Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mekpɔ Satana abe dzikedzo ene ge tso dziƒo”?

Ðeko Yesu tia nusrɔ̃la 70 ‘hedɔ wo eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple kɔƒe, siwo katã me to ge ye ŋutɔ gbɔna la me’ enye ma. Esi ame 70-awo trɔ gbɔ la, dzidzedze si wokpɔ le dɔ si gbe wodɔ wo ɖo me na wonɔ dzidzɔ kpɔm. Wogblɔ be: “Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã ɖoa to mí le wò ŋkɔ la dzi.” Ɣemaɣie Yesu gblɔ be: “Mekpɔ Satana abe dzikedzo ene ge tso dziƒo.”—Luka 10:1, 17, 18.

Gbã la, adze abe nane si dzɔ va yi ƒe nya gblɔm Yesu nɔ ene. Gake le Yesu ƒe nya siwo le etame la gbɔgblɔ ƒe 60 megbe la, apostolo tsitsi Yohanes zã nya siawo tɔgbe tsɔ ŋlɔ ɖi be: “Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.”—Nyaɖeɖefia 12:9.

Esime Yohanes ŋlɔ nya mawo la, Satana gakpɔtɔ nɔ dziƒo. Aleke míewɔ nya? Elabena nyagblɔɖigbalẽe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa nye, ke menye blemaŋutinyagbalẽe o. (Nyaɖeɖefia 1:1) Eyata, le Yohanes ŋɔli la, womekpɔ tsɔ Satana ƒu gbe ɖe anyigba haɖe o. Le nyateƒe me la, kpeɖodziwo fia be esia medzɔ o vaseɖe esime woɖo Yesu fiae abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene le ƒe 1914 me megbe me kpuie ko. *Nyaɖeɖefia 12:1-10.

Ekema nukatae Yesu ƒo nu tso Satana nyanyã ɖa le dziƒo ŋu abe ɖe wonyãe xoxo ene? Agbalẽnyala aɖewo susui be ɖe Yesu nɔ mo kam na eƒe nusrɔ̃lawo ɖe ɖokuidodoɖedzi si mesɔ o ta. Wobui be ɖe wònɔ gbɔgblɔm be: ‘Míeɖu gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi, gake migada mía ɖokuiwo o. Dadagbɔgbɔe ɖo Satana me, eye eyae na wòge enumake.’

Míate ŋu aɖe nyaa me tsitotsito o. Ke hã, edze abe ɖe Yesu anya nɔ dzidzɔ kpɔm kple eƒe nusrɔ̃lawo henɔ nu ƒom tso alesi woava nyã Satanae emegbe la ŋu. Yesu nya nu tso Abosam ƒe fuléle vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la ŋu wu eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖesiaɖe. Bu alesi Yesu akpɔ dzidzɔ esi wòse be gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã ɖoa to yeƒe nusrɔ̃la amegbetɔ madeblibowo la ŋu le susu me kpɔ ko! Gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi ɖuɖu sia nye kpɔɖeŋu na ŋkeke aɖe si ava va, esime Yesu, si nye mawudɔlagã Mixael, awɔ aʋa kple Satana ahanyãe tso dziƒo aɖo ɖe anyigba dzi.

Esi Yesu gblɔ be yekpɔ Satana ‘wòge’ la, edze ƒã be ɖe wònɔ gbe tem ɖe Satana ƒe gege godoo dzi. Esia sɔ kple Biblia me nyagblɔɖi bubu siwo ƒo nu tso nusiwo ava dzɔ ŋu abe ɖe wodzɔ xoxo ene. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ alesi wotsaka blema kple etsɔme nudzɔdzɔwo ƒe nyagbewoe tsɔ ŋlɔ Mesia la ŋuti nyagblɔɖie le Yesaya 52:13–53:12 ɖa. Anye be ɖe Yesu nɔ egblɔm kple kakaɖedzi be woanyã Satana le dziƒo abe alesi Fofoa ɖoe ene. Yesu nyae hã be le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, woade Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me eye emegbe woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ.—Romatɔwo 16:20; Hebritɔwo 2:14; Nyaɖeɖefia 20:1-3, 7-10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, ta 10, kple Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! ta 27, siwo Yehowa Ðasefowo ta.