Woyi Pasifik Ƒukpowo Dzi—Dɔ Wɔ Ge!
Woyi Pasifik Ƒukpowo Dzi—Dɔ Wɔ Ge!
DZIDZƆ yɔ mɔzɔlawo nɔƒeawo le dukɔwo dome yameʋudzeƒe siwo le Brisbane kple Sydney, Australia, wu alesi wònɔna ɖaa. Ame 46 aɖewo dzra ɖo be yewoaɖo yameʋu ayi Samoa si ŋdɔkutsu ʋuna le gbagbagbã be yewoaɖa do go ame 39 bubu siwo tso New Zealand, Hawaii, kple United States. Woƒe agbawo to vovo kura—dɔwɔnuwo koŋue nuawo ƒe ɖewo nye, abe zuwo, laxalaxawo, kple doŋɔnuwo ene—womenye nusiwo ƒomevi amewo lɔ̃a tsɔtsɔ ne wole mɔ zɔm yina Pasifik ƒukpo dzeani dzi o. Gake nusi woawo yina wɔwɔ ge le etɔxɛ.
Woawo ŋutɔwoe xe woƒe ʋuɖofewo, eye woyina kwasiɖa eve ɖu ge awɔ lɔlɔ̃nu faa dɔ femaxee le xɔtudɔ si le Yehowa Ðasefowo ƒe Australia-lɔdzedɔwɔƒea ƒe Nutome Mɔ̃ɖaŋu Dɔwɔƒea ƒe dzikpɔkpɔ te la me. Le xɔtudɔ sia si wotsɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo xea eŋu fewoe me la, wotua Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo, dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo, kple alɔdzedɔwɔƒewo alo gbegɔmeɖeƒewo na Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le dzidzim ɖe edzi kabakaba le Pasifik ƒukpowo dzi. Mina míakpe kple dɔwɔlaawo dometɔ aɖewo, siwo nɔ Fiaɖuƒe Akpata tuhawo me kpɔ le wo dedukɔwo me.
Max nye xɔgbala si tso Cowra le New South Wales, Australia. Srɔ̃ kple vi atɔ̃ le esi. Arnold tso Hawaii. Vi eve le eya kple srɔ̃a si, eye wònye mɔɖela alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Arnold nye hamemegã le woƒe hamea me, abe Max ene. Edze ƒã be ŋutsu siawo—siwo ƒe nɔnɔme sɔ kple xɔtudɔa wɔlawo dometɔ akpa gãtɔ tɔ—menye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le esi wokpɔ vovo ta o. Ke boŋ hiahiã aɖee woawo kple woƒe ƒomewo kpɔ dze sii tae, eye wodi be yewoawɔ nusi yewoate ŋui atsɔ ana kpekpeɖeŋu.
Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo Kpɔ Hiahiã Vevi aɖe Gbɔ
Teƒe aɖe si woƒe ŋutetewo kple dɔwɔnawo hiã le enye Tuvalu, si nye Pasifik dukɔ si me tɔwo anɔ 10,500 eye wòle adzakpo asieke aɖewo ƒe hatsotso aɖe dzi wònye afisi te ɖe anyigbamemaflia kple Samoa ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome ŋu. Ƒukpoawo, alo adzakpoawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe lolome le mama dedie nu ade kilometa eve kple afã togodo. Le ƒe 1994 me la, Ðasefo 61 siwo le afima va hiã Fiaɖuƒe Akpata yeye kple gbegɔmeɖeƒe si lolo wu vevie.
Le Pasifik ƒe nuto xɔdzo sia me la, ele be woawɔ xɔwo ŋu ɖaŋu ahatu wo bene woate ŋu anɔ
te ɖe ahom kple yali sesẽ siwo ɖea kpe na teƒea enuenu la nu. Gake xɔtunu adodoe ʋɛ aɖewo koe woate ŋu akpɔ le ƒukpoawo dzi. Aleke woakpɔ nya sia gbɔe? Ðe wode xɔtunu kuklui ɖesiaɖe—ziŋgiwo kple xɔtsɔtiwo, xɔmenuwo kple mɔnuvɔwo, afɔdzigbawo kple tsileƒenuwo, kpakple gatagbadzɛwo gɔ̃ hã—nugowo me hedee meli tso Australia vɛ.Ame ʋɛ aɖewo do ŋgɔ yi ɖadzra xɔtuƒea ɖo heɖo xɔa gɔme anyi hafi xɔtunuawo va ɖo. Emegbe dukɔwo dome dɔwɔlaawo va ɖo eye wotu xɔawo, si aŋɔ nɛ, hede xɔawo me nuwo.
Eva dzɔ be dɔ blibo sia si wɔm wonɔ le Tuvalu la ve dɔme na osɔfo aɖe le afima eye wòɖe gbeƒãe le radio dzi be Ðasefoawo nɔ “Babel Mɔ̃” tum! Gake nyateƒenya kae le nyaa me? Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe si ŋkɔe nye Graeme gblɔ be: “Esi amesiwo nɔ Biblia me Babel Mɔ̃a tum kpɔe be yewomegate ŋu le nu gɔme sem na yewo nɔewo o le alesi Mawu tɔtɔ woƒe gbe ta la, ɖeko wòle na wo be woadzudzɔ woƒe dɔa wɔwɔ adzo eye mɔ̃a natsi akpo dzi. (Mose I, 11:1-9) Gake nya bubu kurae wònye ne amewo le dɔ wɔm na Yehowa Mawu. Togbɔ be gbegbɔgblɔawo kple dekɔnuwo to vovo hã la, wowua dɔawo nu ɣesiaɣi.” Eye nenemae wònɔ le esia gome—wowu enu le kwasiɖa eve ko me. Le nyateƒe me la, ame 163, siwo dome dudɔnunɔlawo ƒe tatɔ srɔ̃ nɔ la, de xɔŋukɔƒea.
Esi Doug si nye dɔa dzikpɔla nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔa ŋu la, egblɔ be: “Dzidzɔnya wònye esi míenɔ dɔ wɔm kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo tso dukɔ bubuwo me. Alesi míewɔa nui le vovovo, nya siwo míezãna le vovovo, eye alesi míedzidzea nui gɔ̃ hã le vovovo, ke hã nusiawo dometɔ aɖeke mehe kuxi vɛ o.” Esi wòwɔ dɔ le xɔtudɔ siawo ƒomevi geɖe me kpɔ vaseɖe fifia ta la, egblɔ kpee be: “Nye susu me gakɔ ɖe edzi geɖe wu be teƒe didi ka kee xɔtuƒea le alo aleke ke dɔa sesẽe o, ne Yehowa le megbe na eƒe amewo ko la, woate ŋu atu xɔ le anyigba sia ƒe afisiafi. Ele eme baa be dɔnyala geɖe le mía si, gake Yehowa ƒe gbɔgbɔe naa dɔa tsɔa afɔ.”
Mawu ƒe gbɔgbɔ hã ʋã Ðasefowo ƒe ƒome siwo le ƒukpoawo dzi be wonaa nuɖuɖu kple dɔƒe dɔwɔlaawo, eye ebia nu geɖe tsɔtsɔ sa vɔe le wo dometɔ aɖewo gome. Eye amesiwo wowɔa amedzro na alea kpɔa ŋudzedze deto ɖe eŋu. Ken, amesi tso Melbourne, Australia, kpɔ gome le dɔ sia ƒomevi me kpɔ le French Polynesia. Egblɔ be: “Subɔlawoe míenye va, gake wowɔ nu ɖe mía ŋu abe fiawo ene.” Nutoa me Ðasefowo hã kpe asi ɖe xɔa tutu ŋu le afisiwo wònya wɔ le. Nyɔnuwo blu kɔnkrit—kple asi—le Solomon Islands dzi. Ŋutsu kple nyɔnu alafa ɖeka lia to kɔkɔ siwo dzi tsidzadza xa ɖo yi ɖalɔ ati ton 40 kple edzivɔ vɛ. Sɔhɛwo hã kpe asi ɖe eŋu. Dɔwɔla aɖe si tso New Zealand gblɔ be: “Meɖo ŋku sɔhɛ aɖe si le ƒukpoa dzi la dzi be ekɔa siminti kotoku eve alo
etɔ̃ zi ɖeka. Eye ekua kpekuwo le ŋdɔʋuʋu kple tsidzadza me ŋkeke blibo.”Alesi nutoa me Ðasefowo kpɔ gome le dɔa me la ɖe vi bubu. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Samoa ka nya ta be: “Nɔvi siwo le ƒukpoa dzi srɔ̃ asinudɔ siwo woate ŋu azã le Fiaɖuƒe Akpatawo tutu me kple le nuwo dzadzraɖo kple xɔwo gbugbɔgatu me ne yali gblẽ nu vɔ. Agate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dɔ awɔ atsɔ akpɔ wo ɖokui dzii le woƒe nuto si me wòsesẽna na ame geɖe le.”
Xɔtuɖoɖoa Ði Ðase Nyui Aɖe
Colin nɔ Honiara eye ekpɔ eteƒe esime wonɔ Solomon Islands ƒe Takpexɔa tum. Ewɔ dɔ ɖe edzi wòŋlɔ agbalẽ sia na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afima le Pidgin Eŋlisigbe me be: “Amesiame wɔ ɖeka eye ame aɖeke medoa dziku o, wonye ƒome ɖeka hã.” Ema megbe kpuie esi wòtrɔ yi woƒe kɔƒe me le Aruligo, si gbɔ didi kilometa 40 la, wo kple eƒe ƒomea wotu woawo ŋutɔ ƒe Fiaɖuƒe Akpata. Emegbe wogaɖo gbe bubu ɖe alɔdzedɔwɔƒea be: “Míaƒe Fiaɖuƒe Akpata kpakple nuƒola ƒe kplɔ̃ sɔ gbe, eyata míate ŋu awɔ kpekpe aɖewo le afisia mahã?” Wowɔ ɖoɖo ɖe eŋu enumake, eye ame 60 kple edzivɔ dena edziedzi.
Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha ƒe aɖaŋuɖola aɖe kpɔ xɔa tutu teƒe le Tuvalu. Egblɔ na dɔwɔlaawo dometɔ ɖeka be: “Meka ɖe edzi be nya ɖeka tɔgbe ko gblɔm amesiame le na mi, gake nye ya magblɔ kpuie ko be enye nukunu nam!” Nyɔnu aɖe si wɔa dɔ le telefon dɔwɔƒea bia lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla bubu si tso duta va be: “Nukae na mi katã miele dzidzɔ kpɔm ale? Dzoxɔxɔ le afisia ŋutɔ!” Womekpɔ Kristotɔnyenye ɖefiaƒe ŋutɔŋutɔ ɖokuitsɔtsɔsavɔtɔe alea kpɔ o.
Wotsɔ Nuwo Sa Vɔe evɔ Meve Wo O
Biblia gblɔ le Korintotɔwo II, 9:6 be: ‘Amesi ƒã nu le agbɔsɔsɔ me la, axa nu hã le agbɔsɔsɔ me.’ Dɔwɔlaawo, woƒe ƒomewo, kple woƒe hamewo le edzi le nu gbogbo aɖe ƒãm tsɔ le kpekpem ɖe wo hati Ðasefowo ŋu le Pasifik. Ross, amesi nye hamemegã tso Kincumber, si tsɔ ɖe Sydney gbɔ, gblɔ be: “Hame si me mele me tɔwoe dzɔ nye yameʋuɖofe ƒe akpa etɔ̃lia kple edzivɔ, eye srɔ̃nye nɔviŋutsu si hã yi kplim dzɔ dɔlar 500 kpee. Dɔwɔla bubu dzra eƒe ʋu tsɔ xe ʋuɖofee. Bubu hã dzra anyigba. Kevin hiã dɔlar 900 kpe etɔ, eyata eɖoe be yeadzra yeƒe ahɔ̃ne 16 siwo xɔ ƒe eve. Eto ame nyanyɛ aɖe dzi kpɔ eƒlela si be yeaxe dɔlar 900 pɛpɛpɛ ɖe wo ta!
Wobia Danny kple Cheryl be: “Esi yameʋuɖofe kple ga si anye ne miakpɔ tso miaƒe dɔwo me katã ade dɔlar 6,000 la, ɖe wòɖe vi aɖea?” Woɖo eŋu be: “Ẽ! Ne ɖe wòanye ga home ma teƒe eve gɔ̃ hã la, anye ne viɖe anɔ eŋu kura wu.” Alan, si tso Nelson, le New Zealand, gblɔ kpee be: “Mate ŋu azã ga si mezã tsɔ yi Tuvalu ayi Europa eye ga agakpɔtɔ nam. Gake anye ne ɖe mate ŋu akpɔ yayra siawo gbegbe, alo adze xɔ̃ ame ƒomevi vovovo alea gbegbe, alo awɔ nane na ame bubu aɖe tsɔ wu na nye ŋutɔa? Ao! Evɔ la, nusianu si mena mía nɔvi ƒukpo dzi nɔlaawo la, wonam nusi sɔ gbɔ wu ema kura ɖe eteƒe.”
Nu bubu si hã na ɖoɖoa kpɔ dzidzedzee nye ƒome ƒe asikpekpeɖeŋu. Togbɔ be srɔ̃nyɔnu aɖewo te ŋu kplɔ wo srɔ̃ŋutsuwo ɖo eye wona kpekpeɖeŋu le xɔa tuƒe gɔ̃ hã la, ɖevi sukudelawo le bubuwo si wòhiã be woakpɔ wo gbɔ alo ƒome ƒe dɔ li si dzi wòle be woakpɔ. Clay gblɔ be: “Alesi srɔ̃nyea lɔ̃ be yeakpɔ ɖeviawo kple aƒea dzi esi nyemeli o la, nye vɔsa si lolo sasasã wu tɔnye.” Le nyateƒe me la, srɔ̃ŋutsu siwo katã mete ŋu kplɔ wo srɔ̃wo yii o la atso dzime agblɔ “Amen” aƒu nya ma dzi!
Tso esime lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaawo wu xɔtudɔa nu le Tuvalu la, wogatu Fiaɖuƒe Akpawo, Takpexɔwo, dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒewo, kple gbegɔmeɖeƒewo le Fiji, Tonga, Papua New Guinea, New Caledonia, kple teƒe bubuwo. Wogakpɔtɔ le ɖoɖo wɔm ɖe xɔ geɖe tutu ŋu, eye wo dometɔ aɖewo anɔ Anyieheɣedzeƒe Asia. Ðe woakpɔ dɔwɔla agbɔsɔsɔ si hiãa?
Edze ƒã be ema manye kuxi o. Woŋlɔ agbalẽ tso Hawaii-lɔdzedɔwɔƒea be: “Amesiame si le afisia si kpɔ gome le dukɔwo dome xɔtudɔwo me kpɔ la biana be woaɖo ŋku ye dzi ne wogawɔ ɖoɖo ɖe bubu tutu ŋu. Ne wonya ɖo aƒe ko la, wodzea ga dzadzraɖo gɔme ɖe eŋu.” Aleke wɔ ɖoɖoa makpɔ dzidzedze o ne ètsɔ Yehowa ƒe yayra gbogboawo kpe ɖe ɖokuitsɔtsɔna ɖokuitɔmadimaditɔe sia gbegbe ŋu?
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Xɔtunuawo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]
Xɔtuƒea dɔwɔlawo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Esi dɔa wu enu la, míekpɔ dzidzɔ ɖe nusiwo Mawu ƒe gbɔgbɔ te ŋu wɔ ŋu