Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woɖo Dzikpɔlawo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo Le Teokrasimɔ Nu

Woɖo Dzikpɔlawo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo Le Teokrasimɔ Nu

 Woɖo Dzikpɔlawo Kple Subɔsubɔdɔwɔlawo Le Teokrasimɔ Nu

“Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo [gbɔgbɔ kɔkɔe] la ɖo mi la dzi.”—DƆWƆWƆWO 20:28.

1, 2. Aleke Yesaya 60:22 le eme vamee?

YEHOWA gblɔe ɖi tso blema ke be nu ɖedzesi aɖe adzɔ le nuwuɣia me. Egblɔe to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.”—Yesaya 60:22.

2 Ðe kpeɖodzi li be nyagblɔɖi sia le eme vam egbea? Ẽ, kpeɖodzi li! Le ƒe 1870-awo me la, woɖo Yehowa ƒe amewo ƒe hame ɖeka le Allegheny, Pennsylvania, U.S.A. Hame akpe teƒe akpe nanewo do tso hame sue sia si wotsɔ dze egɔmee me hele dzidzim ɖe edzi le xexeame katã. Fiaɖuƒegbeƒãɖela miliɔn geɖe—si nye dukɔ sesẽ aɖe—le hame siwo wu 91,000 me fifia le anyigba 235 dzi le xexeame godoo. Ðikekemanɔmee la, esia le kpe ɖom edzi be Yehowa le tsɔtsɔe dom nyateƒe subɔlawo nuƒoƒoƒu hafi “xaxa gã” la, si tu aƒe ŋutɔ la nava.—Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 7:9-14.

3. Nukae amenyɔnyrɔ ɖe ‘Fofo la, Vi la, kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me’ fia?

3 Ne ame miliɔn siawo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa vɔ la, wonyrɔa wo “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple [gbɔgbɔ kɔkɔe] la ƒe ŋkɔa me” le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe mɔfiamewo. (Mateo 28:19) Adzɔgbeɖela siawo nyɔnyrɔ ɖe ‘Fofo la ƒe ŋkɔa me’ fia be wolɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye yewoƒe Dziƒofofo kple Agbenala eye wobɔbɔ ɖe eƒe dziɖulanyenye te. Wo nyɔnyrɔ ɖe ‘Vi la ƒe ŋkɔa me’ fia be woʋu eme be Yesu Kristoe nye yewoƒe Tafexela, Kplɔla, kple Fia. Wolɔ̃ hã be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, alo dɔwɔŋusẽ, nafia mɔ yewo le yewoƒe agbe me. Esia fia be wonyrɔ wo ɖe ‘gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.’

4. Aleke woɖoa Kristotɔ subɔlawoe?

4 Ne nusrɔ̃la yeyewo xɔ nyɔnyrɔ la, woɖoa wo Yehowa Mawu ƒe subɔlawoe. Amekae ɖoa wo? Ne wokekee ɖe enu la, nya siwo woŋlɔ ɖe Korintotɔwo II, 3:5 ku ɖe wo ŋu, si gblɔ be: ‘Míaƒe dzedze anye subɔlawo tso Mawu gbɔ.’ Naneke megali si ŋu bubu le wu be Yehowa Mawu ŋutɔ naɖo wo o! Zi alesi woyi edzi xɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe mɔfiame hewɔna ɖe eƒe Nya dzi ko la, woayi edzi atsi le gbɔgbɔ me le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe anye ‘nyanyuia’ ƒe subɔlawo.—Mateo 24:14; Dɔwɔwɔwo 9:31.

Woɖo Wo le Teokrasimɔ Nu—Menye Le Demokrasimɔ Nu O

5. Ðe wotiaa Kristotɔ dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le demokrasimɔ nua? Ðe eme.

5 Dzikpɔla bibi siwo kpɔa ame dzi nyuie kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu vavã hiã be woakpɔ subɔla siwo le subɔsubɔdɔa wɔm siwo le dzidzim ɖe edzi la ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Filipitɔwo 1:1) Aleke woɖoa ŋutsu gbɔgbɔmeme siawoe? Menye abe alesi Kristodukɔa wɔnɛ ene o. Le kpɔɖeŋu me, wometoa demokrasimɔ nu tiaa Kristotɔ dzikpɔlawo o, si nye hamea me tɔ  akpa gãtɔ ƒe akɔdada atsɔ atia woe. Ke boŋ teokrasimɔ nu ye wotiaa amesiawo le. Nya ma gɔme ɖe?

6. (a) Nukae nye teokrasi vavã? (b) Nukatae woɖoa dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le teokrasimɔ nu?

6 Kpuie ko la, teokrasi nyateƒetɔ nye Mawu ƒe dziɖuɖu. Yehowa ƒe Ðasefowo lɔ̃na faa bɔbɔna ɖe eƒe dziɖulanyenye te eye wowɔa nu ɖekae ale be woate ŋu awɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 143:10; Mateo 6:9, 10) Woɖoa Kristotɔ dzikpɔla alo hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le teokrasimɔ nu elabena mɔ si dzi wotona kafua ŋutsu siawo siwo dzi woka ɖo la sɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo si le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me nu. Eye esi Yehowa ‘ɖo kpo ɖe nusianu dzi’ ta la, eyae kpɔ mɔ afia alesi wòle be eƒe habɔbɔ si wokpɔna nawɔ dɔe.—Kronika I, 29:11; Psalmo 97:9.

7. Hakplɔɖoɖo kae wotsɔ kplɔa Yehowa Ðasefowo?

7 Yehowa Ðasefowo mewɔa gbɔgbɔmehakplɔɖoɖo si dzi woazɔ ɖo ŋuti nyametsotso na wo ɖokui, abe alesi subɔsubɔha geɖe wɔnɛ le Kristodukɔa mee ene o. Kristotɔ ɖianukware siawo dzea agbagba zɔna ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu tututu. Menye sɔlemedziɖuɖu abe hamea ƒe dziɖuɖu, osɔfowo, alo nunɔlawo ƒe dziɖuɖu tɔgbe aɖee ɖoa dzikpɔla siwo le wo dome la o. Ne xexemenuwɔna aɖe di be yeage ɖe amesiawo ɖoɖo me la, Yehowa ƒe amewo meɖea mɔ ɖe eŋu o. Woléa ɖoɖo si ƒe alafa gbãtɔ me apostoloawo ɖe gblɔ eme kɔ nyuie la me ɖe asi tamanamanae, be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Eyata Ðasefowo bɔbɔa wo ɖokui ɖe Mawu te le nusianu me. (Hebritɔwo 12:9; Yakobo 4:7) Teokrasiɖoɖo dzi zɔzɔ na Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.

8. Aleke demokrasi kple teokrasi ɖoɖowo to vovo na wo nɔewoe?

8 Esi míenye Teokrasidziɖula Gã, Yehowa, subɔlawo ta la, anyo be vovototo siwo le demokrasi kple teokrasi ɖoɖowo dome nanɔ susu me na mí. Demokrasiɖoɖowo bia be woatia amesi sɔ be wòanɔ amewo nu eye zi geɖe la, ameawo tsana doa boblo be woatia yewo eye enɔa te ɖe ame akpa gãtɔ ƒe akɔdada na ame dzi. Womewɔa ɖoɖo siawo ŋudɔ tsɔ ɖoa amewo le teokrasimɔ nu o. Menye amewo gbɔe ameɖoɖo siawo tsona o; eye menye habɔbɔ siwo woɖo le se nu ƒe ɖoɖo aɖee wozãna o. Edze ƒã be esi Paulo nɔ nu ƒom tso Yesu kple Yehowa ƒe eyama ɖoɖo “trɔ̃subɔlawo ƒe apostolo” ŋu la, egblɔ na Galatiatɔwo be ye ɖoɖo ‘menye amewo gbɔ wòtso o, eye meto ame aɖeke hã dzi o, ke boŋ eto Yesu Kristo kple Mawu Fofo, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la dzi.’—Romatɔwo 11:13; Galatiatɔwo 1:1.

Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae Ðo Wo

9. Nya kae Dɔwɔwɔwo 20:28 gblɔ le Kristotɔ dzikpɔlawo ɖoɖo ŋu?

9 Paulo ɖo ŋku edzi na dzikpɔla siwo nɔ Efeso la be Mawue ɖo wo to gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi. Egblɔ be: ‘Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzi kpɔlawo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Mawu ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ Vi ƒe ʋu la.’ (Dɔwɔwɔwo 20:28) Ehiã na Kristotɔ dzikpɔla mawo be woayi edzi aɖe mɔ le wo ɖokui ŋu gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ wo esi wole Mawu ƒe alẽwo kpɔkplɔ ƒe agbanɔamedziwo gbɔ kpɔm. Ne ŋutsu aɖe si woɖo da le Mawu ƒe dzidzenu dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔea aɖee ɖa le nɔƒea ne ɣeyiɣia de.

10. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa akpa vevi aɖe le amewo ɖoɖo le teokrasimɔ nu mee?

10 Mɔ ka nue gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa wɔƒe vevi aɖe le? Gbã la, gbɔgbɔ kɔkɔea dzie woto ŋlɔ nuŋlɔɖi si me nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo hena gbɔgbɔmedzikpɔladɔ wɔwɔ le la. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Timoteo kple Tito me la, egblɔ dzidzenu siwo gbɔ wòle be dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo naɖo la le eme. Nudidi siwo wòyɔ katã ƒe xexlẽme le 16. Le kpɔɖeŋu me, ele na dzikpɔlawo be mokaka naganɔ  wo ŋu o, woanye ɖokuidziɖulawo, ame ɖɔŋuɖowo, nudzeamewɔlawo, amedzrowɔlawo, amesiwo nya nufiafia, kple ƒome ƒe ta kpɔɖeŋu nyui ɖolawo. Ele be woada asɔ le ahamuamewo zazã me, mele be woanye galɔ̃lawo o, eye ele be woanye ɖokuidziɖulawo. Nenema ke woɖo dzidzenu kɔkɔwo na ŋutsu siwo le subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe dɔ minyam.—Timoteo I, 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9.

11. Nudidi siwo gbɔ wòle be ŋutsu siwo le hamea me gbanɔamedziwo minyam naɖo la dometɔ aɖewo ɖe?

11 Nudidi siawo me dzodzro ɖee fia be ele be amesiwo xɔa ŋgɔ le Yehowa ƒe tadedeagu me naɖo kpɔɖeŋu nyui le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Ele be wòaɖe dzesi le ŋutsu siwo dze woade hamea me gbanɔamedziwo asi na ŋu be gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm ɖe wo dzi. (Timoteo II, 1:14) Ele be wòadze be Mawu ƒe gbɔgbɔ le ku siwo nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, [xɔse], dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu” tsem le ŋutsu siawo me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Kutsetse siawo adze le woƒe nuwɔwɔ kple haxɔsetɔwo kpakple ame bubuwo me. Ele eme be wo dometɔ aɖewo ate ŋu adze agbagba geɖe le gbɔgbɔa ƒe ku aɖewo tsetse me, eye ame bubuwo aɖo dzikpɔlanyenye ƒe nudidi bubuwo gbɔ wòaɖe dzesi ƒã ya. Gake ele be amesiwo katã le mɔ kpɔm be woatia yewo dzikpɔlawo alo subɔsubɔdɔwɔlawo naɖee afia be yewonye gbɔgbɔmeme, siwo le nudidi siwo le Mawu ƒe Nya la me gbɔ ɖom le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me.

12. Amekawo ŋue míate ŋu agblɔ le be gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo wo?

12 Esi Paulo nɔ nu xlɔ̃m amewo be woasrɔ̃ ye la, ete ŋu gblɔe faa elabena eya ŋutɔ nɔ Yesu Kristo, amesi ‘gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mí be miadze eƒe afɔɖoƒewo yome tututu,’ la srɔ̃m. (Petro I, 2:21; Korintotɔwo I, 11:1) Eyata míate ŋu agblɔ le amesiwo le Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ ɖom le ɣeyiɣi si me woɖo wo dzikpɔlawo alo subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu be gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo wo.

13. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe amesiwo le ŋutsuwo kafum be woasubɔ le hamea me la ŋui?

13 Nu bubu gali si ɖena alesi gbɔgbɔa wɔa dɔe le dzikpɔlawo kafukafu kple wo ɖoɖo me fiana. Yesu gblɔ be ye ‘Fofo si le dziƒo la naa gbɔgbɔ kɔkɔea amesiwo bianɛ.’ (Luka 11:13) Eyata ne hamemegãwo ƒo ƒu be yewoakafu ŋutsuwo hena hamea me gbanɔamedziwo la, wodoa gbe ɖa be Mawu ƒe gbɔgbɔ nafia mɔ yewo. Nya si woŋlɔ ɖe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me me la dzie wonɔa te ɖo kafua amewo, eye gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe wo ŋu be woadze sii nenye be amesi ŋu bum wole be yewoatia la ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ loo alo meɖoe o. Mele be amesi ŋu bum wole ƒe gotagome dzedzeme, agbalẽnyanya, alo dzɔdzɔmeŋutetewo nakpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo le amea kafum la dzi madzemadzee o. Nusi ŋu wòle be woƒe susu nanɔ koŋue nye ne amea nye gbɔgbɔmeme, wònye amesi ŋu hamea me tɔwo alɔ̃ ate ɖo faa hena gbɔgbɔmenuxlɔ̃ame xɔxɔ.

14. Nukae míesrɔ̃ tso Dɔwɔwɔwo 6:1-3 me?

14 Togbɔ be hamemegãwo ƒe hawo wɔa ɖeka kple dzikpɔla mɔzɔlawo hekafua nɔviŋutsuwo be woanye hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo hã la, ɖoɖo si nu woɖoa amewo le le ƒe alafa gbãtɔ me nue woɖoa wo le ŋutɔŋutɔ. Ɣeaɖeɣi la, ŋutsu siwo dze le gbɔgbɔ me wòle be woade dɔ vevi aɖe asi na wo va hiã. Mɔfiame si dziɖuha la na enye si: “Miyi ɖadi mia dome ŋutsu adre, amesiwo kpɔ ɖaseɖiɖi nyui, eye woyɔ fũ kple [gbɔgbɔ kɔkɔe] kple nunya la, amesiwo míaɖo dɔ sia nu.” (Dɔwɔwɔwo 6:1-3) Togbɔ be amesiwo nɔ nyaa gbɔ kpɔm ye kafu ŋutsuawo hã la, ŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo le Yerusalem afima ye ɖo wo. Ðoɖo sia tɔgbe dzie míezɔna ɖo egbea.

15. Akpa kae Dziɖuha la wɔna le ŋutsuwo ɖoɖo me?

15 Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuhae tiaa Alɔdzekɔmiti  me tɔwo tẽ. Ne Dziɖuha la le amesi axɔ agbanɔamedzi kpekpe sia ŋuti nyametsotso wɔm la, Yesu ƒe nya siawo nɔa susu me na wo be: “Amesiame, si wona nu geɖee la, woabia nu geɖe le esi; eye amesi wode nu geɖe esi la, woabia nu geɖe wu le esi.” (Luka 12:48) Hekpe ɖe Alɔdzekɔmiti me tɔ siwo Dziɖuha la tiana ŋu la, etiaa Betel metsitsiwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo hã. Gake wodea dɔ asi na nɔviŋutsu siwo dzi woka ɖo be woakpɔ ameɖoɖo bubu aɖewo gbɔ. Esia hã ƒe kpɔɖeŋu li le Ŋɔŋlɔawo me.

‘Ðo Amewo, abe Alesi Mede Se na Wò Ene’

16. Nukatae Paulo gblẽ Tito ɖe Kreta ɖo, eye nukae esia fia ku ɖe amewo ɖoɖo le teokrasimɔ nu egbea ŋu?

16 Paulo gblɔ na eƒe hadɔwɔla Tito bena: “Eyata megblẽ wò ɖe Kreta, bena naɖo nusiwo susɔ la teƒeteƒe, eye naɖo hamemegãwo le du sia du me, abe alesi mede se na wò la ene.” (Tito 1:5) Emegbe Paulo yɔ nudidi siwo ŋu wòle be Tito nalé ŋku ɖo le ŋutsu siwo adze woaɖo ŋu la. Eyata egbea la, Dziɖuha la tiaa nɔviŋutsu siwo dze la le alɔdzedɔwɔƒewo be woanɔ yewo teƒe aɖo hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo. Wokpɔa egbɔ nyuie be amesiwo le dɔ wɔm ɖe Dziɖuha la teƒe la se Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiamewo gɔme nyuie eye wowɔ wo dzi le ameɖonya siawo me. Eyata Dziɖuha la ƒe mɔfiame tee woɖoa ŋutsu siwo dze le, be woasubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexeame godoo.

17. Aleke wokpɔa amesiwo wokafu be woaɖo dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe nyawo gbɔe le alɔdzedɔwɔƒea?

17 Ne woɖo amesiwo wokafu be woaɖo dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe ŋkɔwo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe la, ŋutsu kpɔnuteƒewo ɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu be wòafia mɔ yewo le wo ɖoɖo me. Ŋutsu siawo senɛ le wo ɖokui me be akɔntanagbe li, esi wonya be mele be yewoaɖo ame aɖe dzimagbɔɖitɔe o, be yewomagakpɔ gome le eƒe nuvɔ̃wo me o ta.—Timoteo I, 5:22.

18, 19. (a) Aleke woɖoa ameɖoɖo aɖewo ŋuti nyatakakawo ɖae? (b) Aleke wokpɔa amewo kafukafu kple wo ɖoɖo ŋuti dɔwɔna bliboa katã gbɔe?

 18 Woɖoa ameɖoɖo aɖewo ŋuti nyatakakawo ɖa to lɛta aɖe si dzi wotu asidadaɖenudzidzesi si tso habɔbɔ aɖe si woɖo le se nu gbɔ la ɖoɖoɖa me. Wote ŋu zãa agbalẽ si dzi wotu dzesi siae tsɔ ɖoa nɔviŋutsu ɖeka alo wu nenema le hamea me.

19 Amewo ɖoɖo le teokrasimɔ nu tso Yehowa gbɔ, to Via, kple Mawu ƒe habɔbɔ si wokpɔna le anyigba dzi, si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kple eƒe Dziɖuha la dzi. (Mateo 24:45-47) Amewo kafukafu kple wo ɖoɖo ŋuti dɔwɔnawo katã yia edzi le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpɔkplɔ, alo eƒe mɔfiafia te. Aleae nyaa le, elabena Mawu ƒe Nya, si woto gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ŋlɔ mee nudidi siwo me wòle be woadze le la le, eye amesiwo ɖom wole ɖenɛ fiana be yewole gbɔgbɔ ma ƒe ku tsem. Eyata ele be woabui be gbɔgbɔ kɔkɔe lae le ameawo ɖom. Abe alesi woɖoa dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le teokrasimɔ nu le ƒe alafa gbãtɔ mee ene la, nenemae woɖoa woe egbea hã.

Akpedada Ðe Yehowa ƒe Mɔfiame Ta

20. Nukatae míewɔ ɖeka kple Dawid le seselelãme si wòɖe gblɔ le Psalmo 133:1 me?

20 Le gbɔgbɔ me nudzedziname kple teokrasi dzidziɖedzi le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ƒe ɣeyiɣi sia me la, míedaa akpe be Yehowa ŋutɔe kpɔa dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ɖoɖo ƒe nyawo gbɔ. Ŋɔŋlɔawo me ɖoɖo sia kpena ɖe mía ŋu be míalé Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi le mí Yehowa Ðasefowo dome. Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔwo ƒe gbɔgbɔ si ŋutsu siawo ɖena fiana kple woƒe kutrikuku nyateƒetɔe wɔ akpa gã aɖe be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ wɔnuku le mí Yehowa subɔlawo dome. Eyata abe hakpala Dawid ene la, eʋã mí be míagblɔ be: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!”—Psalmo 133:1.

21. Aleke Yesaya 60:17 le eme vam egbeae?

21 Aleke gbegbee míedaa akpe ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia mí to eƒe Nya kple gbɔgbɔ kɔkɔe la dzi tae nye si! Eye le nyateƒe me la, gɔmesese le nya siwo woŋlɔ ɖe Yesaya 60:17 ŋu na mí vavã, be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” Esi míeyi edzi le teokrasiɖoɖowo ŋudɔ wɔm bliboe wu le Yehowa Ðasefowo dome la, míele yayra siawo teƒe kpɔm le Mawu ƒe anyigba dzi habɔbɔa katã me.

22. Nukatae wòsɔ be míedaa akpe ɖo, eye nukae wòle be míaɖo kplikpaa awɔ?

22 Míeda akpe geɖe ɖe teokrasiɖoɖo siwo ŋudɔ wɔm míele la ŋu ale gbegbe. Eye míekpɔ ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ dodzidzɔname si wɔm dzikpɔla kple subɔsubɔdɔwɔla siwo woɖo le teokrasimɔ nu le la ŋu ale gbegbe. Míetso dzi blibo me tsɔ kafukafu gã le míaƒe Dziƒofofo lɔ̃ame, amesi na be míele gbɔgbɔmedzidzedze kpɔm eye wòyra mí geɖe alea nam. (Lododowo 10:22) Eyata mina míaɖoe kplikpaa be míazɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔa. Ƒo wo katã ta la, mina míayi edzi asubɔ le ɖekawɔwɔ me be wòanye bubu, kafukafu, kple ŋutikɔkɔe na Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe gã la.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae míate ŋu agblɔ be teokrasimɔ nue woɖoa dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le, ke menye le demokrasimɔ nu o?

• Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea ɖoa Kristotɔ ŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo lae?

• Akpa kae Dziɖuha la wɔna le dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ɖoɖo me?

• Nukatae wòle be míada akpe na Yehowa tso amewo ɖoɖo le teokrasimɔ nu ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Mɔnukpɔkpɔ sua hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo si wosubɔna to wo ɖoɖo le teokrasimɔ nu dzi