔ le dzidodo ŋu.’Lododowo 18:14.

    Ame geɖe kpɔe be yewoƒe tamesusuwo ŋɔŋlɔ ɖi kpena ɖe yewo ŋu yewoƒe susu dzea akɔ anyi. Ne èle esia wɔm la, dze agbagba nàɖe susu ɖa le dzivenyawo ŋu eye nàbu nya yeye siwo tua ame ɖo ŋu. (Efesotɔwo 4:23) Esia ƒe kpɔɖeŋu evee nye esi:

    Tamesusu xoxotɔ: Nye vodadae wònye be srɔ̃nye wɔ ahasi.

    Tamesusu yeyea: Srɔ̃nye mekpɔ mɔ awɔ ahasi le nye vodadawo ta o.

    Tamesusu xoxotɔ: Megblẽ nye ƒe vavãwo ɖe ame mawɔnuteƒe ŋu.

    Tamesusu yeyea: Makpɔ dzidzɔ geɖe wu ne meɖe susu ɖa le nu siwo dzɔ va yi ŋu hekpɔ ŋgɔgbe.

  • Ðe susu ɖa le dzivenya siwo amewo gblɔna ŋu. Xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo si susu nyui le la ate ŋu agblɔ nya wòagbã dzi na wò alo agblɔ nya siwo manye nyateƒe le gowòme o; woate ŋu agblɔ be: ‘Nyɔnu ma mesɔ na wò kura o’ alo ‘Mawu lé fu srɔ̃gbegbe.’ * Esɔ nyuie be Biblia ɖo aɖaŋu be: ‘Mègalé to ɖe amewo ƒe nu, siwo katã woƒona la ŋu o.’ (Nyagblɔla 7:21) Martina, si gbe srɔ̃a ƒe evee nye esia la gblɔ be: “Medzea agbagba be mana nye susu nanɔ ale si Mawu bua nuwo ŋui ŋu, eye meƒoa asa na dzivenyawo ŋu bubu, elabena eƒe susuwo kɔ boo wu míaƒe susuwo.”Yesaya 55:8, 9.

  • Do gbe ɖa na Mawu. Ede dzi ƒo na esubɔlawo be ‘woadro woƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe ye dzi,’ vevietɔ ne wole xaxa sesẽwo me tom.1 Petro 5:7.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ mawunyakpukpui siwo dea dzi ƒo na wò la me nyawo ɖe agbalẽ kakɛwo dzi, eye nàklã wo ɖe afi siwo nànɔ wo kpɔm le edziedzi. To vovo na mawunyakpukpui siwo me míedzro va yi la, ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la dometɔ geɖe kpɔe be mawunyakpukpui siwo gbɔna la hã kpena ɖe yewo ŋu: Psalmo 27:10; 34:19; Yesaya 41:10; kple Romatɔwo 8:38, 39.

Na Mawu ƒe Nya la nado ŋusẽ wò le ɣeyiɣi sesẽwo me

KUXI 2: KADODO SI ANƆ MIA KPLE SRƆ̃WÒ TSÃTƆA DOME.

Juliana, si woa kple srɔ̃a wonɔ anyi ƒe 11 la gblɔ be: “Meɖe kuku na srɔ̃nye be megadzo o. Esi wòdzo la, dzi kum ɖe eya kple nyɔnu si woa kplii woli fifia la siaa ŋu.” Dzi kua ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la dometɔ geɖe vevie ɖe wo srɔ̃ tsãtɔa ŋu ƒe geɖe. Ke hã  nɔnɔmeawo va ƒonɛ ɖe wo nu be woanɔ kadodo me edziedzi, vevietɔ ne vi le wo dome.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

  • De bubu srɔ̃wò tsãtɔa ŋu. Na mia kplii dome dzeɖoɖowo naku ɖe nu siwo hiã la ko ŋu eye nàyi nyaa gbɔ tẽe. Ame geɖe kpɔe be esia nana ŋutifafa nɔa yewo dome.Romatɔwo 12:18.

  • Ƒo asa na nya veamewo gbɔgblɔ. Ne edo dzre na wò la, ele vevie ŋutɔ be nàwɔ ɖe Biblia me mɔfiame sia dzi: “Ame si mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi.” (Lododowo 17:27) Ne èkpɔe be yemate ŋu atrɔ mɔ na eƒe nya siwo le dzi vem na wò o la, àte ŋu agblɔ be: “Medi be made ŋugble le nya si nègblɔ ŋu eye míaƒo nu tso eŋu emegbe.”

  • Mima nu siwo miewɔna aduadu tsã la me ale si wòanya wɔ eye ame sia ame nakpɔ etɔ gbɔ, le kpɔɖeŋu me, le segbalẽwo, ganyawo kple atikewɔwɔ ŋuti ɖoɖowo gome.

TE MƆNU SIA KPƆ: Gbe si gbe nàgaƒo nu kple srɔ̃wò tsãtɔa la, nɔ ŋudzɔ be nàde dzesii nenye be mia dometɔ aɖe le tɔ tem ɖe nya dzi alo le eɖokui nu ɖem. Ne ehiã la, bia be yewoayi dzeɖoɖoa dzi ɣebubuɣi alo ne mielɔ̃ la, miadzaka nyaa to e-mail dzi.Lododowo 17:14.

KUXI 3: KPEKPE ÐE VIWÒWO ŊU BE WOATRƆ ÐE NƆNƆMEA ŊU.

Maria ɖo ŋku ale si nuwo nɔ esi eƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ teti la dzi gblɔ be: “Vinyenyɔnuvia faa avi ɣeawokatãɣi, eye wògadze aɖuɖɔɖɔɖɔ ɖe aba dzi ake. Eye togbɔ be vinyenyɔnuvi tsitsitɔ dze agbagba be yeaɖu yeƒe seselelãmewo dzi hã la, mekpɔe be eya hã ƒe nɔnɔme trɔ.” Nublanuitɔe la, ate ŋu adzɔ be vovo manɔ ŋuwò be nàfa akɔ na viwòwo esime wohiã wò vevie la o, alo be wò ŋutɔ hã èhiã na akɔfafa.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

  • De dzi ƒo na viwòwo be woagblɔ woƒe dzimenyawo na wò, ne edze abe woƒe “nyawo le mɔ tram” ene gɔ̃ hã.Hiob 6:2, 3.

  • Ame sia ame newɔ eƒe wɔƒe. Togbɔ be àdi be yeaɖe yeƒe dzimenyawo agblɔ eye viwòwo hã adi be yewoasee na wò hã la, masɔ be woadro ame tsitsiwo ƒe nyawo ɖe ɖeviwo dzi o. (1 Korintotɔwo 13:11) Mègalɔ wò dzimenyawo katã kɔ ɖe viwòwo dzi alo ana woanye domenɔla le mia kple wo fofo alo wo dada dome o.

  • Wɔ ɖoɖo nyuie ɖe viwòwo hehe ŋu. Aɖe vi ne mia kple ɖeviawo miele teƒe ɖeka eye miaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo to mɔ ɖeka, gake nu si gale vevie wue nye be miayi edzi anɔ tetem ɖe Mawu ŋu ɖekae, to Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ abe ƒome ene me.5 Mose 6:6-9.

TE MƆNU SIA KPƆ: Di ɣeyiɣi aɖe le kwasiɖa sia me nàka ɖe edzi na viwòwo be yelɔ̃ wo eye be menye woawoe na miaƒe srɔ̃ɖeɖea me gblẽ o. Ðo nya siwo woabia wò la ŋu, gake mèganɔ fɔbubua dam ɖe dzila kemɛa dzi o.

Eya ta àte ŋu atutu wò aɖatsiwo ahakpɔ ŋgɔgbe ne wò srɔ̃ɖeɖe me gblẽ. Melissa, si woa kple srɔ̃a wonɔ anyi ƒe 16 la gblɔ be, “Esi mía kple srɔ̃nye míegbe mía nɔewo la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Menye aleae medi be agbea nanɔ nam hafi o.’” Togbɔ be edzɔ alea hã la, Melissa ƒe dzi dze eme fifia. Egblɔ be, “Esi menya ɖe susu ɖa le nu siwo dzɔ va yi ŋu ko la, nye dzi dze eme.” ▪

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 18 Eɖoɖo koŋ ato ayemɔ dzi agbe srɔ̃ nye nu si Mawu lé fui. Gake ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka wɔ ahasi la, Mawu ɖe mɔ na srɔ̃tɔ maɖifɔa be wòatiae ne atsɔe akee loo alo agbee. (Maleaxi 2:16; Mateo 19:9) Kpɔ nyati si nye “Biblia Ƒe Nukpɔsusu—Srɔ̃gbegbe Ka Ƒomevie Mawu Lé Fui?” si dze le April 8, 1994, ƒe Nyɔ! me. Yehowa Ðasefowoe tae.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Ðe mena ɣeyiɣi ɖokuinye tsɔ xa nu ɖe nye srɔ̃ɖeɖe si me gblẽ la ta vavã?

  • Aleke mawɔ adzudzɔ dzikudodo ɖe srɔ̃nye xoxoa ŋu?