Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aɖaŋudɔ Wɔnuku Aɖe”

“Aɖaŋudɔ Wɔnuku Aɖe”

Minɔ Tsitre Bliboe Miakpɔ Kakaɖedzi Sẽŋu

“Aɖaŋudɔ Wɔnuku Aɖe”

TSO Yehowa Ðasefowo ƒe egbegbe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ke la, wotsɔ ɖe le Yesu Kristo ƒe nyagblɔɖiwo dometɔ ɖeka me vevie, esi nye: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Esi ƒe 1914—“ŋkeke mamlɛawo” ƒe gɔmedzedze—nɔ aƒe tum la, Biblia Nusrɔ̃vi dovevienuwo tsɔ kakaɖedzi sẽŋu wɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo fiafiadɔ aɖe le xexeame katã si ɖeke mesɔ kplii o.—Timoteo II, 3:1.

Be woate ŋu aɖo taɖodzinu si nɔ wo si si nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia le anyigba bliboa dzi gbɔ la, Yehowa subɔla siawo zã mɔnu yeye aɖe si bia dzideƒo, eye woana woakpɔ nuwo le susu me nyuie. Be nànya nu geɖe tso eŋu la, na míatrɔ ayi ɖe ŋkeke mawo me.

Gbeƒãɖeɖe Nyanyuia ƒe Mɔnu Yeye Aɖe

Ƒe 1914 ƒe January mee. Tsɔe be yele ame 5000 dome le sinimaxɔ aɖe si me tsyɔ me le New York City. Sinima kpɔƒe gã aɖe le ŋkuwòme. Ŋutsu taɣitɔ si do awudziwui ʋlaya aɖe dze le sinima me. Èkpɔ sinima siwo ŋu nuƒo mekpe ɖo o kpɔ, gake ŋutsu sia ya le nu ƒom, eye ète ŋu le eƒe nyawo sem. Aɖaŋudɔ yeye aɖe si tom wole vɛ la ƒe gbãtɔ enye ma kpɔm nèle, eye gbedasi si le esi la nye etɔxɛ. Amesi le nua ƒom ye nye Charles Taze Russell, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ, eye sinima lae nye “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia.”

C. T. Russell kpɔ alesi woate ŋu ato sinimaɖeɖe dzi aɖo ame gbogbowo gbɔ la dze sii. Eyata le ƒe 1912 me la, edze “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” wɔwɔ gɔme. Mlɔeba, eva nye gaƒoƒo enyi ƒe fotoɖeɖefia kple sinima si wowɔ, si me amadede kple gbeɖiɖi le.

“Fotoɖeɖefia” sia si wowɔ ɖe akpa ene me la, kplɔ nukpɔlawo tso nuwo wɔɣi va to amegbetɔ ƒe ŋutinya me yi ɖe Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba kple amegbetɔƒomea ƒe emevava le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu. Ƒewo ava yi hafi woate ŋu awɔ mɔ̃ɖaŋu si woatsɔ awɔ sinima siwo woɖena xɔa gae. Ke hã ame miliɔn geɖe kpɔ ‘Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefiaa’ femaxee!

Wolé ha nyuiwo kple nuƒo 96 ɖe agba dzi kpe ɖe ‘Fotoɖeɖefiaa’ ŋu. Wowɔ fotoɖeɖefia siwo ɖe xexeame nudzɔdzɔwo fia ɖe amadede dzeaniwo me. Ehiã be woata nu alafa geɖewo kpee. Wodze agbagba geɖe ŋutɔ hafi tsɔ asi de ama fotoɖeɖefia me nɔnɔmetataa dometɔ aɖewoe. Eye wogbugbɔ wɔ esia zi geɖe elabena le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wowɔ foto siawo siwo le akpa ene me ƒe teƒe 20. Esia wɔe be wote ŋu ɖea ‘Fotoɖeɖefiaa’ ƒe akpa aɖe le du vovovo 80 me le ŋkeke ɖesiaɖe si woɖo dzi bɔbɔe!

Nusiwo Yia Edzi

Nukawoe nɔa edzi yim si nukpɔlawo mekpɔna o ne wole “Fotoɖeɖefia” la ɖem? Biblia Nusrɔ̃vi aɖe si ŋkɔe nye Alice Hoffman gblɔ be: “Ne wodze Fotoɖeɖefiaa ɖeɖe gɔme la, Nɔviŋutsu Russell ye dzena gbã. Ne edze le sinimaɖekpea dzi eye eƒe nuyiwo te ʋaʋã la, ekema wodzea agbaƒomɔ̃a ƒoƒo gɔme . . . eye eƒe gbe sese dzɔa dzi na mí.”

Esi Zola Hoffman nɔ nu ƒom tso foto si ɖea nuwo ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi ŋu la, egblɔ be: “Esi wonɔ nuwɔwɔ ƒe ŋkekeawo ɖem míenɔ kpɔkpɔm la, menɔ anyi heke nu ɖe te. Dzogbenyawo ke míawo ŋutɔ míekpɔ.”

Hadzidzi lɔ̃la Karl F. Klein si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ gblɔ kpee be: “Esi wonɔ foto siawo ɖem fia la, wonɔ ha siwo nyo hevivi, si dometɔ aɖewoe nye Narcissus kple Humoreske, ƒom kpe ɖe eŋu.”

Nu bubu siwo womaŋlɔ be o hã dzɔ. Clayton J. Woodworth, Jr. gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nusi ɖem wole kple nuƒo si ƒom mɔ̃a le la mesɔna o eye wòɖia kokoe. Ɣeaɖeɣi la, nya si nɔ ɖiɖim enye ‘Dzo abe Xevi ene Yi Wò To Dzi,’ eye nusi dze le sinimaɖekpea dzi enye gigantosaurus gã aɖe, si nye lã gã aɖe si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa!”

Wowɔ ‘Eureka Ðeɖefiawo’ hã tsɔ kpe ɖe “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” siwo woɖena edziedzi la ŋu. (Kpɔ aɖakaa me.) Wowɔ ɖe wònye nuƒo kpakple haƒoƒo siwo wolé ɖe agba dzi. Bubu nye nya siwo wolé ɖe agba dzi kple fotoawo. Togbɔ be nuwo meʋãna le ‘Eureka Ðeɖefiaa’ me o hã la, ekpɔ dzidzedze le nuto siwo me amewo mesɔ gbɔ ɖo o me ŋutɔ.

Ðaseɖinu Sẽŋu Aɖe

Kaka ƒe 1914 nawu enu la, woɖe “Fotoɖeɖefia” la fia nukpɔla siwo ƒe ƒuƒoƒo wu 9,000,000 le Dziehe Amerika, Europa, kple Australia. Togbɔ be Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ ʋɛ hã la, kakaɖedzi sẽŋu si hiã be woatsɔ mɔnu yeye sia aɖe gbeƒã nyanyuia nɔ wo si. Wotsɔ dzidzɔ dzɔ ga si hiã be woatsɔ ahaya teƒe siwo sɔ hena wo ɖeɖefia. Aleae wòdzɔe be “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la wɔ dɔ gã aɖe le Mawu ƒe Nyaa kple tameɖoɖo fiafia nukpɔlawo me.

Ame aɖe ŋlɔ lɛta ɖo ɖe C. T. Russell be: “Zi gbãtɔ si mekpɔ míaƒe Fotoɖeɖefia lae nye agbenɔnɔ trɔ; alo magblɔ be enye esime nye nɔnɔme trɔ le Biblia nyanya gome.” Ame bubu gblɔ be: “Nye dzixɔse me gblẽ kloe eye mese le ɖokuinye me be ‘Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia’ si woɖe fia le afisia le dzomeŋɔli si va yi mee xɔ nam. . . . Fifia la, ŋutifafa ma si xexeame mate ŋu ana o, si ƒe kesinɔnuwo ŋu nyemaɖe asi le o la su asinye.”

Demetrius Papageorge, amesi wɔ dɔ le Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã ɣeyiɣi didi aɖe la gblɔ be: “Ne míebu Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe xexlẽme sue si nɔ anyi kple ga vi si nɔ wo si ŋu la, míakpɔ be ‘Fotoɖeɖefia’ la nye aɖaŋudɔ wɔnuku aɖe. Yehowa ƒe gbɔgbɔe nɔ megbe nɛ nyateƒe!”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

“Eureka Ðeɖefia” La

Esi woɖe Habɔbɔa ƒe “Fotoɖeɖefia” gbãtɔ ɖe go ɣleti enyi megbe la, wokpɔe be ehiã be woawɔ eƒe akpa bubu si woyɔ be “Eureka Ðeɖefia” la. Eyata esi woyi edzi le “Fotoɖeɖefia” bliboa ɖem fia le dugãwo me la, wonɔ ‘Eurekatɔawo’ si me gbedasi vevi mawo ke le la ɖem le kɔƒewo kple agbledenutowo me. Wogblɔ le “Eureka Ðeɖefia” sia ƒe ɖe ŋu be ena “mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ nɔvinyɔnuwo” be woaɖe gbeƒã. Nukatae? Elabena eƒe agbawo ƒe kpekpeme nye kilogram 14 ko. Gake be woaɖee afia la, ele be woatsɔ agbaƒomɔ̃a hã ɖe asi.