Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nudzɔdzɔ Siwo Doa Dzidzɔ na Mawu ƒe Dzi

Nudzɔdzɔ Siwo Doa Dzidzɔ na Mawu ƒe Dzi

Nudzɔdzɔ Siwo Doa Dzidzɔ na Mawu ƒe Dzi

ŊUTINYA la medo dzidzɔ na ame kura o. Fianyɔnu Atalya to ayemenuwɔwɔ kple amewuwu dzi xɔ Yuda-fiazikpuia akpa sesẽe. Esi wòbui vodadatɔe be wowu fiaƒomea me tɔ siwo katã dze aɖu fia ta la, eɖo eɖokui fiae. Nyɔnu bubu aɖe, si nye fiavinyɔnu Yoseba, si lɔ̃ Yehowa kple eƒe sewo vevie la, tsɔ fiavi, Yoas si nye vidzĩ la, ɣla dzinɔameƒotɔe. Yoseba kple srɔ̃aŋutsu, Nunɔlagã Yehoyada, ɣla fiavi la ɖe wo ɖokui gbɔ le gbedoxɔa ƒe xɔdɔmewo me hena ƒe ade sɔŋ.—Fiawo II, 11:1-3.

Kaka Yoas naxɔ ƒe adre la, Nunɔlagã Yehoyada su te hena eƒe tameɖoɖo si nye be yeaɖe fianyɔnu si medze na fiaɖuɖu o la ɖa le fiazikpui, si wòxɔ to mɔ fitifiti nu, la dzi. Ekplɔ ŋutsuvi la do goe heɖee ɖe go eye wòɖoe wòzu fiaɖuƒea ƒe fia si dze. Emegbe fia ŋu srafowo he Fianyɔnu Atalya vɔ̃ɖi la do goe le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo heyi ɖawui, eye esia na dukɔ blibo la katã kpɔ gbɔdzɔe eye dzi dzɔ wo. Yehoyada kple Yoseba to woƒe afɔɖeɖeawo dzi na kpekpeɖeŋu gã aɖe le tadedeagu vavãtɔ gbugbɔgaɖoanyi me le Yuda-nyigba dzi. Gake vevietɔ wu la, wowɔ akpa vevi aɖe le Dawid ƒe fiaƒome, si me Mesia la ava do tso, la léle ɖe te me.—Fiawo II, 11:412:1.

Ele na fia yeye si woɖo la ŋutɔ hã be wòaɖe afɔ vevi aɖe si ado dzidzɔ na Mawu ƒe dzi. Ehiã vevie be woawɔ ɖɔɖɔɖodɔ geɖe le Yehowa ƒe aƒea ŋu. Menye ɖeko Atalya ƒe didi vevie be yeazu fia ɖe Yuda dzi la na gbedoxɔa tsi anyi bemalémalé nɛ ko o, ke boŋ woda adzo gbedoxɔa me nuwo hã. Eyata Yoas ɖoe kplikpaa be yeagbugbɔ adzra gbedoxɔa ɖo. Heheɖemegbe manɔmee la, ede se be woadzɔ ga be woatsɔ adzra Yehowa ƒe aƒea ɖoe. Egblɔ bena: “Klosalo, siwo katã ŋu wokɔ, eye wotsɔ va Yehowa ƒe mee, amesiwo wotia xlẽ ƒe klosalowo, amesiwo wodo asi na ƒe klosalowo kple klosalo, siwo katã ame aɖe na le eɖokui si hetsɔ va Yehowa ƒe mee la, nunɔlawo naxɔe, amesiame naxɔe le ehavi si, ne woatsɔe aɖɔ xɔ la ƒe gbagbãƒewo ɖo afisiafi, si wonya kpɔ wògbã ko.”—Fiawo II, 12:5, 6.

Ameawo dzɔ nu tso dzi me faa. Gake nunɔlaawo metsɔ dzi blibo wɔ woƒe dɔdasi si nye be woaɖɔ gbedoxɔa ɖo la o. Le esia ta, fia la ɖoe be ye ŋutɔ yeakpɔ kuxia gbɔ, eye wòde se be woada nudzɔdzɔwo katã ɖe nudzɔɖaka tɔxɛ aɖe me tẽ. Etsɔ Yehoyada ɖo nudzɔɖakaa dzikpɔlae, eye nuŋlɔɖia gblɔ bena: “Tete nunɔla Yehoyada tsɔ aɖaka aɖe, eye wòŋɔ do ɖe nutuvia ŋu, eye wòtsɔe ɖe vɔsamlekpui la xa le ɖusi me gome. Ne ame aɖe va Yehowa ƒe me la, ekema nunɔla, siwo le kpuinu dzɔm la, tsɔ ga, siwo katã wotsɔ va Yehowa ƒemee la, kɔna ɖe eme. Ne wokpɔ be, ga, si le aɖaka la me, sɔ gbɔ la, ekema fia la ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã vana, eye woblaa ga, si le Yehowa ƒe me la, hexlẽna. Emegbe wotsɔ ga, si woxlẽ la, na Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ nunɔlawo, eye wotsɔe na atikpalawo kple xɔtulawo, amesiwo le dɔ wɔm le Yehowa ƒe aƒe la nu kple gliɖolawo kple kpefulawo, eye wotsɔe ƒle atiwo kple kpewo, ne woatsɔ aɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ƒe gbagbãƒewo ɖo, kple nusiwo katã wohiã le xɔ la ɖɔɖɔɖo me.”—Fiawo II, 12:10-13.

Ameawo wɔ nu tso dzi blibo me. Wogbugbɔ ɖo Yehowa ƒe tadeaguƒe te ale be woate ŋu ayi edzi ade ta agu nɛ bubutɔe azɔ. Eyata wozã nudzɔdzɔawo katã ɖe mɔ si sɔ nu. Fia Yoas kpɔ egbɔ be wowɔe nenema!

Egbea, Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna kpɔa egbɔ be wozã ga siwo katã wodzɔna la nyuie tsɔ do Yehowa ƒe tadedeagu ɖe ŋgɔ, eye Kristotɔ vavãwo wɔa nu pɛpɛpɛ abe alesi blema Israel-viwo wɔ nui ene—tso dzi blibo me. Ðewohĩ ènye amesiwo dzɔ nu hena Fiaɖuƒea ƒe nuwo dodoɖeŋgɔ le ƒe si va yi me la dometɔ ɖeka. Mina míakpɔ mɔ siwo nu wozã wò nudzɔdzɔwo ɖo la dometɔ aɖewo ɖa.

AGBALẼTATA

Wota agbalẽ siawo bena woasrɔ̃ eye woama wo le xexeame katã:

• Agbalẽwo: 47,490,247

• Agbalẽviwo: 6,834,740

• Agbalẽ gbadzawo: 167,854,462

• Ɣletigbalẽwo: 5,405,955

• Magazinewo: 1,179,266,348

• Traktwo: 440,995,740

• Videowo: 3,168,611

Wotaa agbalẽ siawo le Afrika, Dziehe Amerika, Titina Amerika, Anyiehe Amerika, Asia, Europa, kple Pasifik-ƒukpodukɔwo me—wo katã ƒe xexlẽmee nye dukɔ 19.

“Ŋkɔnyee nye Katelyn May. Mexɔ ƒe enyi. Ga home si nye United States ƒe dɔlar 28 le asinye, eye madi be miaxɔe atsɔ axe agbalẽtamɔ̃awo ƒe fe. Mia nɔvinyɔnu sue, Katelyn.”

“Míewɔ ƒome ƒe kpekpe aɖe ku ɖe agbalẽtamɔ̃ yeyeawo ŋu. Mía vi siwo xɔ ƒe 11 kple 9, tso nya me be yewoaɖe ga tso ga siwo yewodzrana ɖo me atsɔ adzɔ nui. Enye dzidzɔ na mí be míaɖo woƒe nudzɔdzɔ hekpe ɖe mía ŋutɔ tɔwo ŋu ɖe mi.”

XƆTUTU

Xɔ siwo wotu hena alɔdodo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo enye:

Fiaɖuƒe Akpatawo, le dukɔ siwo dzi nu mede o me: 2,180

• Takpexɔwo: 15

• Alɔdzedɔwɔƒewo: 10

• Dukɔwo dome lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔa wɔm: 2,342

“Míewɔ míaƒe kpekpe gbãtɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata yeyea me le kwasiɖanuwuwu sia. Dzi le mía dzɔm be míekpɔ teƒe si sɔ hena kafukafu tsɔtsɔ na mía Fofo, Yehowa Mawu. Míeda akpe na Yehowa kple miawo hã ɖe míaƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na mí to Fiaɖuƒe Akpata geɖe tutu me ta. Le nyateƒe me la, míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa nye viɖenu gã aɖe le nutoa me.”—Chile.

“Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si Yehowa ƒe habɔbɔa nana ŋu ale gbegbe. Míekpɔtɔ ƒoa nu tsoa ɣeyiɣi dodzidzɔname siwo me míewɔ dɔ kple xɔtudɔwɔha la ɖekae ŋu vaseɖe egbea.”—Moldova.

“Mía kple srɔ̃nye míeɖu míaƒe srɔ̃kpegbe ƒe ƒe 35 lia ƒe ŋkuɖodzizã nyitsɔ laa. Míenɔ ŋugble dem tso nusi míana mía nɔewo ŋu, eye míeɖoe be míatsɔ nane ada akpee na Yehowa kple eƒe habɔbɔa, elabena woƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, ɖewohĩ míakpɔ dzidzedze le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me o. Míedi be miazã ga home si kpe ɖe lɛta sia ŋu hena Fiaɖuƒe Akpata tutu le dukɔ siwo dzi ganyawo mede o dometɔ ɖeka me.”

“Domenyinu aɖe su asinye nyitsɔ laa, eye le esi nye ‘nudidiwo’ le ʋɛ eye nye ‘nuhiahiãwo’ gɔ̃ hã gale ʋɛ wu ta la, medi be miaxɔ ga home si metsɔ kpe ɖe lɛta sia ŋu atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata, siwo hiã vevie le dukɔ geɖewo me la, tutu ŋu.”

KPEKPEÐEŊU NANA LE AFƆKUDZƆDZƆWO ME

Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, afɔkuwo dzɔna le vome zi geɖe. Yehowa Ðasefowo dzɔna ga tsɔ kpea asi ɖe wo nɔviwo ŋu le afisiwo afɔku gblẽ nu le. Miɖo ŋku edzi be ga siwo wodzɔna hena afɔkuwo gbɔ kpɔkpɔ hã nyea nudzɔdzɔ hena xexeame katã ƒe dɔa ƒe akpa aɖe. Afisiwo Yehowa Ðasefowo na kpekpeɖeŋu amesiwo ŋu afɔku gblẽ nu le enye:

Afrika

• Asia

• Carib-nutowo me

• Pasifik-ƒukpowo dzi

“Mía kple srɔ̃nyeŋutsu míedi be míada akpe na mi vevie ɖe nusiwo mieɖo ɖa be woatsɔ akpe asi ɖe nusiwo ahom sesẽawo gblẽ la gbɔ kpɔkpɔ ŋui la ta. Míete ŋu gba míaƒe xɔa ake. Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi mietso kpla hewɔ nui la ŋu ale gbegbe.”

“Ŋkɔnyee nye Connor, mexɔ ƒe 11. Esi mekpɔ alesi “tsunami” gblẽ nui la, medi be mana kpekpeɖeŋu. Mexɔe se be nunana sia anye kpekpeɖeŋu na nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo.”

ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆSUBƆDƆ TƆXƐ WƆLAWO

Kristotɔ geɖewo wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa alo wɔa dɔ le Betel-ƒewo me ɣeyiɣiawo katã. Wotsɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo doa alɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖewo. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye:

• Dutanyanyuigblɔlawo: 2,635

• Dzikpɔla mɔzɔlawo: 5,325

• Betel-dɔwɔlawo: 20,092

“Esi nye [ŋutsuvi si xɔ ƒe atɔ̃] mate ŋu aɖasubɔ le Betel fifia o ta la, mele nudzɔdzɔ sia kple nye lɔlɔ̃gbedoname ɖom ɖe mí. Ne metsi la, mayi Betel aɖawɔ dɔ sesĩe.”

Biblia Fiafiadɔa Dodo Ðe Ŋgɔ

Yesu de dɔ asi na eyomedzelawo be ‘woawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo.’ (Mateo 28:19) Yehowa Ðasefowo le wɔwɔm ɖe eƒe nya mawo dzi hele gbeƒã ɖem Biblia me gbedasia eye wole nu fiam amewo tso eŋu le dukɔ 235 sɔŋ me. Wotana Biblia-srɔ̃gbalẽwo eye womana wo le gbegbɔgblɔ 413 sɔŋ me.

Le nyateƒe me la, nu vevitɔ kekeake si Kristotɔ aɖe ate ŋu atsɔ ana hena kpekpe ɖe ame geɖe wu ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu kple Eƒe tameɖoɖowo ŋu lae nye eƒe ɣeyiɣi. Yehowa Ðasefowo zãa woƒe ŋusẽ kple ɣeyiɣi gbogbo aɖe le kpekpe ɖe wo havi amegbetɔwo ŋu me. Azɔ hã, wonaa gakpekpeɖeŋu tso dzime faa, eye woƒe nudzɔdzɔ siwo wona le mɔ vovovowo nu la katã wɔa akpa vevi aɖe le nana be amewo nanya Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖowo le anyigba la katã dzi me. Neva eme be Yehowa nayi edzi ayra ɖe agbagba siawo si dzem miele le kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu geɖe wu tso eyama ŋu dzi. (Lododowo 19:17) Kpekpeɖeŋu nana tso dzime faa alea doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!—Hebritɔwo 13:15, 16.

[Aɖaka si le axa 28-30]

Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu

NUDZƆDZƆ HENA XEXEAME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka, siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14,” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔ me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, Attention Treasurer’s Office, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483 tẽ, alo ɖe Yehowa ɖasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔ me. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽ siwo wozã adrɛs si le etame ɖo ɖa dzi be woaxee na “Watch Tower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu si aɖe nu me be ɖe yewotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu na Watch Tower be wòazã ɖe xexeame katã ƒe dɔa ŋu. Gake ne wobia gaa la, woagatrɔe ana. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubu siwo dzi woato akpe asi ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu hã li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexewo: Woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo axe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne woxɔ dzudzɔ le dɔ me alo woana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ wo ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nunana si wotsɔ ke keŋkeŋ.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ alo, ne enye aƒe si me nunala la lee la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be woana alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi.

Nunanaɖoɖo si me Woɖea Nane le Naa Nunalaa Ƒe sia Ƒe: Nunanaɖoɖo si me woɖea nane le naa nunalaa ƒe sia ƒe nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa dɔwɔƒe aɖe si Yehowa Ðasefowo zãna alo le woƒe dzikpɔkpɔ te. Woxea ga home aɖe koŋ naa nunalaa, alo amesi dzi nunalaa tɔ asii ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eteƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa le ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumagbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nusiwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe ta o.

Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo koŋ ɖe nunana siawo tɔgbe ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ ana nyatakaka tso mɔnu vovovo siwo dzi woate ŋu ato ana nu fifia alo le ame ƒe ku megbe ŋu. Le agbalẽ gbadza la xexlẽ kple numedzodzro kple woa ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo megbe la, ame geɖe te ŋu kpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame godoo subɔsubɔdɔ kple dɔ siwo wowɔna tsɔ kpena ɖe amesiwo hiã tu ŋu eye woɖe vi geɖe le woƒe adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽ.

Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete la zazã me atsɔ aŋlɔ agbalẽ na wo loo alo aƒo ka na wo alo nàbia Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive

Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]

Faithful video: Stalin: U.S. Army photo