Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Nugɔmesela, Evɔ Nàda Asɔ

Nye Nugɔmesela, Evɔ Nàda Asɔ

Nye Nugɔmesela, Evɔ Nàda Asɔ

“Yi edzi nànɔ ŋku ɖom edzi na wo be . . . woanye nugɔmeselawo.”—TITO 3:1, 2.

1, 2. Nu kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nugɔmesese na amewo ŋu, eye nu ka tae esia sɔ?

YEHOWA, mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la, nye ame si si nunya manyagblɔ le. Esi wònye eyae wɔ mí ta la, míekpɔa esinu be wòafia mɔ mí le agbe me. (Ps. 48:15) Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ na mí be: “Le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa, esea nu gɔme, elɔ̃na faa ɖoa to, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũu, medea vovototo amewo me le ameŋkumekpɔkpɔ ta o, alakpanuwɔwɔ mele eme o.”—Yak. 3:17.

2 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mina amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.” * (Fp. 4:5) Kristo Yesue nye Kristo hame la ƒe Aƒetɔ kple eƒe Ta. (Ef. 5:23) Aleke gbegbe wòle vevie be míanye nugɔmeselawo, abɔbɔ ɖe Kristo ƒe mɔfiame te, eye míase nu gɔme na ame bubuwoe nye esi!

3, 4. (a) Wɔ viɖe siwo dona tso nugɔmesese na amewo me ƒe kpɔɖeŋu? (b) Nu kawo mee míadzro?

3 Nu nyuiwo dona tso eme ne míesea nu gɔme, evɔ míedana sɔna. Míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ale: Esi wova ʋu go nugbe aɖe si ŋɔdzidonamelawo ɖo ɖe Britain ŋu eye wode se be woagatsɔ nanewo siwo ŋu woɖe mɔ le tsã la aɖo yameʋu o la, yameʋuɖola akpa gãtɔ lɔ̃ wɔ ɖe mɔfiame ma dzi. Ne míele ʋu kum la, míekpɔnɛ be ehiã be míase nu gɔme na ʋukula bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, ne míeva ɖo teƒe aɖe si mɔ geɖewo va do go le la, ehiãna be ʋukula aɖe natɔ ahaɖe mɔ na ʋukula bubu be wòava yi bene ʋuwo naɖe zɔ nyuie.

4 Le mía dometɔ geɖe gome la, mele bɔbɔe be míanye nugɔmeselawo o. Be míate ŋu awɔ esia la, mina míakpɔ go etɔ̃ siwo me míaɖe nugɔmesese afia le la ɖa—nu si ʋãa mí, ale si míewɔa nu ɖe ame siwo le ŋusẽnɔƒewo ŋu, kple afi si míase nu gɔme na amewo ase ɖo.

Nu Ka Tae Wòle Be Míanye Nugɔmeselawo?

5. Le Mose ƒe Sea te la, nu kae ate ŋu aʋã kluvi aɖe be wòatiae be yeakpɔtɔ anɔ yeƒe aƒetɔ gbɔ?

5 Nane si wowɔna le blema do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia he susu yi nɔnɔme nyui si ʋãa ame wònyea nugɔmesela la dzi. Mose ƒe Sea bia be woaɖe asi le Hebrivi siwo nye kluviwo ŋu le woƒe kluvizuzu ƒe ƒe adrelia alo Aseyetsoƒe la me, ƒe siawo dometɔ kae ɖava gbã o. Gake kluvi aɖe ate ŋu atiae be yeakpɔtɔ anye kluvi. (Xlẽ 2 Mose 21:5, 6.) Nu kae ate ŋu aʋã kluvi aɖe be wòawɔ esia? Lɔlɔ̃e aʋã kluvi la be wòatiae be yeakpɔtɔ anɔ nɔnɔme ma me le yeƒe aƒetɔ buameŋu la ƒe ŋusẽ te.

6. Akpa kae lɔlɔ̃ wɔna le nugɔmesese na amewo gome?

6 Nenema kee, lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ʋãa mí míetsɔa míaƒe agbe ɖea adzɔgbe nɛ, eye míenɔa agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu. (Rom. 14:7, 8) Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Nu si lɔlɔ̃ na Mawu fiae nye esi: be míawɔ eƒe seawo dzi; eye eƒe seawo menye agba o.” (1 Yoh. 5:3) Lɔlɔ̃ sia media eya ŋutɔ tɔ o. (1 Kor. 13:4, 5) Ne míele nu wɔm kple mía nɔvi amegbetɔwo la, lɔlɔ̃ na mía havi ʋãa mí be míesea nu gɔme na wo, eye míebua woƒe nyonyo ŋu gbã. Míeɖea mɔ ɖokuitɔdidi kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi o, ke boŋ míebua ame bubuwo ƒe nyonyo ŋu.—Fp. 2:2, 3.

7. Akpa kae nugɔmesese na amewo wɔna le míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me?

7 Mele be míaƒe nuƒoƒo alo nuwɔna naɖia amewo nu o. (Ef. 4:29) Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ aʋã mí be míagawɔ naneke si ana be du bubu me tɔ siwo ƒe dekɔnuwo to vovo la nado kpo ŋgɔyiyiwɔwɔ ava zu Yehowa subɔlawo o. Zi geɖe la, esia biana be míanye nugɔmeselawo. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔla siwo atsyɔ̃ɖonuwo zazã ma la medina kokoko be yewoazã wo le nuto siwo me nu siawo ana woabu wo be wonye agbe maɖɔʋu nɔlawo eye wòaɖia amewo nu la me o.—1 Kor. 10:31-33.

8. Aleke lɔlɔ̃ na Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ mía ɖokuiwo ‘ame suewoe’?

8 Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa nana míedoa mía ɖokui ɖe dzi o. Esi nyaʋiʋli aɖe ɖo nusrɔ̃lawo dome ku ɖe ame si nye gãtɔ ŋu la, Yesu yɔ ɖevi sue aɖe va tsi tsitre ɖe wo titina. Egblɔ be: “Ame sia ame si xɔa ɖevi sue sia le nye ŋkɔ ta la, exɔa nye hã, eye ame sia ame si xɔam la, exɔa ame si dɔm ɖa la hã. Elabena ame si wɔa eɖokui ame sue le mi katã dome lae nye gã.” (Luka 9:48; Mar. 9:36) Ate ŋu asesẽ ŋutɔ na mí ame ɖekaɖekawo be míawɔ mía ɖokuiwo ‘ame suewoe.’ Blibomademade si ƒe dome míenyi, kple didi be míado mía ɖokui ɖe dzi ate ŋu ana be míadi nɔƒe gã, gake ɖokuibɔbɔ ana míabu mía ɖokuiwo ame tsɛwoe.—Rom. 12:10.

9. Be míanye nugɔmeselawo la, nu ka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo?

9 Be míanye nugɔmeselawo la, ele be míabɔbɔ ɖe ame siwo Mawu ɖo la ƒe ŋusẽ te. Kristotɔ vavãwo katã lɔ̃na ɖe tanyenye ƒe gɔmeɖose vevi la dzi. Apostolo Paulo gblɔ na Korintotɔwo eme kɔ be: “Medi be mianya be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la; eye nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; ke Kristo la hã ƒe tae nye Mawu.”—1 Kor. 11:3.

10. Ne míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ te la, nu kae wòɖena fiana?

10 Ne míebɔbɔa mía ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te la, eɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe eŋu hekana ɖe edzi be enye mía Fofo lɔ̃ame. Enya nu sia nu si le dzɔdzɔm, eye ate ŋu aɖo eteƒe na mí ale si dze. Anyo be esia nanɔ susu me na mí ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu bubutɔe o, alo wodo dɔmedzoe hedo dziku helĩhelĩ ɖe mía ŋu. Paulo ŋlɔ bena: “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.” Paulo na mɔfiame sia tsɔ te gbe ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migabia hlɔ̃ na mia ɖokuiwo o, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’”—Rom. 12:18, 19.

11. Aleke míate ŋu aɖee afia be míebɔbɔa mía ɖokuiwo ɖe Kristo ƒe tanyenye te?

11 Ele be míade bubu ame siwo Mawu ɖo ŋusẽnɔƒewo le Kristo hamea me la hã ŋu. Nyaɖeɖefia ta 1 gblɔ be Kristo Yesu lé hame la ƒe ‘ɣletiviwo’ ɖe eƒe nuɖusi me. (Nyaɖ. 1:16, 20) Ne míagblɔe gbadzaa la, “ɣletivi” siawo tsi tsitre ɖi na hamemetsitsiwo, alo dzikpɔlawo ƒe ha siwo le hameawo me. Dzikpɔla siawo siwo woɖo la bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe Kristo ƒe kpɔkplɔ te, eye wosrɔ̃a ale si wòwɔa nu ɖe amewo ŋu tufafatɔe la. Hamea me tɔwo katã bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe ɖoɖo si Yesu wɔ be “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la nana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la te. (Mat. 24:45-47) Egbea la, ale si míelɔ̃na faa srɔ̃a nyati siawo hewɔa wo me nyawo dzi ɖee fia be míebɔbɔna ɖe Kristo ƒe tanyenye te, eye esia naa ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔa hamea me.—Rom. 14:13, 19.

Afi Kae Míanye Nugɔmeselawo Ase Ðo?

12. Nu ka tae seɖoƒe li na nugɔmesese ɖeɖe fia?

12 Nugɔmeselawo nyenye mefia be míaɖe asi le míaƒe xɔse alo mawumegɔmeɖosewo ŋu o. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nui esime subɔsubɔhakplɔlawo de se na wo be woadzudzɔ nufiafia le Yesu ƒe ŋkɔ me? Petro kple apostolo bubuawo gblɔ dzinɔameƒotɔe be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔw. 4:18-20; 5:28, 29) Eya ta egbea la, ne dziɖuɖumegãwo dze agbagba be yewoazi mía dzi míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia la, míedzudzɔna o, togbɔ be míewɔa asitɔtrɔ le míaƒe gbeƒãɖeɖemɔnuwo ŋu bene míate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu aɖaŋutɔe hã. Ne woxe mɔ ɖe aƒe me yi aƒe me dɔa nu la, míate ŋu adi mɔnu bubu siwo dzi míato ake ɖe aƒemenɔlawo ŋu ahayi edzi anɔ dɔ si Mawu de asi na mí la wɔm. Nenema kee, ne “ŋusẽtɔ siwo kɔ wu” de se be míagawɔ míaƒe kpekpewo o la, míenɔa ƒuƒoƒo suewo me wɔa kpekpewo le adzame.—Rom. 13:1; Heb. 10:24, 25.

13. Nya kae Yesu gblɔ tso ɖokuibɔbɔ ɖe ŋusẽtɔwo te ŋu?

13 Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be ehiã be ame nabɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te ale: “Ne ame aɖe di be yeahe wò ayi ʋɔnu ne yeaxɔ wò awutewui la, tsɔ wò awudziwui hã nɛ; eye ne ŋusẽtɔ aɖe zi dziwò be nàwɔ dɔ aɖe na ye ahazɔ kpli ye kilometa ɖeka la, zɔ kilometa eve kplii.” (Mat. 5:40, 41) * Amewo ŋu bubu kple didi be míakpe ɖe wo ŋu hã ʋãa mí be míewɔa geɖe wu nu si wobia tso mía si.—1 Kor. 13:5; Tito 3:1, 2.

14. Nu ka tae mele be míana ta xɔsegbelawo gbeɖe o?

14 Ke hã, mele be míaƒe didi be míase nu gɔme na amewo nana míana ta xɔsegbelawo gbeɖe o. Míaƒe tenɔnɔ sesĩe le go sia me hiã vevie bene míakpɔ nyateƒea ƒe kɔkɔenyenye kple hamea ƒe ɖekawɔwɔ ta. Paulo gblɔ ku ɖe ‘aʋatsonɔviwo’ ŋu be: “Míena mɔ ame siawo to mía ɖokui bɔbɔ ɖe wo te me o, ao, míena mɔ wo gaƒoƒo ɖeka gɔ̃ hã o, bene nya nyui la ƒe nyateƒe la nayi edzi anɔ kpli mi.” (Gal. 2:4, 5) Togbɔ be menye nu si bɔ o hã la, ne eva dzɔ be ame aɖewo gbe xɔse la, Kristotɔ veviedonulawo ya ayi edzi alé nu dzɔdzɔe wɔwɔ me ɖe asi sesĩe.

Ele Be Dzikpɔlawo Nanye Nugɔmeselawo

15. Mɔ ka nue hamemetsitsi Kristotɔwo ɖea nugɔmesese fiana le ne wokpe ta?

15 Nudidi siwo gbɔ ŋutsuwo ɖona hafi woɖoa wo dzikpɔlawoe la dometɔ ɖekae nye be wolɔ̃na faa be woase nu gɔme na amewo. Paulo ŋlɔ bena: “Ele be dzikpɔla nanye . . . nugɔmesela.” (1 Tim. 3:2, 3) Esia le vevie vevietɔ ne ŋutsu siwo woɖo la kpe ta hena ŋkuléle ɖe hamea ƒe nya aɖewo ŋu. Hafi woatso nya me la, ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe si le kpekpea me nate ŋu agblɔ eƒe nukpɔsusu faa, togbɔ be mele kokoko be hamemetsitsi ɖe sia ɖe nagblɔ nya aɖe o hã. Ne wole nya aɖe me dzrom la, hamemetsitsi aɖe ate ŋu atrɔ eƒe susu nenye be ame bubuwo he susu yi Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖewo siwo ŋu dɔ woate ŋu awɔ dzi. Hamemetsitsi si tsi le gbɔgbɔ me metsia tsitre ɖe ame bubuwo ƒe nukpɔsusu ŋu heléa eya ŋutɔ tɔwo me ɖe asi goŋgoŋ o, ke boŋ esea nu gɔme. Le gɔmedzedzea me la, nukpɔsusu vovovowo ate ŋu anɔ wo si, gake gbedodoɖa kple ŋugbledede tso nya la ŋu naa ɖekawɔwɔ nɔa hamemetsitsi ɖokuibɔbɔlawo kple nugɔmeselawo dome.—1 Kor. 1:10; Xlẽ Efesotɔwo 4:1-3.

16. Nɔnɔme kae wòle be dzikpɔla Kristotɔ naɖe afia?

16 Ele be hamemetsitsi Kristotɔ nadze agbagba aʋli teokrasi ɖoɖowo ta le eƒe dɔwɔnawo katã me. Ele be wòawɔ nɔnɔme ma ŋu dɔ le alẽkpɔkplɔdɔa gɔ̃ hã me, eye esia akpe ɖe eŋu be wòaɖe ameŋububu kple tufafa afia amewo. Petro ŋlɔ bena: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevi.”—1 Pet. 5:2.

17. Aleke hamea me tɔwo katã ate ŋu aɖe nugɔmesese afia le nuwɔwɔ kple wo nɔewo me?

17 Ame tsitsi siwo le hamea me kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu xɔasi siwo ɖekakpuiwo nana le hamea me la ŋu, eye wodea bubu wo ŋu. Eye ɖekakpuiwo hã dea bubu ame tsitsi siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu. (1 Tim. 5:1, 2) Hamemetsitsi Kristotɔwo dia ŋutsu siwo dze siwo woate ŋu ade dɔ aɖewo asi na, eye wonaa hehe wo be woakpe ɖe wo ŋu le beléle na Mawu ƒe alẽha la me. (2 Tim. 2:1, 2) Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nade asixɔxɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me la ŋu. Egblɔ be: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.”—Heb. 13:17.

Nugɔmesese Ðeɖe Fia Le Ƒomea Me

18. Nu ka tae wòsɔ be woaɖe nugɔmesese afia le ƒomea me?

18 Nugɔmesese ɖeɖe fia hiã le ƒomea hã me. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:18-21.) Biblia gblɔ ɖoƒe vovovo siwo Kristotɔwo ƒe ƒomewo me tɔ ɖe sia ɖe le. Vifofo lae nye srɔ̃a ƒe ta kple ame si koŋ ƒe agbanɔamedzi wònye be wòana mɔfiame ɖeviawo. Ele be srɔ̃nyɔnua nabɔbɔ ɖe srɔ̃a ƒe ŋusẽ te, eye ɖeviawo hã nadze agbagba anye toɖolawo, elabena esia wɔwɔ dzea Aƒetɔ la ŋu. Ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ŋu to nugɔmesese na wo nɔewo le mɔ si sɔ heda sɔ nu. Be míawɔ esia ƒe kpɔɖeŋu la, mina míakpɔ Biblia me kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

19, 20. (a) Gblɔ vovototo si le Eli kple Yehowa ƒe nugɔmesese ɖeɖe fia dome. (b) Nu kawoe dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siawo me?

19 Eli nye nunɔlagã le Israel esime Samuel nye ɖevi dzaa ko. Ke hã, Eli viŋutsu siwo nye Xofni kple Pinexas nye “ame vlowo” eye ‘wometsɔ ɖeke le Yehowa ƒe nya me o.’ Eli se nu tso nu vɔ̃ɖi siwo viawo nɔ wɔwɔm, siwo dometɔ aɖee nye ale si wonɔa nyɔnu siwo nɔ dɔ wɔm le Mawu ƒe agbadɔa nu la gbɔ dɔmee, la ŋu. Aleke wòwɔ nui? Eli gblɔ na wo be, ne Yehowa ŋue wonɔ nu vɔ̃ wɔm ɖo la, ame aɖeke mado gbe ɖa ɖe wo ta o, gake meɖɔ wo ɖo hehe to na wo o. Esia wɔe be Eli viwo yi woƒe nu vɔ̃ɖiawo wɔwɔ dzi. Mlɔeba la, Yehowa tso nya me wòsɔ be wodze na ku. Esi Eli se nu tso viawo ƒe ku ŋu la, eya ŋutɔ hã dze anyi heku. Nublanuinya kae nye esi! Eme kɔ be Eli ƒe mɔɖeɖe madzemadze ɖe viawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu—le susua nu be ezi kpi kpɔ wo woyi ewɔwɔ dzi—la mesɔ kura o.—1 Sam. 2:12-17, 22-25, 34, 35; 4:17, 18.

20 To vovo na esia la, mina míakpɔ ale si Mawu wɔ nu ɖe eƒe gbɔgbɔmeviwo ŋui ɖa. Nyagblɔɖila Mixa kpɔ ŋutega ɖedzesi aɖe ku ɖe Yehowa kple eƒe dɔlawo ƒe takpekpe aɖe ŋu. Yehowa bia mawudɔlawo be, wo dometɔ kae ate ŋu aflu Israel Fia vɔ̃ɖi Axab bene eƒe dziɖuɖu namu mahã. Yehowa lé to ɖe eƒe gbɔgbɔmevi vovovowo ƒe nukpɔsusuwo ŋu. Eye mawudɔla aɖe gblɔ be yeate ŋu aflui. Yehowa biae be, aleke wòle ewɔ gee. Esi mawudɔlaa ƒe ŋuɖoɖoa dze Yehowa ŋu ta la, egblɔ nɛ be wòayi aɖawɔe. (1 Fia. 22:19-23) Ðe mí amegbetɔwo hã míate ŋu asrɔ̃ nugɔmesese na mía nɔewo le ƒomea me tso nuŋlɔɖi sia me oa? Anyo be Kristotɔ si nye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nabu srɔ̃a kple viawo ƒe nukpɔsusuwo ŋu. Le go bubu me la, ele be srɔ̃nyɔnuwo kple ɖeviwo nanyae be ne yewodo susu aɖe ɖa alo ɖe didi aɖe gblɔ la, ahiã be yewoalɔ̃ ade bubu mɔfiame si ame si Ŋɔŋlɔawo na ŋusẽ be wòatso nya me la ana ŋu.

21. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Aleke gbegbe Yehowa ƒe ŋkuɖodzinya siwo me lɔlɔ̃ kple nunya le be míanye nugɔmeselawo dzɔ dzi na míi enye esi! (Ps. 119:99) Nyati si kplɔe ɖo adzro ale si nugɔmeselawo nyenye le mɔ si da sɔ nu naa dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe mee la me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Mele bɔbɔe be woatsɔ nya ɖeka pɛ ko aɖe apostolo Paulo ƒe nya si gɔme woɖe be “nugɔmesela” la gɔme o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Efia be woalɔ̃ faa aɖe asi le ame ŋutɔ ƒe gomenɔamesiwo ŋu, eye woaɖe ameŋububu kple tufafa afia amewo.” Eya ta nu si nya sia lɔ ɖe emee nye be woalɔ̃ faa aɖe asi le nya ŋu, ase nu gɔme, eye woaƒo asa na tɔtete ɖe seawo dzi wɔwɔ le nu sia nu me dzi, alo tɔtete ɖe ame ŋutɔ ƒe gomenɔamesiwo dzi.

^ mm. 13 Kpɔ nyati si nye “Ne Ame aɖe Zi Dziwò be Nàwɔ Dɔ Aɖe,” si dze le February 15, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23-6 me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu nyui kawoe ate ŋu ado tso nugɔmesese ɖeɖe fia me?

• Aleke dzikpɔlawo ate ŋu aɖe nugɔmesese afiae?

• Nu ka tae wòhiã be woaɖe nugɔmesese afia le ƒomea me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Hamemetsitsiwo srɔ̃a ale si Kristo wɔ nu ɖe amewo ŋu dɔmefafatɔe la

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ne hamemetsitsiwo kpe ta la, gbedodoɖa, ŋugbledede, kple nugɔmesese naa ɖekawɔwɔ nɔa wo dome