Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na “Lɔlɔ̃ Si Nɔ Asiwò Gbã La” Nakpɔtɔ Anɔ Mewò

Na “Lɔlɔ̃ Si Nɔ Asiwò Gbã La” Nakpɔtɔ Anɔ Mewò

 Na “Lɔlɔ̃ Si Nɔ Asiwò Gbã La” Nakpɔtɔ Anɔ Mewò

“Yi edzi nàlé nu si le asiwò la me ɖe asi goŋgoŋ.”—NYAÐ. 3:11.

1, 2. Aleke nèse le ɖokuiwò me esime kakaɖedzi va su asiwò be nu siwo srɔ̃m nènɔ tso Yehowa ŋu lae nye nyateƒea?

ÈÐO ŋku ale si nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ si nèsrɔ̃ nu tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku si Yehowa tsɔ ɖo ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋkume ŋu la dzia? Ne ènɔ subɔsubɔha bubu aɖe me kpɔ la, aleke nèse le ɖokuiwò me esime woɖe Mawu ƒe tameɖoɖo me na wò tso Ŋɔŋlɔawo me alo esime wova ɖe nufiafia siwo gɔme sese sesẽna na wò la me wo me kɔ nyuie? Ðewohĩ ède dzesii be ɖe woble ye. Gake aleke dzi dzɔa wò fifiae nye esi be nuwo me va kɔ na wò! Ne dzila Kristotɔwoe na hehe wò la, eɖo ŋku ale si nèse le ɖokuiwò me esime nèva kpɔ kakaɖedzi be nu siwo srɔ̃m yenɔ tso Yehowa ŋu lae nye nyateƒea, eye nèɖoe be yeanɔ agbe ɖe wo nu la dzia?—Rom. 12:2.

2 Wò gbɔgbɔmenɔviwo dometɔ geɖe agblɔ na wò be dzi dzɔ yewo ŋutɔ, yewote ɖe Yehowa ŋu, eye yewoda akpe be ehe yewo ɖe eɖokui ŋu. (Yoh. 6:44) Woƒe dzidzɔkpɔkpɔa ʋã wo be woakpɔ gome le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me. Dzi dzɔ wo ale gbegbe be wodi be yewoagblɔ  nu si ŋu yewova ke ɖo la na ame sia ame. Edzɔ ɖe wò hã dziwò nenema?

3. Nɔnɔme kae nɔ hame si nɔ Efeso la me esime Yesu ɖo gbedeasi aɖe ɖe wo?

3 Le gbedeasi aɖe si Yesu ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hame si nɔ Efeso me la, eƒo nu tso “lɔlɔ̃ si nɔ [wo si] gbã” la ŋu. Nɔnɔme nyui geɖewo nɔ Efesotɔwo si. Ke hã, lɔlɔ̃ si nɔ wo si na Yehowa gbã la nu fa. Esia tae Yesu gblɔ na wo be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kpakple wò dzidodo, eye be màte ŋu aɖe mɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o, eye be èdo ame siwo gblɔna be apostolowo yewonye gake womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔe be aʋatsokalawo wonye. Èle dzi dom hã, eye ènɔ te ɖe nu geɖewo nu le nye ŋkɔ la ta, eye ɖeɖi mete ŋuwò o. Ke hã, nya sia le asinye ɖe ŋuwò: be ègblẽ lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la ɖi.”—Nyaɖ. 2:2-4.

4. Nu ka tae gbedeasi si Yesu ɖo ɖe Efesotɔwo la le vevie egbea?

4 Aɖaŋu siwo Yesu ɖo na Efesotɔwo kple hame bubuwo siwo woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la sɔ ɖe nɔnɔme siwo nɔ Kristotɔ amesiaminawo dome tso ƒe 1914 dzi hena ɣeyiɣi aɖe la nu ŋutɔ. (Nyaɖ. 1:10) Ke hã, ate ŋu adzɔ be Kristotɔ aɖewo nabu ‘lɔlɔ̃ si nɔ wo si gbã’ na Yehowa kple Kristotɔwo ƒe nyateƒea la egbea gɔ̃ hã. Esi esia le susu me na mí la, na míadzro ale si ŋkuɖoɖo wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo dzi kple wo me dzodzro ate ŋu ana nàlé lɔlɔ̃ kple dzonɔameme si nɔ mewò na Mawu kple nyateƒea gbã la me ɖe asi, awɔ wo yeye, eye woadzi ɖe edzi la me kpɔ.

Nu Kae Na Nèka Ðe Edzi Be Nyateƒeae Nye Esia?

5, 6. (a) Nu kae wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe nado kpɔ na eɖokui? (b) Nu kae na nèka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe fiaa nyateƒea? (d) Nu kae ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu be wòade dzo yeye lɔlɔ̃ si nɔ esi gbã la me?

5 Ehiã be ame sia ame si ɖe adzɔgbe na Yehowa la ‘nado’ nu si nye ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na eɖokui’ gbã. (Rom. 12:1, 2) Esia ƒe akpa aɖe bia be wòasrɔ̃ Biblia me nyateƒea. Nu si ana ame aɖe naka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe fiaa nyateƒea la ate ŋu ato vovo tso esi ana kakaɖedzi ame bubu la gbɔ. Ame aɖewo ɖo ŋku edzi be yewowɔ tɔtrɔ esime yewoke ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ŋu le Biblia me, alo esime yewova nya nɔnɔme si me ame kukuwo le la. (Ps. 83:19; Nyagb. 9:5, 10) Nu si wɔ dɔ ɖe ame bubuwo dzie nye lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo dome. (Yoh. 13:34, 35) Ke hã, ame bubuwo ya de ŋugble tso nu si wòfia be woaganye xexea ƒe akpa aɖeke o la ŋu. Eye woƒo nya ta be Kristotɔ vavãwo mate ŋu akpɔ gome le dunyahehe me loo alo dukɔ aɖeke ƒe aʋawɔwɔ me o.—Yes. 2:4; Yoh. 6:15; 17:14-16.

6 Le ame geɖewo gome la, susu siawo kple bubu aɖewoe nyɔ lɔlɔ̃ gbãtɔ si le wo si na Mawu la ɖe wo me. Di ɣeyiɣi nàde ŋugble tso nu si na  kakaɖedzi be nyateƒeae nye esia la ŋu. Nɔnɔme si me nèle kple wò amenyenye to vovo tso ame sia ame tɔ gbɔ, eya ta anɔ eme be susu siwo ta nèlɔ̃ Yehowa hekana ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi la ato vovo tso ame bubuwo tɔwo gbɔ. Anɔ eme godoo be nu siwo na kakaɖedzi wò le gɔmedzedzea me la agate ŋu ana kakaɖedzi wò egbea hã. Nyateƒea metrɔ o. Le esia ta nu siwo na kakaɖedzi wò kple ale si nèse le ɖokuiwò me ɣemaɣi la me dzodzro ake ate ŋu ade dzo yeye lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã na nyateƒea la me le mɔ aɖe nu.—Mixlẽ Psalmo 119:151, 152; 143:5.

Na Wò Lɔlɔ̃ Nadzi Ðe Edzi

7. Nu ka tae wòle be míana lɔlɔ̃ si nɔ mía si gbã na nyateƒea la nadzi ɖe edzi, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

7 Ðewohĩ nu geɖe trɔ le wò agbe me tso esime nèɖe adzɔgbe na Yehowa. Lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã na nyateƒea la nɔ vevie ŋutɔ, gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, eva hiã be lɔlɔ̃ si de to wu nanɔ asiwò bene nàte ŋu akpe akɔ kple xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo. Ke hã, Yehowa lé wò ɖe te. (1 Kor. 10:13) Eya ta nuteƒekpɔkpɔ siwo su asiwò esime ƒeawo va nɔ yiyim la hã xɔ asi na wò ŋutɔ. Wokpe ɖe ŋuwò be nèna lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la dzi ɖe edzi, eye esiawo nye mɔ bubu si dzi nàto ado nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na ɖokuiwò.—Yos. 23:14; Ps. 34:9.

8. Aleke Yehowa ɖe eɖokui fia Mose, eye aleke Israel viwo va nya Mawu nyuie wu?

8 Le kpɔɖeŋu me, bu nɔnɔme si me Israel viwo nɔ esime Yehowa ɖe tame si wòɖo be yeaɖe wo tso Egiptetɔwo ƒe kluvinyenye me gblɔ ŋu kpɔ. Mawu ɖe eɖokui fia Mose be: ‘Mava nye nu si mava nye.’ (2 Mose 3:7, 8, 13, 14, NW) Le nyateƒe me la, Yehowa nɔ gbɔgblɔm be yeazu nu sia nu si hiã bene yeaɖe yeƒe amewo. Le nu siwo dzɔ emegbe, kple ale si nɔnɔmeawo biae nu la, Israel viwo kpɔ ale si Yehowa ɖe eƒe amenyenye ƒe akpa vovovowo fia—abe Ŋusẽkatãtɔ, Ʋɔnudrɔ̃la, Kplɔla, Ðela, Aʋawɔla, kple Nunala ene.—2 Mose 12:12; 13:21; 14:24-31; 16:4; Nex. 9:9-15.

9, 10. Nudzɔdzɔ ka ƒomevie ate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòava nya Mawu, eye nu ka tae wònyo be míaɖo ŋku nuteƒekpɔkpɔ mawo dzi?

9 Nɔnɔme si me nèle to vovo na blema Israel viwo tɔ. Togbɔ be ele alea hã la, nuteƒekpɔkpɔ aɖewo su asiwò siwo na nèka ɖe edzi be Mawu tsɔa ɖe le eme na ye, eye nu siawo do ŋusẽ wò xɔse. Ðewohĩ le mɔ aɖewo nu la, Yehowa ɖe eɖokui fia abe Nunala, Akɔfala, alo Nufiala ene le gowòme. (Mixlẽ Yesaya 30:20b, 21.) Alo ɖewohĩ ède dzesii kɔte be Mawu ɖo yeƒe gbedodoɖa aɖe ŋu na ye. Ðewohĩ ènɔ kuxi aɖe me tom eye hati Kristotɔ aɖe na kpekpeɖeŋu wò. Alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ anya kpe ɖe ŋuwò nèva ke ɖe mawunyakpukpui aɖe si sɔ ɖe wò kuxi aɖe nu la ŋu.

10 Ne ègblɔ nuteƒekpɔkpɔ mawo na ame bubuwo la, ɖewohĩ mawɔ dɔ ɖe wo dometɔ aɖewo dzi abe ale si wònɔ le gowòme ene o. Ne èbu eŋu kpɔ la, menye nukunu ŋutɔŋutɔwoe nudzɔdzɔ mawo nye o. Ke hã, gɔmesese vevi aɖe nɔ wo ŋu na wò ya. Ɛ̃, nu si tututu wòhiã be Yehowa nanye na wò ɣemaɣi la ye wòzu na wò. De ŋugble tso ƒe gbogbo siwo nèle nyateƒea me la ŋu kpɔ. Àte ŋu aɖo ŋku nudzɔdzɔ aɖewo siwo me nèse le ɖokuiwò me be Yehowa léa be na ye etɔxɛ la dzia? Ne nenemae la, ŋkuɖoɖo nudzɔdzɔ mawo kple ale si wona nèse le ɖokuiwò me dzi ate ŋu anyɔ lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe wò dzi me abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene. De asixɔxɔ nuteƒekpɔkpɔ mawo ŋu. De ŋugble tso wo ŋu. Wonye kpeɖodzi be Yehowa tsɔa ɖe le eme na wò vevie, eye ame aɖeke mate ŋu axɔ kakaɖedzi ma le asiwò o.

Dzro Ðokuiwò Me

11, 12. Ne lɔlɔ̃ si le Kristotɔ aɖe si na nyateƒea dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema nu ka gbɔe wòanya tso, eye aɖaŋu kae Yesu ɖo?

11 Ne lɔlɔ̃ si le asiwò na Mawu kple nyateƒea egbea la megale abe ale si wònɔ tsã ene o la, esia mefia be nanee trɔ le Mawu gome o. Yehowa metrɔna gbeɖe o. (Mal. 3:6; Yak. 1:17) Etsɔ ɖe le eme na wò ɣemaɣi eye nenema ke ko wògatsɔ ɖe le eme na wò egbea hãe. Ekema ne  nane trɔ le mia kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu la, nu ka gbɔe wòanya tso? Ðe wòate ŋu anye be èsena le ɖokuiwò me be yele akɔ kpem kple nyaƒoɖeamenu geɖe wu, eye yetsi dzimaɖi ɖe agbemenyawo ŋu akpa? Ðewohĩ tsã la, èdoa gbe ɖa vevie, èsrɔ̃a nu moveviɖoɖotɔe wu, eye nèdea ŋugble edziedzi wu. Ðe dzo nɔ mewò ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu geɖe wu, eye nèdea hamea ƒe kpekpewo edziedzi tsã wu fifia?—2 Kor. 13:5.

12 Ðewohĩ màde dzesi nɔnɔme siawo le ɖokuiwò ŋu o, gake ne wole ŋuwò la, ke nu kawo gbɔe wotso? Ðe wòate ŋu anye be nu siwo ŋu wòsɔ le be woatsi dzi ɖo, abe wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo kple wò lãmesẽnyawo gbɔ kpɔkpɔ nyuie, alo nu siawo tɔgbi, na be ale si gbegbe nèbunɛ be Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒee la dzi ɖe kpɔtɔa? Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kple agbe me dzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne ŋkeke ma nagava lili mi abe mɔ ene o. Elabena ava ame siwo katã le anyigba bliboa ŋkume la dzi. Eya ta minɔ ŋudzɔ, eye minɔ kokoƒoƒo dzi ɖaasi, bene miate ŋu asi le nu siawo katã siwo adzɔ la nu.”—Luka 21:34-36.

13. Nu kae Yakobo tsɔ Mawu ƒe Nya la sɔ kple?

13 Yakobo, si nye Biblia ŋlɔla aɖe si gbɔgbɔ ʋã la, xlɔ̃ nu eƒe haxɔsetɔwo be woazã Mawu ƒe Nya la atsɔ adzro wo ɖokuiwo me anukwaretɔe. Yakobo ŋlɔ bena: “Mizu nyadziwɔlawo, ke menye nyaselawo ko o, bene miagatsɔ tamebubu totro anɔ mia ɖokuiwo blem o. Elabena ne ame aɖe nye nyasela, gake menye nyadziwɔla o la, ame sia le abe ame aɖe si le eƒe dzɔdzɔmemo kpɔm le ahuhɔ̃e me la ene. Elabena ekpɔa eɖokui, eye wòdzona yina, eye enumake eŋlɔa ame si ƒomevi wònye la be. Gake ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la akpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me, le esi wòzu nyadziwɔla, ke menye nyasela si ŋlɔa nu be o la ta.”—Yak. 1:22-25.

14, 15. (a) Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàna wò gbɔgbɔmemenyenye nanyo ɖe edzi? (b) Nyabiase kawo ŋue nàte ŋu ade ŋugble le?

14 Ame ate ŋu akpɔ ahuhɔ̃e me bene yeakpɔ be yeƒe dzedzeme sɔ mahã. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋutsu aɖe kpɔe be yeƒe taya (kɔla) tro la, ate ŋu adzɔe. Ne nyɔnu aɖe kpɔe be yeƒe ɖa menya kpɔ o la, ate ŋu agbugbɔ adzrae ɖo. Nenema kee Ŋɔŋlɔawo kpena ɖe mía ŋu míedzroa ame si ƒomevi míenye la me. Ne míetsɔ mía ɖokuiwo sɔ kple ame siwo tɔgbi Biblia gblɔ be míanye la, ke míele ezãm abe ahuhɔ̃e ene. Ke vi kae wòaɖe ne míekpɔ ahuhɔ̃e me evɔ míewɔ naneke tsɔ ɖɔ nu manyomanyo aɖe si míede dzesi la ɖo o? Nunya anɔ eme ne míenɔa agbe wòsɔna ɖe nu siwo míexlẽna le Mawu ƒe “se deblibo” la me nu hetoa esia dzi zua ‘nyadziwɔlawo.’ Eya ta anyo be ame sia ame si de dzesii be lɔlɔ̃ si nɔ ye si na Yehowa kple nyateƒea gbã la dzi ɖe kpɔtɔ la nabia nya siawo eɖokui: ‘Nyaƒoɖeamenu kawoe mele go dom le agbe me, eye aleke mele te nɔm ɖe wo ŋui? Aleke mewɔ nui tsã? Ðe nane trɔa?’ Ne ède dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo le ɖokui me dzodzro ma me la, mègaŋe aɖaba ƒu wo dzi o. Ne ehiã be nàwɔ asitɔtrɔ aɖewo la, dze agbagba ɖe sia ɖe nàwɔe kaba.—Heb. 12:12, 13.

15 Ŋugbledede sia tɔgbi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo taɖodzinu siwo ana nàtsi le gbɔgbɔ  me la na ɖokuiwò. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖo aɖaŋu aɖewo na eƒe hadɔwɔla Timoteo siwo akpe ɖe eŋu be wòawɔ ŋgɔyiyi le eƒe subɔsubɔdɔa me. Paulo xlɔ̃ nu ɖekakpui sia be: “De ŋugble le nu siawo ŋu; wò dzi katã neku ɖe wo ŋu, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.” Anyo be míawo hã míanɔ te ɖe nu siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi ade ŋugble tso ŋgɔyiyi siwo míagate ŋu awɔ la ŋu.—1 Tim. 4:15.

16. Afɔku ka ŋue wòle be nànɔ ŋudzɔ ɖo ne ènɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi le ɖokuiwò me dzrom?

16 Ðokui me dzodzro anukwaretɔe ɖe sia ɖe si nàwɔ la ana nàkpɔ wò gbɔdzɔgbɔdzɔƒe aɖewo godoo. Esia ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo, gake mègaɖe mɔ esia nadzɔ ɖe dziwò o. Le wo katã me la, taɖodzinu si le ame ɖokui me dzodzro sia ŋue nye be woakpɔ teƒe siwo asitɔtrɔ hiã le la adze sii. Enye nyateƒe be Satana adi be Kristotɔ nase le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o le gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le eŋu ta. Le nyateƒe me la, wogblɔna be Mawu mebua agbagba siwo katã míedzena be míasubɔe la ɖe ɖeke me kura o. (Hiob 15:15, 16; 22:3) Esia nye aʋatsokaka aɖe si ŋu Yesu ƒo nu tsi tsitre ɖo; mía dometɔ ɖe sia ɖe xɔ asi le Mawu ŋkume. (Mixlẽ Mateo 10:29-31.) Ðe wòle be wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo kpɔkpɔ dze si nana nàɖoe kplikpaa ɖokuibɔbɔtɔe be yeatrɔ asi le yeƒe nɔnɔmeawo ŋu woanyo wu to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me boŋ. (2 Kor. 12:7-10) Ne dɔléle alo tsitsi na be mègate ŋu wɔa geɖe o la, ekema ɖo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo la na ɖokuiwò, gake mègana ta alo nàna wò lɔlɔ̃ nu natsi o.

Nu Geɖe Siwo Ta Míada Akpe Ðo

17, 18. Vi kae wòaɖe na wò ne èna lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la dzi ɖe edzi?

17 Nu nyui geɖewo ado tso eme na wò ne èyi edzi na lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la dzi ɖe edzi. Àte ŋu ana wò sidzedze Mawu kple wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe mɔfiamewo ŋu nadzi ɖe edzi. (Mixlẽ Lododowo 2:1-9; 3:5, 6.) Hakpala la gblɔ be: “Fetu gã le [Yehowa ƒe sewo] me léle ɖe asi me.” “Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe enana bometsilawo dzea nunya.” Gawu la, ‘woayra ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, ame siwo zɔna le Yehowa ƒe se la me.’—Ps. 19:8, 12; 119:1.

18 Àlɔ̃ ɖe edzi godoo be nu nyui geɖewo li siwo tae wòle be nàda akpe na Mawu ɖo. Èse nu si gbɔ nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me la tso la gɔme. Mawu ƒe beléname kple ɖoɖo siwo wòwɔ na eƒe amewo egbea la ɖea vi na wò. Ðikekemanɔmee la, dzi dzɔa wò hã be Yehowa he wò va eƒe xexea me katã ƒe hame la me, eye wòna mɔnukpɔkpɔ wò be nèva zu eƒe Ðasefo. Kpɔ ŋudzedze ɖe wò yayrawo ŋu! Ne wòanye be nàŋlɔ wo ɖe agbalẽ me la, anye ne woasɔ gbɔ ŋutɔ. Ðikekemanɔmee la, esia wɔwɔ edziedzi akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si nye, “yi edzi nàlé nu si le asiwò la me ɖe asi goŋgoŋ” la dzi.—Nyaɖ. 3:11.

19. Tsɔ kpe ɖe ŋugbledede tso mia kple Mawu dome ƒomedodoa ŋu ŋuti la, nu vevi bubu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me?

19 Afɔɖeɖe siwo akpe ɖe ŋuwò be nàlé nu si le asiwò la me ɖe asi goŋgoŋ la ƒe gbãtɔ koe ŋugbledede tso ale si wò xɔse nɔ tsitsim esi ƒeawo va le yiyim ŋu nye. Magazine sia hea susu yia nu vevi bubu siwo akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ gbɔgbɔmelãmesẽ nyui me la dzi edziedzi. Wo dometɔ aɖewoe nye gbedodoɖa, Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me, kpakple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe. Nu siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi anɔ dzo yeye dem lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la me ahana wòanɔ dzidzim ɖe edzi.—Ef. 5:10; 1 Pet. 3:15; Yuda 20, 21.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke susu siwo ta nèva lɔ̃ Yehowa ɖo la ate ŋu anye dzideƒotsoƒe na wò fifiae?

• Nu ka dzie ŋugbledede tso nu siwo me wò ŋutɔ nèto le ƒe siwo va yi me ŋu ate ŋu ana nàka ɖo?

• Nu ka tae wòle be nàdzro nu si tae nèlɔ̃ Mawu ɖo la me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nyateƒea ƒe akpa kae wɔ dɔ ɖe dziwò hena nèka ɖe edzii?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ède dzesi nanewo le ɖokuiwò ŋu siwo ŋu wòhiã be nàwɔ asitɔtrɔ lea?