Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Kae Nye Nunyala Kple Nugɔmesela Le Mia Dome?”

“Ame Kae Nye Nunyala Kple Nugɔmesela Le Mia Dome?”

“Ame Kae Nye Nunyala Kple Nugɔmesela Le Mia Dome?”

“Ame kae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome? Netsɔ tufafa si tso nunya me la ɖe eƒe dɔwɔwɔwo fia to eƒe agbenɔnɔ nyui me.”—YAK. 3:13.

1, 2. Nya kae míate ŋu agblɔ ku ɖe ame geɖe siwo wobuna nunyalawoe la ŋu?

AME kae nèbuna be enye nunyala vavã? Ðewohĩ dziwòlawo, ame tsitsi aɖe, alo kɔledzi nufialagã aɖe yea? Ame siwo dome nènɔ tsi kple nɔnɔme siwo me nèto ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nukpɔsusu ku ɖe ame si nye nunyala ŋu la dzi. Ke hã, Mawu ƒe nukpɔsusu koŋ ye nɔa vevie na Mawu subɔlawo ya.

2 Menye ame siwo katã xexea bua nunyalawoe nye nunyalawo le Mawu ŋkume o. Le kpɔɖeŋu me, Hiob ƒo nu kple ame aɖewo siwo bua wo ɖokuiwo be yewogblɔa nya siwo me nunya le, gake eƒo nya ta be: ‘Nyemekpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.’ (Hiob 17:10) Apostolo Paulo gblɔ ku ɖe ame aɖewo siwo gbe Mawu ŋuti sidzedze la ŋu be: “Togbɔ be wogblɔna be yewonye nunyalawo hã la, wozu bometsilawo.” (Rom. 1:22) Eye Yehowa ŋutɔ hã gblɔ kã to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: ‘Baba na ame siwo bua wo ɖokui nunyalawoe, eye wonye nugɔmeselawo le woawo ŋutɔwo ŋkume.’—Yes. 5:21.

3, 4. Nu kae hiã hafi ame nanye nunyala vavã?

3 Edze ƒãa be, ehiã be míanya nu si naa ame nyea nunyala vavã, si wɔnɛ be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. Lododowo 9:10 na míenya esia be: ‘Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto, eye sidzedze kɔkɔetɔ la enye gɔmesese.’ Ele be Mawu vɔvɔ̃ nyuitɔ nanɔ ame si nye nunyala me, eye wòade bubu Eƒe dzidzenuwo ŋu. Gake lɔlɔ̃ ɖe edzi be Mawu li eye be dzidzenuwo le esi ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Nusrɔ̃la Yakobo de dzi ƒo na mí be míabu esia ŋu. (Xlẽ Yakobo 3:13.) De dzesi nyagbɔgblɔ si nye: ‘Neɖe eƒe dɔwɔwɔwo fia to eƒe agbenɔnɔ nyui me.’ Ele be nunya vavãtɔ nadze le wò gbe sia gbe nuwɔna kple nyagbɔgblɔwo me.

4 Nunya vavãtɔ bia be míabu nuwo ŋu nyuie ahatsɔ sidzedze kple nugɔmesese si su mía si la ade dɔwɔwɔ me dzidzedzetɔe. Nuwɔna kawoe aɖee afia be nunya ma ƒomevi le mía si? Yakobo yɔ nɔnɔme aɖewo siwo adze le ame siwo nye nunyalawo la ƒe nuwɔnawo me. * Nya kae wògblɔ si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple míaƒe haxɔsetɔwo kpakple ame siwo menye nɔviwo o la dome?

Nuwɔna Siwo Dea Dzesi Nunyala Vavã La

5. Aleke ame si nye nunyala vavã nɔa agbee?

5 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Yakobo tsɔ nunya do ƒome kple agbenɔnɔ nyui. Esi wònye be Yehowa vɔvɔ̃ ye nye nunya ƒe gɔmetoto ta la, ame si nye nunyala dzea agbagba be yeanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe mɔwo kpakple eƒe dzidzenuwo. Womedzi mí kple mawumenunya o. Ke hã, ate ŋu asu mía si to Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe nu si wode dzi ƒo na mí le Efesotɔwo 5:1 be, “mizu Mawu srɔ̃lawo” la dzi. Zi ale si míenɔa agbe wòwɔa ɖeka kple ale si Yehowa wɔa nui la, zi nenemae míeɖea nunya fiana le míaƒe nuwɔnawo mee. Yehowa ƒe mɔwo kɔ boo wu amegbetɔwo tɔwo. (Yes. 55:8, 9) Eya ta ne míesrɔ̃a ale si Yehowa wɔa nui la, ame siwo menye nɔviwo o akpɔe be míeto vovo.

6. Nu ka tae tufafa nye kpeɖodzi be ame nye mawumeme, eye nu kae nɔnɔme ma ɖeɖe fia bia?

6 Yakobo ɖee fia be mɔ ɖeka si dzi míato aɖi Yehowa ye nye be míaɖe “tufafa si tso nunya” me afia. Togbɔ be Kristotɔ fatu wɔa nu dɔmefafatɔe hã la, le ɣeyiɣi ma ke me la, eléa dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi goŋgoŋ, si kpena ɖe eŋu be wòdana sɔna le eƒe nuwɔnawo me. Togbɔ be ŋusẽ si seɖoƒe meli na o ye le Mawu si hã la, efa tu, eya ta míevɔ̃na na tete ɖe eŋu o. Mawu ƒe Vi la ɖe Fofoa ƒe tufafa fia nyuie ale gbegbe be ete ŋu gblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena ame fafa menye, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo.”—Mat. 11:28, 29; Fp. 2:5-8.

7. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Mose ɖo tufafa ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí?

7 Biblia ƒo nu tso ame aɖewo siwo ɖe tufafa alo dɔmefafa fia wòɖe dzesi la ŋu. Wo dometɔ ɖekae nye Mose. Togbɔ be enɔ agbanɔamedzinɔƒe gã aɖe hã la, wogblɔ tso eŋu be, ‘efa wu ame siwo katã nɔ anyigba dzi.’ (4 Mose 11:29; 12:3) Eye ɖo ŋku ŋusẽ si gbegbe Yehowa na Mose be wòana Eƒe lɔlɔ̃nu nava eme la dzi. Edze Yehowa ŋu be yeazã ame fatuwo atsɔ ana be yeƒe tameɖoɖowo nava eme.

8. Aleke amegbetɔ madeblibowo ate ŋu aɖe “tufafa si tso nunya” me la afia?

8 Edze ƒãa be, amegbetɔ madeblibowo ate ŋu aɖe “tufafa si tso nunya” me afia. Ke míawo ya ɖe? Aleke míawɔ aɖe nɔnɔme sia afia geɖe wu? Tufafa nye Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:22, 23) Míate ŋu ado gbe ɖa abia eƒe gbɔgbɔa, eye míadze agbagba vevie aɖe eƒe kutsetsea afia ahaka ɖe edzi be Mawu akpe ɖe mía ŋu be míafa tu. Míekpɔ nu si tae wòle be míawɔ esia ɖo la le hakpala la ƒe kakaɖedzinya siawo me be: ‘Mawu fiaa eƒe mɔ ame fatuwo.’—Ps. 25:9.

9, 10. Agbagba kae wòhiã be míadze bene míate ŋu aɖe mawumetufafa afia, eye nu ka tae?

9 Ke hã, abia agbagbadzedze geɖe be míate ŋu aɖe nɔnɔme sia afia geɖe wu. Le ame siwo dome míenɔ tsi ta la, esesẽna na mía dometɔ aɖewo be míafa tu. Gawu la, ame siwo dome míele ate ŋu ade adãwɔwɔ ƒe dzi ƒo, eye woanɔ gbɔgblɔm le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu be, “tsɔ dzo tsi dzo.” Ke hã, ɖe susu le nya sia mea? Ne nu sue aɖe lé dzo le wò aƒe me la, ɖe nàkɔ kerosene ɖe edzi be yeatsɔ atsii loo, alo tsi ye nàkɔ ɖe edzi? Kerosene kɔkɔ ɖe dzoa dzi agblẽ nya la ɖe edzi kura, gake ne èkɔ tsi ɖe edzi la, atsi. Nenema kee Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lod. 15:1, 18) Ne eva dzɔ be hamea me tɔ aɖe loo alo ame si menye nɔvi o, do dziku na mí la, ɖe míate ŋu akpɔ ale si míaɖe nunya vavãtɔ afia to nuwɔwɔ tufafatɔe mea?—2 Tim. 2:24.

10 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, ame siwo dzi xexea ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖo la mefaa tu alo nyea ŋutifafamewo o, eye womenɔa anyi kpoo hã o. Ame wɔadãwo kple dadalawo sɔŋ koe míekpɔna. Yakobo nya nu tso esia ŋu, eye wòxlɔ̃ nu hamea me tɔwo be woagaɖe mɔ gbɔgbɔ sia nakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Nu bubu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso aɖaŋu si wòɖo la me?

Nuwɔna Siwo Dea Dzesi Bometsila La

11. Nɔnɔme kawoe tsi tsitre ɖe mawumenunya ŋu?

11 Yakobo ŋlɔ nu tso nɔnɔme siwo tsia tsitre ɖe mawumenunya ŋu tẽe la ŋu kã. (Xlẽ Yakobo 3:14.) Ŋuʋaʋã kple dzrehehe nye ŋutilãmenɔnɔmewo, ke menye gbɔgbɔ me tɔwoe o. Bu nu si dzɔna nenye be ŋutilãmenɔnɔmewo xɔ aƒe ɖi la ŋu kpɔ. Le egbegbe Yerusalem la, “Kristotɔwo” ƒe ƒuƒoƒo ade aɖewo kpɔa Yɔdo Kɔkɔe La Ƒe Sɔlemeha si le afi ma la dzi; wosusui be afi si wowu Yesu heɖii le ye wotu woƒe gbedoxɔa ɖo. Dzrehehe dzi ko wonɔna ɖaa. Le ƒe 2006 me la, Time magazine ƒo nu tso nane si dzɔ kpɔ esime saɖagaxɔmenɔlawo “wɔ dzre hena gaƒoƒo geɖe, . . . eye wotsɔ akaɖiti legbewo nɔ wo nɔewo ƒomee” la ŋu. Womegava kana ɖe wo nɔewo dzi o ale gbegbe be wotsɔ sɔlemexɔa ƒe safuiawo dzi kpɔkpɔ de Moslemtɔ aɖe si.

12. Ne míewɔ nu le nunya me o la, nu kae ate ŋu adzɔ?

12 Mele be dzrehehe sesẽ ma tɔgbi nanɔ Kristotɔ vavãwo ƒe hamea me kura o. Ke hã, blibomademade wɔnɛ ɣeaɖewoɣi be ame aɖewo tea tɔ ɖe woƒe nukpɔsusuwo dzi dzimesesẽtɔe. Esia ate ŋu ahe nyahehe kple dzrehehe avae. Apostolo Paulo de dzesi esia le Korinto hamea me, eya tae wòŋlɔ na wo be: “Esi ŋuʋaʋã kple dzre le mia dome ɖe, menye ŋutilãmemewoe mienye, hele zɔzɔm abe ale si ame bubuwo hã zɔnae ene oa?” (1 Kor. 3:3) Nɔnɔme wɔnublanui ma yi edzi le ƒe alafa gbãtɔ me hame ma me hena ɣeyiɣi aɖe. Eya ta ele be míanɔ ŋudzɔ be nɔnɔme ma tɔgbi nagage ɖe hame aɖeke me egbea o.

13, 14. Gblɔ ale si woate ŋu aɖe ŋutilãmenɔnɔme afiae la ƒe kpɔɖeŋu.

13 Aleke nɔnɔme ma tɔgbi ate ŋu age ɖe hamea me dzaa? Ate ŋu adze egɔme to nu sue aɖe dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne wole Fiaɖuƒe Akpata tum la, amewo ƒe nukpɔsusu ate ŋu ato vovo le ale si woawɔ dɔae ŋu. Nɔvi aɖe ate ŋu anɔ nya hem nenye be womeda asi ɖe eƒe nukpɔsusu dzi o, eye ɖewohĩ anɔ nyatoƒoe tom tso nyametsotso siwo wowɔ la ŋu. Ate ŋu agbe gɔ̃ hã be yemagakpɔ gome le xɔtudɔa me o! Nɔvi si anɔ nu wɔm alea aŋlɔ be be zi geɖe la, ŋutifafa ƒe gbɔgbɔ si hamea me tɔwo ɖena fiana ye nana wowɔa hamea me dɔwo dea goe, ke menye aɖaŋu aɖe koŋ zazã ye o. Ame siwo ɖea tufafa fiana lae Yehowa yrana, ke menye dzrehelawo o.—1 Tim. 6:4, 5.

14 Kpɔɖeŋu bubu ate ŋu anye be, hamemetsitsiwo kpɔe be hamemetsitsi aɖe si subɔ le hamea me ƒe geɖe la megaɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ fifia o. Esi nutome sue dzikpɔla va srã wo kpɔ hekpɔe be woɖo aɖaŋu aɖewo koŋ na nɔvia va yi gake mewɔ asitɔtrɔ o la, eda asi ɖe hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe nyametsotso si nye be woaxɔ dɔ le hamemetsitsi ma si la dzi. Aleke wòle be nɔviŋutsu ma nabu esiae? Ðe wòatsɔ ɖokuibɔbɔ kple tufafa axɔ nyametsotso si dzi hamemetsitsiwo katã da asi ɖo kple Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋu siwo woɖo nɛ la ade eme, eye wòaɖoe kplikpaa be yeadze agbagba agaɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiawo gbɔ bene yeazu hamemetsitsi akea? Alo ɖe wòalé dziku ɖe dɔ me esi woxɔ mɔnukpɔkpɔ si nɔ esi tsã la le esi ta ahanɔ ŋu ʋãma? Nu ka tae nɔviŋutsu aɖe anɔ nu wɔm abe ɖe wògadze anye hamemetsitsi ene evɔ le nyateƒe me la, megadze hafi o? Ðe nunya manɔ eme wu be wòabɔbɔ eɖokui ahase nu gɔme oa!

15. Nu ka tae nèkpɔe be aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me si le Yakobo 3:15, 16 la le vevie ŋutɔ?

15 Enye nyateƒe be nu bubu aɖewo ate ŋu adzɔ si ana be ame aɖe naɖe nɔnɔme sia tɔgbi tututu afia. Gake nu ka kee ɖadzɔ o, ele be míadze agbagba be nɔnɔme mawo nagage ɖe mía me o. (Xlẽ Yakobo 3:15, 16.) Nusrɔ̃la Yakobo yɔ nɔnɔme mawo be wonye ‘anyigba dzi tɔ,’ elabena wonye ŋutilãmenɔnɔmewo eye womeɖea gbɔgbɔmemenyenye fiana o. Wonye ‘lã tɔ,’ le esi wonye ŋutilãmenudzodzro siwo sɔ kple esiwo nuwɔwɔ mabutamewo ɖena fiana la ta. Nɔnɔme siawo nye ‘gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔ,’ elabena woɖea nɔnɔme siwo le Mawu ƒe futɔ siwo nye gbɔgbɔwo si la fiana. Aleke gbegbe masɔ be Kristotɔwo naɖe nɔnɔme mawo afia o enye esi!

16. Asitɔtrɔ kawoe wòate ŋu ahiã be míawɔ, eye aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me?

16 Anyo be hamea me tɔ ɖe sia ɖe nadzro eɖokui me akpɔ ɖa be nɔnɔme siawo dometɔ aɖe le ye me mahã, eye wòadze agbagba aɖee aƒu gbe. Ehiã be dzikpɔla siwo nye nufialawo le hamea me hã nadze agbagba aɖe nɔnɔme gbegblẽwo ɖa le wo ɖokuiwo me. Mele bɔbɔe be míawɔ esia dzidzedzetɔe o, le míaƒe blibomademade kple xexe sia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta. Woate ŋu atsɔ esia wɔwɔ asɔ kple togbɛ aɖe si dzi ba le, eye wòle ɖiɖim la lialia. Ne naneke meli míalé o la, ɖeko míanɔ ɖiɖim anɔ megbemegbe yim. Ke hã, Biblia me ɖaŋuɖoɖowo me léle ɖe asi sesĩe kple kpekpeɖeŋu si Mawu ƒe hame si le anyigba bliboa dzi nana akpe ɖe mía ŋu míaɖe zɔ ayi ŋgɔgbe.—Ps. 73:23, 24.

Nɔnɔme Nyui Siwo Nunyala Dina Be Yeaɖe Afia

17. Zi geɖe la, aleke nunyala wɔa nu ne nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe tetekpɔ dze ŋgɔe?

17 Xlẽ Yakobo 3:17. Aɖe vi na mí ŋutɔ ne míedzro nɔnɔme nyui siwo dona tso “nunya si tso dziƒo” ɖeɖe fia me la me. Be míanɔ dzadzɛ bia be míaƒe nuwɔna kple susu me nanɔ kɔkɔe, eye ɖiƒoƒo aɖeke naganɔ wo ŋu o. Ele be míatsi tsitre ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu enumake. Ele be esia wɔwɔ nanye nu si vana le eɖokui si. Ðewohĩ ède dzesii be míaƒe ŋkuwo ŋutɔ miana enumake ne nane di be yeage ɖe wo dzi. Enye nu si dzɔna le eɖokui si, mehiã be míabu eŋu hafi o. Nenema kee wòle be wòanɔ ne wotsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ te mí kpɔe. Ele be míaƒe agbe dzadzɛ nɔnɔ kple míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee la naʋã mí be míatsi tsitre ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu enumake. (Rom. 12:9) Ame siwo wɔ nu alea ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me na mí. Wo dometɔ aɖewoe nye Yosef kple Yesu.—1 Mose 39:7-9; Mat. 4:8-10.

18. Nu kae wòfia be (a) woanye ŋutifafame? (b) woanye ame si wɔa ŋutifafa?

18 Mawumenunya bia hã be míanye ŋutifafamewo. Esia bia be míaƒo asa na adãwɔwɔ, dzrehehe, alo nuwɔna siwo gblẽa ŋutifafa dome. Yakobo na numekɔkɔ geɖe ku ɖe esia ŋu esime wògblɔ be: “Woƒãa dzɔdzɔenyenyeku le ŋutifafa me na ame siwo wɔa ŋutifafa.” (Yak. 3:18) De dzesi nyagbɔgblɔ si nye “wɔa ŋutifafa.” Ðe wonya mí le hamea me be míenye ame siwo wɔa ŋutifafa alo be míenye ame siwo gblẽa ŋutifafa dome? Ðe masɔmasɔwo ɖoa mía kple amewo dome edziedzi, alo míedoa dziku kabakaba alo doa dziku na ame bubuwoa? Ðe míegblɔna be, ‘nye ya nenema ko mele, ele be miase egɔme nam,’ alo ɖe míedzea agbagba ɖokuibɔbɔtɔe be míaɖu nɔnɔme siwo ɖia ame bubuwo nu la dzia? Ðe wonya mí be míedzea agbagba ɣesiaɣi be míana ŋutifafa nanɔ mía kple amewo dome, eye míetsɔa vodada kena kaba heŋlɔnɛ bea? Mía ɖokui me dzodzro anukwaretɔe akpe ɖe mía ŋu míanya ne ehiã be míawɔ asitɔtrɔ aɖewo ale be míate ŋu aɖe mawumenunya afia.

19. Aleke ame aɖe awɔ be woabui be enye nugɔmesela?

19 Esi Yakobo nɔ nu ƒom tso nɔnɔme siwo ɖea nunya si tso dziƒo fiana ŋu la, eyɔ nugɔmeselanyenye hã ɖe eme. Ðe wonya mí be míesea nu gɔme na ame bubuwo nenye be woƒe nuwɔna metsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖeke ŋu o, eye míetea tɔ ɖe edzi be woawɔ nu siwo míawo míedi oa? Ðe wonya mí be míefa tu eye wòle bɔbɔe na amewo be woaƒo nu na mía? Nɔnɔme siawo ɖenɛ fiana be míesrɔ̃ ale si míanye nugɔmeselawo.

20. Nu kae ado tso eme ne míeɖea mawumenɔnɔme siwo me míedzro fifi laa la fiana?

20 Kpɔ ale si gbegbe hamea me nɔnɔ avivii ne nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo dzea agbagba be yewoaɖe mawumenɔnɔme siwo ŋu Yakobo ƒo nu tsoe la fia geɖe wu la ɖa! (Ps. 133:1-3) Kakaɖedzi le eŋu be, ne míefa tu, míenye ŋutifafamewo, eye míesea nu gɔme na mía nɔewo la, mía dome ƒomedodoa anyo ɖe edzi eye wòaɖo kpe edzi be “nunya si tso dziƒo” le mía si. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míakpɔ ale si amewo bubu abe ale si Yehowa bua woe ene ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Nya siwo Yakobo gblɔ kplɔe ɖo ɖee fia be hamemetsitsiwo, alo “nufialawo” ye nɔ susu me nɛ. (Yak. 3:1) Ele kokoko be ŋutsu siawo naɖo kpɔɖeŋu le mawumenunya ɖeɖe fia me, ke hã, mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso aɖaŋuɖoɖo sia me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nu kae naa Kristotɔ zua nunyala vavã?

• Aleke míawɔ aɖe mawumenunya afia geɖe wu?

• Nɔnɔme kawoe dzena le ame siwo meɖea “nunya si tso dziƒo” fiana o la ŋu?

• Nɔnɔme kawoe nèɖoe kplikpaa be yeatu ɖo geɖe wu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Aleke dzrehehe ate ŋu awɔ age ɖe mía dome dzaa egbea?

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðe nètsia tsitre ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe tetekpɔwo ŋu enumakea?