Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔ̃ Mawu Si Lɔ̃ Wò

Lɔ̃ Mawu Si Lɔ̃ Wò

Lɔ̃ Mawu Si Lɔ̃ Wò

“Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.”—MATEO 22:37.

1, 2. Nukae anya fɔ nyabiabia si ku ɖe se si nye vevitɔ kekeake ŋu la ɖe te?

LE SE siwo wu 600, siwo ƒo ƒu nye Mose ƒe Sea dome la, kae nye vevitɔ kekeake? Edze ƒã be enye biabia si ŋu woʋli nya le vevie le Farisitɔwo dome le Yesu ƒe ɣeyiɣia me. Se aɖe si ku ɖe vɔsasa ŋu yea? Le nyateƒe me la, wotoa vɔsasa dzi xɔa Mawu ƒe tsɔtsɔke le nuvɔ̃wo ŋuti, eye wotoa edzi daa akpe nɛ hã. Alo ɖe wòanye be se vevitɔ kekeake lae nye se si ku ɖe aʋatsotso ŋua? Se ma hã le vevie, le esi aʋatsotso nye nubabla si Yehowa wɔ kple Abraham ƒe dzesi ta.—Mose I, 17:9-13.

2 Le go bubu me la, edze abe kɔnyinyimeléɖeasilawo susunɛ be, esi wònye be se ɖesiaɖe si Mawu de la le vevie ta la, masɔ be woabu se aɖe be ele vevie wu susɔeawo o ene—togbɔ be wo dometɔ aɖewo adze abe ɖe womele vevie de bubuawo nu o ene hã. Eyata Farisitɔwo ɖoe be yewoatsɔ biabia sia si ŋu wonɔa nya ʋlim le aɖo Yesu ŋkume. Wobui be ɖewohĩ agblɔ nya aɖe si ana be amewo magaka ɖe edzi o. Wo dometɔ ɖeka te ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Se [kae] nye vevitɔ le sea me mahã?”—Mateo 22:34-36.

3. Nukae Yesu gblɔ be eyae nye se vevitɔ kekeake?

3 Ŋuɖoɖo si Yesu na le vevie na mí egbea ŋutɔ. Le eƒe ŋuɖoɖoa me la, egblɔ nusi nye nu vevitɔ tso ɣeaɖeɣi ke, si ayi edzi anye nu vevitɔ le tadedeagu vavãtɔ me la kpuie. Yesu yɔ nya tso Mose V, 6:5 hegblɔ be: “‘Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia nye se gbãtɔ si le vevie.” Togbɔ be se ɖeka ko ŋutie Farisitɔa bia nya le hã la, Yesu gblɔ bubu kpee nɛ. Yesu yɔ nya tso Mose III, 19:18 hegblɔ be: “Evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” Emegbe Yesu ɖee fia be, se eve siawo dzie nusiwo katã ku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu la nɔ te ɖo. Be Yesu natsi nya ɖe wo nu be woagabia tso esi be wòaɖo se vovovo siwo li la ɖe ɖoɖo nu—tso esi le vevie wu dzi va ɖo esi mele vevie ale o dzi—na wo o la, ewu eƒe nyawo nu be: “Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.” (Mateo 22:37-40) Le nyati sia me la, míadzro se eve siawo dometɔ si nye vevitɔ kekeake la me. Nyabiabia siwo fɔ ɖe tee nye be, Nukatae wòle be míalɔ̃ Mawu? Aleke míeɖea lɔlɔ̃ na Mawu fianae? Eye aleke míawɔ atu lɔlɔ̃ ma ɖo? Ele vevie be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo, elabena hafi míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be míalɔ̃ eyama tso míaƒe dzi, luʋɔ, kple tamesusu blibo me.

Lɔlɔ̃ ƒe Vevienyenye

4, 5. (a) Nukatae nya si Yesu gblɔ mewɔ nuku na Farisitɔ la o? (b) Nukae xɔ asi le Mawu ŋkume wu vɔsawo kple nunanawo?

4 Edze abe Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa mewɔ nuku alo wɔ mo yaa na Farisitɔ si bia nya lae o ene. Enyae be lɔlɔ̃ na Mawu nye tadedeagu vavãtɔ ƒe akpa vevi aɖe, togbɔ be ame geɖe meɖea nɔnɔme sia fiana o hã. Enye kɔnu na Yudatɔwo be woanɔ Shema-gbedodoɖa alo xɔsemeʋuʋu gbugbɔ gblɔm, eye nya siwo dze le Mose V, 6:4-9, afisi Yesu yɔ nya tsoe tsɔ ɖo biabiaa ŋui, hã nye gbedodoɖa sia ƒe akpa aɖe. Le nudzɔdzɔ sia ŋuti nuŋlɔɖi si le Marko ƒe agbalẽa me ƒe nya nu la, Farisitɔ la yi edzi gblɔ na Yesu bena: “Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe nu bena: Ðeka eli, eye bubu aɖeke meli o, negbe eya ko; eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple luʋɔ blibo kple ŋusẽ blibo, eye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ɖokui ene la, ewu numemewo kple vɔsasawo katã.”—Marko 12:32, 33.

5 Nyateƒee, togbɔ be Mose ƒe Sea bia be woasa numevɔwo kple vɔsa bubuwo hã la, Mawu subɔlawo ƒe lɔlɔ̃ si tso dzime le vevie na eyama wu. Atsutsurɔe ɖeka si woatsɔ asa vɔ na Mawu le lɔlɔ̃ kple mawusosroɖa me xɔ asi le eŋkume wu be woatsɔ agbo akpe geɖe asa vɔe kple nukpɔsusu gbegblẽ. (Mixa 6:6-8) Ðo ŋku ahosi dahe si ŋu Yesu lé ŋku ɖo le Yerusalem gbedoxɔa me la ƒe nudzɔdzɔa dzi. Eƒe gaku sue eve siwo wòtsɔ de nudzɔɖakaa me la mesu aƒle atsutsurɔe ɖeka pɛ gɔ̃ hã o. Gake Yesu kpɔ ŋudzedze ɖe ahosia ƒe nudzɔdzɔ ma, si lɔlɔ̃ ʋãe wòdzɔ tso dzime na Yehowa la ŋu wu ga home gã si kesinɔtɔawo ɖe le woƒe ga gbogboawo me va dzɔ la. (Marko 12:41-44) Aleke gbegbe wòdea dzi ƒoe nye esi be míanyae be nɔnɔme aɖe si mí katã míate ŋu aɖe afia, eɖanye nɔnɔme ka ke mee míele o la ŋue Yehowa dea asixɔxɔ wueyae nye lɔlɔ̃ na eyama!

6. Nukae Paulo ŋlɔ tso lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye ŋu?

6 Esi apostolo Paulo nɔ gbe tem ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye le tadedeagu vavãtɔ me dzi la, eŋlɔ bena: “Nenye ɖe metsɔ amewo kple mawudɔlawo ƒe gbegbɔgblɔ ƒoa nu, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne mele abe ayawagba, si ɖina alo abe gaƒoƒo, si ɖina la ene. Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o. Eye nenye ɖe megblẽ nye nuwo katã henyi ame dahewo, eye nenye ɖe metsɔ nye ŋutilã na, bene woafiãm, ke lɔlɔ̃ mele asinye o la, anye ne nyemenyo na naneke o.” (Korintotɔwo I, 13:1-3) Eme kɔ ƒã be lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi aɖe si wòle be míaɖe afia hafi míaƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu. Gake aleke míeɖea míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa fianae?

Alesi Míeɖea Míaƒe Lɔlɔ̃ na Yehowa Fiana

7, 8. Aleke míate ŋu aɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa afiae?

7 Ame geɖe xɔe se be lɔlɔ̃ nye seselelãme aɖe si dzi mía ŋutɔwo míekpɔ ŋusẽ boo aɖeke ɖo o; amewo ƒoa nu tso ahiãdzedze ƒe lɔlɔ̃ si nyɔ ɖe wo me ɖe ame aɖe ŋuti la ŋu. Gake lɔlɔ̃ akuakua menye seselelãme dzro aɖe si aho ɖe ame me o. Nuwɔna koŋue wotsɔ ɖenɛ fiana, ke menye alesi woase le ame ɖokui me dzro koe o. Biblia ƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu be enye “mɔ nyuitɔ,” eye be enye nane si yome ‘míetina.’ (Korintotɔwo I, 12:31; 14:1) Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be woalɔ̃ ame, menye be woatsɔ “nya kple aɖe [ko] alɔ̃ amee o, ke boŋ [woatsɔ] nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.”—Yohanes I, 3:18.

8 Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí be míawɔ nusi dzea eŋu, eye míaʋli eƒe dziɖulanyenye ta ahada megbe nɛ le nya kple nuwɔna siaa me. Eʋãa mí be míatsri xexeame kple eƒe mawumavɔmavɔ̃ nuwɔnawo lɔlɔ̃. (Yohanes I, 2:15, 16) Amesiwo lɔ̃a Mawu la léa fu vɔ̃. (Psalmo 97:10) Lɔlɔ̃ na Mawu bia be woalɔ̃ ame havi hã, eye esia mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me. Gakpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃ na Mawu bia toɖoɖo tso mía si. Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.”—Yohanes I, 5:3.

9. Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ si le esi na Mawu la fiae?

9 Yesu ɖe nusi tututu wòfia be woalɔ̃ Mawu la fia bliboe. Lɔlɔ̃ ʋãe wògblẽ dziƒo si nye enɔƒe la ɖi va nɔ anyigba dzi abe amegbetɔ ene. Lɔlɔ̃ ʋãe wòkɔ Fofoa ŋu to nusiwo wòwɔ kple nusiwo wòfia me. Lɔlɔ̃ ʋãe ‘wòɖo to yiɖase ɖe ku me ke.’ (Filipitɔwo 2:8) Eƒe toɖoɖo masi nye lɔlɔ̃ si wòɖe fia—wɔe be tenɔnɔ dzadzɛ va sua nuteƒewɔlawo si le Mawu ŋkume. Paulo ŋlɔ bena: “Alesi to ame ɖeka [Adam] ƒe tomaɖomaɖo me wowɔ ame geɖewo zu nuvɔ̃wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka [Kristo Yesu] ƒe toɖoɖo me hã woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.”—Romatɔwo 5:19.

10. Nukatae lɔlɔ̃ na Mawu bia be míanye toɖolawo?

10 Abe Yesu ene la, míeɖea míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu fiana to toɖoɖo eyama me. Yohanes, si nye apostolo si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o, ŋlɔ bena: “Esiae nye lɔlɔ̃ la bene, míazɔ ɖe eƒe seawo nu.” (Yohanes II, 6) Amesiwo lɔ̃a Yehowa le nyateƒe me la dina eƒe mɔfiafia yome vevie. Esi wode dzesii be yewomate ŋu afia mɔ yewo ɖokui dzidzedzetɔe o ta la, woɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe nunya ŋu, eye wobɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe mɔfiame si me lɔlɔ̃ le la te. (Yeremya 10:23) Wole abe blema Beroiatɔ siwo wɔ nu le nunya me, amesiwo xɔ Mawu ƒe nya la ‘tso dzime faa’ hedi vevie be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ene. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Wodzroa Ŋɔŋlɔawo me tsitotsito be yewoase nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la me nyuie, eye esia kpe ɖe wo ŋu woɖo to Mawu geɖe wu tsɔ ɖe woƒe lɔlɔ̃ na eyama fia.

11. Nukae wòfia be míalɔ̃ Mawu kple míaƒe dzi, tamesusu, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo?

11 Abe alesi Yesu gblɔe ene la, lɔlɔ̃ na Mawu lɔ míaƒe dzi, tamesusu, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo ɖe eme. (Marko 12:30) Lɔlɔ̃ sia tɔgbe tsoa dzime, elɔa míaƒe seselelãmewo, didiwo, kple dzimesusuwo ɖe eme, eye enana míedina be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi. Míewɔa míaƒe tamesusuwo hã ŋudɔ le lɔlɔ̃ɖeɖefia me. Míesubɔa Mawu dzro ko numanyamanyatɔe o; elabena míeva nya Yehowaeƒe nɔnɔmewo, eƒe dzidzenuwo kple eƒe tameɖoɖowo. Míezãa míaƒe luʋɔ, si nye míaƒe ameti bliboa kple agbe si míele, tsɔ subɔa Mawu hekafua eyama. Eye míezãa míaƒe ŋusẽ hã le mɔ ma ke nu.

Nusita Wòle Be Míalɔ̃ Yehowa

12. Nukatae Mawu di tso mía si be míalɔ̃ ye?

12 Susu siwo ta wòle be míalɔ̃ Yehowa dometɔ ɖekae nye be, edi tso mía si be míaɖe yeƒe nɔnɔmewo afia. Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tso, eye eya kee ɖo lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ bena: “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu; wowɔ mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe dziɖulanyenye nɔ te ɖe lɔlɔ̃ dzi. Amesiwo subɔnɛ, le esi wolɔ̃ eyama, eye wokpɔa ŋudzedze ɖe eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea ŋu ta, lae wòdina be woanye ye teviwo. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ le vevie hena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã ƒe anyinɔnɔ ɖekae le ŋutifafa me.

13. (a) Nukatae wogblɔ na Israel-viwo be ‘Woalɔ̃ Yehowa, woƒe Mawu la’ ɖo? (b) Nukatae susu le eme be Yehowa nakpɔ mɔ be míalɔ̃ ye ɖo?

13 Susu bubu si tae míelɔ̃a Yehowae nye be, míekpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo wòwɔna na mí ŋu. Ðo ŋku edzi be Yesu gblɔ na Yudatɔwo be: “Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu.” Menye ɖee Yesu di be woalɔ̃ mawumeme manyamanya aɖe, si le adzɔge ʋĩ tso wo gbɔ o. Ke boŋ ele be woalɔ̃ Mawu si ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia wo la. Yehowae nye woƒe Mawu. Eyae nye Amesi kplɔ wo tso Egipte yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi, Amesi kpɔ wo ta, nyi wo, lé be na wo, heɖɔ wo ɖo le lɔlɔ̃ me. Eye egbea la, Yehowae nye míaƒe Mawu, amesi tsɔ Via na abe tafe ene bena míakpɔ agbe mavɔ. Eyata ɖe susu mele eme be Yehowa nakpɔ mɔ be míalɔ̃ ye ɖe eteƒe oa? Mawu ƒe lɔlɔ̃e ʋãa mí míelɔ̃a eyama; eyatae Mawu si lɔ̃a mí la di tso mía si be míalɔ̃ ye ɖo. Míelɔ̃a eyama, elabena “etre mí lɔlɔ̃.”Yohanes I, 4:19.

14. Mɔ ka nue Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na mí le abe dzila lɔ̃ame aɖe tɔ ene le?

14 Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea le abe dzila lɔ̃ame aɖe ƒe lɔlɔ̃ na viawo ene. Togbɔ be dzila siawo mede blibo o hã la, wokua kutri ƒe geɖe le beléle na wo viwo me, eye wotsɔa ŋutilãmenu geɖe kple nu bubuwo saa vɔe le esia wɔwɔ me. Dzilawo fiaa nu, dea dzi ƒo, naa kpekpeɖeŋu, eye woɖɔa wo viwo ɖo; elabena wodi be ɖeviawo nakpɔ dzidzɔ, eye nu nadze edzi na wo. Nukae dzilawo dina tso wo viwo gbɔ ɖe esia teƒe? Wodina be yewo viwo nalɔ̃ yewo, eye be yewo viwo naxɔ yewoƒe nufiamewo kple dzi blibo, be eme nanyo na wo. Eyata ɖe susu mele eme be mía Fofo deblibo, si le dziƒo, hã nakpɔ mɔ be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime afia ye ɖe nusiwo katã yewɔna na mí la ta oa?

Lɔlɔ̃ na Mawu Tutuɖo

15. Nukae nye afɔ gbãtɔ si woɖena le lɔlɔ̃ na Mawu tutuɖo me?

15 Míekpɔ Mawu kpɔ loo, alo se eƒe gbe kpɔ o. (Yohanes 1:18) Ke hã, ele mía kpem be míava nɔ ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le me kpli ye. (Yakobo 4:8) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Afɔ gbãtɔ si woɖena hena ame aɖe lɔlɔ̃e nye sidzedze eyama nyuie; elabena esesẽ be míalɔ̃ ame aɖe si míenya o. Yehowa na eƒe Nya, Biblia la, mí be míate ŋu asrɔ̃ nu tso ye ŋu. Esia tae Yehowa toa eƒe habɔbɔa dzi dea dzi ƒo na mí be míaxlẽ Biblia edziedzi. Bibliae fiaa nu mí tso Mawu ŋu. Efia nu mí hã tso eƒe nɔnɔmewo, eƒe amenyenye kpakple alesi wòwɔ nu kple amewo ƒe akpe geɖee nye esia la ŋu. Ne míedea ŋugble tso nuŋlɔɖi siawo, siwo le Biblia me ŋu la, míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ na eyama ade to ɖe edzi.Romatɔwo 15:4.

16. Aleke ŋugbledede le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu nana be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu dea to ɖe edzii?

16 Mɔ vevitɔ si dzi míato be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nade to ɖe edzie nye be, míade ŋugble le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ kple eƒe agbenɔnɔ ŋu. Le nyateƒe me la, Yesu srɔ̃ Fofoa pɛpɛpɛ ale gbegbe be ete ŋu gblɔ be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la [hã].” (Yohanes 14:9) Ðe veveseseɖeamenu si Yesu ɖe fia le agbegbɔgbɔ ahosi aɖe ƒe tenuvi me la mewɔ dɔ ɖe dziwò oa? (Luka 7:11-15) Ðe alesi Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɖokuibɔbɔtɔe, evɔ wònye eyae nye Mawu ƒe Vi la kple ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la, mewɔa dɔ ɖe dziwò oa? (Yohanes 13:3-5) Ðe alesi gbegbe wòbɔbɔ eɖokui, togbɔ be ede ŋgɔ henya nu wu ame ɖesiaɖe hã, si wɔe be amewo katã, siwo dome ɖeviwo hã le, te ŋu tena ɖe eŋu la mewɔa dɔ de dziwò oa? (Marko 10:13, 14) Ne míedea ŋugble le nusiawo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe la, míava nɔ abe Kristotɔ siwo ŋu Petro ŋlɔ le be, “Togbɔ be [miekpɔ Yesu] kpɔ o hã la, mielɔ̃nɛ” la ene. (Petro I, 1:8, NW) Ne míaƒe lɔlɔ̃ na Yesu le to dem ɖe edzi la, nenema kee míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa hã dea to ɖe edzii.

17, 18. Nu gbogbo siwo Yehowa nana mí lɔlɔ̃tɔe kawo ŋue ne míede ŋugble le la, ana míaƒe lɔlɔ̃ na eyama nade to ɖe edzi?

17 Mɔ bubu si dzi míato be míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu nade to ɖe edzie nye ŋugbledede le nu gbogbo siwo wònana mí lɔlɔ̃tɔe be míakpɔ dzidzɔ le agbe me la ŋunusiawo dometɔ aɖewoe nye nuwɔwɔwo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo, nuɖuɖu vivi vovovo siwo xexlẽme meli na o, xɔlɔ̃ nyuiwo dome nɔnɔ le dzidzɔ me, kple nu nyui bubu siwo mele xexlẽme o, siwo nana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme. (Dɔwɔwɔwo 14:17) Zi alesi míesrɔ̃a nu tso Mawu ŋui la, zi nenemae susu siwo ta míada akpe nɛ ɖe eƒe dɔmenyonyo kple nyuiwɔwɔ geɖeawo ta la me akɔ na mí ƒãa. De ŋugble tso nusiwo katã Yehowa wɔ na wò ŋutɔ la ŋu kpɔ. Ðe mèkpɔe be edze be yealɔ̃e oa?

18 Mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míado gbe ɖa na Mawu ɣeawokatãɣi kple kakaɖedzi be “Gbedodoɖasela la” ɖoa to mí la, nye eƒe nunana gbogboawo dometɔ ɖeka. (Psalmo 65:2, NW) Yehowa tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dziɖuŋusẽ siaa na Via lɔlɔ̃a. Gake metsɔ toɖoɖo gbedodoɖawo na ame bubuwo o; metsɔe na Via kura gɔ̃ hã o. Eya ŋutɔe ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo. Alesi Yehowa ŋutɔ tsɔa ɖe le eme na mí etɔxɛe alea la tea mí ɖe eyama ŋu.

19. Yehowa ƒe ŋugbedodo kawoe tea mí ɖe eyama ŋu?

19 Ŋugbledede tso tame siwo Yehowa ɖo ɖe ameƒomea ŋu hã nana míetena ɖe eyama ŋu. Edo ŋugbe be yeaɖe dɔléle, konyifafa, kple ku ɖa. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ne ameƒomea nya de blibo ko la, blanuiléle, dziɖeleameƒo, kple afɔkuwo magagblẽ nu le ame aɖeke ŋu o. Dɔwuame, ahedada, kple aʋawɔwɔ maganɔ anyi o. (Psalmo 46:10 ; 72:16) Woatrɔ anyigba wòazu paradiso. (Luka 23:43) Yehowa ana yayra siawo nava eme, menye ɖe wònye dzizizi nɛ o, ke boŋ le esi wòlɔ̃ mí tae.

20. Viɖe kae Mose gblɔ be edona tsoa lɔlɔ̃ na Yehowa me?

20 Eyata susu nyuiwo li siwo ta wòle be míalɔ̃ mía Mawu la ahana lɔlɔ̃ ma nade to ɖe edzi ɖo. Ðe nàyi edzi ana wò lɔlɔ̃ na Mawu me nasẽ ɖe edzi ahaɖe mɔ be wòafia mɔ wò le agbe mea? Ekpo ɖe gbɔwò be nàwɔ tiatia ma. Mose kpɔ viɖe siwo le lɔlɔ̃ na Yehowa tutuɖo kple emeléle ɖe asi me dze sii. Mose gblɔ na Israel-vi siwo nɔ anyi le blema be: “Mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe.”Mose V, 30:19, 20.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukata wòhiã vevie be míalɔ̃ Yehowa?

• Aleke míate ŋu aɖe míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu afiae?

• Susu kawo tae míelɔ̃a Yehowa ɖo?

• Aleke míate ŋu atu lɔlɔ̃ na Mawu ɖoe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Yehowa dea asixɔxɔ nɔnɔme aɖe si mí katã míate ŋu aɖe afia la ŋu vevie—eyae nye lɔlɔ̃ na eyama

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

‘Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.’ —Yohanes 14:9