Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Si Woŋlɔ Na Romatɔwo Me

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Si Woŋlɔ Na Romatɔwo Me

Yehowa Ƒe Nya La Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Si Woŋlɔ Na Romatɔwo Me

ANƆ abe ƒe 56 M.Ŋ. me ene, esime apostolo Paulo nɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔ etɔ̃lia zɔm la, eva ɖo Korinto. Eva nya nu tso ale si Yudatɔwo ƒe nukpɔsusu to vovo tso Kristotɔ siwo nye Dukɔwo me tɔ siwo nɔ Roma la tɔwo gbɔ ŋu. Esi Paulo nɔ didim be yeana woawɔ ɖeka bliboe le Kristo me la, eŋlɔ lɛta aɖe na wo.

Le lɛta ma si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, eɖe nu si amegbetɔwo wɔna hafi wobua wo be wole dzɔdzɔe kple ale si wòle be woanɔ agbee la me. Lɛta la na Mawu kple eƒe Nya la ŋuti sidzedze si le mía si la dzina ɖe edzi, ete gbe ɖe Mawu ƒe amenuveve dzi, eye wòkafu akpa si Kristo wɔna le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ me.—Heb. 4:12.

NU KAE NANA WOBUA AME BE ELE DZƆDZƆE?

(Rom. 1:1–11:36)

Paulo ŋlɔ bena: “Wo katã wɔ nu vɔ̃, eye womete ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.” Eyi edzi be: “Nunana faa ye wònye be [Mawu to] tafe si Kristo Yesu xe dzi na ablɔɖe wo, eye wobu wo be wole dzɔdzɔe le eƒe amenuveve la ta.” Paulo gblɔ hã be: “Wobua ame be ele dzɔdzɔe to xɔse me, se la ƒe dɔwɔwɔwo manɔmee.” (Rom. 3:23, 24, 28) To ‘nuwɔna dzɔdzɔe ɖeka’ dzi xɔxɔ se me la, ‘woate ŋu abu’ Kristotɔ amesiaminawo kple “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” la be ‘wole dzɔdzɔe’—amesiaminawo anye Kristo ƒe hati dziɖulawo anɔ agbe le dziƒo, eye ameha gã la me tɔwo anye Mawu xɔlɔ̃wo eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si woatsi agbe le “xaxa gã la” me.—Rom. 5:18; Nyaɖ. 7:9, 14; Yoh. 10:16; Yak. 2:21-24; Mat. 25:46.

Paulo bia be: “Esi míele se la te o, ke boŋ amenuveve te ta la, ɖe wòle be míawɔ nu vɔ̃a?” Eɖo eŋu be: “Ema negadzɔ gbeɖe o!” Paulo ɖe eme be: ‘Miezu kluviwo eɖanye nu vɔ̃ tɔwo hena ku, alo toɖoɖo tɔwo hena dzɔdzɔenyenye.’ (Rom. 6:15, 16) Eye wògagblɔ be: “Ne miewua ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo to gbɔgbɔ la dzi la, mianɔ agbe.”—Rom. 8:13.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

1:24-32—Yudatɔwo ŋue ŋukpenanu siwo ŋu woƒo nu tsoe le afi sia la ku ɖo loo alo Dukɔwo me tɔwo ŋue woku ɖo? Togbɔ be nya siwo Paulo gblɔ ate ŋu aku ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu hã la, Israel vi gbexɔse siwo nɔ anyi le blema la koŋ ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Togbɔ be wonya Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo hã la, “womelɔ̃ be yewoaxɔ Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ o.” Le esia ta woɖi fɔ.

3:24, 25—Aleke “tafe si Kristo Yesu xe” la te ŋu tsyɔ “nu vɔ̃ siwo wowɔ tsã” hafi wova xee la dzii? Mesia la ŋuti nyagblɔɖi gbãtɔ si dze le 1 Mose 3:15 la va eme le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime Yesu ku ɖe fuwɔameti la ŋu. (Gal. 3:13, 16) Ke hã, le Yehowa ƒe nukpɔsusu nu la, le ɣeyiɣi si me wògblɔ nya sia ɖi la, ɖeko wònɔ abe ɖe woxe tafea xoxo ene, elabena naneke mate ŋu axe mɔ na Mawu be wòado kpo eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ o. Eya ta Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe tafe si Yesu Kristo va xe le nyagblɔɖi ma megbe la dzi atsɔ nu vɔ̃ ake Adam ƒe dzidzimevi siwo xɔ ŋugbedodo ma dzi se. Tafea wɔe be woate ŋu afɔ ame siwo ku do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la hã ɖe tsitre.—Dɔw. 24:15.

6:3-5—Nu kae nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Kristo Yesu me kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe eƒe ku me fia? Ne Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kristo yomedzelawo la, wowɔa ɖeka kple Yesu heva zua hame si Kristo nye Ta na la me tɔwo. (1 Kor. 12:12, 13, 27; Kol. 1:18) Esiae nye nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Kristo Yesu me. ‘Wonyrɔ’ Kristotɔ amesiaminawo ‘ɖe Kristo ƒe ku me’ hã le mɔ sia nu be wonɔa vɔsagbe eye wogbea nu le agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe gbɔ. Eya ta woƒe ku la nye vɔsaku, abe ale si Yesu ƒe ku nɔ ene, togbɔ be tafe ƒe asixɔxɔ mele wo tɔa ŋu o hã. Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Kristo ƒe ku me sia wua enu ne woku eye wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒogbenɔnɔ me.

7:8-11—Aleke ‘nu vɔ̃ kpɔ mɔnu to sedede la dzii’? Se la kpe ɖe amewo ŋu wokpɔ nu siwo katã nu vɔ̃ lɔ ɖe eme la dze sii, eye esia na wova de dzesii geɖe wu be yewonye nu vɔ̃ mewo. Esia wɔe be wova kpɔe be yewowɔ nu vɔ̃ le nu geɖe me, eye ame geɖe wu va de dzesii be nu vɔ̃ wɔlawoe yewonye. Eya ta woate ŋu agblɔ be nu vɔ̃ kpɔ mɔnu to Se la dzi.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

1:14, 15. Susu geɖewo le mía si siwo tae wòle be míagblɔ nya nyui la dzonɔamemetɔe ɖo. Susuawo dometɔ ɖekae nye be míenye ame siwo wotsɔ Yesu ƒe ʋu ƒle la ƒe fenyilawo, eye agba le mía dzi be míakpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me gome.

1:18-20. Ame mavɔ̃mawuwo kple ame madzɔmadzɔwo ‘mate ŋu ado taflatsɛ o,’ elabena Mawu ƒe nɔnɔmewo dze kɔte le eƒe nuwɔwɔwo me.

2:28; 3:1, 2; 7:6, 7. Ne Paulo gblɔ nya aɖe si dze abe ate ŋu aɖe fu na Yudatɔwo ene la, egblɔa nya fadzinamewo ɖe eyome. Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí, ele be míazã ŋuɖɔɖɔɖo kple aɖaŋu le nya sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ me.

3:4. Ne amewo ƒe nyawo tsi tsitre ɖe nya siwo Mawu gblɔ le eƒe Nya me ŋu la, míeɖenɛ fiana be ‘Mawu nye nyateƒetɔ’ to kaka ɖe gbedeasi si le Biblia me dzi kple nuwɔwɔ wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Ne míekpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me dzonɔamemetɔe la, míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔe be Mawu nye nyateƒetɔ.

4:9-12. Wobu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenye xoxo hafi wòva tso aʋa esime wòxɔ ƒe 99. (1 Mose 12:4; 15:6; 16:3; 17:1, 9, 10) Mawu to esia dzi ɖe nu si nana wobua ame be ele dzɔdzɔe fia woɖe dzesi.

4:18. Mɔkpɔkpɔ nye xɔse ƒe akpa vevi aɖe. Míaƒe xɔse nɔ te ɖe mɔkpɔkpɔ dzi.—Heb. 11:1.

5:18, 19. Paulo zã numeɖeɖe si me susu le tsɔ ɖe mɔ siwo nu Yesu sɔ kple Adam le la me, eye wòto esia dzi ɖe ale si wòanya wɔ be ame ɖeka natsɔ eƒe “luʋɔ ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta” la me kpuie eme kɔ. (Mat. 20:28) Numeɖeɖe si me susu le kple numeɖeɖe kpuiwo nye nufiafiamɔnu nyui aɖe ŋutɔ si wòle be míasrɔ̃.—1 Kor. 4:17.

7:23. Ŋutinuwo, abe asiwo, afɔwo, kple aɖe ene ate ŋu ‘alé mí aboyoe ayi ɖe nu vɔ̃ ƒe se’ la me, eya ta ele be míakpɔ mía ɖokui dzi le wo zazã madzemadzee ŋu.

8:26, 27. Ne nɔnɔmeawo na míetɔtɔ ale gbegbe be míenya nu si míabia le gbedodoɖa me o la, ‘gbɔgbɔ la xɔa míaƒe nya ɖe akɔ.’ Ekema Yehowa si nye ‘gbedodoɖasela’ la xɔa gbedodoɖa siwo sɔ siwo woŋlɔ ɖe eƒe Nya la me la abe mía gbɔe wotso ene.—Ps. 65:3.

8:38, 39. Afɔkuwo, gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo mate ŋu ana Yehowa nadzudzɔ mí lɔlɔ̃ o, eye nenema kee mele be míaɖe mɔ nu siawo nana míawo hã míadzudzɔ elɔlɔ̃ o.

9:22-28; 11:1, 5, 17-26. Nyagblɔɖi geɖe siwo ku ɖe Israel ƒe gbugbɔɖoanyi ŋu la va eme ɖe Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame, si me tɔwo nye “ame siwo wòyɔ, menye tso Yudatɔwo ɖeɖe ko dome o, ke boŋ tso dukɔwo hã dome,” la dzi.

10:10, 13, 14. Tsɔ kpe ɖe lɔlɔ̃ na Mawu kple lɔlɔ̃ na mía haviwo ŋu la, Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se vevie ate ŋu aʋã mí míakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe.

11:16-24, 33. Aleke gbegbe “Mawu ƒe dɔmenyonyo kple ale si eƒe asi sẽna ɖe ame dzii” da sɔ nyuie nye esi! Vavãe, “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ.”—5 Mose 32:4.

AGBENƆNƆ WÒAWƆ ÐEKA KPLE ALE SI WOBU MÍ BE MÍELE DZƆDZƆE

(Rom. 12:1–16:27)

Paulo gblɔ be: “Eya ta nɔviwo, mele kuku ɖem na mi vevie to Mawu ƒe dɔmetɔtrɔwo me, be miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu.” (Rom. 12:1) Esi Paulo dze nya si gblɔm wònɔ gɔme kple “eya ta” alo le nyateƒe si wònye be wobua Kristotɔwo be wole dzɔdzɔe le woƒe xɔse ta ta la, ele be nya si wògblɔ yi edzi nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu, ɖe ame bubuwo kple dziɖuɖuwo ŋu la dzi.

Paulo ŋlɔ bena: “Mele egblɔm na mi ame siwo le afi ma dometɔ ɖe sia ɖe be, wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o.” Exlɔ̃ nu wo be: “Migana alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ miaƒe lɔlɔ̃ la me o.” (Rom. 12:3, 9) “Luʋɔ sia luʋɔ nebɔbɔ eɖokui na ŋusẽtɔ siwo kɔ wu.” (Rom. 13:1) Ede dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woaganɔ ʋɔnu drɔ̃m wo nɔewo’ le nya siwo me wòhiã be ame ŋutɔ nawɔ eƒe dzitsinya ŋu dɔ le la me o.—Rom. 14:13.

Ŋɔŋlɔawo Me Biabiawo Ŋu Ðoɖo:

12:20—Aleke míelɔa “dzoka xɔxɔwo” kɔna ɖe míaƒe futɔwo ƒe ta dzii? Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, wotsɔa tomenu si me woɖea ga tso la dana ɖe dzoka xɔxɔ dzi le kpo me hekɔa dzoka xɔxɔ bubuwo ɖe edzi. Dzoka xɔxɔ siwo wokɔna ɖe edzi la nana be dzoa nu sẽna henana be tomenua srena eye ɖinuwo ɖena le eŋu. Nenema kee míelɔa dzoka xɔxɔ kɔna ɖe míaƒe futɔ aɖe ƒe ta dzi le mɔ sia nu be míenyoa dɔme nɛ ale be eƒe dzimesesẽa nalolõ, eye wòaɖe eƒe nɔnɔme nyuiwo ɖe go.

12:21—Aleke ‘míeyia edzi tsɔa nu nyui la nɔa nu vɔ̃ɖi dzi ɖumee’? Mɔ aɖe si dzi míetona wɔa esiae nye ale si míeyi edzi le dɔ si Mawu de mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la wɔm vɔvɔ̃manɔmee va se ɖe esime Yehowa agblɔ be enyo.—Mar. 13:10.

13:1—Mɔ ka nue Mawu ɖo ŋusẽtɔ siwo kɔ wu la “woƒe nɔƒe, siwo seɖoƒe li na la” le? “Mawue ɖe mɔ [dziɖulawo le] woƒe nɔƒe, siwo seɖoƒe li na la” le mɔ sia nu be eyae ɖea mɔ na wo woɖua dzi, eye le go aɖewo me la, ekpɔ wo dometɔ aɖewo ƒe dziɖuɖu do ŋgɔ gɔ̃ hã. Esia dze kɔte le nya siwo Biblia gblɔ ɖi tso dziɖula geɖewo ŋu la me.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme Na Mí:

12:17, 19. Vɔ̃wɔwɔ ɖe vɔ̃ teƒe nye nu si wòle be míagblẽ ɖe Yehowa si me la wɔwɔ. Ðokuidodoɖedzi kae nye esi wòanye be míatsɔ ‘vɔ̃ aɖo vɔ̃ teƒe’!

14:14, 15. Mele be míana mía nɔvi naxa nu alo akli nu le nuɖuɖu alo nunono si míenae ta o.

14:17. Be tenɔnɔ nyui nanɔ ame si le Mawu ŋkume la, menye nu si ame ɖuna alo nona dzi loo alo esiwo wòƒoa asa na la dzi koŋ wònɔa te ɖo o. Ke boŋ, enɔa te ɖe dzɔdzɔenyenye, ŋutifafa, kple dzidzɔ dzi.

15:7. Ele be míaxɔ ame siwo katã le nyateƒea dim anukwaretɔe siwo vaa hamea me la ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔmee, eye míagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na ame siwo katã míedoa goe la.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Ðe tafe la ate ŋu atsyɔ nu vɔ̃ siwo wowɔ do ŋgɔ na exexe la dzia?