Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Kristotɔwo Ƒe Mɔkpɔkpɔe Wònyea?

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Kristotɔwo Ƒe Mɔkpɔkpɔe Wònyea?

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Kristotɔwo Ƒe Mɔkpɔkpɔe Wònyea?

“[Mawu atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o.”—NYAÐ. 21:4.

1, 2. Aleke míewɔ nya be Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ geɖe xɔ agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi se?

ÐEKAKPUI kesinɔtɔ xɔŋkɔ aɖe ƒu du yi ɖadze klo ɖe Yesu ŋkume hebiae be: “Nufiala Nyui, nu kae wòle be mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome?” (Mar. 10:17) Ðekakpuia nɔ nya biam ku ɖe agbe mavɔ dome nyinyi ŋu—ke afi kae wòanye? Abe ale si míedzro eme le nyati si va yi me ene la, ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Mawu na tsitretsitsi kple agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ Yudatɔwo. Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ geɖe xɔ mɔkpɔkpɔ ma dzi se.

2 Anɔ eme be amewo fɔfɔ ɖe tsitre be woava nɔ agbe le anyigba dzi ye nɔ susu me na Yesu xɔlɔ̃ Marta esi wògblɔ ku ɖe nɔviaŋutsu si ku la ŋu be: “Menya be atsi tsitre le tsitretsitsi la me le ŋkeke mamlɛa dzi.” (Yoh. 11:24) Enye nyateƒe be Zadukitɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la mexɔ tsitretsitsia dzi se o ya. (Mar. 12:18) Ke hã, aƒetɔ George Foot Moore gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Nuŋlɔɖi . . . siwo nɔ anyi le ƒe alafa evelia alo gbãtɔ do ŋgɔ na mía ŋɔli me la ɖee fia be amewo xɔe se be ɣeaɖeɣi le xexea ƒe ŋutinya me la, ame siwo ku le dzidzime siwo va yi me la afɔ agava nɔ agbe le anyigba dzi ake.” (Judaism in the First Centuries of the Christian Era) Ðekakpui kesinɔtɔ si te ɖe Yesu ŋu la di be yeakpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi.

3. Nyabiase kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Egbea la, subɔsubɔhawo kple Biblia ŋuti nunyala geɖe gblɔna be menye Kristotɔwo ƒe nufiafiae agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa nye o. Ame akpa gãtɔ kpɔa mɔ be yewoava nɔ agbe le gbɔgbɔmenutowo me le ku megbe. Eya ta ne amewo le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo xlẽm eye wova ke ɖe nyagbɔgblɔ si nye “agbe mavɔ” ŋu la, wo dometɔ geɖe susuna be agbenɔnɔ le dziƒo ŋue wòkuna ɖo ɣesiaɣi. Ðe esia nye nyateƒea? Nu kae nɔa susu me na Yesu ne eƒo nu tso agbe mavɔ ŋu? Nu ka dzie Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xɔ se? Ðe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo fia nu ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋua?

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le ‘Nuwo Gbugbɔgawɔ La me’

4. Nu kawoe ava eme le “nuwo gbugbɔgawɔ” la me?

4 Biblia fia nu be woafɔ Kristotɔ amesiaminawo ɖe tsitre woayi dziƒo, eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi. (Luka 12:32; Nyaɖ. 5:9, 10; 14:1-3) Gake ne Yesu ƒo nu tso agbe mavɔ ŋu la, menye ƒuƒoƒo ma koe nɔa susu me nɛ ɣesiaɣi o. Bu nya si wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo esime ɖekakpui kesinɔtɔ si wòkpe be wòagblẽ eƒe nunɔamesiwo katã ɖi ahazu Kristo ƒe yomedzela la trɔ dzo kple nuxaxa megbe la ŋu kpɔ. (Mixlẽ Mateo 19:28, 29.) Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be woakpe ɖe ame siwo aɖu fia la ŋu eye woadrɔ̃ ʋɔnu “Israel to wuieveawo”—si fia ameƒomea me tɔ siwo mele ame siwo aɖu fia le dziƒo la dome o. (1 Kor. 6:2) Eƒo nu tso teƒeɖoɖo aɖe si “ame sia ame” si dzea eyome la akpɔ la hã ŋu. Ame mawo hã ‘anyi agbe mavɔ dome.’ Esiawo katã ava eme le ‘nuwo gbugbɔgawɔ la me.’

5. Aleke nàɖe “nuwo gbugbɔgawɔ” la me?

5 Esi Yesu ƒo nu tso “nuwo gbugbɔgawɔ” ŋu la, nu kae wòwɔnɛ? Woɖe nya sia gɔme le Biblia gɔmeɖeɖe si woyɔna be Nubabla Yeye La me be “xexe yeyea,” eye woɖe egɔme le Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me me be “nuwo ƒe gbugbɔgadzi.” Esi wònye be Yesu meɖe nya sia me esime wòzãe o ta la, edze ƒãa be enɔ susu hem yi mɔkpɔkpɔ si nɔ Yudatɔwo si ƒe alafa geɖee nye ema la dzi. Woagbugbɔ nuwo awɔ le anyigba dzi ale be nɔnɔmeawo nanɔ ko abe ale si wonɔ le Eden bɔa me do ŋgɔ na Adam kple Xawa ƒe nu vɔ̃ me dzedze ene. Le nuwo gbugbɔgawɔa me la, Mawu ana ŋugbe si wòdo be yeawɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” la nava eme.—Yes. 65:17.

6. Nu kae alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe kpɔɖeŋua fia mí ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu?

6 Yesu gaƒo nu tso agbe mavɔ ŋu le eƒe nuƒo si ku ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi ŋu la me. (Mat. 24:1-3) Egblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã kpe ɖe eŋuti la, ekema abɔbɔ anɔ anyi ɖe eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui la dzi. Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si ko alẽkplɔla maa alẽwo me tso gbɔ̃wo gbɔe ene.” Ame siwo woadrɔ̃ toheʋɔnui la “ayi ɖe ɖeɖeɖa mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo ya ayi ɖe agbe mavɔ la me.” ‘Ame dzɔdzɔe’ siwo akpɔ agbe mavɔ lae nye ame siwo naa kpekpeɖeŋu Kristo ‘nɔvi’ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la nuteƒewɔwɔtɔe. (Mat. 25:31-34, 40, 41, 45, 46) Esi wònye be wotia amesiaminawo be woaɖu fia le dziƒo ta la, ele be ‘ame dzɔdzɔeawo’ nanye Fiaɖuƒea te vi siwo anɔ anyigba dzi. Biblia gblɔe ɖi be: ‘[Yehowa ƒe Fia la] aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖase ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.’ (Ps. 72:8) Fiaɖuƒea te vi siawo anɔ agbe mavɔ le anyigba dzi.

Nu Kae Yohanes Ƒe Nya Nyui Gbalẽa Ðe Fia?

7, 8. Mɔkpɔkpɔ ƒomevi eve kawo ŋue Yesu ƒo nu tsoe na Nikodemo?

7 Abe ale si woŋlɔe ɖi le Mateo, Marko, kple Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽawo me ene la, Yesu zã nyagbɔgblɔ “agbe mavɔ” le nudzɔdzɔ siwo me míedzro va yi la me. Le Yohanes ƒe Nya Nyui Gbalẽa ƒe nya nu la, Yesu ƒo nu tso agbe mavɔ nɔnɔ ŋu zi 17 sɔŋ. Mina míadzro wo dometɔ aɖewo me ne míakpɔ nya si Yesu gblɔ ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ŋu ɖa.

8 Le Yohanes ƒe nya nu la, zi gbãtɔ si Yesu ƒo nu tso agbe mavɔ ŋu la, Farisitɔ aɖe si woyɔna be Nikodemoe wònɔ nu ƒom na. Egblɔ na Nikodemo be: “Ne wometsɔ tsi kple gbɔgbɔ dzi ame o la, mate ŋu age ɖe Mawu fiaɖuƒe la me o.” Ele be ‘woagbugbɔ adzi’ ame siwo ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒea me. (Yoh. 3:3-5) Gake Yesu metɔ nya la ɖe afi ma o. Le nya ma gbɔgblɔ vɔ megbe la, eƒo nu tso mɔkpɔkpɔ aɖe si woʋu ɖi na xexe bliboa ŋu. (Mixlẽ Yohanes 3:16.) Yesu nɔ nu ƒom tso agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si li na eyomedzela amesiamina siwo ayi dziƒo kple esi li na ame bubu siwo anɔ anyigba dzi la ŋu.

9. Mɔkpɔkpɔ ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe na Samaria nyɔnu aɖe?

9 Le dze ma ɖoɖo kple Nikodemo le Yerusalem vɔ megbe la, Yesu zɔ mɔ yi dziehe gome ɖo ta Galilea. Le mɔa dzi la, edo go nyɔnu aɖe le Yakob ƒe vudoa to le teƒe aɖe si te ɖe Samaria du si nye Sixar ŋu. Yesu gblɔ nɛ be: “Ame sia ame si ano tsi si manae ƒe ɖe la, tsikɔ magawui akpɔ o, ke boŋ tsi si manae la azu tsidzɔƒe le eyama me, si ayɔ agbagba, be wòana agbe mavɔ.” (Yoh. 4:5, 6, 14) Tsi ma tsi tsitre ɖi na ɖoɖo si Mawu wɔ be yeana agbe mavɔ nagasu ameƒomea, siwo dome ame siwo anɔ anyigba dzi hã le la, si. Le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, wogblɔ tso Mawu ŋu be eya ŋutɔ gblɔ be: “Ame sia ame si tsikɔ le wuwum la, mana agbetsi dzidzi la ƒe ɖee femaxee.” (Nyaɖ. 21:5, 6; 22:17) Eya ta nya si Yesu gblɔ na Samaria nyɔnua la meku ɖe Fiaɖuƒea domenyila amesiaminawo ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ ɖeɖe ko ŋu o, ke eku ɖe ameƒomea me tɔ mawudzixɔsela siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le tɔ hã ŋu.

10. Esi Yesu da gbe le ŋutsu aɖe ŋu le Betzata ta la to vɔ la, nya kae wògblɔ na subɔsubɔhakplɔla tsitretsiɖeŋulawo ku ɖe agbe mavɔ ŋu?

10 Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Yesu gayi Yerusalem ake. Le afi ma la, eda gbe le ŋutsu aɖe ŋu le Betzata ta la to. Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo nɔ nya hem ɖe eŋu le esi wòda dɔ na ŋutsua ta la be: “Vi la mate ŋu awɔ nu ɖeka pɛ hã le eɖokui si o, negbe nu siwo wòkpɔ Fofo la wòle wɔwɔm la ko.” Esi Yesu gblɔ na wo be Fofo la “[tsɔ] ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Vi la” vɔ la, egblɔ be: “Ame si sea nye nya, eye wòxɔa ame si dɔm ɖa la dzi sena la, agbe mavɔ le esi.” Yesu gagblɔ hã be: “Gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase [Amegbetɔvi la ƒe] gbe, eye woado go, ame siwo wɔ nu nyuiwo la, hena agbe ƒe tsitretsitsi, ame siwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” (Yoh. 5:1-9, 19, 22, 24-29) Yesu nɔ gbɔgblɔm na Yudatɔ siwo nɔ eyome tim la be yee nye ame si Mawu ɖo be wòana agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ Yudatɔwo si la nava eme, eye be yeawɔ esia to ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre dzi.

11. Aleke míewɔ nya be nya si Yesu gblɔ le Yohanes 6:48-51 la ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa hã ŋu?

11 Le Galilea la, ame akpe geɖe siwo nɔ didim be Yesu nawɔ abolo nukutɔe na yewo la te eyome dzedze. Yesu ƒo nu tso abolo ƒomevi bubu aɖe ŋu na wo—eyae nye “agbebolo la.” (Mixlẽ Yohanes 6:40, 48-51.) Egblɔ be: “Abolo si mana . . . lae nye nye ŋutilã.” Menye ame siwo aɖu fia kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me ko tae wòtsɔ eƒe agbe na ɖo o, ke boŋ “ɖe xexea,” si fia ameƒomea me tɔ siwo dze na ɖeɖekpɔkpɔ la, hã ‘ƒe agbe tae.’ Elabena egblɔ kpee be, “Ne ame aɖe ɖua abolo sia ƒe ɖe,” si fia be amea ɖenɛ fiana be yexɔ Yesu ƒe vɔsa ƒe ameɖeŋusẽ dzi se la, agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ asu esi. Vavãe, “agbe tegbee” si ŋu wòƒo nu tsoe le afi sia la lɔ mɔkpɔkpɔ si nɔ Yudatɔwo si tso gbe aɖe gbe ke be yewoava nɔ agbe mavɔ le Mesia la ƒe dziɖuɣi la hã ɖe eme.

12. Mɔkpɔkpɔ ka ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe esi wògblɔ na eƒe tsitretsiɖeŋulawo be ‘yeana agbe mavɔ yeƒe alẽawo’?

12 Emegbe le Ðɔɖɔɖoŋkekenyuia ɖuɣi le Yerusalem la, Yesu gblɔ na eƒe tsitretsiɖeŋulawo be: “Miawo ya miexɔe se o, elabena miele nye alẽawo dome o. Nye alẽwo sea nye gbe, eye menya wo, eye wodzea yonyeme. Eye menaa agbe mavɔ wo.” (Yoh. 10:26-28) Agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo ŋu koe Yesu nɔ nu ƒom tsoe le afi sia? Alo ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi hã nɔ susu me nɛa? Ðeko Yesu fa akɔ na eyomedzelawo be “alẽha sue, mègavɔ̃ o, elabena edze mia Fofo la ŋu be yeatsɔ fiaɖuƒe la ana mi” koe nye ema. (Luka 12:32) Gake le Ðɔɖɔɖoŋkekenyui sia ke dzi la, Yesu gblɔ be: “Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso kpo sia me o; ele nam be makplɔ woawo hã avae.” (Yoh. 10:16) Eya ta nya si Yesu gblɔ na eƒe tsitretsiɖeŋulawo la lɔ “alẽha sue” la ƒe agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo kple ‘alẽ bubu’ miliɔn geɖewo ƒe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi siaa ɖe eme.

Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Me Mehiã Be Woaɖe Hafi Woase Egɔme O

13. Nu kae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be: “Ànɔ Paradiso me kplim”?

13 Esi Yesu nɔ veve sem helĩhelĩ le fuwɔametia ŋu la, ena ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti kpeɖodzi aɖe si ŋu kakaɖedzi blibo le. Nu vlo wɔla aɖe si woklã ɖe exa la gblɔ be: “Yesu, ɖo ŋku dzinye ne èɖo wò fiaɖuƒe la me.” Yesu do ŋugbe nɛ be: “Vavã mele egblɔm na wò egbea be: Ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:42, 43) Edze ƒãa be Yudatɔe ŋutsua nye, eye le ema ta la, mehiã be woaɖe nu me nɛ tso Paradisoa ŋu hafi wòase nu si wònye la gɔme o. Enya nu tso agbe mavɔ nɔnɔ le xexe si gbɔna me ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu.

14. (a) Nu kae ɖee fia be dziƒomɔkpɔkpɔ ƒe nya la gɔme sese sesẽ na apostoloawo? (b) Ɣekaɣie dziƒomɔkpɔkpɔ ƒe nya la me va kɔ na Yesu yomedzelawo nyuie?

14 Nu si boŋ hiã na numeɖeɖe lae nye agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe. Esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be yeyina dziƒo aɖadzra teƒe aɖe ɖo ɖi na wo la, womese nya si wònɔ gbɔgblɔm la gɔme o. (Mixlẽ Yohanes 14:2-5.) Egblɔ na wo emegbe be: “Nya geɖewo gale asinye magblɔ na mi hafi, gake miate ŋu atsɔ wo fifia o. Gake ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ la va ɖo la, afia mɔ mi le nyateƒe blibo la katã me.” (Yoh. 16:12, 13) Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi, esi wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa si ami na Yesu yomedzelawo be woava nye fiawo le etsɔme megbe ko hafi wova se egɔme be dziƒoe yewogbɔna dzi ɖu ge le. (1 Kor. 15:49; Kol. 1:5; 1 Pet. 1:3, 4) Dziƒodomenyinyi ƒe mɔkpɔkpɔa nye ɖeɖe fia aɖe, eye wòva zu nu si koŋ ŋu Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me la ŋlɔlawo trɔ susu ɖo. Gake ɖe agbalẽ siawo hã ɖo kpe ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi la dzia?

Nya Kae Lɛta Siwo Tso Gbɔgbɔ Me La Gblɔ?

15, 16. Aleke Petro ƒe nyawo kple lɛta si tso gbɔgbɔ me si woŋlɔ na Hebritɔwo ɖo kpe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi?

15 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me la, eyɔ eƒe haxɔsetɔwo be “nɔvi kɔkɔewo, dziƒoyɔyɔ gome kpɔlawo.” Ke hã, egagblɔ hã be Mawu tsɔ ‘anyigba si gbɔna, si dzi amewo anɔ’ de Yesu te. (Heb. 2:3, 5; 3:1) ‘Anyigba si gbɔna, si dzi amewo anɔ’ lae nye nuɖoanyi yeye si anɔ anyigba dzi le etsɔme le Yesu Kristo ƒe dziɖuɖu te. Ɣemaɣie Yesu ana Mawu ƒe ŋugbedodo sia nava eme be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Ps. 37:29.

16 Gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro hã wòŋlɔ nu tso ameƒomea ƒe etsɔme ŋu. Eŋlɔ bena: “Wodzra fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la.” (2 Pet. 3:7) Nu kawoe axɔ ɖe dziɖuɖu siwo dziƒoa tsi tsitre ɖi na kple ameƒome vɔ̃ɖi si li egbea la teƒe? (Mixlẽ 2 Petro 3:13.) “Dziƒo yeye”—si tsi tsitre ɖi na Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea—kple “anyigba yeye”—si tsi tsitre ɖi na ameƒome dzɔdzɔe si me tɔwo nye tadeagula vavãwo la—axɔ ɖe wo teƒe.

17. Nya kae wogblɔ tso ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu le Nyaɖeɖefia 21:1-4?

17 Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ me ŋutega si ku ɖe ale si woakplɔ ameƒomea ayi blibodede gbɔe ŋu la ʋãa dzi na ame ŋutɔ. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 21:1-4.) Esia nye ameƒomea me tɔ siwo xɔ Mawu dzi se la ƒe mɔkpɔkpɔ tso keke esime wobu blibodedea le Eden bɔa me ke. Ame dzɔdzɔewo anɔ Paradiso me le anyigba dzi tegbee, eye womaku amegã alo nyagã kpɔ o. Mɔkpɔkpɔ sia ŋuti kpeɖodzi sẽŋuwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me, eye wokpɔtɔ le ŋusẽ dom Yehowa subɔla wɔnuteƒewo va se ɖe egbe.—Nyaɖ. 22:1, 2.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu kae Yesu wɔnɛ esi wòƒo nu tso “nuwo gbugbɔgawɔ” ŋu?

• Nu ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe na Nikodemo?

• Ŋugbe kae Yesu do na nu vlo wɔla si woklã ɖe exa?

• Aleke lɛta si woŋlɔ na Hebritɔwo kpakple Petro ƒe nyawo ɖo kpe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ la akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yesu ƒo nu tso agbe mavɔ ŋu na amewo