Hiob 17:1-16
17 “Nu te nye gbɔgbɔ ŋu belibeli, nye ŋkekewo nu yi;Yɔdo koe le lalayem.+
2 Fewuɖulawo ƒo xlãm,+Eye nye ŋkuwo le woƒe aglãdzedzewo teƒe kpɔm.
3 Meɖe kuku, wò ŋutɔ xɔ nya ɖe nunye.
Ame kae gali ana asim ahada megbe nam?+
4 Elabena èɣla nunya ɖe woƒe dzi;+Esia tae mèna woƒe alɔ de dzi o.
5 Ame aɖe agblɔ be yeama nu kple ye xɔlɔ̃wo,Evɔ viawo ƒe ŋku tsi.
6 Etsɔm wɔ alɔmeɖenu* na dukɔwo,+Ale be amewo le ta ɖem ɖe mo nam.+
7 Vevesese na nye ŋku dzi tsyɔ,+Eye nye ŋutinuwo le abe vɔvɔli ko ene.
8 Ame dzɔdzɔe ƒe mo wɔ yaa le esia ta,Eye mawumavɔ̃la* la ƒe nuwɔna tena ɖe ame maɖifɔ la dzi.
9 Ame dzɔdzɔe léa eƒe mɔwo me ɖe asi,+Eye ame si ƒe asi me dza la kpɔa ŋusẽ geɖe.+
10 Ke mi katã migayi miaƒe nyaheheawo dzi ko,Elabena nye ya nyemekpɔ nunyala aɖeke le mia dome o.+
11 Nye ŋkekewo nu yi;+Nye ɖoɖowo kple nye dzimedidiwo me gblẽ keŋ.+
12 Wotsɔa zã wɔa ŋkekee,Eye wogblɔna be, ‘Kekeli megale didiƒe o, le esi viviti do ta.’
13 Ne mele lalam hã la, Tsiẽƒe* koe anye nye aƒe;+Viviti mee mele nye aba ɖo ge ɖo.+
14 Mayɔ yɔdo+ be, ‘Wòe nye fofonye!’
Eye mayɔ nyéwo be, ‘Danye kple nɔvinyenyɔnu!’
15 Ekema afi ka gɔ̃e nye mɔkpɔkpɔ le?+
Ame kae ate ŋu akpɔe ne mɔkpɔkpɔ aɖe gali nam?
16 Tsiẽƒe* ƒe gametiwo gbɔ kee woakpɔe* le,Ne nye kplii siaa míeyi to me ɖekae.”+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “lodonu.”
^ Alo, “xɔsegbela.”
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
^ Efia, nye mɔkpɔkpɔ la.