Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mitsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu” Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene

“Mitsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu” Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene

“Mitsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu” Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene

“Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—YAK. 4:7.

1. Tsitretsiɖeŋu kae Yesu nya be adze ŋgɔ ye le anyigba dzi, eye nu kae anye emetsonu?

YESU KRISTO nyae be Abosam atsi tsitre ɖe ye ŋu. Nyateƒenya sia dze ƒãa le nya si Mawu gblɔ na da la, si yi na gbɔgbɔ vɔ̃ si ƒo nu to edzi koŋ la me, be: “Made adikã mia kple nyɔnu la [Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo] dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la [Yesu Kristo] agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (1 Mose 3:14, 15; Nyaɖ. 12:9) Afɔkpodziɖuɖu na Yesu fia be woawɔ fui hena ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko to ewuwu le anyigba dzi me, elabena Yehowa afɔe ɖe tsitre ayi dziƒoŋutikɔkɔe me. Gake tagbagbã na da la ya fia be woawu Abosam ahatsrɔ̃e ɖa tegbee eye magafɔ gbeɖe o.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:31, 32; Hebritɔwo 2:14.

2. Nu ka tae kakaɖedzi nɔ Yehowa si be Yesu aɖu dzi le tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu me?

2 Kakaɖedzi nɔ Yehowa si be le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, atsi tsitre ɖe Abosam ŋu ahawu eƒe dɔdeasia nu dzidzedzetɔe. Nu ka tae kakaɖedzi ma gbegbe nɔ Yehowa si ɖo? Elabena ewɔ Yesu le dziƒo ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ helé ŋku ɖe eŋu, eye wònyae be “dɔnunɔla” kple “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” sia nye toɖola kple nuteƒewɔla. (Lod. 8:22-31; Kol. 1:15) Eya ta esi Mawu dɔ Yesu ɖe anyigba dzi heɖe mɔ na Abosam wòtee kpɔ vevie hena wowui gɔ̃ hã la, Mawu ka ɖe edzi be yeƒe Tenuvi la awɔ nuteƒe ade goe.—Yoh. 3:16.

Yehowa Kpɔa Esubɔlawo Ta

3. Alekee Abosam wɔa nu ɖe Yehowa subɔlawo ŋu?

3 Yesu gblɔ be Abosam ye nye “xexe sia dzi ɖula” eye wòna Eƒe nusrɔ̃lawo nya be woati wo yome, abe ale si woti ye ŋutɔ ye yome ene. (Yoh. 12:31; 15:20) Xexe blibo la, si le Satana Abosam ƒe ŋusẽ te la, léa fu Kristotɔ vavãwo le esi wosubɔa Yehowa, eye wonye dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖeɖelawo ta. (Mat. 24:9; 1 Yoh. 5:19) Kristotɔ amesiamina susɔeawo, siwo ava ɖu fia kple Kristo mlɔeba le dziƒo Fiaɖuƒea me la, koŋue Abosam tɔ ŋkui. Satana tɔ ŋku Yehowa ƒe Ðasefo gbogbo siwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoava nɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi la hã. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem ene, eye wòle ame dim be yeami.”—1 Pet. 5:8.

4. Nu kawoe ɖee fia be Mawu ƒe amewo tsi tsitre ɖe Abosam ŋu dzidzedzetɔe le míaƒe ŋkekea me?

4 Esi Yehowa Mawu kpɔa mía ta ta la, míetsia tsitre ɖe Abosam ŋu dzidzedzetɔe abe habɔbɔ ene. Bu nyateƒenya siawo ŋu kpɔ: Le ƒe 100 siwo va yi me la, ŋutasẽdziɖuɖu dziŋɔ aɖewo dze agbagba be yewoatsrɔ̃ Yehowa Ðasefowo ɖa keŋkeŋ. Gake dzidzim ko Ðasefoawo le ɖe edzi eye woƒe xexlẽme de 7,000,000 kloe fifia le hame siwo wu 100,000 me le xexea me godoo. Ŋutasẽdziɖuɖu siwo ti Yehowa ƒe amewo yome la boŋ nue yi keŋkeŋ!

5. Alekee Yesaya 54:17 me nyawo va eme na Yehowa subɔlawoe?

5 Esi Mawu nɔ nu ƒom na blema Israel dukɔa abe eƒe nyɔnu ene la, edo ŋugbe be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye.” (Yes. 54:11, 17) Ŋugbedodo sia va eme na Yehowa ƒe amewo le anyigba katã dzi le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (2 Tim. 3:1-5, 13) Míeyi edzi le tsitre tsim ɖe Abosam ŋu, eye lãnu aɖeke meli si wòatee kpɔ be yeazã atsɔ atsrɔ̃ Mawu ƒe amewo ɖa keŋkeŋ wòadze edzi o, elabena Yehowa le megbe na mí.—Ps. 118:6, 7.

6. Nu kae Daniel ƒe nyagblɔɖia gblɔ na mí ku ɖe nu si ava dzɔ ɖe Abosam ƒe dziɖuɖu dzi la ŋu?

6 Le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia katã ƒe nuwuwu si le aƒe tum kabakaba me la, woaɖe mɔnu vovovo siwo dzi Satana to le xexe sia dzi ɖum la katã ɖa keŋkeŋ. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Daniel wògblɔ ɖi be: “Le fia mawo [siwo li egbea] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [ɖe dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo [siwo li egbea la] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Dan. 2:44) Ne nu sia dzɔ la, Satana ƒe dziɖuɖu kple amegbetɔ madeblibowo siaa ƒe dziɖuɖuwo nu ayi keŋkeŋ. Abosam ƒe nuɖoanyia ƒe akpa sia akpa nu ayi tegbee, eye Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu anyigba la katã dzi tsitretsiɖeŋu aɖeke manɔmee.—Mixlẽ 2 Petro 3:7, 13.

7. Aleke míewɔ nya be Yehowa ƒe subɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu atsi tsitre ɖe Abosam ŋu dzidzedzetɔe?

7 Ðikeke aɖeke mele eme o be woakpɔ Yehowa ƒe habɔbɔa ta eye wòayi edzi anɔ dzidzedze kpɔm le gbɔgbɔ me. (Mixlẽ Psalmo 125:1, 2.) Ke mí ame ɖekaɖekawo ya ɖe? Biblia gblɔ na mí be míate ŋu atsi tsitre ɖe Abosam ŋu dzidzedzetɔe, abe ale si Yesu wɔe ene. Le nyateƒe me la, nyagblɔɖinya si Kristo gblɔ to apostolo Yohanes dzi la ɖee fia be, togbɔ be Satana atsi tsitre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu hã la, “ameha gã” aɖe si me tɔwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la atsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nya nu la, ame siawo do ɣli be: “Míaƒe xɔname tso mía Mawu, ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple Alẽvi la [Yesu Kristo] gbɔ.” (Nyaɖ. 7:9-14) Wogblɔ tso amesiaminawo ŋu be wole Satana dzi ɖum, eye woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ hã le tsitre tsim ɖe eŋu dzidzedzetɔe. (Yoh. 10:16; Nyaɖ. 12:10, 11) Gake ebia kutrikuku blibo kple gbedodoɖa vevie bene ‘woaɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.’—Mat. 6:13.

Tsitretsitsi Ðe Abosam Ŋu Ƒe Kpɔɖeŋu Deblibo La

8. Tetekpɔ gbãtɔ kae woŋlɔ ɖi be Abosam he va Yesu dzi le gbedadaƒo, eye alekee Kristo wɔ nui?

8 Abosam tee kpɔ be yeagblẽ Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ me. Satana zã tetekpɔwo tsɔ dze agbagba be yeana Yesu nagbe toɖoɖo Yehowa esime wònɔ gbedadaƒo. Ke hã, Yesu ɖo tsitretsitsi ɖe Satana ŋu ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. Esi Yesu tsi nu dɔ hena ŋkeke 40 kple zã 40 vɔ megbe la, dɔ anya nɔ ewum vevie. Satana gblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.” Gake Yesu gbe be yemazã ŋusẽ si Mawu na ye la hena ye ŋutɔ yeƒe viɖe o. Ke boŋ Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.’”—Mat. 4:1-4; 5 Mose 8:3.

9. Nu ka tae wòle be míatsi tsitre ɖe agbagba siwo Abosam dzena be yeato míaƒe dzɔdzɔme ŋutilãmenudzodzrowo dzi agblẽ nu le mía ŋu la ŋuti?

9 Egbea la, Abosam dina be yeawɔ amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme ŋutilãmenudzodzrowo ŋu dɔ atsɔ agblẽ nu le Yehowa subɔlawo ŋu. Eya ta ele be míaɖoe kplikpaa be míatsi tsitre ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔ siwo bɔ ɖe xexe gblẽku sia me ŋutɔ la ŋu. Mawu ƒe Nya la gblɔ ŋkubiãtɔe be: “Miebe nu ka? Ðe mienyae be ame madzɔmadzɔwo manyi Mawu fiaɖuƒe la dome oa? Migana woable mi o. Agbe gbegblẽ nɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple ahasiwɔlawo kple ŋutsu siwo wɔa wo ɖokuiwo nyɔnuwoe kple ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo . . . la, womanyi Mawu fiaɖuƒe la dome o.” (1 Kor. 6:9, 10) Eya ta eme kɔ ƒãa be, womaɖe mɔ na ame siwo nɔa agbe gbegblẽ eye wogbe dzimetɔtrɔ la be woage ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me o.

10. Le Mateo 4:5, 6 ƒe nya nu la, tetekpɔ bubu kae Satana gazã be yeatsɔ agblẽ Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ me?

10 Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso tetekpɔ siwo me Yesu to le gbedadaƒo la dometɔ ɖeka ŋu be: “Abosam kplɔe yi ɖe du kɔkɔe la me, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔa tame, eye wògblɔ nɛ be: ‘Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema ti kpo nàɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi be, “Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, eye woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me, bene nàgatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe gbeɖe o.”’” (Mat. 4:5, 6) Taɖodzinu si nɔ Satana sie nye be Yesu nato esia dzi aɖe eƒe Mesianyenye afia le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Gake le nyateƒe me la, esia wɔwɔ anye aglãdzenuwɔna si mesɔ kura o, si dzi Mawu made alo akpɔ ŋudzedze ɖo o. Le go sia me hã la, Yesu galé eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi eye wòyɔ ŋɔŋlɔ aɖe tsɔ ɖo nyaa ŋu. Egblɔ nɛ be: “Woŋlɔ ɖi hã be, ‘Mele be nàte Yehowa wò Mawu kpɔ o.’”—Mat. 4:7; 5 Mose 6:16.

11. Alekee Satana ate ŋu ate mí kpɔ, eye nu kae ate ŋu ado tso eme?

11 Satana ate ŋu ate mí kpɔ to mɔ vovovowo nu be míadi ŋutikɔkɔe na mía ɖokuiwo. Ate ŋu adze agbagba be yeable mía nu míasrɔ̃ xexea ƒe atsyãwo le awudodo kple dzadzraɖo gome alo akpɔ gome le modzakaɖeɖe siwo mesɔ o me. Gake ne míedoa toku Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo eye míesrɔ̃a xexea la, ɖe míate ŋu akpɔ mɔ be mawudɔlawo nakpɔ mía ta tso nu gbegblẽ siwo ado tso eme la mea? Togbɔ be Fia David trɔ dzi me tso woa kple Bat-Seba ƒe nu vɔ̃a me hã la, womekpɔ eta tso nu gbegblẽ siwo do tso eƒe nuwɔnaa me la me o. (2 Sam. 12:9-12) Negadzɔ be míado Yehowa kpɔ le mɔ gbegblẽwo nu, ɖewohĩ to xɔlɔ̃dzedze xexea dzi o.—Mixlẽ Yakobo 4:4; 1 Yohanes 2:15-17.

12. Tetekpɔ ka ŋue woƒo nu tso le Mateo 4:8, 9, eye alekee Mawu ƒe Vi la wɔ nui?

12 Tetekpɔ bubu si Abosam gazã tsɔ te Yesu kpɔ le gbedadaƒo la ku ɖe dunyaheŋusẽ tsɔtsɔ ɖo eŋkume ŋu. Satana ɖe xexea me fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe fia Yesu hegblɔ nɛ be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò ne èdze klo de ta agu nam.” (Mat. 4:8, 9) Agbagba vɔ̃ɖi kae nye esi Satana dze be yeaxɔ tadedeagu si Yehowa ɖeɖe ko dze na la ahana Yesu nazu nuteƒemawɔla na Mawu! Esi mawudɔla sia si nye nuteƒewɔla tsã la va nɔ didi si le eme be woasubɔ ye ŋu bum la, eva zu nu vɔ̃ wɔla, ŋuklẽla, kple tela vɔ̃ɖi, Satana Abosam. (Yak. 1:14, 15) Gake Yesu ya to vovo kura, elabena eɖoe kplikpaa be yeayi edzi awɔ nuteƒe na ye Fofo si le dziƒo eye esia ta egblɔ na Satana be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.’” Ale Yesu gato nyagbɔgblɔ sia si me kɔ nyuie hele tẽe dzi tsi tsitre ɖe Abosam ŋu. Mawu ƒe Vi la medi be yeanye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖeke, alo ade ta agu na vɔ̃ɖitɔ ma gbeɖe o!—Mat. 4:10; 5 Mose 6:13; 10:20.

“Mitsi Tsitre Ðe Abosam Ŋu, Eye Asi Le Mia Gbɔ”

13, 14. (a) Esime Abosam nɔ xexea me fiaɖuƒewo katã ɖem fia Yesu la, nu kae nye ema wòtsɔ nɔ eŋkume ɖom? (b) Alekee Satana dzea agbagba be yeagblẽ nu le mía ŋu?

13 Esime Abosam nɔ xexea me fiaɖuƒewo katã ɖem fia Yesu la, dziɖuŋusẽ si mesu amegbetɔ aɖeke si kpɔ o ye nye ema wòtsɔ nɔ eŋkume ɖom. Satana kpɔ mɔ be nu siwo Yesu kpɔ la nadzroe eye woaƒoe ɖe enu wòadi be yeazu anyigba dzi dunyahedziɖula gãtɔ kekeake. Egbea la, Satana metsɔa fiaɖuƒewo tea mí kpɔ o, gake edzea agbagba be yeato míaƒe ŋkuwo, towo, kple susu dzi agblẽ nu le míaƒe dzi ŋu.

14 Abosam ye le xexea sia dzi ɖum. Eya ta ekpɔa ŋusẽ ɖe xexea ƒe nyatakakamɔnuwo dzi. Eya ta mewɔ nuku o be, agbe gbegblẽ nɔnɔ kple ŋutasẽnuwɔnawo yɔ nu siwo ŋu xexe sia trɔ asi le be woakpɔ, be woase, kple be woaxlẽ la me fũu. Xexe sia toa eƒe boblododowo dzi dzea agbagba be nutovɛ gbogboawo, siwo míehiã hafi o la nadzro mí be míaƒle. Abosam to mɔ sia dzi tsɔa ŋutilãmenu siwo kpɔkpɔ, siwo sese, kple esiwo ŋu bubu léa dzi na mí la tea mí kpɔ atraɖii. Gake ne míegbea nu siwo tsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu kpɔkpɔ, wo sese kple wo xexlẽ la, ekema míele gbɔgblɔm be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” Míetoa esia me srɔ̃a Yesu hetɔa afɔ to sesĩe wɔa nu kpata hegbea nu le Satana ƒe xexe makɔmakɔ sia me nuwo gbɔ. Nyateƒe si wònye be míenye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖeke o la hã dzena le ale si míeɖea mía ɖokui fiana faa be Yehowa Ðasefowo kple Kristo yome dzelawoe míenye ne míele dɔme, suku, míaƒe nutoa me, alo míaƒe ƒometɔwo dome la me.—Mixlẽ Marko 8:38.

15. Nu ka tae tsitretsitsi ɖe Satana ŋu bia be míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi?

15 Esi Abosam mekpɔ dzidzedze le Yesu tete kpɔ zi etɔ̃lia be yeagblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me o la, “Abosam gblẽe ɖi.” (Mat. 4:11) Ke hã, menye ɖe Satana dzudzɔ Yesu tete kpɔ keŋkeŋ o, elabena nuŋlɔɖia gblɔ be: “Eye esi Abosam wu tetekpɔwo katã nu [le gbedadaƒoa] la, ete ɖa le egbɔ gbɔ.” (Luka 4:13) Ne míekpɔ dzidzedze le tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu me la, ele be míada akpe na Yehowa. Ele hã be míayi edzi anɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu biam, elabena Abosam agava te mí kpɔ ake le ɣeyiɣi si sɔ nɛ me—gake manye ɣeyiɣi si míanɔ mɔ kpɔm nɛ me kokoko o. Eya ta ele be míanɔ ŋudzɔ ɣeawokatãɣi, ahanɔ klalo hena veviedodonu le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔwɔ na Yehowa me, eɖanye tetekpɔ kawoe wòle be míakpe akɔ kpli o.

16. Ŋusẽ triakɔ kae Yehowa naa mí, eye nu ka tae wòle be míado gbe ɖa abiae?

16 Be míakpɔ ŋusẽdodo le agbagbadzedze be míatsi tsitre ɖe Abosam ŋu me la, ele be míado gbe ɖa abia ŋusẽ triakɔtɔ kekeake si le xexe blibo la katã me, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la. Ado ŋusẽ mí míawɔ nu siwo míate ŋu awɔ le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me gbeɖe o. Yesu ka ɖe edzi na eyomedzelawo be woate ŋu axɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa esime wògblɔ be: “Ne mi, ame [siwo woate ŋu atsɔ asɔ kple ame] vɔ̃ɖiwo [le blibomademade ta] kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?” (Luka 11:13) Mina míayi edzi anɔ gbe dom ɖa na Yehowa ahanɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea biam. Esi ŋusẽ triakɔtɔ kekeake sia le megbe na mí le míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míatsi tsitre ɖe Abosam ŋu me la, kakaɖedzi li be míate ŋu aɖu dzi. Hekpe ɖe gbedodoɖa vevie edziedzi ŋu la, ehiã be míado gbɔgbɔmeʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ bene ‘míate ŋu anɔ te sesĩe ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.’—Ef. 6:11-18.

17. Dzidzɔ kae kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu tsi tsitre ɖe Abosam ŋu?

17 Nu bubu aɖe hã kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu tsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye nu sia ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu. Biblia gblɔ be: “Le dzidzɔ si wotsɔ ɖo [Yesu ŋkume] ta la, edo dzi kpe fuwɔameti ŋuti fu, eye mebu ŋukpe ɖe naneke me o, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe fiazikpui la ƒe ɖusi me.” (Heb. 12:2) Dzidzɔ ma tɔgbi ate ŋu asu mía si ne míeʋlia Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta, dea bubu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, eye míena míaƒe ŋku le teƒeɖoɖo si nye agbe mavɔ la dzi ɣesiaɣi. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi míakpɔ ne wova ɖe Satana kple eƒe dɔwɔwɔwo katã ɖa tegbee eye “ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti”! (Ps. 37:11) Eya ta yi edzi nànɔ tsitre tsim ɖe Abosam ŋu, abe ale si Yesu wɔe ene.—Mixlẽ Yakobo 4:7, 8.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Kpeɖodzi kawoe li be Yehowa kpɔa eƒe amewo ta?

• Alekee Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi le tsitretsitsi ɖe Satana ŋu me?

• Mɔ kawo nue nàte ŋu atsi tsitre ɖe Abosam ŋu le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Xɔlɔ̃dzedze xexea nana míezua Mawu ƒe futɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Yesu gbe nu le xexea me fiaɖuƒewo katã, siwo Satana tsɔ ɖo eŋkume la gbɔ