Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛ Siwo Doa Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi

Sɔhɛ Siwo Doa Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi

Sɔhɛ Siwo Doa Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi

Sɔhɛ siwo le Yehowa Ðasefowo dome koŋ ye woŋlɔ nusɔsrɔ̃nyati siawo na. Eyata míele dzi dem ƒo na sɔhɛwo be woasrɔ̃ nyati siawo nyuie ahaɖo nya ŋu faa ne miele wo srɔ̃m le hamea ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ me.

“Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.”​—Lododowo 27:11.

1, 2. (a) Ðe xexeamenuwo ƒe amedzodzro dzaa ko fia be ame medze anye Kristotɔ oa? Ðe eme. (Romatɔwo 7:21) (b) Nukae nèsrɔ̃ tso Asaf ƒe kpɔɖeŋua me? (Kpɔ aɖakaa, axa 13.)

TSƆE be yele awuwo dim be yeaƒle. Esi nèle wo me tsam la, èkpɔ awu aɖe si lé dzi na wò enumake. Edze abe eƒe amadede kple atsyã sɔ ɖe alesi nèdii nu pɛpɛpɛ ene, eye asi si wodo ɖe eŋu hã fia be eƒe asi bɔbɔ nyuie. Gake ègbugbɔ ŋku lé ɖe eŋu nyuie. Kasia nàkpɔ la, èkpɔ be awua to vuvu, eye alesi wotɔe hã menyo tututu o. Togbɔ be awua nya kpɔ hã la, èkpɔe be edo xoxo eye wometɔe nyuie o. Ðe nàgblẽ ga ɖe awu manyomanyo ma ŋua?

2 Tsɔ nudzɔdzɔ sia sɔ kple nɔnɔme si ate ŋu adze ŋgɔ wò abe sɔhɛ Kristotɔ ene. Ne èkpɔe gbã la, xexe sia me nuwo—si le abe awu ma ene—adze abe nu nyui lédzinamewo sɔŋ ene. Le kpɔɖeŋu me, wò sukuxɔmehatiwo anɔ kplɔ̃ɖoƒe kpeɖiwo dem, anɔ atikevɔ̃ɖiwo zãm, anɔ aha nom, anɔ ahia dzem, ahanɔ gome kpɔm le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. Ðe agbenɔnɔ sia ƒomevi dzroa wò ɣeaɖewoɣia? Ðe wòdzroa wò be nàɖɔ woƒe yeaɖi ablɔɖe la akpɔa? Ne edzroa wò la, mègatsɔ dzitsitsi ƒo nya tae be dzodzro ma fia be ame gbegblẽe yenye eye be yemedze anye Kristotɔ o. Nyateƒeae nye be Biblia gblɔ be xexeame ate ŋu able ame—amesiwo di be yewoadze Mawu ŋu gɔ̃ hã—nu vevie.—Timoteo II, 4:10.

3. (a) Nukata afɔku le xexeamenuwo yometiti me? (b) Aleke Kristotɔ aɖe ɖɔ xexeamenuwo yometiti ƒe toflokonyenyee?

3 Azɔ gbugbɔ ŋku lé ɖe nuwo ŋu nyuie kpɔ, abe alesi tututu nàwɔe le awu si dim nèle vevie be yeaƒle gome ene. Bia ɖokuiwò be, ‘Nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme kple atsyãwo ƒe nyonyome ɖe?’ Biblia gblɔ be “xexeame va yina.” (Yohanes I, 2:17) Ɣeyiɣi kpui aɖe koe dzidzɔ ɖesiaɖe si woakpɔ tso eme la anɔ anyi. Gakpe ɖe eŋu la, agbenɔnɔ si medzea Mawu ŋu o la me tsonuwo nu menya nɔna o. Eŋu fe mebɔbɔ kura o. Kristotɔ aɖe si wòva hiã be wòado dzi le nusi wòyɔ be “sɔhɛmenɔɣi si yezã yakayaka me tsonu sesẽwo” me la gblɔ be: “Xexeame adze abe enye dzidzɔdonamenu kple nu lédziname ene. Eye edi be nàxɔe ase be àte ŋu akpɔ gome le eƒe yeaɖi dzidzɔdonamenuwo me veve aɖeke masemasee. Gake mele alea gbeɖegbeɖe o. Xexeame azã wò, eye ne egblẽ dowòme wòɖi kɔ nɛ vɔ la, atsɔ wò aƒu gbe.” * Nukata nàzã wò sɔhɛmenɔɣi ɖe agbe maɖɔʋu sia ƒomevi ŋu yakatsyɔ?

Takpɔkpɔ tso “Vɔ̃ɖitɔ la” si Me

4, 5. (a) Hafi Yesu naku la, nukae wòbia Yehowa le gbedodoɖa me? (b) Nukatae biabia sia sɔ?

4 Esi sɔhɛ siwo le Yehowa Ðasefowo dome kpɔe dze sii be nu nyui aɖeke mele nuɖoanyi sia si wòana o ta la, wodzea agbagba be yewoaƒo asa na xɔlɔ̃dzedze xexe sia. (Yakobo 4:4) Sɔhɛ wɔnuteƒe siawo dometɔ ɖekae nènyea? Ne nenemae la, ke èdze na kafukafu. Le nyateƒe me la, mele bɔbɔe be woatsi tre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu ahato vovo o, gake kpekpeɖeŋu li na wò.

5 Hafi Yesu naku la, edo gbe ɖa be Yehowa “nadzra” yeƒe nusrɔ̃lawo “ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Yohanes 17:15) Susu nyui aɖe tae Yesu bia nusia ɖo. Enya be ƒe ka kee ye yomedzelawo ɖaxɔ o, nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi manɔ bɔbɔe na wo o. Nukatae? Abe alesi Yesu gblɔe ene la, susuawo dometɔ ɖekae nye be nusrɔ̃lawo adze ŋgɔ futɔ sẽŋu, makpɔmakpɔ aɖe—si nye “vɔ̃ɖitɔ la,” Satana Abosam. Biblia gblɔ be gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi sia “le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene.”—Petro I, 5:8.

6. Aleke míewɔ nya be Satana mekpɔa nublanui na ɖeviwo o?

6 Le ŋutinya katã me la, Satana do vivi ɖe tagbɔsesẽnu vɔ̃ɖitɔwo kekeake hehe va amegbetɔwo dzii ŋu. Bu fuwɔame dziŋɔ siwo Satana he va Hiob kple eƒe ƒomea dzii ŋu kpɔ. (Hiob 1:13-19; 2:7) Ðewohĩ àte ŋu aɖo ŋku wò agbemeŋkeke me nudzɔdzɔ aɖewo siwo ɖe Satana ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ fia la dzi. Abosam gale eƒe adeklo dzi, eye le amewo didi be yeavuvu ami me la, mekpɔa nublanui aɖeke na sɔhɛwo kura o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ ƒe gɔmedzedze la, Herodes wɔ ɖoɖo be woawu ŋutsuvi siwo katã xɔ va ɖo ƒe eve le Betlexem. (Mateo 2:16) Satanae anya ʋã Herodes—kple susu be yeatsrɔ̃ ɖevi si ava nye Mawu ƒe Mesia si ŋugbe wodo, amesi ahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Satana dzii la! (Mose I, 3:15) Edze ƒã be Satana mekpɔa nublanui sue aɖeke kura na ɖeviwo gɔ̃ hã o. Eƒe tameɖoɖo koŋue nye be yeavuvu ame geɖe alesinu yeate ŋui. Esia me gasẽ fifia wu, elabena wonya Satana tso dziƒo va anyigba dzi, “eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.”—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

7. (a) Aleke Yehowa to vovo kura tso Satana gbɔe? (b) Aleke Yehowa sena le eɖokui me ku ɖe wò vivisese le agbe me ŋu?

7 Amesi to vovo kura na Satana si ‘dzi le kukum ŋutɔ’ lae nye Yehowa, amesi ‘kpɔa nublanui geɖe.’ (Luka 1:78) Eyama ƒe amenyenye ƒe akpa sia akpa enye lɔlɔ̃. Le nyateƒe me la, nɔnɔme nyui sia ɖe dzesi le mía Wɔla la ŋu ale gbegbe be Biblia gblɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Vovototo ka gbegbee nye si le nuɖoanyi sia ƒe mawu kpakple Mawu si mɔnukpɔkpɔ su mía si míele subɔsubɔm la dome! Esi Satana dina be yeavuvu ame la, Yehowa ya ‘medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o.’ (Petro II, 3:9) Edea asixɔxɔ amegbetɔ ɖesiaɖe ƒe agbe ŋu—tɔwò hã le eme. Esi Yehowa xlɔ̃ nu wò le eƒe Nya la me be naganye xexeame ƒe akpa aɖeke o la, menye ɖe wòle agbagba dzem be yeatsi wò vivisese le agbe me nu alo axe mɔ ɖe wò ablɔɖe nu o. (Yohanes 15:19) Ðe ema teƒe la, ɖe wòle tawò kpɔm boŋ tso vɔ̃ɖitɔ la si me. Nusi nyo kura wu xexe sia me vivisese si nu va yina kaba la dim míaƒe Dziƒofofo la le be wòasu asiwò. Eƒe didie nye be wò asi nasu “agbe vavã” la dzi—si nye agbe mavɔ le paradisonyigba dzi. (Timoteo I, 6:17-19) Yehowa di be nàkpɔ dzidzedze, eye ele dzi dem ƒo na wò be nàɖo taɖodzinu ma gbɔ. (Timoteo I, 2:4) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa tsɔ amekpekpe tɔxɛ aɖe ɖo ŋkuwò me. Eyae nye ka?

‘Do Dzidzɔ na Nye Dzi’

8, 9. (a) Nukae nàte ŋu ana Yehowa? (b) Aleke Satana ɖea alɔme le Yehowa ŋui abe alesi wòdze le Hiob ƒe nya la mee ene?

8 ȃle nane yi ɖana xɔ̃wò vevi aɖe kpɔ hekpɔe be edzɔ dzi nɛ hewɔ nuku nɛ, eye wòɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe exɔxɔ ŋua? Ðewohĩ ànya tsɔ ɣeyiɣi didi aɖe bu nusi tututu nàƒle wòado dzidzɔ nɛ ŋu. Azɔ bu biabia sia ŋu kpɔ: Nunana ka ƒomevie nàte ŋu ana Wɔwòla, Yehowa Mawu? Gbã la, nya sia aɖi abe fefenya dzro aɖe ko ene. Nukae Ŋusẽkatãtɔ la hiã tso amegbetɔ tsɛwo gbɔ? Nukae nàte ŋu anae si menye etɔ xoxo o? Biblia ɖo eŋu le Lododowo 27:11 be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.”

9 Abe alesi nànyae le wò Biblia sɔsrɔ̃ me ene la, Satana Abosam enye amesi ɖea alɔme le Yehowa ŋu. Ete tɔ ɖe edzi be menye lɔlɔ̃ mee amesiame si subɔa Mawu la tsona subɔnɛ o, ke boŋ be ɖokuitɔdidi tae. Satana gblɔ be ne wona amewo to nɔnɔme sesẽwo me la, woaɖe asi le tadedeagu vavã ŋu enumake. Le kpɔɖeŋu me, bu nusi Satana gblɔ na Yehowa le ame dzɔdzɔe Hiob ŋu kpɔ: “Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Èyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi. Ke do asi ɖa, ne nàde asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwò me keŋ oa?”—Hiob 1:10, 11.

10. (a) Aleke míewɔ nya be menye Hiob ɖeɖeko ƒe nuteƒewɔwɔ ŋue Satana tsɔ nya ɖo o? (b) Aleke dziɖulanyenye ƒe nyaa lɔ wò hã ɖe emee?

10 Abe alesi wòdze le Biblia me nuŋlɔɖia me ene la, menye Hiob ɖeɖe ƒe nuteƒewɔwɔ ko ŋue Satana tsɔ nya ɖo o, ke boŋ ɖe amesiwo katã subɔa Mawu—tsɔ kpe ɖe wò ŋutɔ hã—ŋue wòtsɔ nya ɖo. Le nyateƒe me la, esi Satana nɔ nu ƒom tso ameƒomea katã ŋu la, egblɔ na Yehowa be: “Amegbetɔ [menye Hiob ɖeɖeko o ke boŋ amesiame] atsɔ nusiwo katã le esi la, ana ɖe eƒe agbe ta.” (Hiob 2:4) Èkpɔ akpa si dze ŋgɔ wò le nya vevi sia mea? Abe alesi wòdze le Lododowo 27:11 ene la, Yehowa le gbɔgblɔm be nane li si nàte ŋu ana ye—si nye nusi dzi yeanɔ te ɖo aɖo nya ŋu na amesi le alɔme ɖem le ye ŋu, Satana. Bu eŋu kpɔ ko—be Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã le biabiam tso asiwò be nàkpɔ gome le nya gãtɔ kekeake si fɔ ɖe te la gbɔ kpɔkpɔ me. Agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ nyadri kae nye si wònye na wò! Ðe nàte ŋu awɔ ɖe nusi Yehowa le biabiam tso asiwò la dzia? Hiob wɔe. (Hiob 2:9, 10) Nenema kee Yesu kpakple ame gbogbo aɖewo, tsɔ kpe ɖe sɔhɛ geɖe ŋu, siwo nɔ anyi le ŋutinya me hã wɔe. (Filipitɔwo 2:8; Nyaɖeɖefia 6:9) Wò hã àte ŋu awɔ nenema ke. Mègable ɖokuiwò kura o, elabena vedomesinɔnɔ aɖeke mele nya sia me o. To wò nuwɔnawo me la, àɖee afia be yede Satana ƒe alɔmeɖeɖea dzi loo alo Yehowa ƒe ŋuɖoɖoa dzi. Ka dzie nàdi be yeade?

Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme na Wò!

11, 12. Ne ètiae be yeasubɔ Yehowa loo alo yemasubɔe o la, ɖe wòtsɔa ɖe le emea? Ðe eme.

11 Ðe akpa si dzi nàtia be yeanɔ la ka Yehowa nenema gbegbea? Ðe ame gbogbo aɖewo melé nuteƒewɔwɔ nɛ me ɖe asi xoxo be wòate ŋu ana ŋuɖoɖo si sɔ la Satana oa? Nyateƒee, Abosam ƒu asi akɔ be ame aɖeke metsoa lɔlɔ̃ me subɔa Yehowa o, esi nye nutsotso aɖe si dze xoxo be aʋatsoe. Ke hã, Yehowa di be wò hã nànɔ yeƒe akpa dzi le dziɖulanyenye ƒe nya la me elabena etsɔ ɖe le eme na wò. Yesu gblɔ be: “Menye mía Fofo, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu bena nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nabu o.”—Mateo 18:14.

12 Edze ƒã be Yehowa tsɔ ɖe le akpa si nàtia me. Vevietɔ wu la, ekae. Biblia na eme kɔ ƒã be seselelãme detowo le Yehowa si siwo amegbetɔwo ƒe nuwɔna nyuiwo alo gbegblẽawo nana wòɖenɛ fiana. Le kpɔɖeŋu me, esime Israel-viwo nɔ aglã dzem edziedzi la, “wodo dziku” na Yehowa. (Psalmo 78:40, 41) Do ŋgɔ na Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa, esime “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ” la, ‘eɖu dzi na’ Yehowa. (Mose I, 6:5, 6) Bu nusi esia fia ŋu kpɔ. Ne ètia mɔ gbegblẽ la, àna wòate ɖe Wɔwòla dzi. Esia mefia be Mawu nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ alo be seselelãmewo ɖua edzi o. Ke boŋ efia be elɔ̃ wò eye wòtsɔ ɖe le wò nyonyo me vevie. Gake ne èwɔ nusi nyo la, Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔ. Menye le esi ŋuɖoɖo bubu gasu esi wòana Satana ta koe dzi dzɔnɛ ɖo o ke le esi wòate ŋu ava nye Teƒeɖola na wò hã tae. Eye emae nye amesi wòdi be yeanye na wò. (Hebritɔwo 11:6) Fofo lɔ̃ame kae nye si Yehowa Mawu nye na wò!

Yayra Gbogbowo Fifia

13. Aleke Yehowa subɔsubɔ hea yayrawo vɛ fifia gɔ̃ hãe?

13 Menye etsɔme koe yayra siwo dona tsoa Yehowa subɔsubɔ me la sua ame si o. Sɔhɛ geɖe siwo le Yehowa Ðasefowo dome kpɔa dzidzɔ kple dzidzeme fifia, eye le susu nyui aɖe ta. Hakpala la gblɔ be: “Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi.” (Psalmo 19:9) Yehowa nya nusi nyo na mí wu amegbetɔ ɖesiaɖe. Yehowa to nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:17, 18.

14. Aleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na fenyinyie?

14 Wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na vevesese kple dzigbagbã geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be amesiwo me galɔlɔ̃ le la ‘tsɔa nuxaxa geɖe ŋɔa wo ɖokui flofloflo.’ (Timoteo I, 6:9, 10) Ðe ŋɔŋlɔ sia me nyawo ƒe nyateƒenyenye wɔnublanuiwo dzɔ ɖe hatiwò aɖewo dzia? Ðekakpui kple ɖetugbi aɖewo nyi fe gãwo le esi wodi be awu kple mɔ̃ yeye siwo le tsia dzi nanɔ yewo si ta. Fe gbogbo si nànɔ xexem ɣeyiɣi didi aɖe ɖe nusiwo ta màte ŋu axe fe ɖo enumake o la nye kluvinyenye ƒomevi aɖe si vena ŋutɔ!—Lododowo 22:7.

15. Mɔ kawo nue Biblia me gɔmeɖosewo kpɔa tawò tso vevesese si gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ hena vɛ me le?

15 Bu gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nyaa hã ŋu kpɔ. Le xexeame godoo la, ƒewuivi gbogbo aɖewo siwo menye srɔ̃tɔwo o la fɔa fu ƒe sia ƒe. Wo dometɔ aɖewo dzia vi siwo womedi o alo siwo dzi womate ŋu akpɔ o. Bubuwo ɖea fu eye woƒe dzitsinya va nɔa fu ɖem na wo vevie emegbe. Eyome ɖekakpui kple ɖetugbi siwo xɔa nulɔdɔwo, abe AIDS ene hã li. Gake le amesiwo dze si Yehowa gome la, emetsonu si ƒo ɖesiaɖe tae nye woa kple Yehowa dome ƒomedodo si me agblẽ. * (Galatiatɔwo 5:19-21) Eyata susu nyui aɖe tae Biblia gblɔ nya sia ɖo, be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu.”—Korintotɔwo I, 6:18.

“Dzidzɔ Mawu” la Subɔsubɔ

16. (a) Aleke míewɔ nya be Yehowa di be nàse vivi le wò sɔhɛmenɔɣi? (b) Nukatae Yehowa na mɔfiame wò be nàzɔ ɖe edzi?

16 Biblia ɖɔ Yehowa be enye “Dzidzɔ Mawu.” (Timoteo I, 1:11, NW) Edi be dzi nadzɔ wò hã. Le nyateƒe me la, eya ŋutɔ ƒe Nya la gblɔ be: “Kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wo ɖekakpui ŋkekewo me.” (Nyagblɔla 11:9) Gake Yehowa kpɔa nu yia ŋgɔ wu nusiwo le dzɔdzɔm fifia eye ate ŋu anya nyui kple vɔ̃ me tsonu siwo nu womate ŋu asi le o. Ema tae wòɖo aɖaŋu sia na wò be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nèle gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo.”—Nyagblɔla 12:1.

17, 18. Aleke sɔhɛ Kristotɔ aɖe ɖe eƒe dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa subɔsubɔ me gblɔe, eye aleke wò hã nàwɔ akpɔ dzidzɔ ma ke?

17 Egbea, sɔhɛ geɖe le dzidzɔ kpɔm vevie le Yehowa subɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, Lina si xɔ ƒe 15 gblɔ be: “Mate ŋu aƒu asi akɔ faa. Lãmesẽ le asinye le esi metsri atamanono kple atikevɔ̃ɖizazã ta. Mexɔa mɔfiame nyuiwo tsoa hamea gbɔ si kpena ɖe ŋunye be matsi tre ɖe Satana ƒe nyaƒoɖeamenu sesẽwo ŋu. Dzidzɔ le mo nam le hadede tuameɖo si mekpɔna le Fiaɖuƒe Akpata me ta. Esi ƒo wo katã tae nye be mɔkpɔkpɔ si ɖeke mesɔ kpli o, si nye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi, la le asinye.”

18 Abe Lina ene la, Kristotɔ sɔhɛ geɖe le woƒe xɔse ta ʋlim vevie, eye esia naa wokpɔa dzidzɔ. Wokpɔe dze sii be tameɖoɖo vavã kple etsɔme nyui aɖe li na yewo le agbe me—togbɔ be gbetɔamewo nɔa eme ɣeaɖewoɣi hã. Eyata yi edzi nàsubɔ Mawu si tsɔa ɖe le wò nyonyo me vevie la. Do dzidzɔ na eƒe dzi, eye ana nàkpɔ dzidzɔ fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!—Psalmo 5:12.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ nyati si nye “Nyateƒea Xɔm Ðe Agbe,” si le November 8, 1996, ƒe Nyɔ! (Eŋlisigbe me tɔ, October 22) me.

^ mm. 15 Efaa akɔ na ame be woanya be ne ame trɔ dzime, ɖe asi le nu gbegblẽ wɔwɔ ŋu, heʋu eƒe nuvɔ̃wo me la, Yehowa ‘atsɔe akee geɖe.’—Yesaya 55:7.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Afɔku kae nèdze ŋgɔe tso “vɔ̃ɖitɔ,” Satana, gbɔ?

• Aleke nàte ŋu ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzii?

• Aleke Biblia ɖee fiae be Yehowa tsɔa ɖe le eme na wò?

• Yayra siwo Yehowa subɔsubɔ hena vɛ dometɔ aɖewo ɖe?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ame Dzɔdzɔe aɖe ƒe Afɔ Ðiɖi Kloe

Asaf nye Lewi-vi haƒola xɔŋkɔ aɖe si nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa me le blema Israel. Ekpa ha aɖewo gɔ̃ hã siwo wozãna le gaglãgbe tadedeagu me. Gake togbɔ be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia su Asaf si hã la, eva kpɔe ɣeaɖeɣi be ye hati mawumavɔ̃lawo, siwo edze abe wodaa Mawu ƒe sewo dzi tohehe maxɔmaxɔe ene, ƒe agbenɔnɔ va nɔ yeƒe susu hem. Asaf gblɔ emegbe be: “Ekpɔtɔ ʋɛ nye afɔ da kloe, esusɔ vie nye afɔ ɖiɖi kloe. Elabena meʋã ŋu adegbeƒola, esi mekpɔ be, enyona na ame vɔ̃ɖi la.”—Psalmo 73:2, 3.

Emegbe Asaf yi Mawu ƒe gbedoxɔa me hetsɔ nyaa de gbedodoɖa me. Gbɔgbɔmeŋku yeye si va su esi la na wòse egɔme be Yehowa lé fu nugbegblẽwɔwɔ eye ame vɔ̃ɖiwo kple ame dzɔdzɔewo siaa ava ŋe nusi woƒã la me tsonuwo mlɔeba. (Psalmo 73:17-20; Galatiatɔwo 6:7, 8) Nyateƒee wònye be ame vɔ̃ɖiwo le ɖiɖiƒe. Mlɔeba la, woadze anyi godoo ne Yehowa he tsɔtsrɔ̃ va xexe mavɔ̃mawu sia dzi.—Nyaɖeɖefia 21:8.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Yehowa tsɔa ɖe le wò nyonyo me vevie, le esime Satana ya ƒe taɖodzinu enye be yeavuvu wò ami

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Sɔhɛ geɖe le dzidzɔ kpɔm vevie to Yehowa subɔsubɔ kple hati Kristotɔwo me