Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Dzi Kple Luʋɔ Ðeka’ Tsɔtsɔ Subɔ Mawui

‘Dzi Kple Luʋɔ Ðeka’ Tsɔtsɔ Subɔ Mawui

‘Dzi Kple Luʋɔ Ðeka’ Tsɔtsɔ Subɔ Mawui

YUDATƆWO kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwoe nye ema ƒo ƒu ɖe Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ŋu. Pentekoste Ŋkekenyuia dzi ye, eye amedzro siawo tso keke Roma le ɣetoɖoƒe gome, kple keke Partia le ɣedzeƒe gome va Yerusalem. Ameha la nɔ nyawo sem le gbegbɔgblɔ vovovo me. Evɔ Galileatɔwoe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nɔ nu ƒom na wo la nye. Amedzroawo, siwo ƒe mo wɔ yaa ŋutɔ la, dometɔ aɖewo bia be: “Aleke wɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe le ye ŋutɔ degbe, si me wodzii ɖo, la sem?”—Dɔw. 2:8.

Apostolo Petro tsi tsitre heɖe nu si tae nukunu sia le dzɔdzɔm ɖo la me na wo. Woxɔ Petro ƒe nyawo dzi se enumake. Ame yeye akpe geɖewo xɔ nyɔnyrɔ! (Dɔw. 2:41) Togbɔ be hamea me tɔwo dzi ɖe edzi kabakaba hã la, woyi edzi wɔ ɖeka. Biblia ŋlɔla Luka gblɔ be: “Ame gbogbo siwo xɔe se la ƒe dzi kple luʋɔ nɔ ɖeka.”—Dɔw. 4:32.

Ame akpe geɖe siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi la di be yewoatsi Yerusalem hena ɣeyiɣi geɖe wu bene yewoate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso yewoƒe dzixɔse yeyea ŋu. Gake menɔ susu me na wo tsã be yewogbɔna afi ma tsi ge hena ɣeyiɣi didi o. Eya ta hame la wɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔ ŋu hena ɣeyiɣi aɖe ƒe hiahiã sia gbɔ kpɔkpɔ. Xɔsetɔ aɖewo lɔ̃ faa dzra woƒe nunɔamesiwo hetsɔ ga la va na apostoloawo bene woatsɔ akpɔ ame siwo le hiã me la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Dɔw. 2:42-47) Lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ƒe nɔnɔme nyui ka gbegbee nye esi woɖe fia!

Tso ɣemaɣi la, Kristotɔ vavãwo ɖea lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ƒe nɔnɔme sia tɔgbi fiana. Egbea hã, Kristotɔwo ƒe hame la yi edzi tsɔ ‘dzi kple luʋɔ ɖeka’ le Yehowa subɔm le ɖekawɔwɔ me. Kristotɔ ɖekaɖekawo lɔ̃na faa zãa woƒe ɣeyiɣiwo, ŋusẽ, kple nunɔamesiwo le gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple Mawu Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodo ɖe ŋgɔ me.—Kpɔ aɖaka si nye  “Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu.”

[Aɖaka si le axa 6, 7]

 MƆ SIWO DZI AME AÐEWO TONA DZƆA NU

NUDZƆDZƆ HENA XEXEA ME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be, “Xexea Me Katã Ƒe Dɔa” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔa me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., Attention Treasurer’s Office, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483 tẽe, alo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nudzɔlaa le me. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽ siwo woaɖo ɖa to adrɛs si le etame dzi la dzi be, woaxee na “Watchtower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu, si aɖe nu me be ɖe wotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ sia nu na Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania be wòazã ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu. Gake ne gaa dzɔla bia gaa la, woagatrɔe anae. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatsɛ, ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame alo nàzã telefonxexlẽdzesi si nye (718) 560-7500 atsɔ aƒo ka na dɔwɔƒea.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexea me godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexe: Ame ate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo be eyae woaxe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Ame ate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ ga si wòda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo; alo Habɔbɔa naxɔ amea ƒe dzudzɔxɔxɔ le dɔme ƒe ga esime amea gakpɔtɔ le agbe loo, alo le eƒe ku megbe, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga Si Wode Dɔ Aɖe Me Kple Esi Wodo Na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nu si ŋu woɖe asi le keŋkeŋ, alo ne aƒe si me nunalaa lee wònye la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be nunalaa nana alɔdzedɔwɔƒe si le woƒe dukɔa me nanya hafi wòawɔ aƒe alo anyigba siawo tsɔtsɔ na ŋuti gbalẽwo.

Nunanaɖoɖo Si Me Woɖea Nane Le Naa Nunalaa Ƒe Sia Ƒe: Nunanaɖoɖo sia nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa dɔwɔƒe aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna alo si le woƒe dzikpɔkpɔ te. Woxea ga home aɖe koŋ na nunalaa, alo na ame si dzi nunalaa tɔ asii la, ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eƒe nunana la teƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔ na nunalaa le ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Ame ate ŋu ato domenyinumagbalẽ, si wòwɔ le setɔwo gbɔ, dzi ana eƒe nunɔamesi alo ga nazu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa tɔ le eƒe ku megbe, alo woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanɔ ame siwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nu siwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe la ta o.

Abe ale si nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbi ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me, be wòakɔ nu me na ame siwo di be yewoana kpekpeɖeŋu Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔa, to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi woate ŋu ato ana nu fifia alo le ame ƒe ku megbe ŋu. Esi ame geɖe xlẽ agbalẽ gbadza la hedzro nu me kple woa ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo vɔ megbe la, wote ŋu kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe subɔsubɔdɔa, kple dɔ siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe ame siwo hiã tu ŋu la ŋu, eye woɖe vi geɖe le woƒe adzɔxenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽe.

Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo me loo, alo nàƒo ka na wo, alo nàbia alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle me.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive

Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707