Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Míaƒe Anyigba La Ava Tsrɔ̃ Gbe Ðeka?

Ðe Míaƒe Anyigba La Ava Tsrɔ̃ Gbe Ðeka?

Ðe Míaƒe Anyigba La Ava Tsrɔ̃ Gbe Ðeka?

ÐE NÈBIA ɖokuiwò kpɔ be: ‘Nu kae ava dzɔ ɖe míaƒe anyigba la dzi le etsɔ me hã?’ Esi ame geɖe kpɔ ale si gbegbe wole nu gblẽm le míaƒe ɣletinyigba dzeani sia ŋui la, wosusuna be ɖewohĩ ava tsrɔ̃ gbe ɖeka.

Le nyateƒe me la, woto anyigbadzinu xɔasiwo, abe tsi, avewo, kple yamenutome nyuia ene, la dome gbegblẽ dzi le anyigba la gblẽm egbea. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔna hã be ɣletivitoasike gãwo ƒe gege, ɣletivi aɖe ƒe wówo, alo ŋusẽ si tsoa ɣea gbɔ ƒe vɔvɔ awɔe be anyigba la kple edzi nu gbagbewo katã aɖo afɔku me.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be vivivi—ɖewohĩ le ƒe biliɔn geɖe megbe—la, ŋutete si le anyigbaa si be wòalé agbe ɖe te la nu ava tsi. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be esia nye “Zɔɖeɖe ɖo ta afɔku aɖe gbɔ, si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o.”—Encyclopædia Britannica.

Dzidzɔtɔe la, Biblia ka ɖe edzi na mí be Yehowa Mawu maɖe mɔ anyigba la natsrɔ̃ loo, alo atsi ƒuƒlu gbeɖe o. Esi wònye eyae nye Wɔlaa eye “ŋusẽ” mavɔ le esi ta la, ate ŋu alé xexe gbahoo la ɖe te yi ɖe mavɔmavɔ me. (Yesaya 40:26) Eya ta míate ŋu axɔ nya siwo gbɔna la dzi ase, be: “[Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.” “Ɣe kple ɣleti, mikafui; mikafui, mi dzinuvi keklẽwo katã! . . . Elabena ede se, eye wodzɔ, etsɔ wo ɖo anyi ɖaa tegbee.”—Psalmo 104:5; 148:3-6.

Tame Si Mawu Ðo Ðe Anyigba La Ŋu

Menye Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔwo naƒo ɖi anyigba la ahagblẽe abe ale si wòle egbea ene gbeɖe o. Ke boŋ esi Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, Adam kple Xawa la, ɖe wòda wo ɖe abɔ nyui dzeani aɖe me. Gake woƒe Paradisoƒea makpɔtɔ anye teƒe dzeani le eɖokui si o. Mawu de dɔ asi na wo ‘be woaŋlɔ eme, eye woakpɔ edzi.’ (1 Mose 2:8, 9, 15) Dɔ dodzidzɔname, si naa dzidzeme ame, kae nye esi Mawu de asi na mía dzila siawo siwo de blibo ɣemaɣi!

Gake tame si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu la lɔ nu geɖe ɖe eme wu beléle na abɔ gbãtɔ ma ko. Ðe wòdi be anyigba blibo la nava zu paradiso. Esia tae Mawu de se sia na Adam kple Xawa be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!”—1 Mose 1:28.

Nublanuitɔe la, mawudɔla dadala aɖe, si wova yɔ be Satana la, tsi tsitre ɖe Mawu ƒe tameɖoɖoa ŋu. Edzroe vevie be Adam kple Xawa nasubɔ ye. Satana ƒo nu na wo to da aɖe dzi na wodze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu. (1 Mose 3:1-6; Nyaɖeɖefia 12:9) Aleke gbegbe woƒe ɖokuitɔdidi kple ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu sia anya ve mía Wɔla lae nye esi! Gake woƒe aglãdzedzea mete ŋu trɔ tame si Yehowa Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu la o. Egblɔ be: ‘Nye nya, si do tso nye nu me la magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.’—Yesaya 55:11.

Le susu nyui aɖewo ta la, Yehowa ɖe mɔ Satana yi eƒe aglãdzenuwɔnawo dzi kaka va ɖo egbea. Le ɣeyiɣi siawo me la, amegbetɔwo te dziɖuɖu vovovowo kpɔ, eye nu siwo do tso eme la ɖee fia be ɖokuisinɔnɔ tso Mawu gbɔ, abe ale si Satana toe vae ene, mekpɔ dzidzedze kuraa o. *Yeremiya 10:23.

Gake le ƒe akpe siwo va yi me la, Mawu yra amegbetɔ wɔnuteƒe aɖewo. Ena woŋlɔ nu siwo do tso toɖoɖo eyama kple tomaɖomaɖo eyama me la siaa ɖi ɖe Biblia me. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa wɔ nu wɔnuku geɖe siwo ahe viɖewo vae na mí le etsɔ me. Lɔlɔ̃tɔe la, ena Ðela ameƒomea to Via, Yesu Kristo, si gbɔ melɔ̃a nu le o la dɔdɔ ɖe anyigba dzi be wòava fia mɔ nyuitɔ kekeake si nu wòle be míanɔ agbe ɖo la mí, eye be wòatsɔ eƒe agbe ana ɖe mía ta. (Yohanes 3:16) Esi wònye be medze be Yesu naku hafi o ta la, Mawu wɔ eƒe kua ŋu dɔ gbugbɔ nu si Adam kple Xawa bu, si nye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba si azu paradiso dzi ƒe mɔkpɔkpɔa, ƒle le se nu. * Bene tameɖoɖo sia nava eme la, Yehowa Mawu ɖo dziƒofiaɖuƒe aɖe si aɖu ameƒomea katã dzi la anyi, eye wòɖo Via, Yesu Kristo, si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, Fiae ɖe Fiaɖuƒe ma nu. Dziɖuɖu deŋgɔ siae akpɔ egbɔ be tame si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu la nava eme.—Mateo 6:9, 10.

Eya ta àte ŋu aka ɖe ŋugbedodo wɔnuku siawo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la dzi bliboe, be: ‘Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke ame siwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.’ “‘Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.’ Eye Ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi gblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.’”—Psalmo 37:9, 29; Nyaɖeɖefia 21:3-5.

Biblia Metsia Tsitre Ðe Eɖokui Ŋu O

Gake ɖewohĩ ame aɖewo abia be, ‘Aleke míase mawunyakpukpui siwo woyɔ le etame kple bubu siwo dze abe ɖee woɖee fia be anyigba la ava atsrɔ̃ gbe ɖeka ene la gɔmee?’ Na míade ŋugble tso wo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Wo me dzodzro ana míakpɔe be Biblia metsia tsitre ɖe eɖokui ŋu o.

Gbe aɖe gbe ʋĩ do ŋgɔ na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe dzesidedee be nuwɔwɔwo katã le ‘zɔ ɖem ɖo ta afɔku aɖe gbɔ’ la, Biblia me hakpalaa aɖe ŋlɔ bena: ‘Gba ɖe gbe ke wò Mawu nèɖo anyigba gɔme anyi, eye wò asinudɔwɔwɔ enye dziƒowo. Woawo nu ayi, ke wò la ànɔ anyi; wo katã anyunyɔ abe avɔ ene, eye àɖɔ li wo woaɖɔ abe awu ene. Ke wò la nenema ko nèle, eye wò ƒewo nu metsona o.’—Psalmo 102:26-28.

Hakpalaa ƒe nya siawo metsi tsitre ɖe tame mavɔ si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu la ŋu o. Ke boŋ ɖe wònɔ susu hem yi vovototo si le Mawu ƒe mavɔmavɔtɔnyenye kple ale si eƒe nu wɔwɔ bubuawo katã nu ate ŋu ava yii la dzi. Ne menye ɖee Mawu zãa eƒe ŋusẽ mavɔ la tsɔ léa nuwo ɖe te o la, anye ne xexe gbahoo la—si me míaƒe ɣea kple eŋu ɣletinyigba siwo léa míaƒe agbe ɖe te, kekeli, kple dzɔdzɔmeŋusẽwo le la—atɔ zi ahatsrɔ̃ keŋkeŋ mlɔeba. Esia fia be Mawu manɔmee la, míaƒe anyigba la “anyunyɔ,” alo enu ayi keŋkeŋ.

Mawunyakpukpui bubuwo le Ŋɔŋlɔawo me siwo hã ate ŋu adze na ame le wo xexlẽ zi gbãtɔ me abe ɖee wotsi tsitre ɖe tame si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu la ŋu ene. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ƒo nu tso dziƒo kple anyigba ŋu abe ɖee wo ‘nu ava yi’ ene. (Nyaɖeɖefia 21:1) Kakaɖedzitɔe la, nya siawo metsi tsitre ɖe ŋugbe si Yesu do be, “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome,” la ŋu o. (Mateo 5:5) Ke nu kae Biblia wɔnɛ esi wòƒo nu tso dziƒo kple anyigba ŋu be wo ‘nu ava yi’?

Zi geɖe la, Biblia zãa nya “anyigba” le kpɔɖeŋu gɔmesese nu wòfiaa amegbetɔwo. Le kpɔɖeŋu me, bu mawunyakpukpui sia ŋu kpɔ: “Gbe ɖeka kple nuƒoƒo ɖeka tɔgbi ye nɔ anyigba la katã nu.” (1 Mose 11:1) Eme kɔ ƒãa be “anyigba” si wozã le afi sia la fia amegbetɔ siwo nɔ anyigbaa dzi ɣemaɣi. Kpɔɖeŋu bubue nye Psalmo 96:1, si gblɔ be: “Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã.” Eme kɔ be le mawunyakpukpui sia kple bubuawo me la, ɖe wozã nya “anyigba” le kpɔɖeŋumɔ nu wòfia amewo.—Psalmo 96:13.

Ɣeaɖewoɣi la, Biblia tsɔa anyigba dzi dziɖuɖuwo sɔna kple dziƒowo alo dziƒoŋunuwo. Le kpɔɖeŋu me, woɖɔ Babilon dziɖula ameteɖeanyilawo be wonye dzinuviwo, elabena wodo wo ɖokuiwo ɖe dzi boo wu ame siwo ƒo xlã wo. (Yesaya 14:12-14) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Babilontɔwo ƒe “dziƒo” alo fiaƒomea, kple “anyigba,” si nye ame siwo de dziɖuɖu ma dzi la nu va yi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. (Yesaya 51:6) Esia ʋu mɔ na Yudatɔ siwo trɔ dzi me la wogbugbɔ yi Yerusalem, afi si “dziƒo yeye” aɖe, si nye dziɖuɖu yeye, ɖu “anyigba yeye,” si nye ame dzɔdzɔe siwo de dziɖuɖu ma dzi la dzi le.—Yesaya 65:17.

Eya ta esi Biblia gblɔ ku ɖe dziƒo kple anyigba ŋu be wo ‘nu ava yi’ la, ɖe wònɔ susu hem yi amegbetɔ ƒe dziɖuɖu gblẽkuwo kple wo dzi dela mavɔ̃mawuawo ƒe nuwuwu dzi. (2 Petro 3:7) Esia aʋu mɔ na Mawu ƒe dziƒo dziɖuɖu yeye la be wòahe yayrawo avae na ame dzɔdzɔewo ƒe ƒome yeye la, elabena “míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.”—2 Petro 3:13.

Eya ta àte ŋu aka ɖe ŋugbe si Mawu do be míaƒe aƒe si nye anyigba la anɔ anyi tegbee la dzi. Gawu la, Biblia gblɔ nu si wòle be nàwɔ be wò hã nàkpɔ gome le dzidzɔɣeyiɣi ma, si me woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso la, me. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yohanes 17:3) Ðe manyo be nàɖoe wò taɖodzinu be nàsrɔ̃ nu tso nu si Biblia fia ku ɖe anyigba la kple ameƒomea ƒe etsɔ me ŋu la ŋu oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me la ŋutɔ be yewoakpe ɖe ŋuwò le go sia me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Kpɔ numeɖeɖe ku ɖe nu si ta Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 106-14. Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 11 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe axa 47-56 hena nyatakaka bubu siwo ku ɖe Yesu ƒe vɔsakua ŋu.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Biblia do ŋugbe be míaƒe aƒe si nye anyigba la anɔ anyi tegbee

[Picture Credit Lines on page 10]

Anyigba nogoo la: NASA/The Visible Earth (http://visibleearth.nasa.gov/); snonyigba dzi sisiblisi la: © Bryan and Cherry Alexander Photography