Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔ ‘Tsitsie’ Nènyea?

Kristotɔ ‘Tsitsie’ Nènyea?

Kristotɔ ‘Tsitsie’ Nènyea?

“ESIME menye vi la, meƒo nu abe vi ene, eye mesusu abe vi ene, eye mebu tame abe vi ene.” Nya mae apostolo Paulo ŋlɔ. Le nyateƒe me la, mí katã míenye vidzĩ wɔnamanɔŋuitɔwo kpɔ. Gake míetsi anyi nenema tegbee o. Paulo gblɔ be: “Esime mezu ŋutsu la, meɖe ɖevimenuwo ɖa.”—Korintotɔwo I, 13:11.

Nenema ke Kristotɔwo katã nye gbɔgbɔmevidzĩwo tso gɔmedzedzea me. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo katã woate ŋu aɖo “Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.” (Efesotɔwo 4:13) Woxlɔ̃ nu mí le Korintotɔwo I, 14:20 be: “Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o . . . Ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.”

Kristotɔ tsitsi bibiwo ƒe anyinɔnɔ nye yayra na Mawu ƒe amewo egbea, vevietɔ esi ame yeye geɖewo li ta. Kristotɔ tsitsiwo nana hamea lia ke ɖe edzi. Wokpɔa ŋusẽ nyui ɖe hame ɖesiaɖe si me wole la ƒe nɔnɔme ɖedzesiwo dzi.

Togbɔ be tsitsi le ŋutilãme nye nusi vana le eɖokui si le mɔ aɖe nu hã la, tsitsi le gbɔgbɔme ya vana toa ɣeyiɣi kple agbagbadzedze ko me. Eyata mewɔ nuku o be le Paulo ƒe ɣeyiɣia me ke la, Kristotɔ aɖewo mete ŋu ‘do vevie nu ɖo tsitsinyenye gbɔ o,’ togbɔ be wosubɔ Mawu ƒe geɖe hã. (Hebritɔwo 5:12; 6:1) Ke wò ya ɖe? Èɖasubɔ Mawu ƒe geɖe alo ɣeyiɣi kpui aɖe ko o, anyo be nàdzro ɖokuiwò me anukwareɖiɖitɔe. (Korintotɔwo II, 13:5) Ðe nèle amesiwo woate ŋu ayɔ le nyateƒe me be Kristotɔ tsitsi, alo esiwo bi domea? Ne mele alea o la, aleke nàte ŋu azu wo dometɔ ɖekae?

‘Ame Tsitsiwo le Nyasã Me’

‘Nufiafia ƒe ya sia ya ƒoa’ gbɔgbɔmevidzĩ bɔbɔe ‘yina gaƒonɛ gbɔna, eye wònyamanɛ to amewo ƒe beble me to aɖaŋu vɔ̃, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu.’ Eyata Paulo xlɔ̃ nu be: ‘Mina míato lɔlɔ̃ me atsi le nusianu me ali ke ɖe Kristo, si nye ta la me.’ (Efesotɔwo 4:14, 15) Aleke woawɔ nusiae? Hebritɔwo 5:14 gblɔ be: “Nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ.”

De dzesii be ame tsitsiwo na hehe woƒe sidzedze ŋutetewo to eŋudɔwɔwɔ, alo to nuteƒekpɔkpɔ le Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe me. Ekema edze ƒã be ame metsina kpata o; tsitsi le gbɔgbɔ me xɔa ɣeyiɣi. Togbɔ be ele alea hã la, àte ŋu awɔ geɖe to ɖokuisinusɔsrɔ̃—vevietɔ nu goglo siwo le Mawu ƒe Nya me sɔsrɔ̃ me—be wò tsitsi le gbɔgbɔ me nate ŋu atsɔ afɔ. Gbetakpɔxɔ ɖe nya goglo geɖe me nyitsɔ laa. Ame tsitsiwo mesina le nyati siawo nu le esi ‘nya siwo gɔmesese sesẽ’ le wo me ta o. (Petro II, 3:16) Ke boŋ wotsia dzi ɖe nuɖuɖu sesẽ siawo ɖuɖu ŋu!

Gbeƒãɖela kple Nufiala Dovevienuwo

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20, NW) Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me veviedodotɔe hã ate ŋu ade dzo mewò nàtsi le gbɔgbɔ me. Nukatae màdze agbagba akpɔ gome le eme le alesi wò nɔnɔme aɖe mɔe nu o?—Mateo 13:23.

Ɣeaɖewoɣi la, agbe me nuteɖeamedziwo ate ŋu awɔe be ɣeyiɣi kpɔkpɔ atsɔ aɖe gbeƒãe nasesẽ. Gake ne ‘èʋli ɖokuiwò sesĩe’ abe gbeƒãɖela ene la, ànɔ eɖem fia be yetsɔa “nyanyui” la vevie. (Luka 13:24; Romatɔwo 1:16) Woato esia dzi abu wò be ènye “kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo.”—Timoteo I, 4:12.

Fɔmaɖilawo

Be nàtsi aɖo tsitsinyenye gbɔ hã bia be nàdze agbagba be màɖi fɔ o. Abe alesi woŋlɔe ɖe Psalmo 26:1 ene la, Dawid gblɔ be: “Tso afia nam, Yehowa, elabena fɔɖiɖi mele nye zɔzɔme ŋu o.” Fɔmaɖimaɖi nye agbenyuinɔnɔ kple blibonɔnɔ. Gake mefia blibodede o. Dawid ŋutɔ wɔ nuvɔ̃ gã geɖe. Gake esi wòlɔ̃ xɔ mokaname heɖɔ eƒe mɔ ɖo ta la, eɖee fia be lɔlɔ̃ vavã gakpɔtɔ le yeƒe dzi me na Yehowa Mawu. (Psalmo 26:2, 3, 6, 8, 11) Fɔmaɖimaɖi bia be woatsɔ dzi blibo alo dzi katã asubɔ. Dawid gblɔ na via Salomo be: “Dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo.”—Kronika I, 28:9.

Fɔmaɖimaɖi bia be ‘womanye xexeame ƒe akpa aɖeke o,’ be woaɖe ame ɖokui ɖa tso dukɔwo ƒe dunyahehe kple aʋawɔwɔwo me. (Yohanes 17:16) Ele be nàtsri nuwɔna gbegblẽwo, abe matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, kple atikevɔ̃ɖizazã ene. (Galatiatɔwo 5:19-21) Gake fɔmaɖimaɖi lɔ nu geɖe ɖe eme wu asaƒoƒo na nu mawo ko. Salomo xlɔ̃ nu be: “Nudzodzoe [kukuwo] nana amiɖala ƒe ami ʋẽna kũ heƒaƒãna; bometsitsi ʋɛ aɖe kpena wua nunya kple bubu.” (Nyagblɔla 10:1) Ẽ, “bometsitsi vɛ aɖe,” abe fefe si mesɔ o alo hadzenuwɔwɔ ɖe amesi ƒe vidzinu to vovo na tɔwò ŋu ene ate ŋu aɖe bubu si le ame ‘nyanu’ ŋu ɖa. (Hiob 31:1) Eyata ɖe wò tsitsinyenye fia ale be nàdze agbagba be yeaɖo kpɔɖeŋu nyui le wò agbenɔnɔ katã me eye nàƒo asa na “vɔ̃.”—Tesalonikatɔwo I, 5:22.

Nuteƒewɔlawo

Kristotɔ tsitsiwo nye nuteƒewɔlawo hã. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo abe alesi míexlẽe le Efesotɔwo 4:24 ene be: “Mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple [nuteƒewɔwɔ] la me.” Le Hela Ŋɔŋlɔawo me la, nya si wozã na “nuteƒewɔwɔ” le gbe gbãtɔa me la fia kɔkɔenyenye, dzɔdzɔenyenye, bubu deto. Nuteƒewɔla nye mawuvɔ̃la dovevienu; ewɔa nusiwo katã Mawu di tso esi la le ŋuɖɔɖo me.

Mɔ kawo dzie nàte ŋu ato be nàzu nuteƒewɔla alea? Ðekae nye dɔwɔwɔ aduadu kple mia gbɔ hamemegãwo. (Hebritɔwo 13:17) Esi Kristotɔ tsitsiwo lɔ̃ ɖe edzi be Kristo ye wotia wònye Kristo-hamea ƒe Ta ta la, wowɔa nuteƒe na amesiwo wotia be ‘woanyi Mawu ƒe hamea.’ (Dɔwɔwɔwo 20:28) Aleke masɔ o enye si be woahe nya ɖe hamemegã siwo wotia ƒe tanyenye ŋu alo aɖe bubu le wo ŋu! Ele be nàse le ɖokuiwò me be yeawɔ nuteƒe na “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kpakple amesiwo ŋudɔ wòwɔna tsɔ maa ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi’ la hã. (Mateo 24:45) Xlẽ Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ siwo kpena ɖe eŋu eye nàtsɔ wo me nyawo awɔ dɔe enumake.

Lɔlɔ̃ Ðeɖefia le Wò Nuwɔnawo Me

Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo le Tesalonika be: “Mi katã mia dome amesiame ƒe lɔlɔ̃, si mietsɔna lɔ̃a mia nɔewo la, sɔa gbɔ ɖe edzi.” (Tesalonikatɔwo II, 1:3) Tsitsi le lɔlɔ̃ me nye tsitsi le gbɔgbɔ me ƒe akpa vevi aɖe. Abe alesi woŋlɔe ɖe Yohanes 13:35 ene la, Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” Nɔvilɔlɔ̃ sia menye seselelãme ƒe nu ɖeɖeko o. Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words gblɔ be: “Nuwɔna siwo me lɔlɔ̃ dzena le ko mee wodzea sii le.” Ẽ, àyi edzi anɔ tsitsim le go sia me ne lɔlɔ̃ dzena le wò nuwɔna me!

Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Romatɔwo 15:7 be: “Mixɔ mia nɔewo.” Mɔ ɖeka si dzi nàto aɖe lɔlɔ̃ afia enye be nàdo gbe na haxɔsetɔwo kple ame yeyewo—vividoɖeameŋutɔe kple dzonɔamemetɔe—le hame ƒe kpekpewo me! Dze agbagba nànya wo nyuie. ‘Tsɔ ɖe le eme’ na amewo. (Filipitɔwo 2:4) Ðewohĩ àte ŋu aɖe amedzrowɔwɔ afia akpe ame vovovowo ayi aƒewò mee. (Dɔwɔwɔwo 16:14, 15) Ame bubuwo ƒe blibomademade ate ŋu ado alesi wò lɔlɔ̃ de toe akpɔ ɣeaɖewoɣi, gake ne èdze agbagba ‘he adodo kpli wo le lɔlɔ̃ me’ la, ànɔ eɖem fia be yele tsitsim.—Efesotɔwo 4:2.

Míaƒe Nunɔamesiwo Zazã Atsɔ Ado Subɔsubɔ Dzadzɛ Ðe Ŋgɔe

Le blema ɣeyiɣiwo me la, menye Mawu ƒe amewo katãe wɔ wo tɔ sinua tsɔ do alɔ Yehowa ƒe gbedoxɔa o. Eyata Mawu dɔ eƒe nyagblɔɖilawo, abe Xagai kple Maleaxi ene, be woade dzo Eƒe amewo me le go sia me. (Xagai 1:2-6; Maleaxi 3:10) Kristotɔ tsitsi siwo li egbea zãa woƒe nunɔamesiwo tsɔ doa alɔ Yehowa ƒe tadedeagu dzidzɔtɔe. Srɔ̃ amesiawo ƒe kpɔɖeŋu to gɔmeɖose si le Korintotɔwo I, 16:1, 2 dzi wɔwɔ me, ale be ‘nànɔ nane dzram ɖo ɖi’ edziedzi be nàdzɔ na hamea kple na Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa. Mawu ƒe Nya do ŋugbe be: “Amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.”—Korintotɔwo II, 9:6.

Mègaŋe aɖaba ƒu nunɔamesi bubu siwo le asiwò, abe wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ ene, dzi o. Dze agbagba ‘nàƒle ɣeyiɣi’ tso wɔna siwo mele vevie tututu o si. (Efesotɔwo 5:15, 16; Filipitɔwo 1:10) Srɔ̃ wò ɣeyiɣiwo zazã nyuie. Esia wɔwɔ ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàkpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖodɔwo kple dɔwɔna mawo tɔgbe si doa Yehowa ƒe tadeagu ɖe ŋgɔ la wɔwɔ me. Wò nunɔamesiwo zazã le mɔ sia nu agaɖee afia be èle Kristotɔ tsitsi zum.

Yi Edzi Nàɖo Tsitsinyenye Gbɔ!

Ŋutsu kple nyɔnu siwo doa vevi nusɔsrɔ̃ eye sidzedze su wo si, esiwo nye gbeƒãɖela dovevienuwo, esiwo wɔa nu fɔmaɖimaɖitɔe, esiwo wɔa nuteƒe heɖea lɔlɔ̃ fiana, eye wolɔ̃na faa be yewoatsɔ yewoƒe ŋusẽ kple ŋutilãmenuwo ado alɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔa nye yayra gã aɖe nyateƒe. Eyata mewɔ nuku o be apostolo Paulo de dzi ƒo be: “Mina míagblẽ Kristo ƒe nufiafia ƒe gɔmedzedze ɖi, eye míade ŋgɔgbe ate ɖe [tsitsi] ŋuti”!—Hebritɔwo 6:1.

Kristotɔ tsitsi bibi ye nènyea? Alo ɖe nègakpɔtɔ nye gbɔgbɔmevidzĩ le mɔ aɖe nua? (Hebritɔwo 5:13) Le go eveawo siaa me la, ɖoe be nàƒo ɖokuiwò ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃, gbeƒãɖeɖe, kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia nɔviwòwo me. Xɔ aɖaŋuɖoɖo kple amehehe ɖesiaɖe si ame tsitsiwo ana wò. (Lododowo 8:33) Tsɔ agba si Kristotɔnyenye da ɖe dziwò la bliboe. Le ɣeyiɣi kple agbagbadzedze megbe la, wò hã àte ŋu “[ade] Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.”—Efesotɔwo 4:13.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Kristotɔ tsitsiwo nana hamea lia ke ɖe edzi. Wokpɔa ŋusẽ nyui ɖe hamea ƒe nɔnɔme ɖedzesiwo dzi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Ame tsitsiwo doa ŋusẽ hamea to ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo me