Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Viɖe aɖe Le Gbedodoɖa Mea?

Ðe Viɖe aɖe Le Gbedodoɖa Mea?

Ðe Viɖe aɖe Le Gbedodoɖa Mea?

AMESIAME kloe sena le eɖokui me ɣeaɖeɣi be ehiã be yeado gbe ɖa. Le nyateƒe me la, subɔsubɔhawo katã kloe me tɔwo doa gbe ɖa vevie. Le kpɔɖeŋu me, Buddhatɔ ate ŋu agblɔ gbedodoɖa si nye “Amida Buddha dzie mexɔ se” zi akpe geɖe le ŋkeke ɖeka me.

Le kuxi siwo le edzi yim le anyigba bliboa dzi ta la, esɔ be míabia be: Nukae amewo kpɔa mɔ be yewoakpɔ to gbedodoɖa me? Ðe gbedodoɖa siawo katã le vi aɖe ɖem koŋua?

Nukatae Amewo Doa Gbe Ða?

Ɣedzeƒetɔ geɖe doa gbe ɖa na wo tɔgbui kukuwo kple na Shinto alo Tao mawuwo. Wowɔa esia kple mɔkpɔkpɔ be yewoakpɔ dzidzedze le dodokpɔwo me le suku, yewoƒe agblemenuwo nawɔ, alo be woatsɔ axe mɔ ɖe dɔlélewo nu. Buddhatɔwo kpɔa mɔ be to yewoƒe agbagbadzedzewo me la, blibodede asu yewo si. Hindutɔwo doa gbe ɖa moveviɖoɖotɔe biaa sidzedze, kesinɔnu, kple ametakpɔkpɔ tso woƒe mawu kple mawunɔ siwo dzi woxɔ se la gbɔ.

Katolikotɔ aɖewo susui be ne yewotsɔ yewoƒe agbe na zu ŋutsu alo nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo henɔ saɖagaxɔwo me madomadoe eye yewodo gbe ɖa edziedzi la, aɖe vi na ameƒomea. Katolikotɔ miliɔn geɖe biaa kpekpeɖeŋu tso Maria gbɔ to gbe siwo wosrɔ̃ ɖe susu me dodoɖa me, ɖewohĩ to rosario dzonuwo zazã me. Le Ɣedzeƒe dukɔwo me la, ame geɖe zãa gbedodoɖagoe siwo wotrona. Protestanttɔwo gblɔa Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me nyawo tsɔ doa gbe ɖae, togbɔ be wote ŋu gblɔa woƒe seselelãme na Mawu ɣeaɖewoɣi hã. Yudatɔ geɖe zɔa mɔ tso teƒe didiwo va doa gbe ɖa le Ɣetoɖoƒegli si le Jerusalem la gbɔ, henɔa mɔ kpɔm na gbedoxɔa gbugbɔgaɖoanyi kple nudzedziname kpakple ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi yeye aɖe.

Togbɔ be ame miliɔn geɖe doa gbe ɖa vevie hã la, kuxi siwo nye hiãkame, numãme, ƒomewo ƒe gbagbã, nuvlowɔwɔ, kple aʋawɔwɔ gakpɔtɔ le fu wɔm amegbetɔƒomea ɖe edzi. Ðe wòanye be amesiawo katã mele gbea dom ɖa le mɔ si dze nu oa? Le ema ta, ɖe ame aɖe sea gbedodoɖawo nyateƒea?

Ðe Ame aɖe Sea Gbedodoɖawoa?

Gbedodoɖawo mate ŋu aɖe vi o negbe ɖe ame aɖe se wo hafi. Ne ame le gbe dom ɖa la, edze ƒã be exɔe se be ame aɖe le esem le gbɔgbɔmenuto si ŋku mekpɔna o me. Gake menye yameŋusẽ dzro koe tsɔa gbedodoɖawo yinae o. Ame geɖe xɔe se be ame aɖe ate ŋu anya amesi le gbea dom ɖa ƒe tamesusuwo gɔ̃ hã. Amekae wòanye?

Alesi tututu wòdzɔnae be míete ŋu bua tame le ahɔhɔ̃menugbagbevi biliɔn gbogbo siwo ƒo ƒu wɔ míaƒe ahɔhɔ̃ me nye nusi gɔmesese sesẽ na numekulawo. Ke hã susu le eme be Amesi wɔ susua nate ŋu anya tamesusu siawo. Amesia menye ame aɖeke wu mía Wɔla, Yehowa Mawu, o. (Psalmo 83:19; Nyaɖeɖefia 4:11) Eyae wòle be míado gbe ɖa na. Gake ɖe Yehowa ɖoa to gbedodoɖa siawo katãa?

Ðe Wòsea Gbedodoɖawo Katãa?

Blema Israel-fia Dawid nye amesi doa gbe ɖa ŋutɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòdzi ha be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.” (Psalmo 65:3) Yehowa te ŋu sea gbe siwo wodona ɖa le gbegbɔgblɔ akpe nane siwo ameƒomea dona me la gɔme. Esi amegbetɔ aɖeke meli si ƒe susu te ŋu wɔa dɔ tso nyatakaka gbogbowo ŋu o la mefia be Mawu mate ŋu aɖo to amesiwo katã doa gbe ɖa nɛ le mɔ si sɔ nu o.

Ke hã, Yesu Kristo—amesi hã doa gbe ɖa ŋutɔ—ɖee fia be menye gbedodoɖawo katãe dzea Mawu ŋu o. De dzesi nusi Yesu gblɔ ku ɖe gbedodoɖa léle ɖe susu me anɔ gbɔgblɔm si bɔ ɣemaɣi la ŋu. Le Katolikotɔwo ƒe Jerusalem Bible ƒe nya nu la, egblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migaƒo nukpoloe abe alesi trɔ̃subɔlawo wɔna ene o, elabena wobu bena, le yewoƒe nya geɖe zazã me la, woaɖo to yewo.” (Mateo 6:7) Míate ŋu akpɔ be Yehowa aɖo to gbedodoɖa siwo meɖea míaƒe seselelãmewo ŋutɔŋutɔ fiana la o.

Esi Biblia me lododo aɖe nɔ nusitae gbedodoɖa aɖewo medzea Mawu ŋu o ɖem fia la, egblɔ be: “Amesi ɖe to ɖa, be yemase se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.” (Lododowo 28:9) Lododo bubu gblɔ be: “Yehowa le adzɔge tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.” (Lododowo 15:29) Esime blema Yuda ŋgɔnɔlawo ɖi fɔ gãwo la, Yehowa gblɔ be: “Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o, elabena ʋu yɔ asi me na mi!”—Yesaya 1:1, 15.

Apostolo Petro tɔ asi nu bubu si ate ŋu ana gbedodoɖawo madze Mawu ŋu o dzi. Petro ŋlɔ bena: “Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple [mia srɔ̃wo] le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene miagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.” (Petro I, 3:7) Ŋutsu si ŋe aɖaba ƒu aɖaŋuɖoɖo sia dzi ƒe gbedodoɖawo mato eƒe xɔta ayi o!

Edze ƒã be hafi woase gbedodoɖawo la, ele be woaɖo nudidi aɖewo gbɔ. Gake amesiwo doa gbe ɖa dometɔ geɖe metsɔa ɖeke le nusi Mawu di tso mía si wɔwɔ me boo o. Eyatae gbe gbogbo siwo dom wole ɖa moveviɖoɖotɔe mena xexeame nyo ɖe edzi o.

Ekema nukae Mawu di tso mía si hafi ase míaƒe gbedodoɖawo? Ŋuɖoɖoa ku ɖe susu si koŋ tae míele gbea dom ɖa ŋu. Le nyateƒe me la, ne míedi be míanya ne gbedodoɖawo le vi aɖe ɖem la, ele be míase tameɖoɖo si le wo ŋu la gɔme. Nukatae Yehowa ɖe mɔ be míaƒo nu kpli ye ɖo?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

G.P.O., Jerusalem