Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wòle Be Nàdo Gbe Ða?

Nukatae Wòle Be Nàdo Gbe Ða?

Nukatae Wòle Be Nàdo Gbe Ða?

“MIEBIANA, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi . . . Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:3, 8) Yesu ƒe nusrɔ̃la Yakobo ƒe nya mawo ate ŋu aʋã mí be míade ŋugble le susu siwo ta míedoa gbe ɖa ŋu nyuie.

Gbedodoɖa menye mɔnu aɖe si dzi míato agblɔ nusi hiã mí na Mawu ko o. Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ be: “Mia Fofo nya nusiwo hiãa mi, hafi miebianɛ.” Gake Yesu gblɔ hã be: “Mibia, eye woana mi.” (Mateo 6:8; 7:7) Eyata Yehowa dina be míagblɔ nusi míesena le mía ɖokui me be wohiã mí na ye. Gake gbedodoɖa bia nu geɖe wu ema.

Menye ne nane hiã xɔlɔ̃ vavãwo ko hafi woɖoa dze o. Wotsɔ ɖe le eme na wo nɔewo, eye woƒe xɔlɔ̃dzedzea tsina ne woɖe woƒe seselelãmewo gblɔ. Nenema ke tameɖoɖo si lolo wu le gbedodoɖa ŋu wu nuhiahiãwo ɖeɖeko biabia. Enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míato gbedodoɖa si tso dzi me na Yehowa me ado ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodo.

Ẽ, Mawu na gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ mí be míate ŋu ate ɖe ye ŋu. Esia ate ŋu ava eme ne míegblɔ mía ŋutɔwo ƒe seselelãmewo na Mawu tsɔ wu be míalé gbedodoɖawo ɖe susu me anɔ gbɔgblɔm. Dzidzɔ kae nye si wònye be míaƒo nu na Yehowa le gbedodoɖa me! Gawu la, Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.”—Lododowo 15:8.

Hakpala Asaf dzi ha be: “Nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.” (Psalmo 73:28) Gake be míate ɖe Mawu ŋu la, ele be míawɔ nusi wu gbedodoɖa ko. De dzesi alesi nudzɔdzɔ si gbɔna ɖe esia fiae:

“[Yesu ƒe] nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí.” Yesu ɖo eŋu gblɔ bena: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ bena: Mía Fofo, si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava!” (Luka 11:1, 2) Ðe míate ŋu ado gbe ɖa abia nusiawo ne míenya Mawu ƒe ŋkɔ kple alesi woakɔ eŋui oa? Eye ɖe míate ŋu ado gbe ɖa le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nya siawo ne míese nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye la gɔme oa? Míakpɔ nya siawo ƒe gɔmesese ne míedzro Biblia me nyuie. Sidzedze si asu mía si le esia wɔwɔ me akpe ɖe mía ŋu be míadze si Mawu ahase eƒe mɔwo gɔme. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa Mawu nyanya ana míase le mía ɖokui me be míete ɖe eŋu hetsɔ mía ɖokui nɛ wu. Esia hã akpe ɖe mía ŋu be wòanɔ bɔbɔe na mí be míaƒo nu nɛ le gbedodoɖa me.

Gbedodoɖa Ate Ŋu Akpɔ Kuxiwo Gbɔ

Ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo kple Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ kuxiwo gbɔ. De dzesi alesi esia nye nyateƒee le nɔnɔme siwo gbɔna dometɔ ɖesiaɖe me. Woɖee fia be amesiwo nɔ gbea dom ɖa la te ŋu do ŋusẽ woa kple Yehowa dome ƒomedodo.

Le Brazil la, nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Maria do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Edi be yeadze aglã ɖe agbenɔnɔ ƒe dzidzenu siwo dzi woda asi ɖo le hadomegbenɔnɔ me ŋu le esi wòkpɔ alakpanuwɔwɔ le ameawo dome ta. Maria dzo le srɔ̃a kple viawo gbɔ, kple aƒeme gɔ̃ hã. Azɔ hã, ete atikevɔ̃ɖiwo zazã. Gake esi mete ŋu ke ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu o ta la, eɖe eƒe seselelãmewo gblɔ faa na Mawu hebia kpekpeɖeŋui.

Eteƒe medidi o, Yehowa Ðasefo eve va Maria gbɔ hetsɔ Gbetakpɔxɔ ƒe tata aɖe si ƒo nu tso asixɔxɔ si le Mawu ƒe mɔfiafia xɔxɔ ŋu nɛ. Ewɔ dɔ ɖe eƒe dzi dzi, eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefoawo gbemagbe. Esia wɔe be wògbugbɔ wɔ ɖeka kple eƒe ƒomea mlɔeba. Esi wòsrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, edi be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ nɛ afia. Maria gblɔ be: “Mewɔ tɔtrɔ le nye agbenɔnɔ me. Srɔ̃nye kple ƒomea me tɔwo meda asi ɖe nye Biblia sɔsrɔ̃ dzi gbã o. Gake esi wokpɔ tɔtrɔ siwo wɔm menɔ la, wote dzi dede ƒo nam.” Emegbe la, Maria ɖe adzɔgbe na Gbedodoɖasela la be yeasubɔe.

Togbɔ be srɔ̃nyɔnu dzetugbe aɖe nɔ José si eye eƒe dɔwɔɖui nɔ dzidzedze kpɔm le Bolivia hã la, dzi menɔ edzɔm o. Ahasiwɔwɔ na srɔ̃a dzo le egbɔ. Enoa ahatsu eye wòsena le eɖokui me be viɖe mele ye ŋu o. José gblɔ be: “Mete gbedodoɖa tso nye dzi blibo me, nɔa nusi wòle be mawɔ adze Mawu ŋu la biamee. Eteƒe medidi o, Yehowa Ðasefowo va nye dɔwɔƒe be yewoawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kplim, gake menyã wo. Esia dzɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Ɣesiaɣi si mado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu ko wova do. Mlɔeba, meɖoe be maɖo to wo ɣebubuɣi. Mexlẽ Biblia katã eye nyabiabia geɖe nɔ asinye, gake woɖoa wo ŋu nam wòdzea ŋunye ɣesiaɣi. Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu na tameɖoɖo yeyem le agbe me, eye xɔlɔ̃ siwo medze le Ðasefoawo dome ƒe kpɔɖeŋu tua ame ɖo ale gbegbe! Meɖe asi le nye ahiãvi kple nye ahanozɔhɛwo ŋu. Eteƒe medidi o, mía kple srɔ̃nye kple vinyewo míegawɔ ɖeka. Mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1999 ƒe gɔmedzedze.”

Le Italy la, Tamara ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo afɔku me, eyata edo gbe ɖa bia nunya. Esi wònye be ɖe woƒoe henyãe le aƒeme esime wòxɔ ƒe 14 ta la, akpasesẽnuwɔwɔ ƒe nɔnɔme va nɔ esi. Tamara gblɔ be: “Meke ɖe Biblia ŋu hete exexlẽ. Fiẽ aɖe la, mexlẽ be ‘keke ɖe nunya ŋu sɔ kple keke ɖe klosalo ŋu.’ Medo gbe ɖa bia nenem nunya ma. (Lododowo 2:1-6) Le ŋufɔke la, Yehowa Ðasefowo va gbɔnye. Mete Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo, gake exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi medze nusiwo srɔ̃m menɔ la dede dɔwɔna me. Mlɔeba, metso nya me be manɔ agbe abe Kristotɔ ene eye mexɔ nyɔnyrɔ. Fifia, mía kple srɔ̃nye, míekpena ɖe ame bubuwo ŋu be Mawu ƒe nunya naɖe vi na wo.”

Beatriz nye ameŋkuta siwo le Caracas, Venezuela, la dometɔ ɖeka. Ke hã, srɔã gbee eye wònɔ nu xam. Ɣeaɖeɣi esi nuwo me sẽ nɛ ŋutɔ la, edo gbe ɖa gaƒoƒo geɖe. Le ŋufɔke la, eƒe agbonuga ɖi. Gaa ƒe ɖiɖi ho dzi nɛ eye wòdo mo ɖa hekpɔ ame eve siwo lé akplo ɖe asi. Ewɔ abe ɖe mele aƒea me o ene, gake hafi ameawo nadzo la, wotsɔ amekpegbalẽvi aɖe de ʋɔa te. Woŋlɔ ɖe edzi be: “Nya Wò Biblia.” Ðe woƒe vavaa do ƒome kple gbe si wòdo ɖa le zã si va yi me laa? Eyɔ wo be woatrɔ ava. Eteƒe medidi o edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye wòxɔ nyɔnyrɔ emegbe. Fifia esi dzi va le Beatriz dzɔm mlɔeba ta la, ele alesi woawɔ akpɔ dzidzɔ la fiam ame bubuwo.

Carmen do gbe ɖa le eƒe hiãkame ŋuti. Vi ewo nɔ esi eye srɔ̃aŋutsu, Rafael, nye ahatsunola. Carmen gblɔ be: “Medzea agbagba nyaa nu na amewo xɔa ga.” Gake Rafael ƒe ahatsunonoa va do fievo ɖe edzi. Eyi edzi be: “Esi míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo hafi srɔ̃nye te tɔtrɔ wɔwɔ. Míesrɔ̃ nu tso Fiaɖuƒea ƒe ŋugbedodo ŋu—be eteƒe madidi o Yehowa aɖe hiãkame kple ameteteɖeanyi ɖa le xexeame. Woɖo gbe siwo medo ɖa na Mawu la ŋu mlɔeba!” Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu kpe ɖe Rafael ŋu wòdzudzɔ ahanono, hedo ‘amenyenye yeyea.’ (Efesotɔwo 4:24) Woa kple eƒe ƒomea te ŋu kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ azɔ. Rafael gblɔ be: “Togbɔ be míenye kesinɔtɔwo o, eye aƒe mele míawo ŋutɔ si o hã la, agbemenuhiahiãwo le mía si, eye míekpɔa dzidzɔ.”

Ɣeyiɣi si me Woaɖo Gbedodoɖawo Katã Ŋu

Ðe gbedodoɖa ɖe vi aɖe na amesiawoa? Ẽ! Eye ède dzesii be le nɔnɔmea akpa gãtɔ me la, woɖo woƒe gbedodoɖawo ŋu esime ame aɖe tso Kristo-hamea me kpe ɖe wo ŋu wote ɖe Yehowa Mawu ŋu to Biblia sɔsrɔ̃ mea?—Dɔwɔwɔwo 9:11.

Ekema susu nyuiwo le mía si si tae wòle be míado gbe ɖa ɖo. Eteƒe madidi o woaɖo gbe si míedona ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava ne woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi la ŋu. (Mateo 6:10) Ne Mawu ɖe amesiwo tsi tre ɖe eyama ŋu ɖa le anyigba dzi vɔ la, “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi.” (Yesaya 11:9) Ekema amesiwo katã lɔ̃ Yehowa anɔ “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe” la me—eye woaɖo woƒe gbedodoɖawo ŋu godoo.—Romatɔwo 8:18-21.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ènya nusitae wòle be míado gbe ɖaa?