Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nusi Nye Dzi Di La’ Va Eme Nam

‘Nusi Nye Dzi Di La’ Va Eme Nam

Agbemeŋutinya

‘Nusi Nye Dzi Di La’ Va Eme Nam

ABE ALESI DOMINIQUE MORGOU GBLƆE ENE

Meva ɖo Afrika mlɔeba le December 1998 me! Nye ɖevime didi aɖe va eme nam azɔ. Afrika tagbawo kple eƒe gbemelã dodzidzɔnameawo kpɔkpɔ le susume ɖaa nana dzi dzɔam ɣesiaɣi. Fifia meɖo afima ŋutɔŋutɔ! Le ɣeyiɣi ma ke me la, didi bubu hã gava eme nam. Mezu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla si nɔ subɔsubɔm le dzronyigba dzi. Esia adze nu sesẽ aɖee na ame geɖe. Nye ŋkuwo nɔ tsitsim, eye avu aɖe si wona hehe be wòafia mɔ ŋkunɔwo le Europa mɔdodowo dzi lae kpe ɖe ŋunye le Afrika kɔƒeduwo ƒe mɔ siwo womedo o la dzi zɔzɔ me. Mina magblɔ alesi mewɔ va nɔ subɔsubɔm le Afrika kple alesi Yehowa na ‘nusi nye dzi di lam’ na mi.​—Psalmo 37:4.

W ODZIM le June 9, 1966, dzi le France ƒe anyiehe. Nyee nye dɔmlɔea na vi adre—ŋutsuvi eve kple nyɔnuvi atɔ̃—siwo dzi dzila lɔ̃amewo kpɔ la. Ke hã, nɔnɔme wɔnublanui aɖe nɔ ŋunye tso ɖevime. Abe alesi wònɔ na mamanye, danye, kple nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka ene la, ƒomedɔ aɖe si naa ame va tsia ŋku mlɔeba la nɔ ŋunye.

Esi menye ƒewuivi la, amewo mebuam ɖe ɖeke me o, wobua nazã ɖe ŋunye, eye wowɔa nu ɖe ŋunye madzemadzee, si wɔe be meva dze aglã ɖe amewo ŋu. Ɣeyiɣi sesẽ siawo mee míeʋu yi Hérault-nutoa me. Esi míenɔ afima la, nu wɔnuku aɖe dzɔ.

Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, Yehowa Ðasefo eve va míaƒe aƒeme. Danye dze si wo eye wòna zikpui wo. Nyɔnuawo dometɔ ɖeka bia Dada be eɖo ŋku edzi be edo ŋugbe ɣeaɖeɣi be yeava lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye gbaɖegbe hã? Dada ɖo ŋku edzi eye wòbia be, “Ɣekaɣie míadze egɔme?” Wolɔ̃ ɖe edzi be yewoanɔ go dom Kwasiɖagbe ŋdi ɖesiaɖe, eye to mɔ sia nu la, danye te “nyanyui la ƒe nyateƒe la” sɔsrɔ̃.—Galatiatɔwo 2:14.

Nugɔmesese Tutuɖo

Dada mewɔ alɔgblɔdɔ kura le nusi srɔ̃m wònɔ la gɔmesese kple ŋkuɖoɖo wo dzi ŋu o. Esi wònye ŋkunɔ ta la, ehiã be wòalé nusianu ɖe susu me. Ðasefoawo xɔ dzigbɔɖi nɛ. Nye ya la, ne Ðasefoawo nya va ko la, mebena ɖe xɔme vaseɖe esime wodzo hafi medoa go. Gake ŋdɔ aɖe la, Ðasefoawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Eugénie do gom heɖo dze kplim. Egblɔ nam be Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe alakpanuwɔwɔwo, fulélewo, kple nazãbubuwo katã ɖa le xexeame. Egblɔ be: “Mawu koe ate ŋu awɔ esia.” Ðe nyemadi be manya nu geɖe tso esia ŋua? Le ŋufɔke la, wote Biblia sɔsrɔ̃ kplim.

Nusiwo katã mesrɔ̃ la nye nu yeyewo nam. Meva se egɔme azɔ be susu nyuiwo tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu le anyigba dzi ɖo. (Mose I, 3:15; Yohanes 3:16; Romatɔwo 9:17) Meyi edzi srɔ̃e hã be Yehowa megblẽ mí ɖi mɔkpɔkpɔ aɖeke manamanae o. Edo agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi paradiso me ƒe ŋugbe wɔnuku aɖe na mí. (Psalmo 37:29; 96:11, 12; Yesaya 35:1, 2; 45:18) Le Paradiso ma me la, ŋku si wona mí, si tɔnye ya nɔ tsitsim vivivi la, agasu asinye ake.—Yesaya 35:5.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ

Le December 12, 1985, dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ wònye nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesi heva kpe ɖe nɔvinyenyɔnu Marie-Claire, amesi ya xɔ nyɔnyrɔ xoxo la, ŋu. Eteƒe medidi o, nɔvinyeŋutsu Jean-Pierre hã xɔ nyɔnyrɔ, eye danye lɔlɔ̃a hã xɔe.

Gbesiagbe mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla, geɖe nɔ hame si me menɔ la me. Woƒe dzidzɔ kple dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu de dzi ƒo nam. Marie-Claire, amesi hã ŋku nɔ fu ɖem na eye wode eƒe afɔ hã gakpowo me bene wòadzɔ, gɔ̃ hã ƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Eyi edzi dea dzi ƒo nam le gbɔgbɔ me va ɖo egbe. Mɔɖelawo dome nɔnɔ le hamea me kpakple le ƒomea me kpe ɖe ŋunye nye ŋutɔ metu didi vevie be makpɔ gome le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ɖo. Eyata le November 1990 me la, medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le Béziers.—Psalmo 94:17-19.

Tenɔnɔ Ðe Dziɖeleameƒo Nu

Le subɔsubɔdɔa me la, mɔɖela bubuwo ƒe belélename kpe ɖe ŋunye. Togbɔ be enɔ alea hã la, nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo wɔnɛ be dzi ɖena le ƒonye ɣeaɖewoɣi eye wòdzroam vevie be mawɔ geɖe wu hafi. Ke hã, Yehowa lém ɖe te le dziɖeleameƒo ƒe ɣeyiɣi mawo me. Mezã Watch Tower Publications Index tsɔ wɔ numekukuwo hedi mɔɖela siwo ŋku ɖe fu na, abe nye ene la, ŋutinyawo xlẽ. Ame agbɔsɔsɔme siwo ƒe ŋutinya ŋu meke ɖo la wɔ nuku nam ŋutɔ! Nuŋlɔɖi nyui siawo siwo dea dzi ƒo na ame la fiam be nusi mete ŋu le wɔwɔm la nadze ŋunye eye be maxɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo nenema ko.

Be mate ŋu akpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ la, mía kple Ðasefo bubuwo míetutua fiasegãwo me. Gbeɖeka la, mekpɔe be nye hadɔwɔlawo gbugbɔ yi ɖale afisi metutu xoxo la tutum ake. Edze ƒã be nyemetutu teƒe aɖewo nyuie o alo be nyemetutu wo kura o. Mete ɖe Valérie, amesi nye mɔɖela si nye míaƒe dɔwɔha la ŋgɔnɔla ŋu, hebiae be wòato nyateƒe nam ahana manya nenye be mele dɔa dzim ɖe edzi na ame susɔeawo. Egblẽ nya la ɖe asinye me tufafatɔe be ɣeyiɣi ɖesiaɖe si mekpɔe be nyemagate ŋu ayi dɔ sia wɔwɔ dzi o la, mate ŋu adzudzɔ faa. Le March 1994 me la, meɖe asi le dɔ sia ŋu.

Megate sese le ɖokuinye me vevie be viɖe aɖeke mele ŋunye o. Medo gbe ɖa na Yehowa vevie, eye menyae be ese nye kukuɖeɖewo. Biblia kpakple Habɔbɔa ƒe agbalẽwo xexlẽ gakpe ɖe ŋunye ake. Ke hã, togbɔ be nye ŋkuwo nɔ tsitsim hã la, didi si nɔ menye be masubɔ Yehowa ya nu nɔ sesẽm ɖe edzi. Nukae mawɔ?

Gbã la, Meŋlɔ Ŋkɔ, Emegbe Mewɔ Nyametsotso Kpata Aɖe

Meyi ɖadi mɔ le Ŋkunɔwo kple Amesiwo Ŋku Ðea Fu Na ƒe suku le Nîmes eye mlɔeba la, woxɔm mede sukua ɣleti etɔ̃. Menye ɣeyiɣi gbegblẽe wònye o. Meva de dzesi alesi gbegbe nye kuxia le eye mesrɔ̃ alesi matrɔ ɖe eŋui. Nuwɔametɔ vovovowo dome nɔnɔ kpe ɖe ŋunye mekpɔ alesi gbegbe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ si le asinye xɔ asii la dze sii. Ne mede ɖeke o la, taɖodzinu aɖe ya teti nɔ asinye eye mate ŋu awɔ nu ɖe vi aɖe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mesrɔ̃ ŋkunɔwo ƒe agbalẽ xexlẽ le Fransegbe me.

Esi megbɔ va aƒe la, ƒonyemeawo kpɔ alesi hehe si meyi ɖaxɔ la kpe ɖe ŋunye la dze sii. Gake nusi ko medzɔ dzi nam o lae nye ŋkunɔwo ƒe atizɔti si wòle be mazã la. “Ati” ma zazã te ɖe dzinye ale gbegbe. Anyo be madi kpekpeɖeŋunu bubu—si anye avu si fiaa mɔ ame la.

Mebia be woana mɔfiavu aɖem gake wogblɔ nam be ame gbogbo aɖewo bia do ŋgɔ nam. Azɔ hã, habɔbɔ si naa avua la ado amewo akpɔ gbã hafi atsɔe na wo. Wometsɔa mɔfiavu na amesiame ko o. Gbeɖeka la, nyɔnu aɖe si naa kpekpeɖeŋu le ŋkunɔwo ƒe habɔbɔ aɖe ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔkpɔ me la gblɔ nam be tennis ƒolawo ƒe habɔbɔ si le nutoa me di be yeana mɔfiavu aɖe ŋkunɔ alo amesi mekpɔa nu tututu o le míaƒe nutoa me. Egblɔ be esi yese nya la, yeɖo ŋku dzinye. Maxɔe hã? Mekpɔe be Yehowa ƒe asi le nyaa me eye mexɔ dɔmenyonunana sia. Ke hã, ahiã be makpɔ woƒe asinu vie.

Afrika Gakpɔtɔ Nɔ Dzroyem

Esi menɔ lalam la, metrɔ susu ɖe nu bubu ŋu. Abe alesi megblɔe do ŋgɔ ene la, Afrika dzroam vevie tso nye ɖevime ke. Togbɔ be nye ŋkuwo nɔ tsitsim ɖe edzi hã la, didi ma ya nu nɔ sesẽm ɖe edzi, vevietɔ esi mese be ame gbogbo aɖewo tsɔa ɖe le Biblia kple Yehowa subɔsubɔ me le Afrika. Megblɔ na Valérie ɣeaɖeɣi kpɔ va yi be madi be mayi Afrika aɖakpɔ afima ɖa. Ðe wòalɔ̃ ayi kplima? Elɔ̃, eye míeŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Yehowa Ðasefo, Fransegbedolawo, ƒe alɔdzedɔwɔƒe geɖe le Afrika.

Míexɔ ŋuɖoɖo tso Togo. Dzi dzɔm ŋutɔ eye megblɔ na Valérie be wòaxlẽe nam. Lɛta la de dzi ƒo ŋutɔ, eyata Valérie gblɔ be: “Míyie.” Le kadodo kple nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒea vɔ megbe la, wodi Sandra, amesi nye mɔɖela le Lomé, si nye fiadua, me nam. Míeɖoe be míadze mɔ le December 1, 1998, dzi.

Afikae nye si to vovo ale, ke hã, dzidzɔ kae nye si wònye! Esi yameʋua nya dze ɖe Lomé eye míeɖi ko la, Afrika ƒe dzoxɔxɔa gbɔ ɖe mí. Sandra va kpe mí. Míekpɔ mía nɔewo kpɔ o, gake enumake ɖeko wòwɔ abe xɔlɔ̃ xoxowoe míenye ene. Esi wòsusɔ vie míava ɖo la, Sandra kple eƒe zɔhɛ, Christine, zu mɔɖela veviwo le kɔƒedu sue aɖe si woyɔna be Tabligbo me. Fifia mɔnukpɔkpɔ su mía si be míawɔ ɖeka kpli wo le woƒe dɔdasi yeyea me. Míenɔ anyi abe ɣleti eve ene, eye esi medzo la, menyae be magatrɔ agbɔ ake.

Edzɔ Dzi Nam be Metrɔ Gbɔ

Esi meɖo France la, mete dzadzraɖo ɖe nye mɔzɔzɔ evelia ayi Togo ŋu. To nye ƒomea ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, mete ŋu wɔ ɖoɖo be mava nɔ Togo ɣleti ade. Le September 1999 me la, megaɖo yameʋu ake dze Togo mɔ. Gake fifia ya, nye ɖeka koe. Tsɔ susu kpɔ alesi ƒonyemeawo ase le wo ɖokui me, esime woyi ɖaɖo nye ɖeka ko ɖa, togbɔ be menɔ ŋku tsim hã, la ɖa! Gake mehiã be woatsi dzi o. Meka ɖe edzi na dzinyelawo be xɔ̃nyewo, siwo va zu abe ƒometɔwo ene nam la, anɔ dzɔyem le Lomé.

Dzidzɔ kae nye si wònye be megatrɔ gbɔ va nuto si me ame gbogbo aɖewo tsɔa ɖe le Biblia me la me! Enye nusi bɔ be woakpɔ amewo woanɔ Biblia xlẽm le ablɔ dzi. Le Tabligbo la, amewo yɔa mí be míava dzro Biblia me kpli yewo. Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be mía kple nɔvinyɔnu mɔɖela vevi eve míanɔ aƒe ɖeka me! Meva nya dekɔnu bubu kple alesi ameawo bua nuwo ŋui. Gbãgbiagbã la, mede dzesii be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo le Afrika la tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. Le kpɔɖeŋu me, azɔlizɔzɔ kilometa gbogbowo ayi Fiaɖuƒe Akpata me mexea mɔ na wo be woagade kpekpeawo o. Mesrɔ̃ nu geɖe hã tso woƒe vividoɖeameŋu kple amedzrowɔwɔ me.

Esi míetrɔ tso gbeadzi gbɔna va aƒeme gbeɖeka la, megblɔ na Sandra be mele vɔvɔ̃m na France yiyi ake. Nye ŋkuwo gatsi ɖe edzi. Medea ŋugble le Béziers ƒe ablɔ, siwo dzi toɣli le eye amewo sɔ gbɔ ɖe edzi ŋutɔ, kple dziƒoxɔ siwo dzi amewo le la ƒe atrakpuiwo, kple nu bubu geɖe siwo naa agbenɔnɔ sesẽna na ŋkudɔlélawo ŋu. To vovo na esia la, togbɔ be womedo mɔ siwo le Tabligbo o hã la, edzi fa miaa—amewo alo ʋuwo mesɔ gbɔ ɖe wo dzi o. Fifia si Tabligbo nɔnɔ va mam ɖe, aleke meyina agbea nɔ gee le France?

Le ŋkeke eve megbe la, danye ƒo ka gblɔ nam be amesiwo naa hehe mɔfiavuawo be tɔnye la sɔ gbe. Avu gã aɖe si wona ŋkɔe be Océane nɔ dzɔyem bene yeazu nye “ŋku.” Wogakpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ nam ake eye meɖe dzi ɖi. Esi metsɔ dzidzɔ subɔ le Tabligbo ɣleti ade vɔ la, megadze mɔ trɔ yi France ɖakpɔ Océane.

Le ɣleti geɖe ƒe hehexɔxɔ vɔ megbe la, woɖe asi le Océane ŋu nam. Le gɔmedzedzea me la, menɔ bɔbɔe kura o. Ehiã be míadze si mía nɔewo ƒe nɔnɔme. Gake vivivi la, meva kpɔ alesi gbegbe mehiã Océane la dze sii. Le nyateƒe me la, Océane zu nye akpa aɖe fifia. Aleke Bézierstɔwo wɔa nui ne wokpɔm mekplɔ avu ɖe ŋuti gbɔna woƒe aƒeme? Wodea bubu ŋunye henyoa dɔme nam ŋutɔ. Océane va zu “nukpɔkpɔ” le nutoa me. Esi wònye ame geɖe mevona le wo ɖokui me ne wɔametɔ aɖe le wo gbɔ o ta la, avua ƒe ŋunyenɔnɔ wɔe be mete ŋu ƒoa nu tso nye lãmegbegblẽa ŋu faa. Amewo ɖea dzi ɖi heɖoa tom. Le nyateƒe me la, Océane va zu nu nyuitɔ si dzi metona doa dze ɖa ɖona kple amewo.

Afrika Vava Kple Océane

Nyemeŋlɔ Afrika be o, eye megadze dzadzraɖo ɖe nye mɔzɔzɔ etɔ̃lia ŋu. Fifia ya, mekplɔ Océane ɖe asi. Srɔ̃tɔ yeye aɖewo, Anthony kple Aurore, kple xɔ̃nye Caroline—siwo hã nye mɔɖelawo abe nye ene—hã kplɔm ɖo va. Míeva ɖo Lomé le September 10, 2000, dzi.

Gbã la, ame geɖe vɔ̃na na Océane. Lométɔ ʋɛ aɖewo koe kpɔ avu gã sia tɔgbe kpɔ, le esi avu siwo le Togo la dometɔ akpa gãtɔ melolo o ta. Esi wokpɔ nusi metsyɔ nu nɛ la, ame aɖewo bui be lã wɔadã aɖe si dze be wòanɔ ka mee wònye. Océane ya va zu tanyeʋlila si nɔa klalo be yeakpɔ tanye ne enya kpɔ nusi ɖi ŋɔdzinu nɛ ko. Ke hã, eteƒe medidi o, Océane ɖe dzi ɖi le nuto yeyea me. Ne menya tsyɔ nu nu nɛ ko la, edze dɔ gɔme—ewɔa gbe dzi, wɔa dɔ moveviɖoɖotɔe eye wònɔa ŋunye. Ne meɖe nutsyɔnua le nu nɛ la, efea fefe eye wòkua to ɖe nya me vie ɣeaɖewoɣi. Mía kplii míeɖea modzaka zi geɖe.

Wona mí katã míeyi ɖanɔ Sandra kple Christine gbɔ le Tabligbo. Be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le afima naganɔ Océane vɔ̃m o la, míekpena wo be woava srã mí akpɔ eye míeɖea mɔfiavu la ƒe dɔwɔna me, nusitae wòhiã be wòanɔ asinye, kple alesi woawɔ nui ne wole egbɔ la me na wo. Hamemegãwo ɖe mɔ nam be makplɔ Océane ɖe asi ava Fiaɖuƒe Akpata mee. Esi wònye be ɖoɖo sia mebɔ ɖe Togo o ta la, woɖe susu si tae wòva hiã alea ɖo me na hamea. Le gbeadzi ya la, ne meyina tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔge—le afisiwo wonya susu si tae wòle ŋunye ɖo la—koe mekplɔa Océane ɖe asi.

Gbeƒãɖeɖe le anyigbamama sia me gakpɔtɔ dzɔa dzi nam. Ame fatu siawo ƒe ameŋububu, si woɖena fiana to dɔmenyonuwɔnawo, abe alesi wotsona enumake naa zikpuim ene, me la wɔa dɔ ɖe dzinye ɣesiaɣi. Le October 2001 me la, danye kplɔm ɖo va Togo le nye mɔzɔzɔ enelia me. Le kwasiɖa etɔ̃ megbe la, etsɔ kakaɖedzi kple dzidzɔ trɔ yi France.

Meda akpe na Yehowa ŋutɔ be mete ŋu subɔ le Togo. Meka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi anɔ ‘nusi nye dzi di la’ namem esi meyi edzi le nunɔamesiwo katã zãm le eƒe subɔsubɔdɔa me. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 37 Nɔvinyɔnu Morgou trɔ yi France eye wògate ŋu trɔ va Togo ake zi atɔ̃lia tso October 6, 2003, vaseɖe February 6, 2004 dzi. Nublanuitɔe la, le lãmegbegblẽ ta la, ɖewohĩ emae anye zi mamlɛtɔ si wòva Togo le nuɖoanyi sia me. Ke hã, eƒe didi vevitɔe gakpɔtɔ nye be yeasubɔ Yehowa.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Afrika tagbawo kple eƒe gbemelã dodzidzɔnameawo kpɔkpɔ le susume ɖaa nana dzi dzɔam ɣesiaɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Mekplɔa Océane ɖe asi yi ɖawɔa tɔtrɔyiwo

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Hamemegãwo lɔ̃ be makplɔ Océane ɖe asi ava kpekpeawoe