Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Fiaɖuƒe Dziɖuɖu—Enye Nu Ŋutɔŋutɔ Si Li Egbea

Mawu Ƒe Fiaɖuƒe Dziɖuɖu—Enye Nu Ŋutɔŋutɔ Si Li Egbea

Mawu Ƒe Fiaɖuƒe Dziɖuɖu​—Enye Nu Ŋutɔŋutɔ Si Li Egbea

“Aleke dukɔ gbogbo siwo ƒe dekɔnuwo kple ŋgɔyiyiwo wɔwɔ to vovo alea gbegbe ate ŋu awɔ alɔ̃ ɖe nya ɖeka dzii? Wogblɔ be amedzidzedze aɖe si atso ɣletinyigba bubu aɖe dzi koe ana amegbetɔƒomea katã nawɔ ɖeka.”—The Age, Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ.

AMEDZIDZEDZE natso ɣletinyigba bubu aɖe dzia? Eɖanye amedzidzedze mae ana dukɔ siwo katã le anyigba dzi awɔ ɖeka loo alo womawɔe o la, Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ya gblɔ xaxa gã aɖe si tu aƒe, si ana be dukɔ siwo katã le xexeame nawɔ ɖeka la, ŋu nya ɖi. Nyateƒee be ŋusẽ siwo tso dziƒonutowo me koe ahe xaxa sia vɛ.

Fia Dawid si ɖu dzi le blema Israel ƒo nu tso xexe sia me ƒe nɔnɔmea ŋu le nyagblɔɖi me. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe adaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu. Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu!” (Psalmo 2:2, 3; Dɔwɔwɔwo 4:25, 26) De dzesii be xexe sia me dziɖulawo aƒo takpli ɖe aɖaŋu me ɖekae ɖe Yehowa, xexeame katã Wɔla kple eƒe amesiamina, alo eƒe Fia si wòɖo, Yesu Kristo, ŋu. Aleke esia ava emee?

Le Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu kple nyagblɔɖi siwo va eme va yi nu la, woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea, si Yesu Kristo nye Fia na, anyi le dziƒo le 1914 me. * Le ɣemaɣi la, tameɖoɖo ɖekae nɔ xexeame dukɔwo si. Le esi teƒe be woabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe yeyea te la, woƒo wo ɖokui ɖe ŋusẽ ʋiʋli—si nye Aʋagã la, alo Xexemeʋa I,—me.

Aleke Yehowa Mawu bua nɔnɔme sia si amegbetɔ siwo nye dziɖulawo ɖena fiana lae? “Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu. Emegbe aƒo nu kpli wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòado ŋɔdzi na wo le eƒe dziku me.” Eye Yehowa agblɔ na Via, si nye Fiaɖuƒea ƒe Fia si Wòɖo la be: “Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe! Àtsɔ gatikplɔ ato wo nyanyanya, eye agbã wo abe zemela ƒe ze ene!”—Psalmo 2:4, 5, 8, 9.

Atsɔ gatikplɔ atsrɔ̃ dukɔ siwo tsi tre ɖe eƒe Fiaɖuƒea ŋu la gbidigbidi le Harmagedon me. Biblia ƒe agbalẽ mamletɔ, Nyaɖeɖefia, ɖɔ wɔna mlɔetɔ sia be “Mawu ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ,” si ŋu wole “xexeame katã ƒe fiawo” nu ƒom ƒu ɖo be woawɔ. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Gbɔgbɔ vɔ̃wo akpɔ ŋusẽ ɖe anyigba dzi dukɔwo dzi ale gbegbe be taɖodzinu ɖeka, si anye be—woakpe aʋa kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nava nɔ wo si mlɔeba.

Ɣeyiɣi si amegbetɔwo katã awɔ ɖeka be woawɔ aʋa kple Mawu ƒe dziɖulanyenye la le aƒe tum ŋutɔ. Evɔ la, woƒe “ɖekawɔwɔa” mahe ŋutifafa aɖeke vɛ na woa ŋutɔwo o. Ke boŋ woƒe wɔna la anye ŋutifafa si ameƒomea le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la ƒe gɔmedzedze. Nukatae wòanɔ nenema? Le aʋa mlɔe sia wɔwɔ me la, “Mawu ƒe Fiaɖuƒe la agbã fiaɖuƒe mawo [siwo le xexeame] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Menye amegbetɔwo ƒe habɔbɔ aɖekee anye dziɖuɖu si ahe ŋutifafa si ameƒomea di vevie la vɛ o, ke boŋ Mawu ƒe Fiaɖuƒeae ahee vɛ.

Fiaɖuƒe Dziɖuɖua ƒe Dziɖula Gã

Emae nye fiaɖuƒe si dzianukwaretɔ geɖe do gbe ɖa bia be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Le esi teƒe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nanye dzime ƒe nɔnɔme dzro aɖe ko la, enye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si wɔ nukunu geɖewo tso esime woɖoe anyi le dziƒo tso keke ƒe 1914 me ke. Mína míabu nya vevi aɖewo siwo ɖee fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ si le dɔ wɔm kple ŋkubiã egbea ŋu kpɔ.

Gbã la, Yesu Kristo, si nye Fia si woɖo la le Fiaɖuƒea ƒe akpa vevi sẽŋu aɖe dzi ɖum. Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yehowa Mawu ɖo Yesu Kristo wònye Kristo-hamea ƒe Ta. (Efesotɔwo 1:22) Yesu le eƒe tanyenyea ŋudɔ wɔm tso ɣemaɣi, eye wòle eƒe dɔnunɔlanyenye ƒe ŋutetea ɖem fia. Le kpɔɖeŋu me, esi dɔ gã aɖe to le Yudea la, Kristo-hamea ɖe afɔ enumake le kpekpeɖeŋunana emetɔwo me. Wowɔ ɖoɖo be woana kpekpeɖeŋu, eye wotsɔ nunanawo de Barnaba kple Saul si be woatsɔ wo ayi na nɔvi siwo le Antioxia.—Dɔwɔwɔwo 11:27-30.

Ne Fiaɖuƒe ƒe dziɖuɖua le dɔ wɔm ŋutɔŋutɔ la, míate ŋu akpɔ mɔ na nuwɔnuku bubuwo gɔ̃ hã. Ne afɔkuwo—anyigbaʋuʋu, dɔwuame, tsiɖɔɖɔ, ahom sesẽ, towo ƒe wowó—dzɔ la, Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-Hamea wɔa nu kpata hekpena ɖe haxɔsetɔwo kple ame bubu siwo le teƒe si afɔkua dzɔ le la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi anyigba ʋuʋu sesĩe le El Salvador le January kple February ƒe 2001 me la, wowɔ kpekpeɖeŋununana ƒe ɖoɖo le dukɔ bliboa me, eye Yehowa Ðasefo siwo le Canada, Guatemala, kple United States na kpekpeɖeŋu. Wogbugbɔ woƒe kpekpeƒe etɔ̃ kple aƒe siwo wu 500 tu le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.

Mawu ƒe Fiaɖuƒe Dziɖuɖua Teviwo

Tso esime woɖo Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me la, Fiaɖuƒea le eteviwo katã nu ƒom ƒu tso amewo dome le xexeame katã eye wòwɔa ɖoɖo na wo. Esia nye nyagblɔɖi ɖedzesi aɖe si Yesaya ŋlɔ ɖi la ƒe mevava: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to [eƒe tadedeagu vavãtɔ si ƒo ɖesiaɖe ta] la akɔ ta agbɔ towo ŋu, . . . eye anyigba dzi dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.” Nyagblɔɖia ɖee fia be ‘ame geɖewo’ ayi ɖe to ma dzi eye woaxɔ Yehowa ƒe nufiame kple sewo.—Yesaya 2:2, 3.

Nuwɔna sia wɔe be amewo ƒe ƒuƒoƒo ɖedzesi aɖe do le egbeŋkekeawo me—si nye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ siwo me tɔwo wu Kristotɔwo 6,000,000 eye wole dukɔ 230 kple edzivɔwo me. Le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe siwo wowɔna me la, lɔlɔ̃, ŋutifafa, kple ɖekawɔwɔ si nɔa ameha gã siwo tso dukɔ vovovowo, dekɔnu vovovowo, eye wodoa gbe vovovowo me la dome wɔa mo yaa na eteƒekpɔlawo ale gbegbe. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ðe malɔ̃ ɖe edzi be, hafi dziɖuɖu aɖe nate ŋu ahe ame alafa geɖewo tso gbe vovovo dolawo dome aƒo ƒu ɖekae la, ele be ŋusẽ nanɔ eŋu, woali ke—eye wòanye esi li ŋutɔŋutɔ—oa?

Mawu ƒe Fiaɖuƒe Kple Nufiameɖoɖo

Dzidzenuwo le dziɖuɖu ɖesiaɖe si eye wòkpɔa mɔ be ye teviwo nawɔ ɖe wo dzi, ele be amesiame si adi be yeanɔ dziɖuɖu ma te la nawɔ ɖe dzidzenu mawo dzi. Nenema kee dzidzenuwo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea hã si siwo dzi wòle be amesiame si adze anɔ eme la nawɔ ɖo. Gake nyateƒeae nye be, be woana amesiwo tso teƒe vovovowo nalɔ̃ ɖe dzidzenu ɖeka dzi ahawɔ ɖe wo dzi la nye dɔ gã aɖe si sesẽ ŋutɔ. Nu bubu aɖe hã si ɖo kpe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nu ŋutɔŋutɔnyenye dzie nye be—eƒe nufiameɖoɖo siwo ɖea kpe ŋutɔ la ɖoa dzia kple tamesusuwo gbɔ eye wonana ame wɔa tɔtrɔ le agbe me.

Aleke Fiaɖuƒe dziɖuɖua wɔa dɔ gãa siae? Ewɔnɛ toa apostoloawo ƒe gbeƒãɖeɖe mɔnu, siwo nye tso “aƒeme yi aƒeme” kple Mawu ƒe Nya la fiafia ame ɖekaɖekawo dzi. (Dɔwɔwɔwo 5:42; 20:20) Aleke nufiamedɔ sia ɖea kpee? Jacques Johnson, si nye Katolikotɔwo ƒe nunɔla aɖe, ŋlɔ alesi wòdze agbagba vevie be yeable nyɔnu aɖe nue be Yehowa Ðasefowo nagasrɔ̃ Biblia kplii o ɖe Canadatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me. Egblɔ be: “Metɔtɔ eye mekpɔe dze sii be nyemakpɔ dzidzedze le eƒe susu tɔtrɔ me o. Meva nɔ ekpɔm dze sii be le ɣleti geɖe siwo do ŋgɔ me la, Ðasefo nyɔnu siawo tu ƒomedodo kplikplikpli ŋutɔ aɖe ɖo ɖe woa kple vidada sia si metsi boo o, eye mete ŋu doa go hã o, la dome. Wote ŋu wɔ esia to kpekpeɖeŋu nanae kple xɔlɔ̃dzedzee me, si wɔe be wotu kadodo si me sẽ la ɖo kplii. Eteƒe medidi hafi wòva zu woƒe subɔsubɔhaa me tɔ dovevienu o, eye nyemete ŋu wɔ nu boo aɖeke tsɔ xe mɔ be wòagadzɔ nenema o.” Abe alesi Yehowa Ðasefowo to Biblia me gbedasi kple woƒe Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ dzi fia nu amesia si nye Katolikotɔ tsã ene la, nenema kee wole ame miliɔn geɖewo hã ƒe dzi gbɔ ɖom kple nyanyuia le xexeame katã.

Biblia dzie wotu nufiamedɔ—Fiaɖuƒea ƒe hehenana—sia si kpena ɖe ame ŋu wònɔa agbe nyui wòsɔna ɖe Biblia ƒe nudidiwo nu la ɖo. Efia amewo be woalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu eɖanye afika kee woɖatso o. (Yohanes 13:34, 35) Ekpena ɖe amewo ŋu hã be wòawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Ame miliɔn geɖewo ɖe asi le woƒe tsã gbenɔnɔ ŋu eye wotsɔa dzidzɔ wɔna ɖe Fiaɖuƒe dziɖuɖua ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi, si wɔe be wole ŋutifafa me hele dzidzɔ kpɔm fifia, eye wole mɔ kpɔm na etsɔme nyuie si le wo ŋgɔ la.—Kolosetɔwo 3:9-11.

Nu vevi si le kpekpem ɖe wo ŋu be wole xexeame godoo ƒe ŋutifafa sia mee nye Gbetakpɔxɔ magazine sia. To gbegɔmeɖeɖe mɔnu si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo, kple agbalẽtamɔ̃ si taa gbe vovovowo zi ɖeka dzi la, wote ŋu taa Gbetakpɔxɔ ƒe nyatiwo ɖe gbe vovovo 135 me le ɣeyiɣi ɖeka me, eye le xexeame godoo la, exlẽla siwo wu 95 le alafa me te ŋu srɔ̃a nyatiawo le woa ŋutɔwo degbe me le ɣeyiɣi ɖeka me.

Mormon sɔlemehaa ŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ nu tso mawunyadɔgbedela kpɔdzidze siwo ɖedzesi wu, siwo menye eƒe sɔlemeha me tɔwo o, ŋu. Eyɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! siwo Yehowa Ðasefowo ta la be woawoe nye magazine siwo sɔ wu na nyanyuia kaka, egblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu aƒo nu atsi tre ɖe Gbetakpɔxɔ alo Nyɔ! ŋu be edea ɖekematsɔleme ƒe dzi ƒo o—ke boŋ ɖe wonyɔa ɖetsɔleme—si ƒãa hafi medea dzesi etɔgbe le subɔsubɔha bubuwo ƒe agbalẽwo me—la ɖe ame me. Alesi Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyatiwo nyea nyateƒe, siwo ŋu wowɔa numekuku nyuiewo le, eye woƒoa nu tsoa xexeme nudzɔdzɔwo ŋu la wɔe be wo xexlẽ doa dzidzɔ na ame.”

Kpeɖodzi si ɖee fia be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye nu ŋutɔŋutɔ eye wòle dɔ wɔm la me kɔ ƒãa. Yehowa Ðasefowo tsɔ dzidzɔ kple dzonɔameme le gbeƒã ɖem “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” na wo haviwo hele wo kpem be woava zu eteviwo. (Mateo 24:14) Ðe mɔkpɔkpɔ ma do dzidzɔ na wòa? Àte ŋu ase vivi le yayra si le hadede kple amesiwo wole hehe sia namee eye wole agbagba dzem be yewoanɔ agbe ɖe Fiaɖuƒea ƒe dzidzenuwo nu la me. Gawu la, mɔkpɔkpɔ si nye be míava nɔ agbe le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖua te le xexe yeye si ŋugbe wodo, si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la, me ate ŋu asu asiwò.—Petro II, 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Be nàkpɔ numekɔkɔ si deto wu esia la, kpɔ tanya si nye “Mawu ƒe Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum” le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 90-7.

[Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

Le ƒe 1914 me la, dukɔwo ƒo wo ɖokui ɖe xexemeʋa wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Lɔlɔ̃nu faa kpekpeɖeŋu dɔwɔnawo nye Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia ƒe kpeɖodzi

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nufiame ƒe ɖoɖowɔɖi ɖeka si dzi Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã zɔna ɖo la le vi ɖem na wo