Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo—Yehowa Maŋlɔ Miaƒe Dɔwɔwɔ Be O!

Sɔhɛwo—Yehowa Maŋlɔ Miaƒe Dɔwɔwɔ Be O!

Sɔhɛwo​—Yehowa Maŋlɔ Miaƒe Dɔwɔwɔ Be O!

“Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”​—HEBRITƆWO 6:10.

1. Aleke Biblia-gbalẽ siwo nye Hebritɔwo kple Maleaxi ɖee fia be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe wò subɔsubɔ ŋui?

ÐE NÈWƆ dɔmenyo na xɔlɔ̃ aɖe kpɔ gake meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ aɖeke fia ɖe eŋu oa? Enye nusi vena ŋutɔ be womaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe dɔmenyo si wowɔ na ame ŋu o, alo esi vɔ̃ɖi wu enye be, woaŋlɔe be keŋkeŋ. Gake aleke wòto vovo kura enye si ne míesubɔ Yehowa tso dzi blibo me! Biblia gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.” (Hebritɔwo 6:10) Bu nusi esia fia ŋu kpɔ. Yehowa abui numadzɔmadzɔwɔwɔ—be anye nuvɔ̃—na ye be yeaŋlɔ nusi nèwɔ kple nusi nèyi edzi le wɔwɔm le eƒe subɔsubɔdɔa me la be. Mawu ŋudzedzekpɔla ka gbegbee nye si wònye!—Maleaxi 3:10.

2. Nukae na Yehowa subɔsubɔ le etɔxɛ vavã?

2 Enye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na wò be nèle ta dem agu na Mawu ŋudzedzekpɔla sia hele esubɔm. Esi wònye haxɔsetɔ miliɔn ade lɔƒo koe li fifia le ame biliɔn ade sɔŋ siwo le xexeame dome ta la, mɔnukpɔkpɔ si su asiwò la nye esi le etɔxɛ nyateƒe. Gakpe ɖe eŋu la, nyateƒe si wònye be èle to ɖom nyanyuigbedasia hele nu wɔm ɖe enu la nye kpeɖodzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò vevie. Ne èbu eŋu kpɔ la, Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Ẽ, Yehowa kpena ɖe amewo ŋu ɖekaɖeka be woana Kristo ƒe vɔsaa naɖe vi na wo.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Wò Mɔnukpɔkpɔ Tɔxɛa Ŋu

3. Aleke Korax-viwo ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Yehowa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si le wo si la ŋui?

3 Abe alesi míedzro eme le nyati si do ŋgɔ mee ene la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe le asiwò be nàdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Esia nye nane si mele be nàbu nu tsɛe gbeɖe o. Korax-viwo ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si su wo si ŋu fia le woƒe ha siwo wokpa tso gbɔgbɔ me la dometɔ ɖeka me. Míexlẽ be: “Ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔ me.”—Psalmo 84:11.

4. (a) Nukae ate ŋu ana ame aɖewo nabu tadedeagu na Yehowa be exea mɔ ɖe ame nu? (b) Mɔ ka nue Yehowa ɖenɛ fiana le be yedina vevie be yealé ŋku ɖe ye subɔlawo ŋu ahaɖo eteƒe na wo?

4 Nenemae nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàsubɔ Fofowò si le dziƒo la ŋua? Le nyateƒe me la, ate ŋu adze abe ɖe Yehowa subɔsubɔ xea mɔ ɖe wò ablɔɖe nu ɣeaɖewoɣi ene. Enye nyateƒe be agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ aɖe ƒomevi ya. Ke hã, aleke ke wòɖale o, wò nyonyo tae Yehowa bia nusiawo tso asiwò ɖo. (Psalmo 1:1-3) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa kpɔa wò agbagbadzedzewo eye wòɖea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wò nuteƒewɔwɔ ŋu fiana. Le nyateƒe me la, Paulo ŋlɔ bena Yehowa ‘nyea teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.’ (Hebritɔwo 11:6) Yehowa le mɔnukpɔkpɔwo dim be yeatsɔ awɔ esia. Blema Israel ƒe nyagblɔɖila nuteƒewɔla aɖe gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—Kronika II, 16:9.

5. (a) Nukae nye mɔ nyuitɔwo dometɔ ɖeka si dzi nàte ŋu ato aɖee afia le be wò dzi blibo ku ɖe Yehowa ŋu? (b) Nukatae dzixɔse si le asiwò la gbɔgblɔ na amewo ate ŋu adze nu sesẽe?

5 Mɔ nyuitɔ siwo dzi nàte ŋu ato aɖee afia be yeƒe dzi blibo le Yehowa ŋu la dometɔ ɖekae nye be nàƒo nu tso eyama ŋu na amewo. Ðe mɔnukpɔkpɔ su asiwò kpɔ be nàƒo nu tso wò dzixɔse ŋu na wò sukuhati aɖewoa? Gbã la, esia wɔwɔ ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo, eye eŋububu dzaa ko ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo ame. Àbia be, ‘Ke ne wokom ɖe? Ke ne wobu be subɔsubɔha manyatelenu aɖe mee mele ɖe?’ Yesu lɔ̃ ɖe edzi be menye amesiamee aɖo to Fiaɖuƒegbedasia o. (Yohanes 15:20) Gake esia mefia be amewo aɖu fewu le ŋuwò godoo ɣeawokatãɣi ahagbe wò o. To vovo na esia la, sɔhɛ Ðasefo geɖe kpɔ amesiwo ɖoa to wo eye wo hatiwo dea bubu deto wo ŋu le esi woléa woƒe dzixɔsewo me ɖe asi ta.

“Yehowa Akpe Ðe Ŋuwò”

6, 7. (a) Aleke nyɔnuvi ƒe 17 vi aɖe te ŋu wɔ ɖi ɖase na eƒe sukuxɔmehatiwo? (b) Nukae nèsrɔ̃ tso Jennifer ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?

6 Gake aleke nàwɔ akpɔ dzideƒo atsɔ aƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu? Ðe manyo be nàɖoe be yeato nyateƒea tẽ ne wobia nya wò le subɔsubɔha si me nèle ŋu oa? Bu Jennifer, si nye ƒe 17 vi, ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Menɔ ŋdɔnu ɖum le suku. Edzɔ be nyɔnuvi siwo nɔ kplɔ̃ ŋu kplim la nɔ nu ƒom tso mawusubɔsubɔ ŋu, eye nyɔnuviawo dometɔ ɖeka bia subɔsubɔha si me mele.” Ðe Jennifer vɔ̃ na eŋu ɖoɖoa? Elɔ̃ ɖe edzi be, “Ẽ, elabena nyemenya alesi tututu woawɔ nu ɖe ŋunye o.” Gake nukae Jennifer wɔ? Eyi edzi be: “Megblɔ na nyɔnuviawo tẽ be Yehowa Ðasefoe menye. Gbã la, edze abe ewɔ nuku na wo ene. Edze ƒã be wobuna be Yehowa Ðasefowo nye ame saga aɖewo. Esia ʋã wo be wobia nya geɖem, eye mete ŋu ɖe nukpɔsusu totro siwo nɔ wo si dometɔ aɖewo ɖa. Le ŋkeke ma megbe gɔ̃ hã la, nyɔnuviawo dometɔ aɖewo gatena ɖe ŋunye ɣeaɖewoɣi va biaa nyam.”

7 Ðe wòte ɖe Jennifer dzi be yewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ tsɔ ƒo nu tso yeƒe dzixɔsewo ŋua? Kura o! Egblɔ be: “Le ŋdɔnuɖuɣia megbe la, dzi dzɔm ŋutɔ. Fifia la, amesiwo tututu Yehowa Ðasefowo nye la ŋuti nukpɔsusu si nyo wu la su nyɔnuvi mawo si.” Aɖaŋu si Jennifer ɖo fifia le kpuie be: “Ne esesẽna na wò be nàɖi ɖase na sukuxɔmehatiwo alo na nufialawo la, do gbe ɖa enumake. Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Dzi adzɔ wò be nèwɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò ŋudɔ tsɔ ɖi ɖasee.”—Petro I, 3:15.

8. (a) Aleke gbedodoɖa kpe ɖe Nexemya ŋui esime wòdze ŋgɔ nɔnɔme kpata aɖe? (b) Nusiwo yia edzi le suku siwo me wòahiã be nàdo gbe ɖa na Yehowa le ɖoɖoezizi me la dometɔ aɖewo ɖe?

8 De dzesii be Jennifer gblɔ be ne mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu ɖi nàtsɔ aɖi ɖase le wò dzixɔse ŋu la, ‘do gbe ɖa’ na Yehowa ‘enumake.’ Nusia tututue Nexemya, si nye Persia-fia Artaxsasta ƒe ahakula, wɔ esime nɔnɔme aɖe dze ŋgɔe. Nexemya ƒe nuxaxa dze ƒã esi wogblɔ nɔnɔme wɔnublanui si me Yudatɔwo le la nɛ eye wòse be Yerusalem ƒe gli kple agbowo gbã. Fia la kpɔe dze sii be edze abe nane te ɖe Nexemya dzi ene, eyata ebia Nexemya nusi nɔ fu ɖem nɛ. Hafi Nexemya naɖo eŋu la, edo gbe ɖa bia mɔfiame. Eyome etsɔ dzinɔameƒo bia be woaɖe mɔ na ye yeagbugbɔ ayi Yerusalem aɖakpe asi ɖe du si gbã la gbugbɔgatso ŋu. Artaxsasta lɔ̃ ɖe Nexemya ƒe biabiaa dzi. (Nexemya 2:1-8) Nukae nèsrɔ̃ tso eme? Ne vɔvɔ̃ ɖo wò le mɔnukpɔkpɔ aɖe si ʋu ɖi be nàtsɔ aɖi ɖase le wò dzixɔse ŋu ŋuti la, mègaŋe aɖaba ƒu gbedodoɖa le ɖoɖoezizi me ƒe mɔnukpɔkpɔ si le asiwò dzi o. Petro ŋlɔ be: ‘Tsɔ wò dzimaɖiwo katã da ɖe Yehowa dzi, elabena eyama léa be na wò.’—Petro I, 5:7; Psalmo 55:23.

‘Su Te Ðaasi be Nàna Ŋuɖoɖo’

9. Aleke Leah si xɔ ƒe 13 la wɔ na Young People Ask gbalẽa 23 sɔŋ?

9 Bu nuteƒekpɔkpɔ bubu aɖe ŋu kpɔ. Leah, si xɔ ƒe 13, nɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work * xlẽm le suku le ŋdɔnuɖuɣi. Egblɔ be: “Amewo nɔ kpɔyem eye eteƒe medidi o ame geɖe va tsi tre ɖe megbenye nɔ agbalẽa me kpɔm. Wote nusi ŋu agbalẽa ku ɖo la biabiam.” Kaka ŋkekea nawu enu la, nyɔnuvi ene bia Leah be wòana Young People Ask gbalẽa ƒe ɖe yewo. Eteƒe medidi o nyɔnuvi siawo te agbalẽa me nyawo gbɔgblɔ na amewo, eye woawo hã di be ɖe nasu yewo si. Le kwasiɖa ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, Leah na Young People Ask gbalẽa 23 eƒe sukuxɔmehatiwo kple wo xɔlɔ̃wo. Ðe wònɔ bɔbɔe na Leah be wòaƒo nu esime wobia nyae gbã ku ɖe agbalẽ si xlẽm wònɔ ŋua? Kura o! Egblɔ be: “Gbã la, vɔvɔ̃ ɖom. Gake medo gbe ɖa, eye menyae be Yehowa li kplim.”

10, 11. Aleke Israel-nyɔnuvi aɖe te ŋu wɔ kpe ɖe Siria-ʋafiagã aɖe ŋu wòse nu tso Yehowa ŋu, eye tɔtrɔ kae esia na wòwɔ emegbe?

10 Leah ƒe nuteƒekpɔkpɔa anya ɖo ŋku nɔnɔme sia tɔgbe si dze ŋgɔ Israel-nyɔnuvi aɖe si woɖe aboyoe yi Siria la dzi na wò. Naeman, si nye Siria-ʋafiagã, nye anyidzela. Ðewohĩ srɔ̃ae anya do dzeɖoɖo si ʋã nyɔnuvi sia be wòaƒo nu tso eƒe dzixɔse ŋu la ɖa. Nyɔnuvia gblɔ be: “Oo, ne nye aƒetɔ ade nyagblɔɖila, si le Samaria gbɔ la! ayɔ dɔ eƒe anyi la nɛ.”—Fiawo II, 5:1-3.

11 Nyɔnuvi sia ƒe dzinɔameƒo wɔe be Naeman va kpɔe dze sii be “mawu ɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko.” Eɖoe gɔ̃ hã be “[yemagasa] numevɔ kple akpedavɔ na mawu bubuwo azɔ o, negbe Yehowa ko.” (Fiawo II, 5:15, 17) Le nyateƒe me la, Yehowa yra ɖe nyɔnuvi ma ƒe dzinɔameƒoa dzi. Ate ŋu awɔ esia tututu na sɔhɛ siwo li egbea eye awɔe hã. Leah kpɔ esia ƒe nyateƒenyenye. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eƒe sukuxɔmehatiwo dometɔ aɖewo te ɖe eŋu gblɔ be Young People Ask gbalẽa le kpekpem ɖe yewo ŋu yewole asi trɔm le yewoƒe agbenɔnɔ ŋu. Leah gblɔ be: “Edzɔ dzi nam elabena menyae be mele kpekpem ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu eye mele kpekpem ɖe wo ŋu be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ.”

12. Aleke nàte ŋu awɔ axɔ ŋusẽdodo atsɔ aʋli wò xɔse tae?

12 Jennifer kple Leah ƒe nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbe ate ŋu asu wò hã asiwò. Wɔ ɖe Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, amesi ŋlɔ bena, abe Kristotɔ ene la ele be ‘nàsu te ɖaasi be nàna ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe wò le mɔkpɔkpɔ, si le mewò la ŋuti, gake nàwɔe kple dɔmefafa kpakple bubu deto.’ (Petro I, 3:15) Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Srɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu ne yewoaɖe gbeƒã “kple dzideƒo katã” la ƒe kpɔɖeŋu. (Dɔwɔwɔwo 4:29) Emegbe dzi nenɔ ƒowò le nuƒoƒo na amewo tso wò dzixɔsewo ŋu me. Emetsonuawo awɔ nuku na wò. Gawu la, ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.

Videowo Kple Dɔdasi Tɔxɛwo

13. Mɔnukpɔkpɔ kawo ŋudɔe sɔhɛ aɖewo wɔ tsɔ ɖi ɖasee? (Kpɔ aɖaka siwo le axa 20 kple 21.)

13 Sɔhɛ geɖe zã videowo tsɔ ɖe woƒe dzixɔsewo me na sukuhatiwo alo nufialawo. Ɣeaɖewoɣi la, sukudɔdasiwo hã ʋu mɔnukpɔkpɔ siwo wozã tsɔ he kafukafu vɛ na Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsuvi ƒe 15 vi eve siwo nye Yehowa Ðasefowo xɔ dɔdasi aɖe, si nye woƒe xexeame ŋutinyasɔsrɔ̃ ƒe akpa aɖe, be woaŋlɔ nu tso subɔsubɔha siwo le xexeame la dometɔ ɖeka ŋu. Sɔhɛ eve siawo wɔ ɖeka zã agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom tsɔ ŋlɔ nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu. * Ele hã be woaƒo miniti atɔ̃ ƒe nuƒo. Le esia megbe la, biabia geɖe nɔ nufiala la kple sukuviawo si wobia ŋutsuviawo ale be woganɔ tsitre ɖe sukuviawo ŋkume miniti 20 sɔŋ kpee. Kwasiɖa geɖe le esia megbe la, woƒe sukuxɔmehatiwo yi edzi ganɔ nyawo biam tso Yehowa Ðasefowo ŋu!

14, 15. (a) Nukata amegbetɔvɔvɔ̃ nye mɔ̃? (b) Nukata wòle be dzi nanɔ ƒowò le wò dzixɔsewo gbɔgblɔ na amewo me?

14 Abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siawo ɖee fia ene la, àte ŋu axɔ yayra geɖe to wò dzixɔsewo kple nusiwo dzi nèka ɖo, abe Yehowa Ðasefo ene, la gbɔgblɔ na amewo me. Mègana amegbetɔvɔvɔ̃ naxe mɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ kple dzidzɔ si kpekpe ɖe amewo ŋu be woava dze si Yehowa hena vɛ la nu o. Biblia gblɔ be: “Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea ame; ke amesi ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.”—Lododowo 29:25.

15 Ðo ŋku edzi be, esi nènye sɔhɛ Kristotɔ ta la, nane le asiwò si hatiwòwo hiã vevie ŋutɔ—si nye agbe si nyo wu nɔnɔ fifia kple agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ƒe ŋugbedodo si le mía si. (Timoteo I, 4:8) Nukutɔe la, numekuku aɖe si wɔwɔ le United States—afisi nàbu be amewo metsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o, alo afisi wotsia dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu le—la ɖee fia be sɔhɛwo ƒe afã tsɔa mawusubɔsubɔ nu vevii, eye woƒe akpa etɔ̃lia gblɔ be mawusubɔsubɔdzixɔsewo enye yewoƒe agbenɔnɔ me “ŋusẽkpɔɖeamedzinu vevitɔ.” Alea tɔgbee nɔnɔmea le le xexeame ƒe akpa geɖewo hã. Eyata anɔ eme be adzɔ dzi na hatiwòwo le suku be yewoase nusi nàgblɔ tso Biblia ŋu.

Sɔhɛwo, Mite Ðe Yehowa Ŋu

16. Nukae Yehowa ŋu dzedze lɔ ɖe eme tsɔ kpe ɖe nuƒoƒo tso eyama ŋu na amewoe ŋu?

16 Le nyateƒe me la, dzidzɔdodo na Yehowa ƒe dzi lɔ nu geɖe ɖe eme wu nuƒoƒo tso eyama ŋu ko. Ehiã hã be nàtrɔ wò agbenɔnɔ wòasɔ ɖe eƒe dzidzenuwo nu. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi, eye eƒe seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Àkpɔe be esia nye nyateƒe ne ète ɖe Yehowa ŋu. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

17. Aleke nàwɔ ate ɖe Yehowa ŋui?

17 Di ɣeyiɣi nàtsɔ axlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Zi alesi nèyi edzi le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋui la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo toe ahaƒo nu tso eyama ŋu na ame bubuwo. Yesu gblɔ be: “Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; . . . elabena nya, si ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Luka 6:45) Eyata na nu nyuiwo nayɔ dzime na wò. Nukata màɖo taɖodzinuwo le go sia me o? Ðewohĩ àte ŋu adzi dzadzraɖo si nèwɔna ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu la ɖe edzi le kwasiɖa si gbɔna me. Wò taɖodzinu si kplɔe ɖo ate ŋu anye be nàkpɔ gome le kpekpeawo me to nyaŋuɖoɖo kpuie tso dzime me. Le nyateƒe me la, ele vevie hã be nàde nusiwo srɔ̃m nèle la nuwɔna me.—Filipitɔwo 4:9.

18. Ne wotsi tre ɖe ŋuwò le mɔ aɖe nu hã la, kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ asiwò?

18 Yayra siwo dona tsoa Yehowa subɔsubɔ me la nɔa anyi ɖaa—ẽ, wonɔa anyi tegbee. Nyateƒee, ɖewohĩ woatsi tre ɖe ŋuwò alo aɖu fewu le ŋuwò le mɔ aɖe nu ɣeaɖewoɣi le esi nènye Yehowa Ðasefo ta ya. Gake ɖo ŋku Mose dzi. Biblia gblɔ be “ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.” (Hebritɔwo 11: 24-26) Kakaɖedzi ate ŋu anɔ wò hã asiwò be Yehowa aɖo agbagba siwo dzem nèle tsɔ le nu srɔ̃m tso eyama ŋu hele nu ƒom tso eyama ŋu la teƒe na wò geɖe. Ẽ, ‘maŋlɔ dɔ si nèwɔ kple lɔlɔ̃ si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta be akpɔ gbeɖegbeɖe o.’—Hebritɔwo 6:10.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 13 Yehowa Ðasefowoe tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ wò subɔsubɔ ŋu?

• Ðaseɖiɖi le suku ƒe mɔnu kawoe ame aɖewo kpɔ be ekpɔa dzidzedze?

• Aleke nàte ŋu akpɔ dzideƒo atsɔ aɖi ɖase na sukuxɔmehatiwoe?

• Aleke nàwɔ ate ɖe Yehowa ŋui?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ðevi Suewo Gɔ̃ Hã Kafu Yehowa!

Ðevi siwo mekpɔ ɖo ƒewuiwo me o gɔ̃ hã te ŋu ɖi ɖase nyuiwo le suku. Bu nuteƒekpɔkpɔ kpui siawo ŋu kpɔ.

Wonɔ agbalẽ aɖe si ku ɖe alesi Nazitɔwo wɔ fu Yudatɔwo le Xexemeʋa II me ŋu la xlẽm le Amber, si nye ƒe ewo vi, ƒe sukuxɔ me. Amber ɖoe be yeatsɔ video si nye Purple Triangles ana yeƒe nufiala. Ewɔ nuku na nufiala la esi wòkpɔe be woti Yehowa Ðasefowo hã yome le Nazi ƒe dziɖuɖua te. Nufiala la ɖe videoa fia klass bliboa.

Esi Alexa xɔ ƒe anyi la, eŋlɔ lɛta na eƒe sukuxɔmeviwo tsɔ ɖe nusita yemakpɔ gome kpli wo le woƒe Kristmas ɖuɖu me o la me na wo. Ewɔ dɔ ɖe eƒe nufiala dzi ale gbegbe be wòbia be Alexa naxlẽ lɛtaa na eƒe klass bliboa kpakple klass eve bubu me viwo hã woase! Egblɔ le lɛtaa ƒe nuwuwu lɔƒo be: “Wofiam be made bubu amesiwo ƒe dzixɔsewo to vovo na tɔnye ŋu, eye meda akpe na mi ɖe miaƒe bubudede nye hã nye nyametsotso be nyemaɖu Kristmas o ŋu la ta.”

Esi Eric nya dze suku gɔme teti ko la, etsɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ɖe asi yi suku hebia mɔ be yeatsɔe afia yeƒe sukuxɔmehatiwo. Eƒe nufiala gblɔ be: “Mebu be nàwɔe ale boŋ. Nukatae màxlẽ ŋutinyaa na klass bliboa woase o?” Eric xlẽe. Emegbe ebia be amesiwo katã adi be agbalẽa ƒe ɖe nasu yewo si la nado asi ɖe dzi. Ame 18—si me nufiala hã le—ye doe ɖe dzi! Azɔ Eric sena le eɖokui me be anyigbamama le ye ŋutɔ ye si.

Whitney, si nye ƒe asieke vi, kpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede ŋu. * Egblɔ be: “Zi geɖe la, danyee tsɔa agbalẽ gbadza sia naa nye nufialawo ƒe sia ƒe, gake ƒe sia me la, nye ŋutɔe tsɔe na. Meda akpe ɖe agbalẽ gbadza sia ta, si na nye nufiala tiam menye ‘sukuvi nyuitɔ’ si ɖe dzesi le kwasiɖa ma me.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 56 Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ siwo katã ƒe ŋkɔ míeyɔ.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

Nɔnɔme Siwo Ŋudɔ Ame Aɖewo Wɔ Tsɔ Ƒo Nu tso Woƒe Dzixɔse Ŋu

Ne wode suku ƒe nyatakaka aɖe didi alo dɔdasi aɖe asi na ame aɖewo la, wotiaa nyati aɖe si ana woate ŋu aɖi ɖase

Sɔhɛ aɖewo tsɔa video alo agbalẽ aɖe si ku ɖe nane si srɔ̃m wole le suku ŋu la naa woƒe nufiala

Sɔhɛ aɖewo hã xlẽa Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo le ɖiɖiɖemeɣi ale be sɔhɛ bubuwo tena ɖe wo ŋu biaa nya wo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ame bibiwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le hehenana sɔhɛwo me be woasubɔ Yehowa