Nyagblɔla 10:1-20
10 Ale si nu dzodzoe kukuwo nana ami ʋeʋĩ ɖala ƒe ami ʋẽna kũu hegblẽna la, nenema kee bometsitsi vi aɖe gblẽa nunya kple bubu dome.+
2 Nunyala ƒe dzi kplɔnɛ toa mɔ dzɔdzɔe dzi,* ke bometsila ƒe dzi kplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi.*+
3 Nunya mele tagbɔ na bometsila*+ ne wòakplɔe le eƒe mɔwo dzi o, enana ame sia ame kpɔnɛ be bometsilae wònye.+
4 Ne dziɖula do dɔmedzoe* ɖe ŋuwò la, mègaɖe afɔ le tewòƒe o,+ elabena tufafa tsia nu vɔ̃ gãwo nu.+
5 Mekpɔ nu gbãdziname aɖe le ɣea te, si nye vodada si tɔgbi dziɖulawo wɔna:+
6 Wotsɔ bometsilawo ɖo ɖoƒe kɔkɔ geɖewo, ke kesinɔtɔwo* boŋ le anyi me.
7 Mekpɔ subɔviwo le sɔ dzi, gake bubumewo le afɔ zɔm abe subɔviwo ene.+
8 Ame si le ʋe ɖem la, eyae age dze eme;+ eye ame si le glikpɔ kakam la, eyae da aɖu.
9 Kpegbãlae kpe sina, eye nakedzelae xɔa abi.*
10 Ne lãnu tsi kpo, eye womenyre enu o la, ekema ame azã ŋusẽ geɖe. Gake nunya nana wokpɔa dzidzedze.
11 Ne da ɖu ame hafi wosa gbe dee la, ekema gbesala bibi* la mekpɔ viɖe aɖeke tso eme o.
12 Nunyala ƒe numenyawo nyea amenuvenyawo,+ ke bometsila ƒe nuyiwo gblẽa nu le eya ŋutɔ ŋu.+
13 Edzea eƒe nyawo gɔme kple bometsinyawo,+ eye eƒe nuƒoƒo wua enu kple aɖaʋanya gblẽnuwo.
14 Evɔ bometsila ƒoa nu kpoloe.+
Amegbetɔ menya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o; ame kae ate ŋu agblɔ nu si ava dzɔ le emegbe la nɛ?+
15 Bometsila ƒe dagbadagba nana ɖeɖi tea eŋu, elabena menya ale si wòawɔ ake ɖe mɔ si yi dua me gɔ̃ hã ŋu o.
16 Baba na dukɔ si ƒe fia nye ɖevi,+ eye eƒe amegãwo nɔa nuɖukplɔ̃ ŋu tso ŋdi kanya!
17 Dzidzɔ ka gbegbee wòanye na dukɔ si ƒe fia nye bubume ƒe vi, eye eƒe amegãwo ɖua nu le eɖuɣi be woakpɔ ŋusẽ, ke menye be woano aha amu o!+
18 Kuviawɔwɔ vivivo nana xɔ ƒe daɖedziwo nyéna ɖe eme, eye alɔgblɔdɔwɔwɔ nana xɔ ɖuɖuna.+
19 Abolo* nana wokoa nu, eye wain nana agbe vivina;+ ke gae wotsɔ kpɔa nuhiahiãwo katã gbɔ.+
20 Mègado ɖiŋu na fia le wò susu me* gɔ̃ hã o,+ eye mègado ɖiŋu na* kesinɔtɔ le wò xɔgã me ke hã o; elabena dziƒoxe aɖe atsɔ nya* la ayii, alo nu dzodzoe aɖe ayi aɖato nya si nègblɔ.
Etenuŋɔŋlɔ
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nunyala ƒe dzi le eƒe ɖusime.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “bometsila ƒe dzi le eƒe miame.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Dzi nyanu mele esi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ne dziɖula ƒe gbɔgbɔ ho.”
^ Alo, “ame siwo dze.”
^ Agate ŋu afia, “nakedzela nekpɔ nyuie.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si bi ɖe aɖe la zazã me.”
^ Alo, “Nuɖuɖu.”
^ Agate ŋu afia, “le wò aba dzi.”
^ Alo, “mègaƒo fi de.”
^ Alo, “gbeɖiɖi.”