Nukata Nànye Nyuiwɔla?
Nukata Nànye Nyuiwɔla?
JAPAN ŋutsu aɖe si xɔ wu ƒe 40 si ŋkɔe nye Kunihito ʋu yi United States eteƒe medidi boo o. * Le eƒe afima ɖoɖo kwasiɖa aɖewo ko megbe la, edze ŋgɔ nɔnɔme aɖe si ate ŋu agblẽ nu le eƒe dɔwɔɖui ŋu. Kunihito gblɔ be: “Esi míaƒe dɔmemegã biam be mate ŋu awɔ dɔ aɖe hã la, meka ɖe edzi be mate ŋui. Ke hã esi wofiam tso ɖevime ke be mabu ɖokuibɔbɔ nɔnɔme nyuii ta la, meɖo eŋu be: ‘Nyemenya ne mate ŋu awɔe ya o, gake madze agbagba awɔ nye ŋutete ɖesiaɖe.’ Ewɔ na nye dɔmemegã si nye Amerikatɔ la be ke ɖe nyemenya dɔa o eye nyemeka ɖe ewɔwɔ dzi o ene. Esi meva kpɔ be aleae wòse emee la, mekpɔ be ele be mawɔ tɔtrɔ aɖewo.”
Maria si le New York City nye sukuvi tagbɔɖaɖɛtɔ aɖe si dina ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ye tɔ sukuviwo ŋu. Juan nye wo hati sukuvi si dia Maria ƒe kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi. Gake ŋutsuvia di hã be yeadze ahiãe eye wòdzea agbagba be yeƒe nu nalé dzi na Maria. Togbɔ be Maria di be yeanɔ agbe dzadzɛ hã la, eva lɔ̃ ɖe Juan ƒe ahiãnyawo dzi eye wòva nɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ.
Nu sesẽ ŋutɔe wònye be woaɖe nyuiwɔwɔ afia le egbe xexe gblẽku si me dukɔwo ƒe agbenɔnɔ to vovo na wo nɔewo tɔ la me. Eyata nukata wòle be nàtu nyuiwɔwɔ ɖo? Esi nu nyui wɔwɔ dzea Mawu ŋu, eye le nyateƒe me la, mía dometɔ akpa gãtɔ míedina be míaƒe nu nadze eŋu tae.
Mawu ƒe Nya Biblia xlɔ̃ nu exlẽlawo be woatu nyuiwɔwɔ ɖo. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!” (Filipitɔwo 4:8) Eye apostolo Petro de dzi ƒo na mí be míatsɔ ‘veviedodo katã aɖe nyuiwɔwɔ afia le míaƒe xɔse me.’ (Petro II, 1:5) Gake nukae nye nyuiwɔwɔ? Ðe wònye nu woate ŋu afia ame le sukuxɔ mea? Aleke míawɔ atui ɖo?
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo dometɔ aɖewo.