Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbeƒãɖeɖe Tɔxɛ Aɖe

Gbeƒãɖeɖe Tɔxɛ Aɖe

Gbeƒãɖeɖe Tɔxɛ Aɖe

LE Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpea ƒe nuwuwu le October 7, 2000, dzi la, takpekpea ƒe zimenɔla John E. Barr, si nye Dziɖuhaa me tɔ ɖe gbeƒã tɔxɛ aɖe. Wotu gbeƒãɖeɖe sia ɖe nuƒo siwo Theodore Jaracz kple Daniel Sydlik ƒo do ŋgɔ gbemagbe dzi.—Kpɔ magazine sia ƒe axa 12-16 kple 28-31.

Nɔviŋutsu Barr gblɔ nya vevi aɖe esime wògblɔ be: “Wotsɔ dɔ vevi siwo de ŋgɔ helolo wu esiwo wode asi na dɔwɔha siwo woɖo le se nu, la de asi na ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ kple eƒe Dziɖuha la. Nya siwo wogblɔ ɖe habɔbɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe dɔwɔɖoɖowo me la nye esiwo mebia nu geɖe akpa o. Gake míaƒe Aƒetɔ, Yesu Kristo, ɖo dɔla nuteƒewɔla ƒe haa ɖe eƒe ‘nunɔamesiwo,’ alo Fiaɖuƒea ƒe nu siwo katã le anyigba dzi afisia la dzi.”—Mateo 24:45-47.

Nɔviŋutsu Barr gblɔ le dɔwɔha si woɖo le se nu le Pennsylvania la ŋu be: “Tso esime woɖo Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania wònye dɔwɔha le se nu le ƒe 1884 me la, ewɔ akpa vevi aɖe le míaƒe egbeŋkekeawo me ŋutinya me. Ke hã habɔbɔ si woɖo le se nu koe wògakpɔtɔ nye na ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la wòzãna ne ehiã.”

Le Nɔviŋutsu Sydlik kple Jaracz ƒe nuƒowo me la, woɖe eme be nyateƒe si wònye be wotsɔ Aƒetɔa ƒe nunɔamesi siwo katã le anyigba dzi de asi na “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la mefia be dɔla ƒe ha la mate ŋu aɖe mɔ na “alẽ bubuawo” me tɔ siwo dze la be woakpɔ hakplɔɖoɖo me agbanɔamedzi aɖewo siwo wowɔna edziedzi la gbɔ o. (Yohanes 10:16) Eye Ŋɔŋlɔawo me susu aɖeke hã meli si bia be habɔbɔ siwo woɖo le se nu si Yehowa Ðasefowo zãna la me tɔwo katã nanye Kristotɔ amesiaminawo o.

Nɔviŋutsu Barr gblɔ na nyaselawo be nyitsɔ laa la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ siwo nye dɔwɔha siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” zãna le United States ƒe ŋgɔnɔlawo dometɔ aɖewo ŋutɔ ɖe asi le woƒe nɔƒewo ŋu. Wotia nɔviŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo tso alẽ bubuawo dome ɖo wo teƒe.

Le nyateƒe me la, viɖe le nyametsotso sia ŋu. Ewɔe be Dziɖuhaa me tɔwo te ŋu kpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe asitɔtrɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖua ŋu eye le mɔ bubu nu la, be woakpɔ xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ.

Le etaƒoƒo me la, zimenɔla la gblɔ na eƒe nyasela siwo dzi nɔ dzɔdzɔm be: “Togbɔ be wotsɔ senyawo kple hakplɔɖoɖo vovovoawo de asi na dzikpɔla kpɔnuteƒewo hã la, . . . wo katã wowɔa dɔ le Dziɖuhaa ƒe gbɔgbɔmemɔfiafia te. . . . Mí katã míetsɔ gbedodoɖa le mɔ kpɔm be Yehowa nayra ɖe agbagba si dzem míele ɖekae le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me la dzi, be wòanye bubu kple ŋutikɔkɔe na eƒe ŋkɔ gã la.”