Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Ŋu Wogava Ke Ðo Ake

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Ŋu Wogava Ke Ðo Ake

Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba Dzi—Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Ŋu Wogava Ke Ðo Ake

‘Wò Daniel, dzra nya siawo ɖo va se ɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze [vavã] adzi ɖe edzi.’—DAN. 12:4.

1, 2. Nyabiase kawo mee míadzro le nyati sia me?

AME miliɔn geɖe se Ŋɔŋlɔawo me nufiafia si ku ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu gɔme nyuie egbea. (Nyaɖ. 7:9, 17) Le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Mawu ɖee fia be ɖe wowɔ amegbetɔ be wòanɔ agbe tegbee, ke menye be wòanɔ agbe ƒe ʋɛ aɖewo ko aku o.—1 Mose 1:26-28.

2 Mɔkpɔkpɔ si nɔ Israel viwo si la ƒe akpa aɖee nye be ɣeyiɣi aɖe li gbɔna si ameƒomea agaɖo blibodede si Adam bu la gbɔ ake. Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe mɔ si dzi Mawu ato ana wòanya wɔ be ameƒomea nava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi la fia. Ke nu ka tae wòhiã be woagake ɖe amegbetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu ake ɖo? Aleke woʋu go mɔkpɔkpɔ sia hena ame miliɔn geɖewo nya nu tso eŋu?

Mɔkpɔkpɔ Aɖe Si Dzi Wotsyɔ Nui

3. Nu ka tae mewɔ nuku o be wotsyɔ nu ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi la dzi?

3 Yesu gblɔe ɖi be aʋatsonyagblɔɖilawo ava trɔ gbo yeƒe nufiafiawo, eye woakplɔ ame akpa gãtɔ atrae. (Mat. 24:11) Apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Aʋatsonufialawo ava nɔ miawo hã mia dome.” (2 Pet. 2:1) Apostolo Paulo gblɔ be “ɣeyiɣi aɖe ava, esime [amewo maxɔ] nufiafia nyuitɔ la o, ke boŋ le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokuiwo, bene woalũ tome na wo.” (2 Tim. 4:3, 4) Satana ƒe ŋku biã ɖe amewo kpɔkplɔ trae ŋu, eye wòle Kristotɔ xɔsegbelawo zãm tsɔ le nu tsyɔm nyateƒe lédziname si ku ɖe tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔ kple anyigbaa ŋu la dzi.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 4:3, 4.

4. Ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ kae subɔsubɔhakplɔla xɔsegbelawo gbe?

4 Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu aɖe si le dziƒo, si ava gbã amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã, eye wòahe wo ava nuwuwu. (Dan. 2:44) Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, woade Satana aʋli me, woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye woagakplɔ ameƒomea ayi blibodede gbɔ ake. (Nyaɖ. 20:1-3, 6, 12; 21:1-4) Ke hã, nukpɔsusu si to vovo kura dzie Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔla xɔsegbelawo ya va da asi ɖo. Le kpɔɖeŋu me, Sɔlemeha Fofo Origen si tso Aleksandria, si nɔ anyi le ƒe alafa etɔ̃lia me, bu fɔ ame siwo xɔe se be yayrawo ava anyigba dzi le Ƒe Akpe Ðekaa me la. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Katolikotɔwo ƒe mawunyaŋununyala Augustine si tso Hippo (ƒe 354-430 M.Ŋ.) “xɔe se kple kakaɖedzi be ƒe akpe ɖeka [dziɖuɖu] aɖeke megbɔna o.”—The Catholic Encyclopedia. *

5, 6. Nu ka tae Origen kple Augustine tsi tsitre ɖe ƒe akpe ɖeka ƒe dzixɔsea ŋu?

5 Nu ka tae Origen kple Augustine tsi tsitre ɖe ƒe akpe ɖeka ƒe dzixɔsea ŋu? Origen nye Clement Aleksandriatɔ, si lɔ̃ ɖe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia dzi la ƒe nusrɔ̃vi; Helatɔwo ƒe xotutuwo dzie wotu nufiafia sia ɖo. Mawunyaŋununyala Werner Jaeger gblɔ be esi Plato ƒe nukpɔsusuwo ku ɖe luʋɔ ŋu kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Origen dzi ta la, “etsɔ luʋɔ ŋuti nufiafia gbogbo siwo wòxɔ tso Plato gbɔ la kpe ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ŋu.” Esia wɔe be Origen va fia nu be gbɔgbɔmenutowo mee woakpɔ Ƒe Akpe Ðeka ƒe yayrawo le, ke menye anyigba dzie o.

6 Hafi Augustine natrɔ azu “Kristotɔ” esime wòxɔ ƒe 33 la, enye ame si xɔ Platonufiafia Yeyea, si nye Plato ƒe xexemenunya si Plotinus ɖo anyi le ƒe alafa etɔ̃lia me, la dzi se. Le Augustine ƒe tɔtrɔ megbe hã la, egakpɔtɔ lé Platonufiafia Yeyea me ɖe asi kokoko. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Eƒe nukpɔsusuwoe wɔe be wova tsɔ Hela xexemenunya si nye Plato ƒe nufiafia tsaka Nubabla Yeye ƒe subɔsubɔa keŋkeŋ.” (The New Encyclopædia Britannica) Numekugbalẽ bubu gblɔ be Augustine “ɖe nu me be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe” Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si ŋu nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia ta 20 lia me la nye. (The Catholic Encyclopedia) Egblɔ kpee be: “Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe mawunyaŋununyala siwo va ɖe eyome la . . . va xɔ numeɖeɖe ma de eme, eye womegava da asi ɖe ƒe akpe ɖeka ƒe nufiafia gbãtɔa dzi o.”

7. Aʋatsodzixɔse kae blu afɔ na agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ si le ameƒomea si, eye aleke esia dzɔe?

7 Nukpɔsusu aɖe si xɔ aƒe ɖe blema Babilon heva kaka ɖe xexea me katã la va blu afɔ na ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi la. Nukpɔsusu mae nye be luʋɔ alo gbɔgbɔ makumaku aɖe le amegbetɔ si si nɔa eƒe ŋutilã me ko. Esi Kristodukɔa xɔ nukpɔsusu ma de eme ko la, mawunyaŋununyalawo trɔ gbo Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo ƒo nu tso dziƒomɔkpɔkpɔa ŋu la wòdze abe ɖe akpa mawo fia be ame nyuiwo katã ayi dziƒo ene. Le woƒe nukpɔsusu sia nu la, ɖe wowɔ amegbetɔ be wòava nɔ anyigba dzi ɣeyiɣi kpui aɖe ko agadzo—be woadoe kpɔ be edze na agbenɔnɔ le dziƒo mahã. Nu ma tɔgbi dzɔ ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ Yudatɔwo si la hã dzi. Vivivi la, Yudatɔwo va xɔ Helatɔwo ƒe luʋɔ makumaku ƒe nufiafiaa de eme, eye agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ wo si tsã la va bu kura. Aleke gbegbe esia to vovo na ale si Biblia ƒo nu tso nu si amegbetɔ nye la ŋue nye esi! Ŋutilãe amegbetɔ nye, ke menye gbɔgbɔe wònye o. Yehowa gblɔ na ame gbãtɔ la be: “Anyi nènye.” (1 Mose 3:19) Anyigbae nye amegbetɔwo nɔƒe tegbee, ke menye dziƒo ye o.—Mixlẽ Psalmo 104:5; 115:16.

Nyateƒea Klẽ Tso Viviti La Me

8. Nya kae agbalẽnyala aɖewo siwo nɔ anyi le ƒe 1600 ƒe ƒeawo me gblɔ tso ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu?

8 Togbɔ be subɔsubɔha geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la gbe nu le agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa gbɔ hã la, Satana mete ŋu tsyɔ nu nyateƒea dzi keŋkeŋ o. Le ŋutinya katã me la, Biblia xlẽla veviedola ʋɛ aɖewo kpɔ nyateƒea ƒe keklẽa flui esi wose ale si Mawu ana ameƒomea nagaɖo blibodede gbɔ ake ƒe akpa aɖewo gɔme. (Ps. 97:11; Mat. 7:13, 14; 13:37-39) Le ƒe 1600 ƒe ƒeawo me la, Biblia gɔme ɖeɖe kple etata na be Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo va su ame geɖe wu si. Le ƒe 1651 me la, agbalẽnyala aɖe ŋlɔ bena, abe ale si ko to Adam dzi amegbetɔ “bu Paradiso kple Agbe Mavɔ Nɔnɔ Le Anyigba dzi” ene la, nenema kee, to Kristo dzi la, “woana amewo katã nava nɔ agbe le Anyigba dzi; ne menye nenema o la, ke [ame eveawo] tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo made edeƒe o.” (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:21, 22.) John Milton (ƒe 1608-1674), si nye hakpanyaŋlɔla aɖe si xɔ ŋkɔ le du siwo me wodoa Eŋlisigbe le me la, ŋlɔ agbalẽ si nye Paradise Lost kple esi kplɔe ɖo si nye Paradise Regained. Milton ƒo nu tso teƒeɖoɖo si nuteƒewɔlawo axɔ le paradisonyigba dzi ŋu le eƒe agbalẽawo me. Togbɔ be Milton zã ƒe geɖe le agbe me ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu hã la, ekpɔe dze sii be womate ŋu ase Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea gɔme bliboe o va se ɖe Kristo ƒe anyinɔɣia hafi.

9, 10. (a) Nu kae Isaac Newton ŋlɔ tso ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu? (b) Nu ka tae Newton susui be Kristo ƒe anyinɔɣia ava le etsɔme ʋĩi?

9 Aƒetɔ Isaac Newton (ƒe 1642-1727), si nye akɔntanyalagã xɔŋkɔ aɖe la, hã tsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me vevie. Ese egɔme be woafɔ ame kɔkɔewo woayi aɖanɔ dziƒo, eye woanye fia makpɔmakpɔwo kple Kristo. (Nyaɖ. 5:9, 10) Eŋlɔ ku ɖe ame siwo anye Fiaɖuƒea te viwo ŋu be: “Amegbetɔwo ayi edzi anɔ agbe le anyigba dzi le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea megbe, eye menye hena ƒe 1000 ko o, ke boŋ woanɔ edzi yi ɖe mavɔmavɔ me gɔ̃ hã.”

10 Newton susui be axɔ ƒe alafa geɖewo hafi Kristo ƒe anyinɔɣia nadze egɔme. Ŋutinyaŋlɔla Stephen Snobelen gblɔ be: “Susu aɖe si tae Newton susui be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava le etsɔme ʋĩi ke lae nye be Mawuɖekaetɔ̃dzixɔselawo ƒe xɔsegbegbe gã si xɔ aƒe ɖi le eƒe ŋkekea me la na dzi ɖe le eƒo vevie.” Wogakpɔtɔ tsyɔ nu nya nyuia dzi ɣemaɣi. Eye Newton mekpɔ Kristotɔwo ƒe habɔbɔ aɖeke si te ŋu nɔ efiam o. Eŋlɔ bena: “Womase Daniel ƒe nyagblɔɖia kple Yohanes ƒe nyagblɔɖi [si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia gbalẽa me] gɔme o va se ɖe nuwuɣia hafi.” Newton ɖe eme be: “Daniel gblɔ be ‘ɣemaɣi la ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.’ Elabena ele be woaɖe gbeƒã Nya Nyuia na dukɔwo katã hafi xaxa gã la kple xexea ƒe nuwuwu nava. Manya wɔ be ameha gã si lé deʋayawo ɖe asi, siwo ado tso xaxa gã me la, nanye ame gbogbo manyaxlẽ siwo atso dukɔwo katã me o, negbe ɖe woɖe gbeƒã Nya Nyuia na wo ko hafi esia ate ŋu ava eme.”—Dan. 12:4; Mat. 24:14; Nyaɖ. 7:9, 10.

11. Nu ka tae ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔa yi edzi nɔ ɣaɣla ɖe ame akpa gãtɔ le Milton kple Newton ƒe ŋkekeawo me?

11 Le Milton kple Newton ƒe ŋkekeawo me la, ame ƒe agbe ate ŋu aɖo afɔku me ne eŋlɔ nu wòtsi tsitre ɖe nufiafia si dzi sɔlemeha la da asi ɖo la ŋu. Eya ta woƒe ku megbe hafi woɖe agbalẽ siwo woŋlɔ ku ɖe Biblia ŋu la ƒe akpa gãtɔ ɖe go. Ðɔɖɔɖotaʋiʋli si va eme le ƒe alafa 16 lia me la mete ŋu trɔ nufiafia si nye be luʋɔ makumaku aɖe le ame me la o, eye Protestant sɔlemeha gãwo yi edzi nɔ Augustine ƒe nufiafia si nye be Ƒe Akpe Ðeka la va yi xoxo, ke menye be ele etsɔme gbɔna o, la fiam. Ðe sidzedze dzi ɖe edzi le nuwuɣia mea?

‘Sidzedze Vavã Adzi Ðe Edzi’

12. Ɣekaɣie wòle be sidzedze vavã la nadzi ɖe edzi?

12 Daniel gblɔe ɖi be nu nyui aɖe adzɔ le “nuwuɣi” la me. (Mixlẽ Daniel 12:3, 4, 9, 10.) Yesu gblɔ be: “Ɣemaɣi la, ame dzɔdzɔewo aklẽ nyuie abe ɣe ene.” (Mat. 13:43) Aleke sidzedze vavã la dzi ɖe edzi le nuwuɣia me? Bu nanewo siwo dzɔ le ŋutinya me ƒe aɖewo do ŋgɔ na ƒe 1914, si nye ƒe si me nuwuɣia dze egɔme, me la ŋu kpɔ.

13. Nu kae Charles Taze Russell ŋlɔ esi wòwɔ numekuku ku ɖe ale si woagana ameƒomea nagaɖo blibodede gbɔ la ŋu?

13 Le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, dzi anukwaretɔ aɖewo nɔ agbagba dzem be yewoase “nya nyuitɔwo . . . ƒe kpɔɖeŋu” gɔme. (2 Tim. 1:13) Ame siawo dometɔ ɖekae nye Charles Taze Russell. Le ƒe 1870 me la, woa kple nyateƒedila ʋɛ aɖewo ɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe. Le ƒe 1872 me la, wowɔ numekuku ku ɖe ale si woagana ameƒomea nagaɖo blibodede gbɔ la ŋu. Ema megbe la, Russell ŋlɔ bena: “Va se ɖe ɣemaɣi la, míete ŋu de dzesi vovototo gã si le teƒeɖoɖo si sɔlemeha [amesiaminawo ƒe hame] si dom wole kpɔ fifia la axɔ kple esi ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo axɔ dome la kɔtɛ o.” Teƒeɖoɖo si asu ameƒomea me tɔ nuteƒewɔlawo sie nye “amegbetɔwo ƒe blibodede si nɔ wo tɔgbui kple woƒe ta Adam si le Eden bɔa me la gbɔ ɖoɖo ake.” Russell lɔ̃ ɖe edzi be ame bubuwo kpe ɖe ye ŋu le yeƒe Biblia sɔsrɔ̃ me. Woawoe nye ame kawo?

14. (a) Aleke Henry Dunn se Dɔwɔwɔwo 3:21 gɔmee? (b) Ame kawoe Dunn gblɔ be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi?

14 Wo dometɔ ɖekae nye Henry Dunn. Eŋlɔ nu tso “nu siwo katã ŋu Mawu ƒo nu tsoe to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔe siwo nɔ anyi le blema ƒe nu me la ƒe ɖɔɖɔɖoɣiwo” ŋu. (Dɔw. 3:21) Dunn nyae be amegbetɔƒomea ƒe blibodede gbɔ ɖoɖo le anyigba dzi le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la hã le nuwo ƒe ɖɔɖɔɖo sia me. Dunn wɔ numekuku le nyabiase aɖe si tɔtɔ ame geɖe si nye be, Ame kawoe anɔ agbe tegbee le anyigba dzi? la hã ŋu. Eɖe nu me be woafɔ ame miliɔn geɖe ɖe tsitre, woafia nyateƒea wo, eye woana mɔnukpɔkpɔ wo woaɖee afia be yewoxɔ Kristo dzi se.

15. Nu kae George Storrs kpɔ dze sii ku ɖe tsitretsitsia ŋu?

15 Le ƒe 1870 me la, George Storrs hã wɔ numekuku heƒo nya ta be woafɔ ame madzɔmadzɔwo ɖe tsitre eye woana mɔnukpɔkpɔ wo woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Ekpɔe dze sii le Ŋɔŋlɔawo me be ne wofɔ ame aɖe ɖe tsitre eye wògbe nuteƒewɔwɔ la, “aku, nenye be ‘ƒe alafae nu vɔ̃ wɔla la xɔ gɔ̃ hã.’” (Yes. 65:20) Storrs nɔ Brooklyn, New York, eye wònye ame si toa magazine si woyɔna be Bible Examiner la me hafi wotanɛ.

16. Nu kae na Biblia Nusrɔ̃viwo to vovo tso Kristodukɔa gbɔ?

16 Russell kpɔe dze sii le eƒe Biblia sɔsrɔ̃ me be ɣeyiɣia de be woakaka nya nyuia le xexea me godoo. Eya ta le ƒe 1879 me la, edze Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence, si míeyɔna fifia be Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe, la tata gɔme. Do ŋgɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe se nyateƒe si ku ɖe mɔkpɔkpɔ si le ameƒomea si ŋu la gɔme, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo siwo nɔ dukɔ geɖewo me la va nɔ Gbetakpɔxɔ la xɔm henɔ esrɔ̃m. Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dzixɔse si nye be ame ʋɛ aɖewo koe ayi dziƒo eye ame miliɔn geɖe azu ame deblibowo ahanɔ agbe le anyigba dzi la na vovototo gã aɖe va nɔ woa kple Kristodukɔa ƒe sɔlemeha akpa gãtɔ dome.

17. Aleke sidzedze vavã dzi ɖe edzii?

17 “Nuwuɣi” si ŋu nya wogblɔ ɖi la dze egɔme le ƒe 1914 me. Ðe ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ŋuti sidzedze vavã la va dzi ɖe edzia? (Dan. 12:4) Kaka ƒe 1913 naɖo la, wotaa Russell ƒe dutoƒonuƒowo ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ vovovo 2,000 me, eye ame siwo ƒe xexlẽme ade 15,000,000 ye xlẽa nyadzɔdzɔgbalẽ mawo. Kaka ƒe 1914 ƒe nuwuwu naɖo la, ame siwo wu 9,000,000 siwo le dukɔ geɖewo me lae kpɔ “Photo-Drama of Creation,” si nye foto kple sinima ɖeɖe fia si me woɖe nu me ku ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ŋu le. Tso ƒe 1918 va ɖo ƒe 1925 me la, Yehowa subɔlawo ƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O” si me woɖe agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa me le la le gbegbɔgblɔ siwo wu 30 me le xexea me godoo. Le ƒe 1934 me la, Yehowa Ðasefowo va kpɔe dze sii be ele be ame siwo nɔ mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la naxɔ nyɔnyrɔ. Gɔmesese sia na be dzo yeye ɖo wo me ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu. Egbea la, ame miliɔn geɖe daa akpe na Yehowa tso dzi me ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ta.

“Ablɔɖe Si Me Ŋutikɔkɔe Le” Tu Aƒe!

18, 19. Agbenɔnɔ si anyo wu ka ŋu nyae wogblɔ ɖi le Yesaya 65:21-25?

18 Gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ nu tso agbe si ƒomevi me Mawu ƒe amewo ase vivi le le anyigba dzi la ŋu. (Mixlẽ Yesaya 65:21-25.) Edze ƒãa be ati aɖewo siwo nɔ anyi ƒe 2,700 ye nye esi va yi esime Yesaya ŋlɔ nya siawo la gakpɔtɔ le agbe va se ɖe egbe. Àte ŋu akpɔe le susu me be yee nye ema le agbe ƒe gbogbo ma gbegbe le ŋusẽ kple lãmesẽ nyui mea?

19 Le esi woadzi mí míaxɔ ƒe ʋɛ aɖewo ko aku teƒe la, mɔnukpɔkpɔ siwo seɖoƒe meli na o asu mía si le agbe me míatu xɔ, ade agble ahasrɔ̃ nu. Kpɔ xɔlɔ̃ gbogbo siwo nàte ŋu ava dze la ɖa le susu me. Ƒomedodo mawo siwo me lɔlɔ̃ anɔ la me ayi edzi anɔ sesẽm ɖe edzi yi ɖe mavɔmavɔ me. Kpɔ “ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe” anɔ si gbegbe me ‘Mawu ƒe viwo’ ase vivi le le anyigba dzi la ɖa!—Rom. 8:21.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Augustine gblɔ be menye nane si ava le etsɔmee Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nye o, ke boŋ edze egɔme xoxo tso sɔlemeha la ɖoɖo anyi dzi.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke wòdzɔe be wotsyɔ nu agbe nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ si le ameƒomea si la dzi?

• Gɔmesese kae va su Biblia xlẽla aɖewo si le ƒe 1600 ƒe ƒeawo me?

• Aleke ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ vavã la me va nɔ kɔkɔm ɖe edzi wu esi ƒe 1914 nɔ gogom?

• Aleke sidzedze si ku ɖe anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu va dzi ɖe edzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Hakpanyaŋlɔla John Milton (le miame) kple akɔntanyalagã Isaac Newton (le ɖusime) nya nu tso agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔwo kpɔe dze sii le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ me be ɣeyiɣia de be woana amewo nanya ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ vavã la le xexea me godoo