Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekwoe Nye Mawu Ƒe Subɔlawo Egbea?

Amekwoe Nye Mawu Ƒe Subɔlawo Egbea?

 Amekwoe Nye Mawu Ƒe Subɔlawo Egbea?

‘Míaƒe dzedze nyuie tso Mawu, amesi wɔ mí míedze nyuie be míanye nubabla yeye ƒe subɔlawo la gbɔ.’—KORINTOTƆWO II, 3:5, 6.

1, 2. Agbanɔamedzi ka tsɔtsɔ mee ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo katã kpɔ gome le, gake aleke nuwo va trɔe?

LE ƑE alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, Kristotɔwo katã kpɔ gome le dɔ vevi aɖe me—dɔae nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia. Wo katã wonye amesiaminawo eye wonye nubabla yeyea ƒe subɔlawo. Agbanɔamedzi bubuwo nɔ wo dometɔ aɖewo dzi, abe nufiafia le hamea me ene. (Korintotɔwo I, 12:27-29; Efesotɔwo 4:11) Dɔ kpekpe aɖewo nɔ dzilawo dzi le ƒomea me. (Kolosetɔwo 3:18-21) Gake wo katã kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔ vevi si hiã hã me. Le Helagbe me nya si tututu wozã le Kristotɔwo ƒe Ŋɔŋlɔawo me nu la, agbanɔamedzi sia nye di·a·ko·niʹa—si nye subɔsubɔ, alo subɔsubɔdɔ.—Kolosetɔwo 4:17.

2 Esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, nuwo va trɔ. Hatsotso aɖe va do si woyɔna be hakplɔlawo, amesiwo tsɔe be yewo ko ƒe mɔnukpɔkpɔe wònye be yewoaɖe gbeƒã. (Dɔwɔwɔwo 20:30) Amesiwo be Kristotɔwoe yewonye ƒe hatsotso sue aɖe koe hakplɔlaawo nye. Wova yɔa ame akpa gãtɔ be hameviwo. Togbɔ be wofia hameviawo be dɔ aɖewo le wo dzi woawɔ, siwo ƒe ɖee nye be woadzɔ nu woatsɔ akpɔ hakplɔlaawo dzi hã la, nyasela dzro koe wo dometɔ akpa gãtɔ va zu le gbeƒãɖeɖe gome.

3, 4. (a) Aleke Kristodukɔa me tɔwo wɔna va zua subɔlawo? (b) Amekawoe wobuna subɔlawoe le Kristodukɔa me, eye nukatae nɔnɔmea to vovo le Yehowa Ðasefowo dome?

 3 Hakplɔlaawo tsɔ ŋkɔ subɔla na wo ɖokui (etso Eŋlisigbe me nya, minister, si nye alesi woɖe di·aʹko·nos, “subɔla,” gɔmee tso Latingbe me la me). * Be woanɔ ɖoƒe sia la, wodea kɔledziwo alo mawunyasrɔ̃sukuwo eye woɖoa wo. The International Standard Bible Encyclopedia gblɔ be: “Zi geɖe la, ‘ɖo ame’ kple ‘ameɖoɖo’ fiaa ɖoƒe tɔxɛ si wotsɔ naa subɔlawo alo nunɔlawo to kɔnu siwo tatɔwo ɖo dzi, eye wotea gbe ɖe edzi be wona ŋusẽ amea be wòaɖe gbeƒã Nya la alo awɔ subɔsubɔkɔnuwo, alo be wòawɔ dɔ evea siaa.” Amekae ɖoa subɔlaawo? The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Le sɔlemeha siwo me bisiɔpwo gale abe blema ene la, bisiɔp ye ɖoa ame subɔlae. Le Presbiteria hamewo me la, subɔla siwo nye osɔfowoe ɖoa ame.”

4 Eyata le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me la, ame ʋɛ aɖewo ko sie mɔnukpɔkpɔa suna be woanye subɔlawo. Gake mele alea le Yehowa Ðasefowo dome o. Nukatae mele alea o? Elabena menɔ nenema le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me o.

Amekawo Tututue Nye Mawu ƒe Subɔlawo?

5. Le nya siwo Biblia gblɔ nu la, amekawoe nye subɔlawo?

5 Le nya siwo Biblia gblɔ nu la, Yehowa subɔlawo katã—dziƒo kple anyigba dzi tɔwo siaa—nye subɔlawo. Mawudɔlawo subɔ Yesu. (Mateo 4:11; 26:53; Luka 22:43) Mawudɔlawo ‘wɔa subɔsubɔdɔ na amesiwo anyi agbexɔxɔ dome’ hã. (Hebritɔwo 1:14; Mateo 18:10) Subɔlae Yesu nye. Egblɔ be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ.” (Mateo 20:28; Romatɔwo 15:8) Eyata esi wobia tso Yesu yomedzelawo si be ‘woadze eƒe afɔɖoƒewo yome tututu’ ta la, mewɔ nuku be ele be woawo hã nanye subɔlawo o.—Petro I, 2:21.

6. Aleke Yesu ɖee fia be ele be yeƒe nusrɔ̃lawo nanye subɔlawoe?

6 Esi wòsusɔ vie Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi.” (Mateo 28:19, 20, NW) Wobia tso Yesu ƒe nusrɔ̃lawo si be woanye nusrɔ̃lawɔlawo—subɔlawo. Ame yeye siwo woawɔ nusrɔ̃lawoe la asrɔ̃ nusiwo katã Yesu ɖo la dzi wɔwɔ, si ƒe ɖee nye be woayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo. Eɖanye ŋutsu alo nyɔnu, ɖevi alo ame tsitsi o, ele be Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la vavã nanye subɔla.—Yoel 3:1, 2.

7, 8. (a) Mawunyakpukpui kawoe fia be Kristotɔ vavãwo katã nye subɔlawo? (b) Nya kawoe fɔ ɖe te ku ɖe ameɖoɖo ŋu?

7 Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã nɔ eteƒe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi eye ŋutsuwo kple nyɔnuwo wɔ ɖeka hegblɔ ‘Mawu ƒe nu dzɔtsuwo’ ŋu nya fia. (Dɔwɔwɔwo 2:1-11) Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo ŋlɔ be: “Wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ.” (Romatɔwo 10:10) Menye subɔsubɔhakplɔla ʋɛ aɖewo koe Paulo gblɔ nya mawo na o, ke ‘amesiwo katã nɔ Roma, eye wonye Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔwoe’ wòŋlɔe na. (Romatɔwo 1:1, 7)  Nenema ke wobia tso ‘ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me siwo katã nɔ Efeso’ hã si be ‘woatsɔ dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyui la abla woƒe afɔ gɔmee.’ (Efesotɔwo 1:1; 6:15) Eye wobia tso amesiwo katã se lɛta si woŋlɔ ɖo ɖe Hebritɔwo me nyawo si be “[woalé] mɔkpɔkpɔ me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bena magaʋã o.”—Hebritɔwo 10:23.

8 Gake ɣekaɣie ame zua subɔla? Ne míagblɔe bubui la, ɣekaɣie woɖonɛ? Eye amekae ɖonɛ?

Ameɖoɖo be Wòanye Subɔla—Ɣekaɣie?

9. Ɣekaɣie woɖo Yesu, eye amekae ɖoe?

9 Be míanya ɣeyiɣi si me woɖoa ame kple amesi ɖonɛ la, bu Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Mexɔ eɖoɖo ƒe ɖaseɖigbalẽ alo sukunuwuwu ƒe ɖaseɖigbalẽ aɖeke tso mawunyasrɔ̃suku aɖe tsɔ ɖo kpe edzi be yenye subɔla o, eye menye amegbetɔ aɖeke hãe ɖoe o. Ekema nukatae míate ŋu agblɔ be enye subɔla? Le esi nya siwo gbɔgbɔ ʋã Yesaya wògblɔ va eme ɖe edzi tae, be: “[Yehowa] ƒe gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyui afia.” (Luka 4:17-19; Yesaya 61:1) Nya mawo fia ɖikekemanɔmee be wodɔ Yesu be wòagblɔ nyanyuia afia. Amekae dɔe? Esi wònye Yehowa ƒe gbɔgbɔe si ami na Yesu be wòawɔ dɔa ta la, edze ƒã be Yehowa Mawue ɖoe. Ɣekaɣie nusia dzɔ? Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Yesu dzi ŋutɔŋutɔ esime wonyrɔe ɖe tsi me. (Luka 3:21, 22) Eyata eƒe nyɔnyrɔxɔɣie woɖoe.

10. Ameka gbɔe Kristotɔ subɔla ƒe “dzedze nyuie” tsona?

10 Ke Yesu yomedzela ƒe alafa gbãtɔa me tɔwo ya ɖe? Yehowa gbɔe woawo hã ƒe subɔlanyenye tso. Paulo gblɔ be: ‘Míaƒe dzedze nyuie tso Mawu, amesi wɔ mí míedze nyuie be míanye nubabla yeye ƒe subɔlawo la gbɔ.’ (Korintotɔwo II, 3:5, 6) Aleke Yehowa wɔnɛ be esubɔlawo dzena nyea subɔlawo? Bu Timoteo, amesi Paulo yɔ be “Mawu ƒe subɔla . . . le Kristo ƒe nyanyui me” ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.—Tesalonikatɔwo I, 3:2.

11, 12. Aleke Timoteo wɔ ŋgɔyiyi va zu subɔlae?

11 Nya siwo gbɔna siwo woŋlɔ ɖo ɖe Timoteo akpe ɖe mía ŋu míanya alesi wòwɔ va zu subɔla: “Ke wò la nɔ nusiwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le, eye esi tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo la, woate ŋu ana nunya wò hena agbexɔxɔ to xɔse, si le Kristo Yesu me la me.” (Timoteo II, 3:14, 15) Ŋɔŋlɔawo nyanya dzie Timoteo ƒe xɔse nɔ te ɖo, eye eyae aʋãe wòaʋu eme le gaglãgbe. Nuxexlẽ le ame ɖokui si koe hiã le go sia mea? Ao.  Timoteo hiã kpekpeɖeŋu hafi nusiwo wòxlẽna ŋu sidzedze vavãtɔ kple gbɔgbɔ me nugɔmesese nasu esi. (Kolosetɔwo 1:9) Eyata ɖe ‘woƒoe ɖe Timoteo nu hafi wòxɔ se.’ Esi wònye ‘tso eƒe ɖevimee’ wònya Ŋɔŋlɔawo ta la, anye dadaa kple mamaae nye eƒe nufiala gbãtɔwo, esi wòdze ƒã be fofoa menye xɔsetɔ o ta.—Timoteo II, 1:5.

12 Gake ebia nu geɖe hafi Timoteo nava zu subɔla. Nu ɖekae nye be, hadede kple Kristotɔ siwo le hame siwo te ɖe wo ŋu me do ŋusẽ eƒe xɔse. Aleke míewɔ nya? Elabena esi Paulo do go Timoteo zi gbãtɔ la, ‘woɖi ɖase nyui le ɖekakpuia ŋu le Listra kple Ikonio.’ (Dɔwɔwɔwo 16:2) Gakpe ɖe eŋu la, nɔvi aɖewo ŋlɔa agbalẽwo ɖona ɖe hameawo tsɔ doa ŋusẽ wo. Eye dzikpɔlawo yina ɖasrãa wo kpɔna hetua wo ɖo. Mɔnuɖoɖo siawo kpena ɖe Kristotɔwo abe Timoteo ene ŋu be woyia ŋgɔ le gbɔgbɔ me.—Dɔwɔwɔwo 15:22-32; Petro I, 1:1.

13. Ɣekaɣie woɖo Timoteo subɔlae, eye nukatae nàgblɔ be eƒe ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me mese ɖe afima o?

13 Le Yesu ƒe sedede si woŋlɔ ɖe Mateo 28:19, 20 ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be eva ɖo ɣeaɖeɣi si me Timoteo ƒe xɔse ʋãe wòdi be yeasrɔ̃ Yesu ahaxɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 3:15-17; Hebritɔwo 10:5-9) Esia nye dzesi be Timoteo tsɔ eƒe luʋɔ blibo ɖe adzɔgbe na Mawu. Timoteo zu subɔla le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi. Tso ɣemaɣi dzi la, eƒe agbe, eƒe ŋusẽ, kple nusianu si nɔ esi va zu Mawu tɔ. Esia nye eƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe, enye “subɔsubɔdɔ kɔkɔe.” Gake Timoteo metsɔe be esi yezu subɔla ko la evɔ o. Eyi edzi nɔ tsitsim le gbɔgbɔ me, eye wòva zu subɔla Kristotɔ bibi. Alesi Timoteo dea ha kple Kristotɔ bibiwo abe Paulo ene, nusɔsrɔ̃ le eɖokui si, kple gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ veviedodotɔe wɔe be nuwo yi nenema.—Timoteo I, 4:14; Timoteo II, 2:2; Hebritɔwo 6:1.

14. Egbea la, aleke amesi ‘ƒe nɔnɔme sɔ na agbekpɔkpɔ’ wɔa ŋgɔyiyi va zua subɔlae?

14 Egbea hã nenema tɔgbe ye ameɖoɖo be wòawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa le. Wotoa Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dzi kpena ɖe amesi ‘ƒe nɔnɔme sɔ na agbekpɔkpɔ’ ŋu be wòasrɔ̃ nu tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Amea va srɔ̃a alesi wòatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe le eƒe agbenɔnɔ me kple alesi wòado gbe si ŋu gɔmesese le ɖa na Mawu. (Psalmo 1:1-3; Lododowo 2:1-9; Tesalonikatɔwo I, 5:17, 18) Edea ha kple haxɔsetɔ bubuwo eye ewɔa nunana kple ɖoɖo siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wɔna ŋudɔ nyuie. (Mateo 24:45-47; Lododowo 13:20; Hebritɔwo 10:23-25) Eyata ewɔa ŋgɔyiyi le hehexɔxɔ si le ɖoɖo nu me.

15. Nukae dzɔna ne ame xɔ nyɔnyrɔ? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

15 Le ɣeyiɣi aɖe megbe ne lɔlɔ̃ va tsi ɖe Biblia-nusrɔ̃via me na Yehowa Mawu eye wòxɔ tafevɔsaa dzi se vevie vɔ la, edina be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe keŋkeŋ na Fofoa si le dziƒo. (Yohanes 14:1) Eɖea adzɔgbe ma le eya ŋutɔ ƒe gbedodoɖa me hexɔa nyɔnyrɔ le dutoƒo wònyea ɣaɣlaƒe nuwɔna ma ƒe dzesi. Eƒe nyɔnyrɔxɔxɔe nye eɖoɖo ƒe wɔna elabena ɣemaɣie wodea dzesii be enye Mawu ƒe subɔla di·aʹko·nos, blibo. Ele be wòaɖe vovo tso xexeame gbɔ. (Yohanes 17:16;  Yakobo 4:4) Etsɔ eƒe ameti bliboa na megbemakpɔmakpɔe, alo menye ne nuwo le yiyim nyuie ko o, wònye “vɔsa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu.” (Romatɔwo 12:1) * Enye Mawu ƒe subɔla, le Kristo sɔsrɔ̃ me.

Nukae Nye Kristotɔwo ƒe Subɔsubɔdɔa?

16. Dɔ siwo Timoteo wɔ esi wònye subɔla dometɔ aɖewo ɖe?

16 Nukae Timoteo ƒe subɔsubɔdɔa lɔ ɖe eme? Dɔ tɔxɛwo nɔ esi esime wònye Paulo ƒe mɔzɔhati. Eye esi Timoteo va zu hamemegã la, eku kutri le nufiafia hati Kristotɔwo kple ŋusẽdodo wo me. Gake abe alesi wònɔ le Yesu kple Paulo gome ene la, eƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vevi aɖee nye gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ. (Mateo 4:23; Korintotɔwo I, 3:5) Paulo gblɔ na Timoteo be: “Ke wò la nɔ mo xexi le nuwo katã me, do dzi le fukpekpewo me, wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.”—Timoteo II, 4:5, míawoe te gbe ɖe edzi.

17, 18. (a) Subɔsubɔdɔ kae Kristotɔwo wɔna? (b) Aleke gbegbee gbeƒãɖeɖedɔa le vevie na subɔla Kristotɔ?

17 Nenemae wòle le subɔla Kristotɔwo gome egbea. Wokpɔa gome le dutoƒosubɔsubɔdɔ si nye nyanyuigbɔgblɔdɔa me, eye wofiaa amewo be agbekpɔkpɔ nɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsaa dzi eye wofiaa nu ɖokuibɔbɔlawo be woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:21; 4:10-12; Romatɔwo 10:13) Wozãa Biblia tsɔ ɖoa kpe edzi be Fiaɖuƒea koe nye mɔkpɔkpɔ na ameƒome si le fu kpem eye woɖenɛ fiana be fifi laa gɔ̃ hã la, nuwo ade mía dzi ne míenɔ agbe ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu. (Psalmo 15:1-5; Marko 13:10) Gake menye hadomekuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe nyanyui ye subɔla Kristotɔ ɖea gbeƒãe o. Ke boŋ efiaa nu be ‘ŋugbedodo le mawusosroɖa me be ame ate ŋu anɔ agbe fifia kple le etsɔ si gbɔna me.’—Timoteo I, 4:8.

18 Ele eme baa be subɔsubɔ ƒe mɔnu bubuwo aganɔ subɔla akpa gãtɔ si, eye woate ŋu anɔ vovovo le Kristotɔ ɖesiaɖe gome. Ƒomegbanɔamedziwo le ame geɖe dzi. (Efesotɔwo 5:21–6:4) Dɔwo le hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo dzi le hamea me. (Timoteo I, 3:1, 12, 13; Tito 1:5; Hebritɔwo 13:7) Kristotɔ geɖe kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu ŋu. Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe su wo dometɔ aɖewo si be wonye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo subɔna le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Betel-ƒewo me. Gake subɔla Kristotɔwo katã kpɔa gome le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. Womeɖe ame aɖeke le eme o. Dɔ sia wɔwɔe dea dzesi ame gaglãa be enye subɔla Kristotɔ vavãtɔ.

Subɔla Kristotɔ ƒe Nɔnɔme

19, 20. Nɔnɔme kae wòle be subɔla Kristotɔwo nasrɔ̃?

19 Kristotɔdukɔa ƒe subɔlawo dometɔ akpa gãtɔ dina be woade bubu tɔxɛ yewo ŋu, eye wotsɔa dzesideŋkɔwo abe “bubudzenatɔ” kple “fada.” Gake subɔla Kristotɔwo ya nya be Yehowa koe dze na subɔsubɔ ƒe bubu. (Timoteo I, 2:9, 10) Subɔla Kristotɔ aɖeke mexɔa bubu kɔkɔ ma alo dia dzesideŋkɔ tɔxɛwo o. (Mateo 23:8-12) Enya be gɔmesese vevi si le di·a·ko·niʹa ŋue nye “subɔsubɔ.” Wozãa dɔwɔnya si do ƒome kplii la le Biblia me ɣeaɖewoɣi na dɔ siwo wowɔna na amewo, abe subɔsubɔ le kplɔ̃ ŋu ene. (Luka 4:39; 17:8; Yohanes 2:5) Togbɔ be alesi wozãnɛ na Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa de ŋgɔ wu hã la, subɔla koe di·aʹko·nos gakpɔtɔ nye.

20 Eyata susu aɖeke meli si ta wòle be subɔla Kristotɔ nanɔ eɖokui ŋu dzem o. Subɔla Kristotɔ akuakuawo—amesiwo si agbanɔamedzi tɔxɛwo le le hamea me gɔ̃ hã—nye dɔla ɖokuibɔbɔlawo. Yesu gblɔ be: “Amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla.” (Mateo 20:26, 27) Esi Yesu nɔ nɔnɔme nyui si wòle be eƒe nusrɔ̃lawo nasrɔ̃ fiam wo la, eklɔ woƒe afɔ, si nye dɔ si kluvi si bɔbɔ ɖe anyi kura wu la wɔna. (Yohanes 13:1-15) Ðokuibɔbɔ ƒe subɔsubɔdɔ ka gbegbee nye si! Eyata subɔla Kristotɔwo tsɔa ɖokuibɔbɔ subɔa Yehowa Mawu kpakple Yesu Kristo. (Korintotɔwo II, 6:4; 11:23) Wotsɔa tamebɔbɔɖeanyi subɔa wo nɔewoe. Eye  ne wole gbeƒã ɖem nyanyuia la, wosubɔa wo havi dzimaxɔsetɔwo ɖokuitɔmadimaditɔe.—Romatɔwo 1:14, 15; Efesotɔwo 3:1-7.

Do Dzi le Subɔsubɔdɔa Me

21. Aleke woɖo eteƒe na Paulo ɖe eƒe dzidodo le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ta?

21 Le Paulo gome la, subɔsubɔdɔa wɔwɔ bia dzidodo. Egblɔ na Kolosetɔwo be yekpe fu geɖe hafi te ŋu gblɔ nyanyuia na wo. (Kolosetɔwo 1:24, 25) Gake esi wòdo dzi ta la, ame geɖe xɔ nyanyuia eye wova zu subɔlawo. Wogbugbɔ dzi wo wonye Mawu ƒe viwo kple Yesu Kristo nɔviwo, eye mɔkpɔkpɔ su wo si be woanye gbɔgbɔnuwɔwɔwo anɔ eŋu le dziƒo. Dzidodo ƒe teƒeɖoɖo nyui ka gbegbee nye si!

22, 23. (a) Nukatae subɔla Kristotɔ siwo li egbea hiã dzidodo? (b) Kutsetse nyui kae dona tsoa Kristotɔwo ƒe dzidodo me?

22 Egbea la, dzidodo hiã na amesiwo nye Mawu ƒe subɔla vavãwo. Ame geɖe wɔa avu kple dɔléle alo tsitsime ƒe vevesesewo. Dzilawo tsoa hloloe—srɔ̃ mele wo dometɔ geɖe si o—be yewoanyi yewo viwo. Ðevi siwo le suku léa dzi ɖe ƒo tsia tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo ƒo xlã wo ŋu. Kristotɔ geɖe dze ŋgɔ gakuxi sesẽwo. Wotia wo dometɔ geɖe yome alo wodzea ŋgɔ nɔnɔme sesẽwo le egbe ƒe ‘nɔnɔme sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ ta! (Timoteo II, 3:1) Ẽ, Yehowa ƒe subɔla siwo gogo miliɔn ade ate ŋu awɔ ɖeka kple apostolo Paulo agblɔ egbea be: “Le nuwo katã me la míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene: Le dzidodo geɖe me.” (Korintotɔwo II, 6:4) Subɔla Kristotɔwo menaa ta o. Ele be míakafu wo ɖe woƒe dzidodo ta vavã.

23 Gakpe ɖe eŋu la, dzidodo tsea ku wɔnuku geɖe, abe alesi wònɔ le Paulo gome ene. Ne míedo dzi la, míenana ƒomedodo kplikplikpli kpɔtɔ nɔa mía kple Yehowa dome eye edoa dzidzɔ na eƒe dzi. (Lododowo 27:11) Míedoa ŋusẽ mía ŋutɔwo ƒe xɔse hewɔa nusrɔ̃lawo, eye Kristotɔwo ƒe nɔvihabɔbɔa dzina ɖe edzi. (Timoteo I, 4:16) Yehowa lé esubɔlawo ɖe te eye eyra ɖe woƒe subɔsubɔdɔ dzi le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ewɔe be woƒo ame 144,000 ƒe ame susɔeawo nu ƒu, eye mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la le ame miliɔn bubu geɖe si be yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi. (Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 14:1) Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nye Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ɖeɖe fia nyateƒe. (Korintotɔwo II, 4:1) Neva eme be mí katã míade asixɔxɔ eŋu eye míada akpe be eƒe kutsetse anɔ anyi tegbetegbe.—Yohanes I, 2:17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Helagbe me nya di·aʹko·nos mee woɖe nya “osɔfoteƒenɔla,” si nye amegã le sɔlemehaa me tsoe. Le sɔlemeha siwo me nyɔnuwo te ŋu nyea osɔfoteƒenɔlawo le la, woate ŋu ayɔ wo be nyɔnu osɔfoteƒenɔlawo.

^ mm. 15 Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawo koŋ ŋue Romatɔwo 12:1 ku ɖo hã la, gɔmeɖosea ku ɖe ‘alẽ bubuawo’ hã ŋu. (Yohanes 10:16) Amesiawo ‘kuna ɖe Yehowa ŋu be yewoawɔ subɔsubɔdɔ nɛ eye be yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, ale be yewoanye esubɔlawo.’—Yesaya 56:6.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Agbanɔamedzi kae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo katã tsɔ?

• Ɣekaɣie woɖoa ame subɔla Kristotɔe eye amekae ɖonɛ?

• Nɔnɔme kae wòle na subɔla Kristotɔ be wòasrɔ̃?

• Nukatae wòle be subɔla Kristotɔ nado dzi le nɔnɔme sesẽwo me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Tso ɖevimee wofia Mawu ƒe Nya la Timoteo. Eva zu subɔla si woɖo le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nyɔnyrɔxɔxɔ nyea adzɔgbe si woɖe na Mawu ƒe dzesi eye wòfiana be woɖo ame subɔlae

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Subɔla Kristotɔwo lɔ̃ be yewoasubɔ