Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Gbɔgbɔmegɔmeɖose Vavãwo Le?

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Gbɔgbɔmegɔmeɖose Vavãwo Le?

Afikae Nàte Ŋu Akpɔ Gbɔgbɔmegɔmeɖose Vavãwo Le?

RODOLPHE tsɔ eƒe nya sia de fefe me hebia be: “Ne ƒome ƒe kɔnyinyi aɖe ko tae nànɔ subɔsubɔha aɖe me la, ke nukatae màtia Celttɔwo ƒe subɔsubɔ si me mía tɔgbuiwo nɔ ƒe 2,000 enye si va yi boŋ o?” Nukpɔsusu sia na ɖevi si nɔ to ɖomee la ko alɔgbɔnu vie.

Rodolphe gblɔ be: “Mía kple Mawu dome ƒomedodo le vevie nam. Nyemeda asi ɖe nukpɔsusu si me woatsɔ kɔnyinyi azi subɔsubɔdzixɔse ɖe dzinye kple susu be ƒonyemetɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa siwo va yi me la nɔ subɔsubɔha ma me ta la dzi kura o.” Rodolphe da nuwo kpɔ nyuie; mebu nya vevi sia nya tsɛe abe nane si ƒe dome wònyi ko ene o.

Togbɔ be subɔsubɔha ɖeka me nɔnɔ tso dzidzime yi dzidzime dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le ŋkeke siawo me hã la, ame akpa gãtɔ gakpɔtɔ lɔ̃a woƒe ƒomea ƒe subɔsubɔha vevie. Gake ɖe wònye nusi sɔ ɣesiaɣi be woalé ame dzilawo ƒe subɔsubɔ nukpɔsusuwo me ɖe asia? Nukae Biblia gblɔ?

Le Israel-viwo ƒe gbedzimɔzɔzɔ ƒe 40 megbe la, Yosua, si va xɔ ɖe Mose teƒe, tsɔ tiatia aɖewo ɖo wo ŋku me be: “Ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge miala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!”—Yosua 24:15.

Fofo siwo Yosua wɔnɛ la dometɔ ɖekae nye Abraham fofo Tarax, si nɔ Ur du, si nɔ Frat-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi ɣemaɣi, la me. Biblia megblɔ nya boo aɖeke tso Tarax ŋu tsɔ wu nyatakaka si nye be esubɔ mawu bubuwo o. (Yosua 24:2) Togbɔ be viaŋutsu, Abraham, medze si Mawu ƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ o hã la, elɔ̃ faa be yeagble yewo de ɖi esime Yehowa de se nɛ be wòaʋu adzo. Ẽ, Abraham tia subɔsubɔ si to vovo tso fofoa tɔ gbɔ. Le esia ta, Abraham xɔ yayra siwo ƒe ŋugbe Mawu do nɛ la, eye wòva zu amesi subɔsubɔha geɖe dea dzesii be enye “fofo na amesiwo katã xɔ Mawu dzi se.”—Romatɔwo 4:11, Today’s English Version.

Biblia gagblɔ Rut, si nye Yesu Kristo mama, ŋutinya nyui aɖe. Rut, si nye Moab-nyɔnu si ɖe Israel-tɔ aɖe la, va zu ahosi eye tiatiawɔwɔ aɖe dze ŋgɔe be: ɖe wòatsi wo dedukɔ me loo alo ɖe wòakplɔ lɔ̃xoa ɖo ayi ɖe Israel. Esi Rut kpɔ alesi Yehowa subɔsubɔ de ŋgɔe wu trɔ̃ siwo edzilawo subɔna la, egblɔ na lɔ̃xoa be: “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.”—Rut 1:16, 17.

Esi Dictionnaire de la Bible nɔ nu ƒom tso alesi nuŋlɔɖi sia ɖe dzesi etɔxɛe le Biblia-gbalẽwo dome ŋu la, eɖe nu me be nuŋlɔɖi sia ɖee fia “alesi wove dutanyɔnu aɖe, si tso dukɔ si sẽa ŋuta le Israel ŋu eye Israel hã lé fui me la nu, . . . wòva zu Fia kɔkɔe Dawid mama le lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa ƒe dukɔa kple eƒe tadedeagu ta.” Mesesẽ na Rut be wòatia subɔsubɔ aɖe si to vovo na edzilawo tɔ o, eye le nyametsotso ma ta, Mawu yrae.

Nuŋlɔɖi si ƒo nu tso Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzedze ŋu gblɔ susu si tae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblẽ wo tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔwo ɖi eme kɔ nyuie. Le nuƒo ʋãme aɖe me la, Petro kpe eƒe nyaselawo be ‘woana woaɖe wo tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me’ to dzimetɔtrɔ tso woƒe nuvɔ̃wo me kple nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔme me. (Dɔwɔwɔwo 2:37-41) Kpɔɖeŋu ɖedzesiawo dometɔ ɖekae nye Saul, amesi nye Yudatɔ si tia Kristotɔwo yome, la tɔ. Esime Saul nɔ mɔ dzi yina Damasko la, ekpɔ Kristo ƒe ŋutega aɖe, si megbe wòva zu Kristotɔ eye wova yɔe be apostolo Paulo.—Dɔwɔwɔwo 9:1-9.

Kristotɔ gbãtɔawo dometɔ akpa gãtɔ meto nɔnɔme wɔnuku sia me o. Ke hã, ele na wo katã be woaɖe asi le Yuda-subɔsubɔ alo trɔ̃ vovovowo subɔsubɔ ŋu. Amesiwo va zu Kristotɔwo nɔa te ɖe nyateƒea ƒe sidzedze blibo dzi hafi xɔnɛ, eye zi geɖe ne wodzro akpa si Yesu le wɔwɔm abe Mesia ene me kple wo ɣeyiɣi didi aɖe megbe hafi. (Dɔwɔwɔwo 8:26-40; 13:16-43; 17:22-34) Wona Kristotɔ gbãtɔ mawo nyae nyuie alesi gbegbe wòhiã be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me. Amesiamee wokpe, Yudatɔwo kple amesiwo menye Yudatɔwo o siaa, gake gbedasi ɖeka ma koe. Be woadze Mawu ŋu la, ele na wo be woazɔ ɖe subɔsubɔmɔnu yeye nu, si nye Kristotɔnyenye.

Tiatia si Ku Ðe Mía Ŋu Vevie

Abia dzinɔameƒo le ƒe alafa gbãtɔ me godoo be woagbe nu le ƒome ƒe subɔsubɔkɔnuwo—Yuda-subɔsubɔ loo, fiagãsubɔsubɔ loo, alo trɔ̃wo subɔsubɔ—gbɔ ahage ɖe subɔsubɔha aɖe si ŋu Yudatɔwo kple Romatɔwo siaa ɖua fewu le la me. Eteƒe medidi o wohe yometiti sesẽwo va amewo dzi ɖe tiatia sia wɔwɔ ta. Abe alesi Hippolyte Simon, si nye Katolikotɔwo ƒe bisiɔp si le Clermont-Ferrand, gblɔe le eƒe agbalẽ si nye Vers une France païenne? (France Wɔwɔ Trɔ̃subɔsubɔdukɔ Yea?) me ene la, egbea hã, ebia dzinɔameƒo ma ke be ame nagbe be “yemaɖe mɔ kɔnu siwo xɔ aƒe ɖi la natrɔ ye o.” Ebia dzinɔameƒo hafi ame nate ŋu ade ha kple subɔsubɔha aɖe si me tɔwo le ʋɛ, si ŋu woɖua fewu le ɣeaɖewoɣi, si nye Yehowa Ðasefowo, la me tɔ.

Paul, si nye ɖekakpui aɖe tso Bastia, Corsica, si wonyi le Katoliko-ha me la kpɔa gome le sɔlemedɔwɔnawo me ɣeaɖewoɣi abe akpɔnɔvivi dzadzra be woakpɔ ga na Katoliko nunana habɔbɔa ene. Esi wòdi be yease Biblia gɔme wu ta la, elɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nadzro nuwo me kpli ye edziedzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ekpɔe dze sii be nusi srɔ̃m yele la ahe viɖe mavɔwo vɛ na ye. Esia wɔe be Paul lɔ̃ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi heva zu Yehowa Ðasefo. Dzilaawo de bubu eƒe tiatia ŋu, si megblẽ naneke le woƒe ƒome kadodo kplikplikpli la ŋu kura o.

Amélie le France ƒe anyiehe. Eƒe ƒomea me tɔwo nye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome ƒe dzidzime enelia. Nukatae wòtiae be yealé ye dzilawo ƒe subɔsubɔha ƒe nukpɔsusuwo me ɖe asi? Egblɔ be “Ame aɖeke mezua Yehowa Ðasefo le esi dzilaawo alo tɔgbuia nye Yehowa Ðasefo ta o. Gake gbeɖeka la, àva tso nya me le ɖokuiwò si be, ‘Subɔsubɔha si me medi be manɔ enye esia elabena nusiawo dzie meka ɖo.’” Abe alesi wòle le sɔhɛ Yehowa Ðasefo bubuwo gome ene la, Amélie nyae be yeƒe subɔsubɔha ƒe nufiafia si dzi yeka ɖo la na yekpɔ be tameɖoɖo le agbe ŋu eye wonye dzidzɔ mavɔwo tsoƒe.

Nusita Wòle Be Nàlɔ̃ Ðe Mawu ƒe Gɔmeɖosewo Dzi

Lododowo ƒe agbalẽa, ta 6, kpukpui 20, de dzi ƒo na amesiwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu be: “Vinye, dzra fofowò ƒe sedede ɖo, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” Le esi wòadze abe ɖe aɖaŋuɖoɖo ma le sɔhɛwo fiam be woaɖo to dzro ko teƒe la, ele nu xlɔ̃m wo boŋ be woalɔ̃ ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi to woƒe xɔse tutuɖo kple woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso wɔwɔ be yewoasubɔ Mawu me. Apostolo Paulo kpe eƒe zɔhɛwo be ‘woado nuwo katã akpɔ,’ akpɔ be nusi fiam wole wo la le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe Nya la kple Eƒe lɔlɔ̃nu hã, eye be woawɔ nu ɖe enu pɛpɛpɛ.—Tesalonikatɔwo I, 5:21.

Yehowa Ðasefo miliɔn ade kple edzivɔ siwo nye ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, woɖanye amesiwo wonyi le Kristotɔwo ƒe aƒeme loo alo womeɖanyee o, wɔ nyametsotso sia. To Biblia sɔsrɔ̃ nyuie me la, wokpɔ ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le na woƒe biabiawo ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu ŋuti eye nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ameƒomea ŋuti gɔmesese si me kɔ la su wo si. Ne sidzedze sia nya su wo si ko la, wolɔ̃na ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi eye wodzea agbagba ɖesiaɖe be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.

Èɖanye amesi xlẽa magazine sia edziedzi loo mèɖanyee o, anyo be nàlɔ̃ axɔ kpekpeɖeŋu si Yehowa Ðasefowo di be yewoana wò be nàku Biblia me ahadzro eƒe gbɔgbɔmegɔmeɖosewo me la. To esia wɔwɔ me la, àte ŋu ‘aɖɔe kpɔ akpɔ be Yehowa ƒe dɔme nyo’ eye àkpɔ sidzedze si ne èwɔ eŋudɔ la, akplɔ wò ayi agbe mavɔ mee.—Psalmo 34:9; Yohanes 17:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ƒome aɖe si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome ƒe dzidzime enelia le France

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Rut tiae be yeasubɔ Yehowa ke menye mawu siwo tɔgbuiawo subɔ o